Ame Kae Wòle Be Wòafia Nu Ðeviwo Tso Mawu Ŋu?
“Nusrɔ̃vi mewua eƒe nufiala o, gake ame sia ame si wofia nui nyuie la anɔ abe eƒe nufiala ene.”—LUKA 6:40.
DZILA aɖewo susui be yewomedze afia nu yewo viwo tso Mawu ŋu o. Ðewohĩ le esi wose le wo ɖokui me be yewomede suku yi ŋgɔ o alo be yewomenya nu geɖe tso mawusubɔsubɔ ŋu si awɔe be yewoanye nufiala nyuiwo o ta. Eya ta woadi be yewoagblẽ agbanɔamedzi vevi sia ɖe ƒometɔ alo subɔsubɔhakplɔla aɖe si me.
Ke hã, ame kae dze ŋutɔŋutɔ be wòafia mawusubɔsubɔ me nyateƒenyawo kple agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiamewo ɖeviwo? Bu nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu, eye nàtsɔe asɔ kple nu si numekulawo va de dzesii.
Akpa Kae Vifofoa Awɔ?
Nu si Biblia fia: “Mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.”—Efesotɔwo 6:4.
Nu si numekulawo va de dzesii: Viɖe kae dona tsoa eme na vifofowo ne wodoa vevie mawusubɔsubɔ? Nyati aɖe (Fathers’ Religious Involvement and Early Childhood Behavior) si wota le ƒe 2009 me gblɔ be: “Subɔsubɔha me nɔnɔ ate ŋu akpe ɖe ŋutsuwo ŋu be woanye vifofo nyuiwo. Subɔsubɔhawo doa alɔ ame hekpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe agbe dzi, eye wonaa nufiame kple mɔfiamewo ku ɖe ale si woanɔ agbee ŋu.”
Biblia te gbe ɖe ale si gbegbe agba si le vifofo dzi be wòanyi viawo ahahe wo la le vevie dzi. (Lododowo 4:1; Kolosetɔwo 3:21; Hebritɔwo 12:9) Gake ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi wɔwɔ gaɖea vi egbea? Le ƒe 2009 me la, suku kɔkɔ si nye University of Florida ta nyati aɖe si dzro ale si vifofo ƒe amehehe ɖea vi na ɖeviwoe me. Numekulawo de dzesii be ne vifofowo doa vevie nu le wo viwo hehe me la, enɔa bɔbɔe na ɖeviawo be woase veve ɖe ame nu, eye wosenɛ le wo ɖokui me hã be asixɔxɔ le yewo ŋu. Ewɔnɛ be ŋutsuviwo sea tonu wu, eye nyɔnuviwo hã ƒe susu dzea akɔ anyi wu. Ɛ̃, Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖoa gaɖea vi egbea kokoko.
Aleke Akpa Si Vidada Wɔna La Le Vevie?
Nu si Biblia fia: “Megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.”—Lododowo 1:8.
Nu si numekulawo va de dzesii: Le ƒe 2006 me la, agbalẽ aɖe (Handbook of Child Psychology) gblɔ be le akɔntabubuwo nu la, ɣeyiɣi si vidadawo tsɔ ɖoa dze kple wo viwo wotɔwotɔwoe la sɔ gbɔ wu vifofowo tɔ. Egblɔ kpee be aleae wòle le dukɔ geɖe me. Le esia ta, ale si vidada ƒoa nui hewɔa nui, kple ale si wònɔa agbee la kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ale si ɖeviawo tsinae dzi.
Ne vifofo kple vidada wɔa nu aduadu le nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu fiafia wo viwo me la, wonaa nunana tɔxɛ eve aɖewo ya teti wo viwo. Gbã, mɔnukpɔkpɔ sua ɖeviawo si be woava dze xɔlɔ̃ wo Fofo si le dziƒo, eye xɔlɔ̃wɔwɔ sia ate ŋu aɖe vi na wo le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Evelia, ale si srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu wɔa nu aduadu le taɖodzinu veviwo gbɔ ɖoɖo me la nyea kpɔɖeŋu na ɖeviawo be woasrɔ̃. (Kolosetɔwo 3:18-20) Togbɔ be ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe vifofo kple vidadaa ŋu hã la, dzilawo ŋutɔ ƒe agbae wònye be woafia nu wo viwo tso Mawu kpakple ɖoɖo si nu Mawu di be ƒomea nawɔ nu ɖo la ŋu.
Ke aleke wòle be dzilawo nafia nu wo viwo? Nufiafiamɔnu kawoe ɖea vi wu?