INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 7/15 axa 27-31
  • Yehowa Le Eƒe Ƒomea Nu Ƒom Ƒu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Le Eƒe Ƒomea Nu Ƒom Ƒu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NUWO GBƆ KPƆKPƆ ƑE ÐOÐO LA KPLE DƆ SI WÒWƆNA
  • ‘MIALÉ GBƆGBƆ LA ƑE ÐEKANYENYE ME ÐE ASI’
  • ‘MIZU AME SIWO NYOA DƆME NA MIA NƆEWO’
  • MINA LƆLƆ̃ KPLE AMEBUBU NANƆ ƑOMEA ME
  • “MIYI EDZI MIAZƆ LE LƆLƆ̃ ME”
  • Kristotɔwo Ƒe Ðekawɔwɔ Hea Ŋutikɔkɔe Vanɛ Na Mawu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Kristotɔwo ƒe Ðekawɔwɔ Vavã—To Mɔ Ka Nu?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Mina Mí Katã Míawɔ Nu Aduadu Ðekae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Ðekawɔwɔ Xɔasi Le Yehowa Ƒe Ƒomea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 7/15 axa 27-31

Yehowa Le Eƒe Ƒomea Nu Ƒom Ƒu

‘Mele kuku ɖem na mi be mialé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi.’—EF. 4:1, 3.

ALEKE NÀÐE EME?

Taɖodzinu kae le Mawu ƒe nuwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe ɖoɖoa ŋu?

Nu kae míawɔ be ‘míalé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi’?

Nu kae akpe ɖe mía ŋu ‘míaƒe dɔme natrɔ ɖe mía nɔewo ŋu’?

1, 2. Tame kae Yehowa ɖo ɖe anyigba la kple amegbetɔwo ŋu?

ƑOME. Nu ka dzie nya sia hea wò susu yina? Lɔlɔ̃a? Dzidzɔa? Dɔwɔwɔ ɖekae hena taɖodzinu aɖe gbɔ ɖoɖoa? Dedienɔƒe aɖe si amewo atsi le, afi si woasrɔ̃ nu le, eye woade adaŋu kple wo nɔewo lea? Nenemae wòanɔ ne èle ƒome aɖe si me tɔwo tsɔa ɖe le eme na wo nɔewo me. Yehowa ŋutɔe nye ƒomea ƒe Gɔmeɖoanyila. (Ef. 3:14, 15) Eɖo tame be yeƒe nuwɔwɔ siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nanɔ dedie, woaka ɖe wo nɔewo dzi eye woawɔ ɖeka bliboe.

2 Esi amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ la, womegava nye Mawu ƒe xexea me katã ƒe ƒomea me tɔwo o, gake esia megblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖo me o. Yehowa akpɔ egbɔ be Paradisonyigba la nayɔ kple Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo. (1 Mose 1:28; Yes. 45:18) Eɖe afɔ siwo katã hiã be yeƒe tameɖoɖo sia nava eme. Woƒo nu tso esiawo dometɔ aɖewo ŋu le Biblia gbalẽ si nye Efesotɔwo me; agbalẽ sia ƒo nu tso ɖekawɔwɔ koŋ ŋu. Mina míadzro agbalẽ sia ƒe kpukpui aɖewo me eye míakpɔ ale si míate ŋu awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe tameɖoɖo si nye be yeana yeƒe nuwɔwɔwo katã nawɔ ɖeka.

NUWO GBƆ KPƆKPƆ ƑE ÐOÐO LA KPLE DƆ SI WÒWƆNA

3. Nu kae nye Mawu ƒe nuwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si ŋu woƒo nu tsoe le Efesotɔwo 1:10 la, eye ɣekaɣie eƒe akpa gbãtɔ dze egɔme?

3 Mose gblɔ na Israel viwo be: “Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!” (5 Mose 6:4) Nu siwo katã Yehowa wɔna la wɔa ɖeka kple eƒe tameɖoɖo. Eya ta le “ɣeyiɣi ɖoɖiawo ƒe dede keŋkeŋ me” la, Mawu wɔ “nuwo gbɔ kpɔkpɔ” ƒe ɖoɖo aɖe, si nye be yeaƒo yeƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le la katã nu ƒu ɖekae. (Mixlẽ Efesotɔwo 1:8-10.) Ðoɖo sia ma ɖe akpa eve me. Gbãtɔe nye be, edzraa amesiaminawo ƒe hame la ɖo hena agbenɔnɔ le dziƒo le Yesu Kristo ƒe tanyenye te. Akpa sia dze egɔme tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi esime Yehowa dze ame siwo aɖu dzi kple Kristo le dziƒo la nu ƒoƒo ƒu gɔme. (Dɔw. 2:1-4) Esi wònye be wonɔ te ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa dzi bu amesiaminawo ame dzɔdzɔewoe hena agbekpɔkpɔ ta la, wonyana enumake be woxɔ yewo yewozu “Mawu ƒe viwo.”—Rom. 3:23, 24; 5:1; 8:15-17.

4, 5. Nu kae nye nuwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe ɖoɖoa ƒe akpa evelia?

4 Ðoɖoa ƒe akpa evelia dzraa ame siwo anɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi le Kristo ƒe Mesia Fiaɖuƒe te la ɖo. “Ameha gã” lae nye ƒuƒoƒo sia me tɔ gbãtɔwo. (Nyaɖ. 7:9, 13-17; 21:1-5) Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, ame biliɔn geɖe siwo woafɔ ɖe tsitre la ava wɔ ɖeka kpli wo. (Nyaɖ. 20:12, 13) Bu ale si gbegbe tsitretsitsia agaɖo kpe míaƒe ɖekawɔwɔa dzii ŋu kpɔ! Le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu la, “nu siwo le anyigba dzi” la ato dodokpɔ mamlɛtɔa me. Woaxɔ ame siwo wɔ nuteƒe la woanye “Mawu ƒe viwo” le anyigba dzi.—Rom. 8:21; Nyaɖ. 20:7, 8.

5 Egbea la, Yehowa le amesiaminawo dzram ɖo hena agbenɔnɔ le dziƒo eye wòle alẽ bubuawo hã dzram ɖo hena agbenɔnɔ le Paradiso me le anyigba dzi. Gake aleke mí ame ɖekaɖekawo míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe ɖoɖoa?

‘MIALÉ GBƆGBƆ LA ƑE ÐEKANYENYE ME ÐE ASI’

6. Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be ele na Kristotɔwo be woanɔ ƒu ƒom ɖekae?

6 Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be ele be Kristotɔwo nanɔ ƒu ƒom ɖekae. (1 Kor. 14:23; Heb. 10:24, 25) Gake be míawɔ ɖeka la, ele be míawɔ nu si yi ŋgɔ wu ƒuƒoƒo le teƒe ɖeka ko, abe ale si wònɔna le ame siwo yia asi me alo ame siwo yia kamedefefewɔƒe gome ene. Míewɔa ɖeka ne míewɔa Yehowa ƒe nufiamewo dzi eye míeɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míezua ame ɖɔʋuwo.

7. Nu kae wòfia be ‘míalé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye la me ɖe asi’?

7 Togbɔ be Yehowa nɔ te ɖe Kristo ƒe tafevɔsa la dzi bu eƒe amesiaminawo ame dzɔdzɔewo abe viwo ene eye wòbu alẽ bubuawo ame dzɔdzɔewo abe xɔlɔ̃wo ene hã la, masɔmasɔwo ado mo ɖa zi ale si míegakpɔtɔ le agbe le anyigba dzi le nuɖoanyi sia me. (Rom. 5:9; Yak. 2:23) Ne menye nenema o la, ke mahiã be Biblia naɖo aɖaŋu na mí be ‘míado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo’ o. Gake nu kae míawɔ be mía kple míaƒe haxɔsetɔwo míawɔ ɖeka? Ele be míatu “tamebɔbɔɖeanyi kple tufafa blibo” ɖo. Gawu la, Paulo xlɔ̃ nu mí be míadze agbagba vevie ‘alé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye la me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’ (Mixlẽ Efesotɔwo 4:1-3.) Wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi bia be míaɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi eye míaɖe mɔ wòatse eƒe ku la le mía me. Eƒe kutsetsea kpena ɖe mía ŋu míekpɔa masɔmasɔwo gbɔ hewɔa ɖeka, gake ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo ya dea mama mía dome.

8. Mɔ ka nue ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dea mama amewo dome le?

8 Kpɔ ale si “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” dea mama amewo domee ɖa. (Mixlẽ Galatiatɔwo 5:19-21.) Matrewɔwɔ maa ame si kpɔa gome le eme la ɖa tso Yehowa kple hamea gbɔ, eye ahasiwɔwɔ ate ŋu ama ɖeviwo tso wo dzilawo gbɔ vɔ̃ɖitɔe, kple srɔ̃tɔ maɖifɔwo ɖa le wo srɔ̃wo ŋu. Makɔmakɔnyenye gblẽa ame kple Mawu dome ƒomedodo me eye wògblẽa amea kple ame siwo lɔ̃ Mawu la hã dome. Hafi nàte ŋu atre nu eve aɖewo ɖe wo nɔewo ŋu la, ele be nu evea siaa ŋu nakɔ keŋ hafi woate ŋu alé ɖe wo nɔewo ŋu nyuie. Ne ame aɖe wɔa ŋukpenanu dzimematrɔmatrɔe la, eɖenɛ fiana be mede bubu aɖeke Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo ŋu o. Ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ susɔeawo dometɔ ɖe sia ɖe tea amewo ɖa tso wo nɔewo kple Mawu siaa gbɔ. Agbenɔnɔ siawo mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amenyenye kura o.

9. Aleke míate ŋu adzro mía ɖokuiwo me akpɔe ɖa nenye be míele ‘agbagba dzem vevie be míalé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi’?

9 Eya ta ehiã be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: “Aleke gbegbee mele agbagba dzem tso dzi me be ‘malé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me’? Aleke mewɔa nui ne masɔmasɔ aɖe ɖo nye kple ame aɖe dome? Ðe menɔa egblɔm na xɔ̃nye geɖewo ale be woade dzinyea? Ðe mekpɔa mɔ be hamemetsitsiwo nàkpɔ masɔmasɔa gbɔ nam ale be mahiã be nye ŋutɔ mayi amea gbɔ aɖawɔ ŋutifafa kplii oa? Ne mede dzesii be nya aɖe le ame aɖe si ɖe ŋunye la, ɖe menɔa asa ƒom nɛ ale be míagakpɔ nyaa gbɔ oa?” Ðe nuwɔna siawo ɖee fia be míele nu wɔm le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe tameɖoɖo be yeaƒo nuwo katã nu ƒu ake le Kristo mea?

10, 11. (a) Nu ka tae wòle vevie be míanɔ ŋutifafa me kple mía nɔviwo? (b) Nu kae míawɔ be míanɔ ŋutifafa me eye Yehowa nayra mí?

10 Yesu gblɔ be: “Eya ta ne ètsɔ wò nunana gbɔna vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, ekema gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye dzo nàyi; wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye emegbe ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana. . . . Dzra mia kplii dome ɖo kaba.” (Mat. 5:23-25) Yakobo ŋlɔ bena “woƒãa dzɔdzɔenyenyeku le ŋutifafa me na ame siwo wɔa ŋutifafa.” (Yak. 3:17, 18) Eya ta ne ŋutifafa mele mía dome o la, míate ŋu ayi edzi awɔ nu dzɔdzɔe o.

11 Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖewo siwo me wowɔ aʋa le va yi me la, agbledelawo megatea ŋu dea agble le woƒe anyigba 35 le alafa me dzi o, le vɔvɔ̃ na tomebɔmbwo ta. Ne tomebɔmb aɖe wó la, agbledelawo sina le woƒe agblewo gbɔ, kɔƒea me tɔwo megakpɔa dɔ wɔna o, eye nuɖuɖu vena le dugãwo me. Le mɔ ma ke nu la, míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi yia to ne nɔnɔme manyomanyo aɖewo le mía si si wɔnɛ be míetea ŋu nɔa ŋutifafa me kple mía nɔviwo o. Gake ne míetsɔ kea amewo kaba eye míewɔ nyui na wo la, mí katã míanɔ ŋutifafa me eye Yehowa ayra mí.

12. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖeka?

12 Gakpe ɖe eŋu la, “nunana siwo nye amewo” hã kpena ɖe mía ŋu míewɔa ɖeka. Wotsɔ wo na mí be woakpe ɖe mía ŋu “míawɔ ɖeka le xɔse” me. (Ef. 4:8, 13) Ne hamemetsitsiwo wɔ dɔ kpli mí aduadu le subɔsubɔ kɔkɔea me eye wonɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la dzi ɖo aɖaŋu na mí la, wokpena ɖe mía ŋu be míaƒe amenyenye yeyea ganyona ɖe edzi. (Ef. 4:22-24) Ðe nèdea dzesii le woƒe aɖaŋuɖoɖowo me be Yehowa le asi trɔm le ŋuwò be nànɔ agbe le xexe yeyea me le Via ƒe dziɖuɖu tea? Hamemetsitsiwo, ɖe miedzea agbagba ɖɔa nɔviawo ɖo kple taɖodzinu ma kea?—Gal. 6:1.

‘MIZU AME SIWO NYOA DƆME NA MIA NƆEWO’

13. Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Efesotɔwo 4:25-32 dzi o la, nu kae ado tso eme?

13 Efesotɔwo 4:25-29 ƒo nu tso agbenɔnɔ aɖewo koŋ siwo wòle be míaƒo asa na la ŋu. Esia lɔ aʋatsokaka, dzibibi, kuviawɔwɔ kple nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ ɖe eme; le esiawo teƒe la, míaƒo nu tso nu siwo nyo hetua ame ɖo ŋu. Ne ame aɖe gbe wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo dzi la, anɔ nuxaxa dom na Mawu ƒe gbɔgbɔ la, elabena gbɔgbɔ kɔkɔe lae na amewo wɔa ɖeka. (Ef. 4:30) Aɖaŋu si Paulo ɖo kplɔ esia ɖo la dzi wɔwɔ hã le vevie be míanɔ ŋutifafa me ahawɔ ɖeka; egblɔ be: “Mina woaɖe ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo ɖa le mia dome hekpe ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ke boŋ mizu ame siwo nyoa dɔme na [mia] nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa, abe ale si ko Mawu hã to Kristo dzi tsɔ ke mi faa ene.”—Ef. 4:31, 32.

14. (a) Nu kae nyagbɔgblɔ si nye “mizu ame siwo nyoa dɔme” la fia? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míanyo dɔme na ame bubuwo?

14 Nyagbɔgblɔ si nye “mizu ame siwo nyoa dɔme” la fia be ɖewohĩ menye ɣesiaɣie míenyoa dɔme o, eya ta ahiã be míasrɔ̃ ale si míanyo dɔme geɖe wu. Aleke gbegbe wòsɔe nye esi be míamla mía ɖokuiwo be míabu ame bubuwo ƒe seselelãmewo be wole vevie wu mía tɔwo! (Flp. 2:4) Ðewohĩ ɣeaɖewoɣi la, míadi be míagblɔ nya aɖewo siwo ana be amewo nako nu alo ana míadze nunyalawo le ame bubuwo ŋkume, gake ɖe wòanye dɔmenyo ɖeɖe fia? Esia ŋu bubu do ŋgɔ akpe ɖe mía ŋu be ‘míanyo dɔme.’

MINA LƆLƆ̃ KPLE AMEBUBU NANƆ ƑOMEA ME

15. Aleke Efesotɔwo 5:28 kpena ɖe srɔ̃ŋutsuwo ŋu wonyana ale si woasrɔ̃ Kristo?

15 Biblia tsɔ ƒomedodo si le Kristo kple hamea dome la sɔ kple ƒomedodo si nɔa srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome. Ele be esia nana míakpɔe adze sii enumake be ele be srɔ̃ŋutsu nafia mɔ srɔ̃a, alɔ̃e ahalé be nɛ, eye nenema kee wòle be srɔ̃nyɔnu hã nabɔbɔ ɖe srɔ̃a te. (Ef. 5:22-33) Esi Paulo ŋlɔ bena: “Alea wòle be srɔ̃ŋutsuwo nanɔ wo srɔ̃wo lɔ̃m abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene” la, nu ka fiam wòle? (Ef. 5:28) Nya siwo wògblɔ do ŋgɔ la he susu yi ale si “Kristo la hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta . . . bene wòakɔ eŋuti, aklɔ eŋuti to tsiléle nɛ me to nya la dzi” la dzi. Vavãe, be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe tameɖoɖo si nye be yeaƒo nuwo katã nu ƒu ake ɖe Kristo la me la, ele be wòanɔ ŋudzɔ anyi eƒe ƒomea le gbɔgbɔ me.

16. Ne dzilawo tsɔ Ŋɔŋlɔawo me agbanɔamedzi si le wo si le ƒomea me la, nu kae dona tso eme?

16 Ehiã be dzilawo naɖo ŋku edzi be Yehowa ye de dɔ asi na yewo be yewoalé be na yewo viwo. Nublanuitɔe le xexea me egbea la, ame geɖe “melɔ̃a ame ƒe nya o.” (2 Tim. 3:1, 3) Vifofo gbogbo aɖewo ɖe ta le woƒe agbanɔamedziwo te—esia gblẽa nu le wo viwo ŋu eye woléa blanui. Gake Paulo xlɔ̃ nu vifofo Kristotɔwo be: “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Ef. 6:4) Ƒomea mee ɖeviwo srɔ̃a amelɔlɔ̃ kple ale si woade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu le gbã. Dzila siwo fia nu mawo wo viwo dzidzedzetɔe la wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe nuwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe ɖoɖoa. Ne míena míaƒe aƒewo me nye afi si lɔlɔ̃ xɔ aƒe ɖo, afi si míeɖea dɔmedzoe, dziku kple dzugbewo ɖa le la, ekema míele nu vevi aɖewo fiam mía viwo tso ale si woaɖe lɔlɔ̃ afia kple ale si woade bubu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋui la ŋu. Esia adzra wo ɖo hena agbenɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me.

17. Nu kae wòhiã be míawɔ be míatsi tsitre ɖe Abosam ŋu?

17 Ele be míanyae be Abosam, ame si gblẽ xexea me katã ƒe ŋutifafa me gbã la, atsi tre ɖe agbagba siwo dzem míele be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ŋu vevie. Mewɔ nuku o be ame geɖewo le Satana ƒe didiwo dzi wɔm esi wole wo nɔewo gbem, esi wonɔa wo nɔewo gbɔ hegbea srɔ̃ɖeɖe le se nu, eye wodaa asi ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe dzi. Gake míawo ya míesrɔ̃a agbenɔnɔ siawo siwo dzi amewo da asi ɖo egbea la o. Kristo ye nye míaƒe kpɔɖeŋuɖola. (Ef. 4:17-21) Eya ta woxlɔ̃ nu mí be “[Míado] aʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ la” be míate ŋu atsi tsitre sesĩe ɖe Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu dzidzedzetɔe.—Mixlẽ Efesotɔwo 6:10-13.

“MIYI EDZI MIAZƆ LE LƆLƆ̃ ME”

18. Nu vevi kae na mí Kristotɔwo míewɔa ɖeka?

18 Nu vevi si na Kristotɔwo wɔa ɖekae nye lɔlɔ̃. Míeɖoe kplikpaa be ‘míalé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye la me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me’ kple dzi siwo me yɔ fũu kple lɔlɔ̃ na míaƒe “Aƒetɔ ɖeka” la, na mía “Mawu ɖeka” la, kple na mía nɔewo. (Ef. 4:3-6) Yesu do gbe ɖa tso lɔlɔ̃ sia ŋu be: “Mele biabiam, menye ɖe ame siawo ɖeɖe nu ko o, ke ɖe ame siwo xɔa dzinye sena to woƒe nya dzi la hã nu; bene wo katã woawɔ ɖeka, abe ale si wò Fofo la nèle ɖekawɔwɔ me kplim, eye nye hã mele ɖekawɔwɔ me kpli wò ene, bene woawo hã woanɔ ɖekawɔwɔ me kpli mí . . . Eye mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye manɔ ɖekawɔwɔ me kpli wo.”—Yoh. 17:20, 21, 26.

19. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

19 Ne gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi ɖuɖu le sesẽm na mí la, ekema mina lɔlɔ̃ naʋã mí míado gbe ɖa abe hakpala la ene be: “Tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!” (Ps. 86:11) Eya ta mina míaɖoe kplikpaa be míatsi tsitre ɖe agbagba siwo dzem Abosam le be yeate mí ɖa tso mía Fofo lɔlɔ̃a kple ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo gbɔ la ŋu. Ku kutri be ‘nàzu Mawu srɔ̃la, abe lɔlɔ̃vi ene, eye nàyi edzi azɔ le lɔlɔ̃ me’—le ƒomea me, le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me kple hamea me.—Ef. 5:1, 2.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Egblẽ eƒe nunanaa ɖe vɔsamlekpuia gbɔ heyina be yeaɖawɔ ŋutifafa kple ye nɔvi

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Dzilawo, mifia mia viwo be woade bubu amewo ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe