INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 3/15 axa 21-23
  • Dzimaɖitsitsi Megaɖu Dziwò O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzimaɖitsitsi Megaɖu Dziwò O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Afisi Nàkpɔ Vovototoa Le
  • Mose Le Farao Ŋkume
  • Wò Tamesusuwo Dzi Ðuɖu
  • Kpekpeɖeŋu Li
  • ‘Kpɔ Mawu Si Nu’
  • Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Yehowa Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Aleke Mawɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Dzi?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Dzimaɖitsitsi
    Nyɔ!—2016
  • Na Yehowa Nafia Eƒe Mɔwo Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 3/15 axa 21-23

Dzimaɖitsitsi Megaɖu Dziwò O

“MIGATSI dzimaɖi le etsɔ si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.” (Mateo 6:34) Kakaɖedzitɔe la, viɖe le Yesu Kristo ƒe aɖaŋuɖoɖo ma ŋu na mí amesiwo katã le agbe le amegbetɔƒomea si tsoa hloloe eye nu te ɖe edzi egbea la dome.

Ke hã le nyateƒe me la, ɖe wòle bɔbɔe na mí be míagatsi dzimaɖi ɖe míaƒe kuxiwo, nyametsotsowo, dɔwɔnawo, kple agbanɔamedziwo ŋu oa? Ame miliɔn geɖe léa blanui, kpea fu, eye nu gloa wo. Eyatae wokpɔa dɔlar miliɔn teƒe miliɔn geɖe le dzitsitsi kple dzodzodzoetsitsi nutsitikewo dzadzra me ɖo.

Afisi Nàkpɔ Vovototoa Le

Ehiã be míawɔ ɖoɖo ahadzra ɖo ɖe míaƒe dɔwɔnawo, dɔdasiwo, kple kuxiwo ŋu—woɖahiã kpata alo womehiã kpata o. Biblia de dzi ƒo na mí be hafi míadze dɔ gã ɖesiaɖe gɔme la, ‘míabɔbɔ nɔ anyi gbã abu eŋu kɔnta.’ (Luka 14:28-30) Nusiwo nusia bia be woawɔ ƒe ɖewoe nye ŋugbledede le tiatia siwo nàte ŋu awɔ ŋu, nusiwo ate ŋu ado tso eme la dada akpɔ, kple be nàbu ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ga home si esia wɔwɔ abia la ŋu.

Togbɔ be ele be woabu nusi ate ŋu adzɔ ŋu nyuie hã la, mele bɔbɔe alo manya wɔ be woabu nusianu si ate ŋu adzɔ ŋuti o. Le kpɔɖeŋu me, le ɖetsɔtsɔ le ƒomea ƒe dedienɔnɔ me ta la, àbu nusi nàwɔ ne dzo dze wò aƒe dzi la ŋu. Ðewohĩ àƒle dzudzɔlémɔ̃wo kple dzotsinuwo ade wò aƒea ŋu. Ðewohĩ àwɔ ɖoɖo miasrɔ̃ alesi miasi ato aƒea ƒe akpa vovovowo la do ŋgɔ. Gake vovototo kae le ɖoɖowɔwɔ si me nunya le si anya wɔ kple dzimaɖitsitsi si ŋu viɖe mele o dome? Dzimaɖitsitsi siawo dzea egɔme ne èva le nusiwo nèsusu be woate ŋu adzɔ siwo dometɔ geɖe nyea nususukpɔ dzro ko ŋu bum madzudzɔmadzɔe eye nèna wova zu fu nèle ɖokuiwò wɔm. Tamesusu ɖefunamewo ate ɖe dziwò ana nàsusui be ɖewohĩ yeŋe aɖaba ƒu nane dzi alo be yemewɔ nu boo aɖeke atsɔ akpɔ yeƒe ƒomea tae o. Nuxaxadonameɖokui sia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò susu dzi ale gbegbe be ate ŋu ana nàtsi zãdomadɔlɔ̃e.

Mose Le Farao Ŋkume

Yehowa Mawu de dɔ sesẽ aɖe asi na eƒe nyagblɔɖila Mose. Gbã la, ele be Mose nado ɖe Israel-viwo ŋkume ana woaka ɖe edzi be Yehowa tia ye be yeakplɔ wo adzoe le Egipte. Emegbe, ele be Mose nado ɖe Farao ŋkume ahabia be wòaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo. Mlɔeba la, ele be Mose nakplɔ ameha siwo sɔ gbɔ ade miliɔn geɖe ato gbedzi ayi anyigba si dzi ŋlɔmitɔwo le la dzi. (Mose II, 3:1-10) Esiawo katã ate ŋu ado ŋɔdzi na Mose ŋutɔ, gake ɖe wòɖe mɔ agbanɔamedzi sia na dzimaɖitsitsi si gbɔ eme la zu taɖui nɛa?

Edze ƒã be, Mose tsi dzi ɖe nu geɖe ŋu. Ebia Yehowa be: “Ne meva Israel-viwo gbɔ, eye megblɔ na wo be: mia fofowo ƒe Mawu dɔm ɖo ɖe mia gbɔ, eye woabiam bena: eŋkɔ ɖee hã la, aleke maɖo ŋu na woe?” Yehowa na ŋuɖoɖoae. (Mose II, 3:13, 14) Mose tsi dzi ɖe nusi adzɔ ne Farao gbe eyama dzixɔxɔse hã ŋu. Yehowa gaɖo eŋu na nyagblɔɖila la ake. Kuxi ɖeka li si nye mamlɛa—Mose gblɔ be ‘yemenya nuƒoƒo o.’ Aleke woakpɔ esia gbɔe? Yehowa tsɔ Aron na be wòaƒo nu ɖe Mose nu.—Mose II, 4:1-5, 10-16.

Le alesi Mose ƒe biabiawo ƒe ŋuɖoɖo siwo wòxɔ kple alesi wòxɔ Mawu dzi see dzrae ɖo ta la, eyi ɖawɔ abe alesi Yehowa de se nɛ ene. Le esi teƒe be Mose natsɔ nusiwo ate ŋu adzɔ ne edo ɖe Farao ŋkume ŋuti susu dziŋɔwo awɔ fu eɖokui la, ‘ewɔ nusi wobe newɔ la pɛpɛpɛ.’ (Mose II, 7:6) Ne ɖe wòɖe mɔ dzimaɖitsitsi ɖu eyama dzi la, anye ne esia gbɔdzɔ xɔse kple dzideƒo si hiã wòatsɔ awɔ eƒe dɔdasi lae me.

Alesi Mose da sɔe le eƒe dɔdasia wɔwɔ me la nye nusi Paulo yɔ be “moxexinɔnɔ” ƒe kpɔɖeŋu. (Timoteo II, 1:7, NW; Tito 2:2-6) Ne ɖe Mose menɔ moxexi o la, anye ne eƒe dɔdasia ƒe lolome do ŋɔdzi nɛ bɔbɔe ale gbegbe be ɖewohĩ maxɔe o.

Wò Tamesusuwo Dzi Ðuɖu

Aleke nèwɔa nui ne nɔnɔmewo do wò xɔse kpɔ alo nèdze ŋgɔ dodokpɔwo le wò gbesiagbegbenɔnɔ me? Ðe dzidzi ƒoa wò eye nènɔa kplamatsedonu kple kuxi siwo le ŋgɔ ɖeɖe ko ŋu buma? Alo èkpɔa wo le mɔ si da sɔ nua? Abe alesi ame aɖewo gblɔnɛ ene la, ‘Mègatre dzodzo na ʋugã o.’ Ðewohĩ mava hiã kura gɔ̃ hã be ʋugã la naɖi o! Eyata nukata wòle be nàna nane si ɖewohĩ madzɔ gbeɖe o la nawɔ fu wò? Biblia la gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi.” (Lododowo 12:25) Zi geɖe la, nusi dona tsoa eme nyena kuvia si amea tea wɔwɔ le nyametsotso wɔwɔ ŋu, ahanɔ nuwo wɔwɔ hem ɖe megbe vaseɖe esime wòatsi megbe fũ akpa.

Nusi vlo wu enye nuvevi si dzimaɖitsitsi si mehiã o ate ŋu awɔ ame le gbɔgbɔ me. Yesu Kristo ɖee fia be kesinɔnuwo ƒe beble kple ‘nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsiwo’ ate ŋu ana womagakpɔ ŋudzedze ɖe ‘fiaɖuƒenya’ la ŋu kura o. (Mateo 13:19, 22) Abe alesi ŋùwo ate ŋu axe mɔ na nukuwo ƒe tsitsi kple kutsetsee la, nenema ke dzimaɖitsitsi si dzi womeɖu o hã ate ŋu axe mɔ na míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kple kutsetse hena Mawu ƒe kafukafu. Nuxaxadonameɖokui si gblẽa nu la xe mɔ na ame aɖewo gɔ̃ hã be wometsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbee na Yehowa o. Wotsia dzi be, ‘Ke ne nyemenɔ agbe ɖe nye adzɔgbeɖeɖea nu o ɖe?’

Apostolo Paulo gblɔ na mí be le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele me la, míele agbagba dzem be míaɖe “nyasãwo katã aboyo hena toɖoɖo Kristo.” (Korintotɔwo II, 10:5) Anye dzidzɔ na míaƒe futɔ gãtɔ Satana Abosam be yeanɔ te ɖe nusiwo le fu ɖem na mí la dzi ana dzi naɖe le mía ƒo ahana míagbɔdzɔ le ŋutilã, seselelãme kple gbɔgbɔ me. Enye amesi bi ɖe ɖikeke ŋudɔwɔwɔ atsɔ aɖe amesiwo mele ŋudzɔ o la me. Esia tae Paulo hã xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woagana mɔ Abosam o.’ (Efesotɔwo 4:27) Esi Satana nye ‘nuɖoanyi sia ƒe mawu’ ta la, ete ŋu “gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo ƒe tamesusu.” (Korintotɔwo II, 4:4) Neva eme be míagaɖe mɔ nɛ gbeɖe be wòaɖu míaƒe tamesusuwo dzi o!

Kpekpeɖeŋu Li

Ne kuxiwo dze ŋgɔ ɖevi la, ate ŋu ayi fofoa lɔ̃ame gbɔ wòafia mɔe ahafa akɔ nɛ. Nenema ke míate ŋu atsɔ míaƒe kuxiwo ayi míaƒe dziƒo Fofo lɔlɔ̃tɔ, Yehowa, gbɔe. Le nyateƒe me la, Yehowa le mía kpem be míatsɔ míaƒe nyawo kple dzimaɖitsitsiwo ada ɖe ye dzi. (Psalmo 55:23) Abe alesi ne ɖevi kpɔ kakaɖedzi tso fofoa gbɔ eƒe kuxiwo megaɖea fu nɛ o ene la, menye ɖeko wòle be míada míaƒe agbawo ɖe Yehowa dzi ko o, ke ele be míaɖe asi le wo ŋu hã nɛ.—Yakobo 1:6.

Aleke míada míaƒe dzimaɖitsitsiwo ɖe Yehowa dzii? Filipitɔwo 4:6, 7 ɖo eŋu ale: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” Ẽ, ne Yehowa le míaƒe gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo madzudzɔmadzudzɔe ŋu ɖom la, ate ŋu ana dzime ƒe akɔdzeanyi si kpɔa míaƒe susuwo ta tso dzimaɖitsitsiwo ƒe fuwɔamewo me la mí.—Yeremya 17:7, 8; Mateo 6:25-34.

Gake be míawɔ nu wòasɔ ɖe míaƒe gbedodoɖawo nu la, mele be míaɖe mía ɖokui ɖe aga, le ŋutilã alo susu me o. (Lododowo 18:1) Ke boŋ anyo be míabu Biblia me gɔmeɖose kple mɔfiame siwo ku ɖe míaƒe kuxia ŋu la ŋu, si ana míaƒo asa na dziɖoɖo ɖe mía ŋutɔwo ƒe gɔmesese ŋuti. (Lododowo 3:5, 6) Ðeviwo kple tsitsiawo siaa ate ŋu atrɔ ɖe Biblia kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo ŋu hena nyatakaka gbogbo siwo ku ɖe nyametsotsowo wɔwɔ kple kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋuti. Gakpe ɖe eŋu la, enye yayra na mí be hamemegã siwo dze nunya eye nuteƒekpɔkpɔ le wo si kple Kristotɔ tsitsi bubu siwo le klalo ɣesiaɣi be yewoaƒo nu na mí la le mía si le Kristo-hamea me. (Lododowo 11:14; 15:22) Amesiwo ƒe seselelãmewo le vovo na mía tɔ, eye Mawu ƒe susu le nyawo ŋu le wo si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu zi geɖe be míalé ŋku ɖe míaƒe kuxiwo ŋu le mɔ bubu nu. Eye togbɔ be womatso nya me na mí o hã la, woate ŋu anye amesiwo gbɔ míakpɔ dzideƒo kple kpekpeɖeŋu geɖe atsoe.

‘Kpɔ Mawu Si Nu’

Ame aɖeke make ɖii o be míaƒe gbesiagbekuxiwo ŋutɔŋutɔ gbɔ kpɔkpɔ nye nu sesẽ ŋutɔ ne míegatsɔ esiwo ŋu míesusuna dzro ko le fu ɖem na mía ɖokui kpee o gɔ̃ hã. Ne dzimaɖitsitsi ɖe nusi ate ŋu adzɔ ŋu wɔe be vɔvɔ̃ ɖo mí eye míetsi dzodzodzoe la, ekema mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me ahaƒo koko nɛ. Trɔ ɖe eƒe Nya kple habɔbɔa ŋu hena mɔfiame, nunya, kple susu me ƒe akɔdzeanyi. Míakpɔe be nɔnɔme ka kee ɖado mo ɖa o, enu nɔnɔ ƒe kpekpeɖeŋu li.

Esi nu te ɖe dzi dzi na hakpala la eye wòtɔtɔ la, edzi ha be: “Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui, eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la!” (Psalmo 42:12) Mina míase le mía ɖokui me alea.

Ẽ, wɔ nusiwo sɔ siwo míate ŋu akpɔ mɔ na be woadzɔ ŋuti ɖoɖo, eye gblẽ esiwo míate ŋu anya o la ɖe Yehowa si. “Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.”—Petro I, 5:7.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Èdaa wò agbawo kple dzimaɖitsitsiwo ɖe Yehowa dzi abe Dawid enea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe