INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 2/15 axa 13-16
  • Woɖi Ðase Na Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woɖi Ðase Na Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “AME AÐEKE MEXEA MƆ” ÐE PAULO ƑE GBEƑÃÐEÐE NU O
  • PAULO ÐI ÐASE NA AME ŊKUTAWO KPLE AME TSƐWO
  • ‘GBLƆ NYA LA VƆVƆ̃MANƆMEE’
  • ‘Eɖia Ðase Tsitotsito’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Ale Si Míaʋli Nya Nyuia Ta Le Dumegãwo Ŋkume
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 2/15 axa 13-16

Woɖi Ðase Na Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo

Ƒe 59 M.Ŋ. mee. Asrafo siwo ŋu mɔzɔzɔ na ɖeɖi te la kplɔ gamenɔla gbogbo aɖewo to agbo si nye Porta Capena nu ge ɖe Roma dua me. Fiagã Nero ƒe fiasã la le Palatine Togbɛa dzi, eye Roma Fiagã Ƒe Dzɔla siwo ta yi hedo woƒe awuwo ɖe edzi la le eŋu dzɔm.a Aʋafiagã Yulio na gamenɔlawo zɔ to Roma Dziɖuɖumegãwo Ƒe Adaŋudeƒe la ŋu heyi Viminal Togbɛa dzi. Wozɔ to abɔ aɖe si me woɖi vɔsamlekpuiwo ɖo na Roma mawuwo le la ŋu eye wova to asrafowo ƒe hehexɔƒe aɖe hã ŋu.

Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo ƒe kpememe si wobe wokpɔ le Claudius Ƒe Xɔ Tamegobaa, si wotu le ƒe 51 M.Ŋ. me la me

Apostolo Paulo hã nɔ gamenɔlaawo dome. Ɣleti aɖewo do ŋgɔ esi Paulo nɔ tɔdziʋu aɖe si ahom sesẽ nɔ nyamanyamam me la, mawudɔla aɖe gblɔ nɛ be: “Ele be nàtsi tsitre ɖe Kaisaro ŋkume.” (Dɔw. 27:24) Ðe ɣeyiɣia de be nya mawo nava eme na Pauloa? Ðikeke mele eme o be esi Paulo trɔ kpɔ Roma Fiaɖuƒea ƒe fiadua ɖaa la, nya siwo Aƒetɔ Yesu gblɔ nɛ esi wònɔ Antonia Mɔ́ me le Yerusalem la va susu me nɛ. Yesu gblɔ nɛ be: “Lé dzi ɖe ƒo! Elabena ale si nèle ɖase ɖim tsitotsito tso ŋunye le Yerusalem la, nenema kee wòle be nàɖi ɖase le Roma hã.”—Dɔw. 23:10, 11.

Paulo anya tɔ sẽe be yealé ŋku ɖe Castra Praetoria mɔ́ sesẽ si wotu kple anyikpe dzẽ si ŋu gli sesẽwo le eye xɔ sesẽwo le etame la ŋu. Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo wɔa dɔ le mɔ́ sesẽa me eye dua me ƒe kpovitɔwo hã nɔa afi ma. Fiagã la ƒe asrafowo ƒe hatsotso 12 ye nɔa afi ma,b tsɔ kpe ɖe dua me kpovitɔwo ƒe ha gbogbo aɖewo ŋu; si fia be asrafo akpe geɖe siwo dome sɔdzisrafowo hã le nɔa mɔ́ sesẽ ma me. Castra Praetoria mɔ́ sesẽ sia ɖoa ŋku ŋusẽ si gbegbe le fiagã la si dzi na amewo. Esi wònye be Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo dzɔa gamenɔla siwo wokplɔ tso Roma Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo vɛ ŋu ta la, Yulio kplɔ gamenɔla siawo to agbo gã eneawo dometɔ ɖeka nu. Le ɣleti geɖe ƒe mɔzɔzɔ si me afɔku geɖe nɔ megbe la, Yulio kplɔ gamenɔla siwo wotsɔ de esi la va ɖo mlɔeba.—Dɔw. 27:1-3, 43, 44.

“AME AÐEKE MEXEA MƆ” ÐE PAULO ƑE GBEƑÃÐEÐE NU O

Le mɔzɔzɔa me la, Paulo kpɔ ŋutega si ɖee fia be tɔdziʋua agbã gake ame sia ame atsi agbe. Da vɔ̃ɖi aɖe ɖu Paulo gake naneke mewɔe o. Eda dɔ na dɔnɔwo le Melite ƒukpoa dzi, si wɔe be nuto ma me tɔwo gblɔ le eŋu be mawu aɖee wònye. Nudzɔdzɔ siawo ŋu nyawo anya kaka ɖe Roma Fiagã Ƒe Dzɔla siwo si aʋatsodzixɔsewo le la dome.

Nɔvi siwo le Roma la va do go Paulo ‘le Apio Si me, kple Amedzrodzeƒe Etɔ̃awo.’ (Dɔw. 28:15) Gake esi wònye gamenɔla ta la, aleke wòawɔ ana eƒe didi be yeaɖe gbeƒã le Roma la nava eme? (Rom. 1:14, 15) Ame aɖewo susui be dzɔlawo ƒe tatɔ lae wotsɔ gamenɔlawo de asi na. Ne nenemae la, ke anye Dzɔlawo Ƒe Tatɔ, Afranius Burrus, si anye ŋusẽtɔ evelia kplɔ fiagã la ɖo, gbɔe wokplɔ Paulo yii.c Aleke kee wòɖale o, le esi aʋafiagãwo nanɔ Paulo ŋu dzɔm teƒe la, Roma Fiagã Ƒe Dzɔla ɖeka aɖe koe wotia be wòanɔ Paulo ŋu dzɔm. Woɖe mɔ na Paulo be wòanɔ xɔ si eya ŋutɔ haya me; ate ŋu anɔ amedzrowo xɔm faa ahaɖe gbeƒã na wo, “eye ame aɖeke mexea mɔ nɛ o.”—Dɔw. 28:16, 30, 31.

Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo Le Nero Ƒe Ŋkekea Me

Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo ƒe asaɖa la dze le ƒe alafa gbãtɔ me gaku sia dzi

Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo kaa atam be yewoakpɔ fiagã la kple eƒe ƒomea ta. Ne woyina aʋa la, woléa aflaga siwo dzi fiagã la ƒe nɔnɔmetata le kple akpoxɔnu si dzi aganɛ (alo, akekle) ƒe nɔnɔmetata, si nye Kaisaro Tiberio ƒe dzesi, le la ɖe asi. Woma dzɔlawo ɖe ƒuƒoƒowo me eye aʋafiagãwo nɔa wo nu; dzɔla siawo kee kpɔa dedienɔnɔnyawo gbɔ le fefewɔƒewo eye wokpena ɖe dzotsilawo hã ŋu. Dzɔla siawo subɔna hena ƒe 16 pɛ ko, esi Roma asrafoha bubuawo ya subɔna ƒe 25 sɔŋ. Woxea fe siwo asrafowo xɔna la ƒe teƒe etɔ̃ na wo, viɖe geɖe sua wo si, eye woxea ga gbogbo aɖe na wo ne woxɔ dzudzɔ le dɔ me. Wozã Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo le fuwɔwɔ gamenɔlawo kple wo wuwu hã me. Anɔ eme be Roma Fiagã Ƒe Dzɔla siwo Paulo dze agbagba be yeaɖe la dometɔ aɖewo kee woɖe gbe na wowui le edede gaxɔ me zi evelia me.—2 Tim. 4:16, 17.

Courtesy Classical Numismatic Group, Inc./cngcoins.com

PAULO ÐI ÐASE NA AME ŊKUTAWO KPLE AME TSƐWO

Ale si Castra Praetoria la le egbea

Ðewohĩ Burrus bia gbe Paulo le fiasã la me alo le Fiagã Ƒe Dzɔlawo ƒe asaɖa la me hafi kplɔe yi Nero gbɔ. Paulo mena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si nye be wòaɖe gbeƒã “na ame ŋkutawo kple ame tsɛwo siaa” la to eŋu o. (Dɔw. 26:19-23) Nu ka kee Burrus kpɔ le Paulo ŋu o, womedee gaxɔ me le Fiagã Ƒe Dzɔlawo ƒe asaɖa me o.d

Xɔ si Paulo haya la lolo nyuie be wòte ŋu xɔ “Yudatɔwo ƒe amegãwo” eye wòɖe gbeƒã na woa kple ‘ame geɖe siwo va egbɔ le afi si wòdze.’ Fiagã Ƒe Dzɔlawo hã senɛ ‘wòɖia ɖase tsitotsito’ na Yudatɔwo tso Fiaɖuƒea kple Yesu ŋu, “tso ŋdi va se ɖe fiẽ.”—Dɔw. 28:17, 23.

Ne Paulo le eƒe lɛtawo me nyawo gblɔm be woaŋlɔ la, asrafoawo nɔa esem

Fiagã Ƒe Dzɔlawo ƒe ha vovovowoe dzɔa fiasã la ŋu gbe sia gbe. Woɖɔa li asrafo siwo dzɔa Paulo hã ŋu gbe sia gbe. Le ƒe eve siwo apostoloa tsɔ nɔ ga me me la, asrafowo se lɛta siwo wòŋlɔ na Efesotɔwo, Filipitɔwo, Kolosetɔwo, kple Hebri Kristotɔwo la me nyawo, esi wònɔ egblɔm be woaŋlɔ, eye wokpɔe wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe asi ŋlɔ lɛta na Kristotɔ si ŋkɔe nye Filemon. Esime Paulo nɔ gaxɔ me la, eɖe ɖetsɔleme fia kluvi aɖe si ŋkɔe nye Onesimo si si dzo le eƒe aƒetɔ gbɔ; Paulo va “zu fofo nɛ esime wònɔ bablawo me le gaxɔ me,” eye wògbugbɔ ɖoe ɖe eƒe aƒetɔ. (Filem. 10) Ðikeke mele eme o be Paulo tsɔ ɖe le eme na ame siwo nɔ eŋu dzɔm hã. (1 Kor. 9:22) Míate ŋu akpɔ ale si wòanɔ nya biam asrafoawo tso taɖodzinu si le aʋawɔnu vovovoawo ŋu eye emegbe wòva zã nyatakaka mawo le kpɔɖeŋu nyui aɖe me la le susu me.—Ef. 6:13-17.

‘GBLƆ NYA LA VƆVƆ̃MANƆMEE’

Paulo ƒe gaxɔmenɔnɔa na be “nya nyui la va ɖe zɔ yi ŋgɔ” heɖo Fiagã Ƒe Dzɔlawo kple ame bubuwo gbɔ. (Flp. 1:12, 13) Ame siwo le Castra Praetoria mɔ́ sesẽa me la do ka kple amewo le Roma Fiaɖuƒe bliboa me; nenema kee kadodo nɔ woa kple fiagã la kpakple eƒe aƒemetɔ gbogboawo hã dome. Fiagã la ƒe aƒemetɔwoe nye eƒe ƒometɔwo, subɔviwo kple kluviwo; wo dometɔ aɖewo va zu Kristotɔwo. (Flp. 4:22) Paulo ƒe gbeƒãɖeɖe dzideƒotɔe na be dzi ɖo nɔvi siwo nɔ Roma la ƒo ‘wogblɔ Mawu ƒe nya la vɔvɔ̃manɔmee.’—Flp. 1:14.

Nɔnɔme ka ke mee míeɖale o, mina míadze agbagba aɖe gbeƒã na ame siwo va naa kpekpeɖeŋu mí

Paulo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le Roma dea dzi ƒo na míawo hã egbea esi míele ‘gbeƒã ɖem le nɔnɔme deamedziwo kple nɔnɔme madeamedziwo siaa me.’ (2 Tim. 4:2) Mía dometɔ aɖewo tsi xɔ me, alo tsi teƒe ɖeka le kɔdziwo; ɖewo hã le gaxɔ ŋutɔŋutɔwo me le woƒe xɔse ta. Nɔnɔme ka ke mee míeɖale o, míate ŋu aɖe gbeƒã na ame siwo va srãa mí kpɔ, ɖewohĩ be yewoava na kpekpeɖeŋu aɖe mí. Ne míeɖia ɖase dzideƒotɔe ɣesiaɣi la, míeɖenɛ fiana be naneke mate ŋu ‘abla Mawu ƒe nya la’ o.—2 Tim. 2:8, 9.

Sextus Afranius Burrus

Nuŋɔŋlɔ si dzi Sextus Afranius Burrus ƒe ŋkɔ dze le

Anɔ eme be wodzi Burrus le Vaison-la-Romaine, si le France ƒe anyiehe fifia, afi si wokpɔ nuŋɔŋlɔ aɖe si me eŋkɔ dze le la le ƒe 1884 M.Ŋ. me. Le ƒe 51 M.Ŋ. me la, Agrippina Suetɔ, si nye Kaisaro Klaudio srɔ̃ kple nyruiyɔvi, do Burrus ɖe dzi wòzu Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo ƒe tatɔ. Agrippina na ame eve na hehe viaŋutsuvi Nero be wòava zu fiagã. Burrus, si nye asrafo bibi aɖe, ye na asrafowo ƒe hehe Nero. Hehenala eveliae nye xexemenunyala Seneca, si kpe ɖe Nero ŋu be wòadze nunya. Esi mɔnukpɔkpɔa nya su Agrippina si ko la, ede aɖi nu me srɔ̃a Klaudio wòku. Hafi Klaudio ƒe kua ŋu nya naɖi la, Burrus kplɔ Nero yi Castra Praetoria mɔ́ me eye wòna Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo ɖoe fiagãe, ale be naneke meli Sewɔha la nawɔ wu be woada asi ɖe edzi o. Esi Nero hã na wowu dadaa le ƒe 59 M.Ŋ. me la, Burrus kpɔ eta. Roma ŋutinyaŋlɔla Suetonius kple Cassius Dio gblɔ be Nero de aɖi nu me na Burrus wòku le ƒe 62 M.Ŋ. me.

Musée Calvet Avignon

a Kpɔ aɖaka si nye “Roma Fiagã Ƒe Dzɔlawo Le Nero Ƒe Ŋkekea Me.”

b Asrafo siwo ade 1,000 ye nɔa Romatɔwo ƒe asrafoha ɖeka me.

c Kpɔ aɖaka si nye “Sextus Afranius Burrus.”

d Kaisaro Tiberio de Herodes Agripa gaxɔ me le afi sia le ƒe 36/37 M.Ŋ. me le esi Agripa ɖe eƒe didi be Caligula nava zu fiagã gblɔ la ta. Esi Caligula va xɔ fiazikpuia la, eɖo eteƒe na Herodes hetsɔe ɖo fiae le Yudea.—Dɔw. 12:1.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe