INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 12/8 axa 14-15
  • Srɔ̃nyɔnu ƒe Ðokuibɔbɔ Nukae Wòfia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃nyɔnu ƒe Ðokuibɔbɔ Nukae Wòfia?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nugɔmesese Hiã
  • Ne Srɔ̃ŋutsu Metsɔa Agbanɔamedzi O
  • ‘Ðokuibɔbɔ na Mía Nɔewo’
  • Ewɔ Nu Le Aɖaŋudzedze Me
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Ewɔ Nu Le Aɖaŋudzedze Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Nyɔnu Ƒe Tae Nye Ŋutsu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Nyɔnu Nyanu aɖe Ƒo Asa na Afɔku
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 12/8 axa 14-15

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Srɔ̃nyɔnu ƒe Ðokuibɔbɔ Nukae Wòfia?

MAWU ƑE NYA, Biblia, gblɔ le Efesotɔwo 5:22 be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene.” Nuka tututu esia fia? Ðe wòle be srɔ̃nyɔnu nalɔ̃ ɖe nusianu si srɔ̃a di dzi, eɖanye nuka ke wònye oa? Ðe mate ŋu awɔ nu le eɖokui si alo nukpɔsusu siwo to vovo na ŋutsua tɔ manɔ esi oa?

Bu nya si Biblia gblɔ le Abigail ŋu kpɔ. Ewɔ nu nunyatɔe gake wòto vovo na srɔ̃a Nabal kesinɔtɔ la ƒe didi. Togbɔ be Dawid si Mawu tia be wòanye fia le Israel la yomedzelawo kɔ dɔme ɖe Nabal ŋu hã la, Nabal ‘da gbe ɖe wo gbɔ.’ Dawid si Nabal ƒe akpemadamada ku dzi na la ho be yeatsrɔ̃e ɖa. Abigail kpɔe be yeƒe aƒemetɔwo katã ɖo afɔku me. Ena Dawid gbugbɔ. Alekee?—Samuel I, 25:2-35.

Abigail gblɔ na Dawid be “ŋutsu vɔ̃ɖi” Nabal nye eye etsɔ nusiwo Nabal te Dawid la nɛ. Nyateƒe wònye be menyo be srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu naʋu go srɔ̃a ƒe vodadawo na amewo o. Aglãe Abigail dze esi wòƒo nu hewɔ nu alea ta? Ao. Enɔ agbagba dzem be yeaxɔ Nabal kple eƒe aƒemetɔwo ɖe agbe. Womegblɔ le teƒe aɖeke be mebua ame alo ewɔa nu le eɖokui si o. Eye Nabal si ŋu nu medzena o la hã megblɔ be kpekpeɖeŋu si wònana ye le yeƒe nunɔamesi gbogboawo dzi kpɔkpɔ me la medze ye ŋu o. Gake le nɔnɔme sesẽ sia me la, nunya bia be nyɔnua ŋutɔ nawɔ nusi wòsusu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia kafu nusi Abigail wɔ.—Samuel I, 25:3, 25, 32, 33.

Do ŋgɔ xoxoxo na Abigail ƒe ŋkekea la, blemafofowo srɔ̃wo ɖe woƒe susu gblɔ eye wowɔ nu siwo to vovo na wo srɔ̃wo ƒe didi ɣeaɖewoɣi. Ke hã wobua ‘nyɔnu kɔkɔe’ siawo ‘siwo kpɔ mɔ na Mawu’ la be wonye ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋuwo na srɔ̃nyɔnu Kristotɔ. (Petro I, 3:1-6) Le kpɔɖeŋu me, esime Sara kpɔ be Abraham viŋutsu Ismael zu kplamatsedonu na wo vi Isak la, etso nya me be ele be woana Ismael nadzo. Nya sia “medze Abraham ŋu o.” Gake Mawu gblɔ na Abraham be: “Megana nya sia nave wò le ŋutsuvi la . . . ta o; ke boŋ ɖo to Sara.”—Mose I, 21:11, 12.

Nugɔmesese Hiã

Eyata masɔ be srɔ̃nyɔnu nase le eɖokui me be ele be yeawɔ nusi yenya be menyo kura o alo nusi nye dada le mawumegɔmeɖosewo dzi kokoko le ɖokuibɔbɔ ta o. Eye mele be woana wòabu fɔ eɖokui le esi wòwɔ nusi wòsusu le nya vevi aɖewo me abe alesi Abigail kple Sara wɔ ene hã o.

Srɔ̃nyɔnu ƒe ɖokuibɔbɔ mefia be ele be srɔ̃nyɔnu nawɔ srɔ̃ŋutsu ƒe didi ɖesiaɖe dzi o. Nukae afia nusi wòawɔ? Ne awɔ nu wòanye afɔtutu gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi la, ke mele be wòalɔ̃ ɖe srɔ̃a ƒe nya dzi o. Gake ele be wòayi edzi aɖe mawumeɖokuibɔbɔ afia le nusianu me.

Le nyateƒe me la, ele be srɔ̃nyɔnu nakpɔ nyuie be yemaŋe aɖaba aƒu ye srɔ̃a ƒe didiwo dzi le aglãdzedze, dzikudodo, alo susu vɔ̃ɖi bubuwo ta o. Ele be wòanye nugɔmesela, amesi ƒe “tagbɔ kɔ,” abe Abigail ene.—Samuel I, 25:3.

Ne Srɔ̃ŋutsu Metsɔa Agbanɔamedzi O

Taɖodzinu vevi kple susu si le srɔ̃nyɔnu ƒe mawumeɖokuibɔbɔ ŋue nye be wòadze Yehowa ŋu to nuwɔwɔ aduadu kple srɔ̃a kple asidada ɖe eƒe nyametsotsowo dzi me. Esia nɔa bɔbɔe wu ne srɔ̃ŋutsua tsi le gbɔgbɔ me. Ate ŋu asesẽ ne mele nenema o.

Aleke srɔ̃nyɔnua awɔ nu le go sia mee? Ate ŋu aɖe kuku na ŋutsua vevie alo ado nyametsotso siwo aɖe vi na ƒomea wu la ɖe egbɔ. Ne nyɔnua na ‘wòkua tɔdziʋua’ la, ɖewohĩ ava bi ɖe ekuku me. Vodada didi le srɔ̃ŋutsua ŋu ɣesiaɣi mesɔ ɖe ɖokuibɔbɔ nyuitɔ ƒe gbɔgbɔ nu o. (Lododowo 21:19) Gake ne edze ƒã be eƒe ɖoɖowo na ƒomea ƒe dedienɔnɔ ɖo afɔku me la, ɖewohĩ nyɔnua agblɔ mɔ nyuitɔ si dzi woawɔ nu le, abe alesi Sara wɔ ene.

Ne dzimaxɔsetɔe srɔ̃ŋutsua nye la, kuxia sesẽna wu na srɔ̃nyɔnua. Gake ele be wòayi edzi abɔbɔ eɖokui nɛ zi alesi mebia tso esi be wòada le Biblia ƒe sewo dzi o ko. Ne ebia be wòada le wo dzi la, ele be Kristotɔ srɔ̃nyɔnu nawɔ nu abe alesi nusrɔ̃laawo wɔ esime ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe bia tso wo si be woada le Mawu ƒe sededewo dzi ene: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29.

Gake nuteƒemakpɔmakpɔ kple nunya si mede ŋgɔ boo o ate ŋu awɔe be srɔ̃ŋutsu kple nyɔnu siwo si susu nyui le nagbɔ woƒe wɔƒewo ŋu. Ðewohĩ srɔ̃ŋutsua mabu ame ŋu o; ate ŋu adzɔ be srɔ̃nyɔnua ate tɔ ɖe eƒe didiwo dzi akpa. Nukae akpe ɖe wo ŋu? Ðokuibɔbɔ le vevie le ame evea gome, elabena “mí katã míeda vo le nu geɖewo me.”—Yakobo 3:2.

Ŋutsu geɖe ava kpɔ ŋudzedze ɖe srɔ̃nyɔnu ƒe ŋgɔxɔxɔ anukwaretɔe ŋu ne ezãnɛ aɖaŋutɔe. Eye ne wo ame evea siaa ɖea kuku ɖe woƒe vodadawo ta la, ena wowɔa nu aduadu wu. Ele be míatsɔ ake ame bubuwo abe alesi Yehowa tsɔa míaƒe gbesiagbegbɔdzɔgbɔdzɔwo kea míi ene. “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le.”—Psalmo 130:3, 4.

‘Ðokuibɔbɔ na Mía Nɔewo’

Eyata le mí katã míaƒe nyonyo ta la, Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu be: “Mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo le Kristo vɔvɔ̃ me.” Mide bubu mia nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ me; migado kplamatse mia nɔewo alo aʋli ho o. Mawunyakpukpuia yi edzi be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene; elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene.”—Efesotɔwo 5:21-23.

Helagbe me nya si Paulo zã le Efesotɔwo 5:21, 22 fia be ame ŋutɔ nabɔbɔ eɖokui, menye be woazi edzi hafi wòabɔbɔ eɖokui o. Eye Aƒetɔ la tae ame abɔbɔ eɖokui, menye le srɔ̃ɖeɖe me ɖekawɔwɔ ta ko o. Kristo-hame si wosi ami na la tsɔa dzidzɔ bɔbɔa eɖokui faa na Kristo. Ne srɔ̃nyɔnu wɔa nenema ke na srɔ̃aŋutsu la, ekema anɔ eme godoo be dzidzɔ anɔ srɔ̃ɖeɖea me eye wòadze edzi.

Ŋɔŋlɔawo gblɔ hã be: “[Srɔ̃ŋutsu] ɖesiaɖe nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene,” le lɔlɔ̃nu faa me. (Efesotɔwo 5:33; Petro I, 3:7) Ele be wòanɔ susu me na srɔ̃ŋutsua be ele be ye hã yeabɔbɔ ye ɖokui na yeƒe ta, elabena Biblia gblɔ be: “Ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo.” Ẽ, ele be ŋutsua nabɔbɔ ɖe Kristo ƒe nufiafiawo te. Kristo hã bɔbɔa eɖokui na eƒe ta: “Kristo ƒe ta enye Mawu.” Eyata tanyenye li na amesiame, negbe Yehowa ko. Eye eya hã wɔna ɖe eya ŋutɔ ƒe sewo dzi.—Korintotɔwo I, 11:3; Tito 1:2; Hebritɔwo 6:18.

Kristotɔwo ƒe ɖokuibɔbɔ da sɔ eye eɖea vi na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ehea ɖekawɔwɔ kple dzidzeme si mía Wɔla lɔ̃ame la koe ate ŋu ana ame la vaa srɔ̃ɖeɖea me.—Filipitɔwo 4:7.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 14]

Leslie’s

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe