INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 7/15 axa 21-24
  • Àte Ŋu Aɖu Mɔxenu Siawo Dzi!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Aɖu Mɔxenu Siawo Dzi!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nu Ti Kɔ na Wòa?
  • Kpɔɖeŋu Gbegblẽ Aɖee Ðe Dzi Le Ƒowòa?
  • Ðe Ðasefonyenye Dze Nu Sesẽ Akpa?
  • Ŋgɔyiyi Ðaa
  • Alesi Yehowa Le Mía Kplɔmee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Ðe Mawu Xɔa Nɔƒe Gbãtɔ Le Wò Ƒomea Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nu Ka Tae Míaƒo Ƒu Ðekae?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Ƒu Asubɔ Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 7/15 axa 21-24

Àte Ŋu Aɖu Mɔxenu Siawo Dzi!

YAMEƲU gã ate ŋu atsɔ ame alafa geɖe kple agba tɔn gbogbo aɖewo. Gake aleke yameʋu kpekpe ma awɔ adzo? Ya koe ɖoa eme kɔnɛ ɖe dzi.

Ne yameʋua le du dzi sesĩe le eƒe mɔ dzi la, ya ɖoa eƒe aʋala si xa la me. Esia na ya sesẽ aɖe ɖoa eme eye wòkɔnɛ ɖe dzi. Ne yaa alo ŋusẽa nu sẽ la, yameʋua ate ŋu adzo. Nyateƒee, ya mate ŋu aɖo yameʋu si wodo agba na wògbɔ eme la me be wòate ŋu adzo o.

Agba ate ŋu awu tsɔtsɔ na míawo hã. Ƒe alafa aɖewoe nye sia la, Fia Dawid gblɔ be yeƒe ‘nuvɔ̃wo le ye kpem ŋutɔ abe agba kpekpe ene.’ (Psalmo 38:5) Nenema ke Yesu Kristo xlɔ̃ nu le dzimaɖitsitsi ƒe ame tete ɖe to ŋuti. (Luka 21:34) Tamesusu kple seselelãme gbegblẽwo ate ŋu ate mí ɖe anyi ale gbegbe be “dzodzo yi yame” azu dɔ. Ðe nu ti kɔ na wò nenema? Alo ɖe nanewo xe mɔ na wò gbɔgbɔ me ŋgɔyiyia? Ne nenemae la, ke nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò?

Ðe Nu Ti Kɔ na Wòa?

Nutikɔname—si nye nya ame geɖe gblɔna egbea—ate ŋu azu susu me mɔxenu na Yehowa ƒe ame aɖewo gɔ̃ hã. Ðeviwo koŋ bua dɔ aɖewo be wotia kɔ na ame. Ðe nèbua Kristotɔwo ƒe kpekpewo nenema ɣeaɖewoɣia? Ne ele alea la, ke nukae nàte ŋu awɔ be wò kpekpe dede nade dzo mewò?

Gomekpɔkpɔ le eme enye nu vevitɔ. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ɖekakpui Timoteo be: “Do vevie mawusosroɖa. Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu vi aɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.” (Timoteo I, 4:7, 8) Kamededegbalẽ xexlẽ ati kɔ na ame eye maɖe vi boo aɖeke ne míewɔ kamedede ŋuti ɖaŋu siwo woɖo ɖe eme dzi o. Wowɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo be míatsɔ atu míaƒe susuwo ɖoe, eye to dzadzraɖo kple gomekpɔkpɔ le eme dzi koe míate ŋu awɔ ema. Gomekpɔkpɔ le eme alea ana kpekpewo naɖe vi ahavivi wu.

Kristotɔ ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Mara gblɔ le esia ŋu be: “Ne nyemedzra ɖo ɖe kpekpewo ŋu o la, womevivia nunye o. Gake ne medzra ɖo do ŋgɔ la, meʋua nye susu kple dzi me hesea nyawo wu. Gɔmesese blibo va nɔa kpekpeawo ŋu nam eye medina be maɖo nya ŋu.”

Esɔsrɔ̃ be nàɖo to hã akpe ɖe ŋuwò. Ha vivi sese le bɔbɔe eye wòléa dzi na ame enumake. Gake menye nusianu si naa dzidzeme ye vana enumake o. Ne míeɖo to nyuie se kpekpea me nuƒowo ko hafi wodea eme na mí nyuie. Kristotɔ si ŋkɔe nye Rachel de dzesii be: “Ne agbe mele nuƒola la ƒe nuƒoa me o la, ke ehiã be malé to ɖe eŋu vevie. Nusi meɖoe nye be, ‘Zi alesi nuƒoa mele vivim o la, zi nenemae wòle be malé to ɖe eŋui wu.’ . . . Meléa to ɖe mawunyakpukpuiawo ŋu nyuie be mate ŋu ase wo gɔme alesi mate ŋui.” Ele be míamlã mía ɖokui abe Rachel ene bene míaɖo to. Lododowo ƒe agbalẽa gblɔ be: “Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu, ƒu to anyi ɖe nye gɔmesese ŋu.”—Lododowo 5:1.

Ðewohĩ nya siwo woagblɔ le kpekpe aɖewo me anye nya xoxowo. Ehiã be woagblɔe! Mí Mawu subɔlawo katã míehiã ŋkuɖodzinyawo. Míaƒe ŋutilã madeblibo la, eƒe nudidi gbegblẽwo, kple susua ƒe numalémalé nyuie hiã kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si dze. Apostolo Petro ‘ɖo ŋku nanewo dzi na haxɔsetɔwo togbɔ be wonya wo eye wòna woli ke ɖe nyateƒea me gake.’ (Petro II, 1:12) Yesu hã gblɔ be “agbalẽfiala sia agbalẽfiala . . . la, eɖi aƒetɔ, si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo ɖe go tsoa eƒe nudzraɖoƒe la me.” (Mateo 13:52) Eyata togbɔ be míaƒe kpekpewo ɖea Ŋɔŋlɔ nyanyɛwo me nyawo, alo “nu xoxowo” ɖe go hã la, “nu yeyewo” nɔa wo me ɣesiaɣi si doa dzidzɔ na mí.

Eɖoɖo kplikpaa be kpekpewo naɖe vi na mí bliboe ate ŋu anye gbɔgbɔ me dzideƒo ŋutɔŋutɔ na mí. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me [amesiwo biaa gbɔgbɔ la].” (Mateo 5:3, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ) Nɔnɔme ma ƒe amesinɔnɔ ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui siwo wonaa mí le kpekpewo me ŋu aɖe nutikɔname ɖa.—Mateo 24:45-47.

Kpɔɖeŋu Gbegblẽ Aɖee Ðe Dzi Le Ƒowòa?

Ðe hamea me tɔ aɖe ƒe nuwɔna tɔtɔ wòa? Ðewohĩ èbu ɖe tame be, ‘Aleke wɔ nɔvi nanɔ agbe alea eye ŋkɔ nyui naganɔ eŋu?’ Tamesusu siawo tɔgbe ate ŋu zu susu ƒe mɔxenu si mana míakpɔ ha nyui si míate ŋu ade kple Mawu ƒe amewo ƒe vevienyenye adze sii o.—Psalmo 133:1.

Ðewohĩ kuxi ma nɔ Kolose-hamea me tɔ aɖewo ŋu. Paulo xlɔ̃ nu wo be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti.” (Kolosetɔwo 3:13) Paulo kpɔe be ɖewohĩ Kristotɔ Kolosetɔ aɖewo anya nɔ agbe baɖa siwo na ame bubuwo nɔ nyatoƒoe tom. Eyata mele be wòawɔ nuku na mí kura ne mía nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe gbɔdzɔna le Kristotɔwo ƒe nɔnɔme aɖe ɖeɖefia me ɣeaɖewoɣi o. Yesu ɖo aɖaŋu nyui aɖe le nya sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. (Mateo 5:23, 24; 18:15-17) Gake zi geɖe la, míate ŋu atsɔ mía haxɔsetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kpoo ko ahatsɔe ake wo. (Petro I, 4:8) Nyateƒee, ewɔwɔ alea aɖe vi na mía ŋutɔwo kple ame bubuwo hã. Nukata wòle alea?

Lododowo 19:11 gblɔ be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.” Aleke wòahanyo wu enye si be míatsɔe ake wu be míana dziku kple fuléle nanɔ dzi dzi na mi! Salvador si nye hamemegã si wonya ɖe eƒe ame lɔlɔ̃ ta la gblɔ be: “Ne nɔvi aɖe wɔ nane alo gblɔ nya manyomanyo aɖe ɖe ŋunye la, mebiaa ɖokuinye be: ‘Aleke mawɔ akpe ɖe nɔvinyea ŋu? Nuka mawɔ be mía kplii ƒe ƒomedodo xɔasia me nagagblẽ o?’ Enɔa susu me nam ɣesiaɣi be woate ŋu agblɔ nya manyomanyo bɔbɔe. Ne ame aɖe gblɔ nya dada aɖe la, nu nyuitɔ si wòawɔ koe nye be wòado taflatse eye wòagadze egbɔgblɔ gɔme. Gake ema manya wɔ o, eyata afɔɖeɖe si ganyo wue meɖena eye medoa toku nya la. Metsɔnɛ ko be ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔe na wòwɔ nu alea tsɔ wu be magblɔ be nenemae nɔvinyea le.”

Àse le ɖokuiwò me be nya sia gbɔgblɔ le bɔbɔe wu ewɔwɔ. Gake alesi míebua tamee dzi koŋ wònɔ te ɖo. Paulo ɖo aɖaŋu be: “Nusiwo dze na lɔlɔ̃, . . . misusu nusiawo ŋuti!” (Filipitɔwo 4:8) “Nusiwo dze na lɔlɔ̃” gɔme ŋutɔŋutɔe nye “nusi hea lɔlɔ̃ vɛ.” Yehowa di be míabu nɔnɔme nyui siwo le amewo si, míaƒe susu nanɔ nusiwo hea lɔlɔ̃ vɛ ŋu tsɔ wu be wòanɔ fuléle ŋu. Eya ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu gãtɔ ɖi na mí le go sia me. Hakpala la ɖo ŋku esia dzi na mí be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?”—Psalmo 103:12; 130:3.

Nyateƒee, mía nɔvi aɖe ƒe nuwɔna ate ɖe mía dzi ɣeaɖewoɣi ya, gake mía hatitadeagulawo ƒe akpa gãtɔ ɖoa Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me kpɔɖeŋu nyuiwo. Ne míeɖoa ŋku esia dzi la, míatsɔ dzidzɔ ‘ada akpe na Yehowa vevie, eye míakafui le ame geɖewo dome’ abe alesi Dawid wɔe ene.—Psalmo 109:30.

Ðe Ðasefonyenye Dze Nu Sesẽ Akpa?

Nublanuitɔe la, le susu ƒe mɔxenu bubu ta la, ame aɖewo medze Yehowa kafukafu gɔme haɖe o. Ŋutsu geɖe siwo menye Yehowa Ðasefowo o la kpɔa woƒe ƒome dzi nyuie eye wodoa alɔ wo srɔ̃nyɔnuwo le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me gɔ̃ hã. Wowɔa ame, eye ɖewohĩ hamea ƒe nu dze wo ŋu, gake wogbe be yewomazu Mawu subɔla ɖeadzɔgbewo o. Nukae le wo hem ɖe megbe?

Kuxi ɖeka ate ŋu anye be ŋutsu siawo kpɔ alesi teokrasidɔwo wɔwɔ na be wo srɔ̃wo mevona o eye woase le wo ɖokui me be Ðasefonyenye sesẽ akpa. Alo woate ŋu anɔ vɔvɔ̃m be yewomate ŋu aɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme o. Le woƒe susu nu la, ewɔ abe ɖe agbanɔamedziawo sɔ gbɔ wu yayra siwo le eme ene. Nukata woƒe susu xea mɔ na wo? Biblia-nusrɔ̃vi akpa gãtɔ srɔ̃a nyateƒea hewɔa eŋudɔ vivivi. Gake zi geɖe la, Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo katã nɔa nyanya na srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔwo nyuie hafi wolɔ̃na xɔnɛ.

Manuel si nɔ nɔnɔme sia me la gblɔ be: “Mekplɔ srɔ̃nyenyɔnu ɖo míede takpekpewo kple kpekpewo anye ƒe ewo sɔŋ. Nyateƒe wotona, Ðasefowo gbɔ nɔnɔ vivia nunye wu xexemetɔwo gbɔ nɔnɔ, eye edzɔa dzi nam be makpe ɖe wo ŋu ne mate ŋui. Lɔlɔ̃ si le wo dome wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Gake aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ nye mɔxenu gã aɖe nam, eye etena ɖe dzinye be nye dɔwɔhatiwo aɖe alɔme le ŋunye.

“Srɔ̃nye metsi dzi nam kura o eye mezi Biblia sɔsrɔ̃ hã ɖe dzinye kpɔ o. Eya kple ɖeviawo ‘ɖea gbeƒã’ vevietɔ to woƒe nɔnɔme nyui dzi. José si nye hamemegã la tsɔ ɖe le eme nam vevie. Meka ɖe edzi be eƒe dzideƒoname koŋ ye na medze nusɔsrɔ̃ gɔme vevie. Esi mexɔ nyɔnyrɔ̃ vɔ la, meva kpɔe be menye nanekee xe mɔ nam o, ke boŋ nye ŋutɔ ƒe susue. Esi meɖoe be masubɔ Yehowa ko la, ekpe ɖe ŋunye meɖu nye vɔvɔ̃a dzi.”

Aleke srɔ̃nyɔnuwo kple Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃ŋutsuwo abe Manuel ene ŋu woaɖu woƒe susu ƒe mɔxenuwo dzi? Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu atu woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple didi be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɖo. Nyateƒee, Ŋɔŋlɔawo me sidzedze si li ke nyuie enye nu vevitɔ si ana woanɔ agbe ɖe xɔse nu eye kakaɖedzi nanɔ ame si ɖe mɔkpɔkpɔ si le ŋgɔ me.—Romatɔwo 15:13.

Nukae ade dzi ƒo na srɔ̃ŋutsu mawo be woalɔ̃ asrɔ̃ Biblia? Zi geɖe la, xɔlɔ̃dzedze nɔvi nugɔmesela aɖe le hamea me akpe ɖe wo ŋu le nyametsotso wɔwɔ me. Ðewohĩ hamemegã alo nɔvi kpɔnuteƒe aɖe ate ŋu adze xɔlɔ̃ srɔ̃ŋutsua. Ne kadodo nyui va le wo dome ko la, nusi wòhiã koe nye be ame aɖe nagblɔ be yeasrɔ̃ Biblia kplii. (Korintotɔwo I, 9:19-23) Azɔ hã Kristotɔ srɔ̃nyɔnu dzeaɖaŋu ate ŋu anɔ gbɔgbɔmenyawo gblɔm na srɔ̃a dzimaxɔsetɔa vivivi le esi wònya be malɔ̃ be woazi ye dzi o ta.—Lododowo 19:14.

Manuel srɔ̃e le nusi teƒe wòkpɔ me be ne ŋusẽ ɖo ame ŋu le gbɔgbɔ me ko la, mɔxenu siwo ɖi to la ava nɔ abe anyidikɔ ko ene. Yehowa doa ŋusẽ amesiwo dina be yewoasubɔe. (Yesaya 40:29-31) Le Mawu ƒe ŋusẽdoame kple Ðasefo bibiwo ƒe kpekpeɖeŋu me la, woate ŋu aɖe mɔxenuwo ɖa. Ne luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ va le wo nu vivim la, aƒeme yi aƒeme dɔa magate ɖe wo dzi o, eye xɔlɔ̃wo hã magana woavɔ̃ o.—Yesaya 51:12; Romatɔwo 10:10.

Ŋgɔyiyi Ðaa

Woate ŋu aɖe mɔxenuwo abe etɔ̃ siwo me míedzro ene ɖa. Ne yameʋu ho la, ehiã be mɔ̃a nawɔ dɔ sesĩe eye yameʋua me dɔwɔlawo hã ƒe susu nanɔ te. Ne ele hohom la, mɔ̃a noa ami geɖe wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Nenema ke ebia agbagbadzedze geɖe kple nuŋububu nyuie hafi woaɖe asi le susu kple seselelãme gbegblẽwo ŋu. Ðewohĩ egɔmedzedze asesẽ wu, eye ne ŋusẽ ɖo ame ŋu la, ŋgɔyiyi megasesẽna o.—Tsɔe sɔ kple Petro II, 1:10.

Ŋɔŋlɔawo me dzideƒo xɔxɔ enumake na woyia ŋgɔ ɖaa. (Psalmo 119:60) Míate ŋu aka ɖe edzi be hamea akpe ɖe mía ŋu. (Galatiatɔwo 6:2) Gake Yehowa Mawu ƒe kpekpeɖeŋue nye vevitɔ wu. Dawid gblɔ be, ‘woakafu Yehowa, amesi tsɔa míaƒe agbawo na mí gbesiagbe.’ (Psalmo 68:20) Ne míeɖe míaƒe kuxiwo gblɔ le gbedodoɖa me la, míaƒe agbawo va nɔa wodzoe.

Yameʋu te ŋu dzona le tsidzadza kple alilikpo dodowo me, etoa alilikpoa me yia ya me ʋĩ, afisi ŋdɔ ʋuna le nyuie. Míawo hã míate ŋu aɖe tamesusu gbegblẽwo ɖa. Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míato alilikpo dodowo me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, eye míase vivi le Yehowa ƒe xexeame katã ƒe tadeagulawo ƒe ƒome si me dzidzɔ le la me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu aɖe susu me mɔxenuwo ɖa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe