‘Miyi Edzi Mianɔ Zɔzɔm Kple Kristo’
“Azɔ abe alesi miexɔ Kristo Yesu, Aƒetɔ la, nenema ke mizɔ le eyama me.”—KOLOSETƆWO 2:6.
1, 2. (a) Aleke Biblia ƒo nu tso Henox ƒe agbenɔnɔ nuteƒewɔwɔtɔe le Yehowa subɔsubɔ me ŋui? (b) Aleke Yehowa kpe ɖe mía ŋui be míazɔ kple ye abe alesi wòdze le Kolosetɔwo 2:6, 7 ene?
ÈKPƆ ŋutsuvi sue aɖe wòle zɔzɔm kple fofoa kpɔa? Ðevia srɔ̃a fofoa ƒe afɔɖeɖe ɖesiaɖe, àkpɔ le eƒe ŋkume be dzi le edzɔm vavã; fofoa anɔ kpekpem ɖe eŋu le azɔlia me, eye lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ dzena le eya ŋutɔ ƒe mo. Esɔ be Yehowa zã kpɔɖeŋu sia tututu tsɔ ƒo nu tso amesiwo subɔnɛ le nuteƒewɔwɔ me ƒe agbenɔnɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Nya la gblɔ be nuteƒewɔla Henox “zɔ kple Mawu [vavã la].”—Mose I, 5:24; 6:9.
2 Abe alesi fofo buameŋu akpe ɖe via sue ŋu wòazɔ kplii ene la, nenema ke Yehowa na kpekpeɖeŋu nyuitɔ kekeake míi. Edɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe anyigba dzi. Le Yesu Kristo ƒe anyigba dzi afisia nɔɣi katã la, eɖe Fofoa si le dziƒo ƒe nɔnɔme fia pɛpɛpɛ. (Yohanes 14:9, 10; Hebritɔwo 1:3) Eyata be míazɔ kple Mawu la, ele be míazɔ kple Yesu. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Azɔ abe alesi miexɔ Kristo Yesu, Aƒetɔ la, nenema ke mizɔ le eyama me, eye mianye amesiwo do ke, eye wotu wo ɖe eyama me, eye woli ke wo ɖe xɔse me, abe alesi wofia mi ene, eye miagba go le akpedada me.”—Kolosetɔwo 2:6, 7.
3. Abe alesi wòle Kolosetɔwo 2:6, 7 ene la, nukata míate ŋu agblɔ be zɔzɔ kple Kristo bia nu geɖe wu nyɔnyrɔxɔxɔ ko?
3 Esi Biblia-nusrɔ̃vi siwo si dzi anukware le dina be yewoazɔ kple Kristo eye wodzea agbagba be yewoato eƒe afɔɖoƒe deblibowo ta la, woxɔa nyɔnyrɔ. (Luka 3:21; Hebritɔwo 10:7-9) Le xexeame godoo la, amesiwo wu 375,000 ɖe afɔ vevi ma le ƒe 1997 ɖeɖeko me—le mamã dedie nu la, enye amesiwo wu 1,000 gbesiagbe. Dzidziɖedzi sia ŋu nya nya se lo! Gake Paulo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Kolosetɔwo 2:6, 7 la fia be zɔzɔ kple Kristo bia nusi yi ŋgɔ wu nyɔnyrɔxɔxɔ ko. Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “miyi edzi mianɔ zɔzɔm,” (NW) fia nusi woawɔ atsiã ɖe enu, nusi woayi edzi anɔ wɔwɔm. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Paulo gblɔ kpee be zɔzɔ kple Kristo bia nu ene siawo: be míato ke le Kristo me, míatu mía ɖokui ɖo le eyama me, míali ke le xɔse me, eye míagba go le akpedada me. Mina míadzro nya siawo dometɔ ɖesiaɖe me akpɔ alesi wòakpe ɖe mía ŋui be míayi edzi anɔ zɔzɔm kple Kristo ɖa.
‘Èto Ke le Kristo Mea’?
4. Nukae wòfia be ‘woato ke le Kristo me’?
4 Gbã, Paulo ŋlɔ be ele be ‘míato ke le Kristo me.’ (Tsɔe sɔ kple Mateo 13:20, 21.) Aleke woate ŋu awɔ ato ke le Kristo me? Ati ƒe ke medzena le gota o, gake wohiã vevie na atia—wonaa ŋusẽ nɔa eŋu eye wohea nunyiame vana nɛ. Nenema ke alesi Kristo ƒe kpɔɖeŋu kple nufiafia kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzii hã medzena gbã o, woƒoa ke ɖe to ɖe míaƒe susu kple dzi me. Afimae wonɔna nyia mí hedoa ŋusẽ mí. Ne míeɖe mɔ wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu, míaƒe nuwɔnawo, kple nyametsotsowo dzi la, woʋãa mí be míatsɔ míaƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa.—Petro I, 2:21.
5. Aleke míawɔ be gbɔgbɔmenuɖuɖu ‘nanɔ mía dzrom vevie’?
5 Yesu lɔ̃ sidzedze si tso Mawu gbɔ la. Etsɔe sɔ kple nuɖuɖu gɔ̃ hã. (Mateo 4:4) Ẽ, le eƒe Todzimawunya la me la, eyɔ nya 21 tso Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ vovovo enyi me. Ne míedi be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua la, ele be míawɔ nusi ƒe dzi apostolo Petro de ƒo na mí—‘míana gbɔgbɔmenuɖuɖu nadzro mí vevie abe vidzĩ fẽwo ene.’ (Petro I, 2:2) Ne vidzĩ di be yeano no la, meɣlanɛ kura be no le ye dzrom ŋutɔ o. Ne míesena le mía ɖokui me nenema le gbɔgbɔmenuɖuɖu ŋu o la, ke Petro ƒe nyawo le dzi dem ƒo na mí be ‘míana’ wòadzro mí. Aleke míawɔe? Gɔmeɖose si le Psalmo 34:9 be, “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo” la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Ne ‘míeɖɔa’ Yehowa ƒe Nya, Biblia, ‘kpɔna,’ ɖewohĩ míexlẽa eƒe akpa aɖe gbesiagbe la, míakpɔ be enyia ame le gbɔgbɔ me eye be enyo hã. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, azu nusi anɔ mía dzrom vevie.
6. Nukatae wòle vevie be míade ŋugble le nusiwo míexlẽna ŋu?
6 Gake ele vevie be míana nuɖuɖua nagbã ɖe lãme na mí enumake si míeɖui. Eyata ehiã be míade ŋugble le nusiwo míexlẽna ŋu. (Psalmo 77:12, 13) Le kpɔɖeŋu me, ne míele agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ xlẽm la, ta ɖesiaɖe aɖe vi na mí wu ne míetɔna biaa mía ɖokui se be: ‘Kristo ƒe amenyenye kae dze nam le nudzɔdzɔ sia me, eye aleke mawɔ asrɔ̃e le nye ŋutɔ nye agbenɔnɔ me?’ Ne míedea ŋugble le eŋu nenema la, akpe ɖe mía ŋu míatsɔ nusiwo míesrɔ̃na ade dɔwɔwɔ me. Ekema ne nyametsotso aɖe dze ŋgɔ mí la, míate ŋu abia mía ɖokui se be anye nukae Yesu awɔ. Ne míewɔ nyametsotso si sɔ kple ema la, ke míele eɖem fia be míeto ke le Kristo me nyateƒe.
7. Aleke wòle be míabu gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽe?
7 Paulo gade dzi ƒo na mí be míaɖu “nuɖuɖu sesẽ,” Mawu ƒe Nya la me nyateƒe gogloawo. (Hebritɔwo 5:14) Míate ŋu aɖoe wòanye míaƒe taɖodzinu gbãtɔ le esia wɔwɔ me be míaxlẽ Biblia bliboa katã. Emegbe nyati vevi aɖewo koŋ li wòle be míasrɔ̃ nu le wo ŋu, abe Kristo ƒe tafevɔsa la, nubabla vovovo siwo Yehowa wɔ kple eƒe amewo, alo Biblia me nyagblɔɖinyawo dometɔ aɖewo ene. Agbalẽ gbogbo aɖewo li si akpe ɖe mía ŋu míaɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ siawo eye míana wòawɔ dɔ le míaƒe lãme. Nukae nye sidzedze sia xɔxɔ ƒe taɖodzinu? Menye esi wòanye dada na mí tae o, ke esi wòatu míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa ɖo eye wòate mí ɖe eŋu kplikplikpli wu tae. (Korintotɔwo I, 8:1; Yakobo 4:8) Ne míetsɔ didi vevie xɔ sidzedze siae, zãe na mía ɖokui, eye míetsɔe kpe ɖe amewo ŋu la, ke anye Kristo sɔsrɔ̃ le nyateƒe me. Esia akpe ɖe mía ŋu be míato ke le eyama me nyuie.
‘Èle Ðokuiwò Tum Ðo le Kristo Mea’?
8. Nukae wòfia be ‘woatu mí ɖo le Kristo me’?
8 Le zɔzɔ kple Kristo ƒe akpa si kplɔe ɖo me la, Paulo trɔ ɖe kpɔɖeŋu bubu si awɔ dɔ ɖe susu dzi ŋu kaba—etso le ati ƒe kpɔɖeŋu dzi yi xɔtutu tɔ dzi. Ne míele tame bum le xɔtutu ŋu la, menye eƒe gɔmeɖoanyi ŋu koe míebuna o ke míebua xɔa ŋutɔŋutɔ ƒe akpa si dzena to agbagba geɖe dzedze me hã ŋu. Nenema ke ele be míadze agbagba geɖe atu nɔnɔme kple numãme siwo ɖi Kristo tɔ ɖo. Agbagbadzedze sia dzena godoo, abe alesi Paulo ŋlɔe ɖo ɖe Timoteo ene be: ‘Na wò ŋgɔgbedede nadze ƒã na amesiame.’ (Timoteo I, 4:15; Mateo 5:16) Nukawoe nye Kristotɔwo ƒe dɔwɔna siwo tua mí ɖo la ƒe ɖewo?
9. (a) Taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo siwo míate ŋu aɖo bene míasrɔ̃ Kristo le subɔsubɔdɔa me la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Aleke míewɔ nya be Yehowa di be míase vivi le míaƒe subɔsubɔdɔa me?
9 Yesu de dɔ asi na mí be míaɖe gbeƒã eye míafia nyanyuia amewo. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Eɖo kpɔɖeŋu si de blibo ɖi na mí esi wòɖi ɖase si tsea ku dzideƒotɔe. Nyateƒee, míate ŋu awɔe wòanyo ade etɔ nu ya o. Gake apostolo Petro tsɔ taɖodzinu sia ɖo ŋkume na mí, be: “Mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nya aɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple vɔvɔ̃.” (Petro I, 3:15) Ne èkpɔ be ‘yemesua te ɖaasi na ŋuɖoɖo nana o’ la, mègabu mɔkpɔkpɔ o. Ðo taɖodzinu siwo sɔ siwo akpe ɖe ŋuwò be nàte ɖe dzidzenu ma ŋu. Dzadzraɖo do ŋgɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàzã ɖaseɖiɖimɔnu vovovo eye nàde ŋɔŋlɔ ɖeka alo eve wò nyawo me. Àte ŋu aɖoe wò taɖodzinui be nàna Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe wu, awɔ tɔtrɔyi geɖe wu, alo adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Menye nuawo ƒe agbɔsɔsɔ—abe gaƒoƒowo, agbalẽwo, alo nusɔsrɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔme ene—ŋu koŋ koe nàtsi dzi ɖo o ke tsi dzi ɖe eƒe nyonyome hã ŋu. Taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo ɖoɖo kple agbagbadzedze be míaɖo wo gbɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míase vivi na alesi míetsɔ mía ɖokui kee le subɔsubɔdɔa me. Eyae nye nusi Yehowa dina—be míasubɔ ye “kple dzidzɔ.”—Psalmo 100:2; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 9:7.
10. Kristotɔwo ƒe dɔ bubu siwo wòle be míawɔ dometɔ aɖewo ɖe, eye aleke nusiawo kpena ɖe mía ŋui?
10 Hamea me dɔ siwo tua mí ɖo le Kristo me hã li. Eƒe vevitɔe nye mía nɔewo lɔlɔ̃, elabena esiae nye Kristotɔ vavãtɔwo ƒe dzesi. (Yohanes 13:34, 35) Esime míenɔ nu srɔ̃m la, lɔlɔ̃ tɔxɛ aɖe nɔ mía dometɔ geɖe kple míaƒe nufiala dome, eye esɔ nenema. Gake fifia la, ɖe míate ŋu atsɔ Paulo ƒe nuxlɔ̃ame be ‘míakeke mía ɖokui’ to agbagbadzedze be míanya hamea me tɔ bubuwo me awɔ dɔea? (Korintotɔwo II, 6:13) Hamemegãwo hã hiã lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ si míaɖe afia wo. Ne míewɔna ɖe ɖoɖo siwo wowɔ na mí dzi eye míedia Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖowo tso wo gbɔ hetsɔa wo wɔa dɔe la, míana woƒe dɔ sesẽ la naka bɔbɔ vie. (Hebritɔwo 13:17) Le ɣeyiɣi ma ke me la, esia hã atu mí ɖo le Kristo me.
11. Nukpɔsusu si sɔ kae wòle be wòanɔ mía si le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu?
11 Nyɔnyrɔxɔxɔ nyea wɔna dodzidzɔname ŋutɔ aɖe! Gake mele be míakpɔ mɔ be dzidzɔ sɔŋ ko ayɔ míaƒe agbe me nenema ke le ema megbe o. Mía ɖokui tutuɖo le Kristo me ƒe akpa gã aɖe bia be ‘míazɔ alesi dze ɖe ɖoɖo sia ke nu.’ (Filipitɔwo 3:16) Mefia be míanɔ agbe si me vivisese mele o anɔ dɔ ɖeka ŋugbe tiamewo wɔm o. Nusi wòfia koe nye be míazɔ ayi ŋgɔ tẽ—ne míagblɔe bubui la, míatu gbɔgbɔmenumãme nyuiwo ɖo eye míalé wo me ɖe asi gbesiagbe, ƒe sia ƒe. Ðo ŋku edzi be, “amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.”—Mateo 24:13.
‘Èle Ke Lim le Xɔse Mea?’
12. Nukae ‘kelili le xɔse me’ fia?
12 Le nu etɔ̃lia si Paulo gblɔ tso alesi míazɔ kple Kristo ŋu la, ede dzi ƒo na mí be ‘míali ke le xɔse me.’ Gɔmeɖeɖe aɖe xlẽ be “amesiwo ŋu wokpɔ kakaɖedzi le le xɔse me,” elabena Helagbe me nya si Paulo zã ate ŋu afia be “woagana kakaɖedzi le nane ŋu, woada megbe na nu, woawɔ nusi se maɖe mɔ be woagatrɔ o.” Ne míele tsitsim le sidzedze me la, míegakena ɖe nu bubuwo ŋu siwo na míegakpɔnɛ be kakaɖedzi blibo le míaƒe Yehowa Mawu dzixɔxɔse ŋu eye be le nyateƒe me la, gɔmeɖoanyi like le eŋu. Esia naa míaƒe kelili me gasẽna ɖe edzi. Enaa wòsẽna ŋutɔ na Satana ƒe xexeame be wòablu afɔ na mí. Esia na míeɖo ŋku Paulo ƒe nuxlɔ̃ame be ‘míaʋli sesĩe aɖo tsitsi gbɔ’ la dzi. (Hebritɔwo 6:1) Tsitsi kple kelilie zɔna.
13, 14. (a) Afɔkunu kawoe ate ŋu agblẽ nu le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Kolose ƒe kelili ŋu? (b) Anye nuka ŋue apostolo Paulo tsi dzi ɖo?
13 Afɔku siwo ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe kelili ŋu dze ŋgɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kolose Kristotɔwo. Paulo xlɔ̃ nu wo be: “Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.” (Kolosetɔwo 2:8) Paulo medi be woaɖe aboyo Kolosetɔwo, amesiwo zu ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃vi la ƒe fiaɖuƒe’ teviwo, able wo adzoe le yayra si me wole la me o. (Kolosetɔwo 1:13) Woable wo aleke? Paulo yɔ “xexemenunya,” esi nye afisi ko wozã nya sia le le Biblia me. Hela xexemenunyalawo, abe Plato kple Socrates ene, ŋu nya gblɔm wònɔa? Togbɔ be amesiawo nye afɔku na Kristotɔ vavãtɔwo ɣemaɣi hã la, gɔmesese si le gbadzaa ye le nya “xexemenunya” si. Wozãnɛ na ƒuƒoƒo kple ame geɖe siwo si nukpɔsusu vovovo le—na subɔsubɔhawo tɔ hã. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ Josephus kple Philo yɔ woawo ŋutɔ ƒe mawusubɔsubɔ be xexemenunya—ɖewohĩ kple susu be wòagadzro amewo ɖe edzi.
14 Ate ŋu anye be subɔsubɔnyawo ŋue xexemenunya siwo ŋu Paulo tsi dzi ɖo la dometɔ aɖewo ku ɖo. Emegbe le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Kolosetɔwo ƒe ta ma ke me la, eƒo nu tso amesiwo fiaa nu be, “Megalée ɖe asi o! Megaɖɔe kpɔ o! Megaka asi eŋu o!” eye woto esia wɔwɔ me le susu hem yi Mose ƒe Sea ƒe akpa aɖewo siwo Kristo ƒe ku he va nuwuwui la dzi ŋu. (Romatɔwo 10:4) Tsɔ kpe ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunyawo ŋu la, ŋusẽkpɔɖeamedzinuwo ganɔ anyi siwo hã nye afɔku na hamea ƒe gbɔgbɔmemenyenye. (Kolosetɔwo 2:20-22) Paulo xlɔ̃ nu le xexemenunya si nye ‘xexeme ƒe gɔmedzenuwo’ ŋu. Amegbetɔwo gbɔe aʋatsonufiafia ma tso.
15. Aleke míawɔ be tamesusu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o siwo míedoa goe zi geɖe makplɔ mí atrae o?
15 Amegbetɔwo ƒe susu kple tamebubu si wometu ɖe Mawu ƒe Nya la dzi o ate ŋu anye afɔku na Kristotɔ ƒe kelili. Ele be míakpɔ nyuie egbea le afɔku siawo ŋu. Apostolo Yohanes xlɔ̃ nu be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ gbɔgbɔ sia gbɔgbɔ dzi se o, ke mido gbɔgbɔawo kpɔ, nenye ɖe wotso Mawu gbɔ.” (Yohanes I, 4:1) Eyata ne sukuhati aɖe di be yeable wò be agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu nye ŋkumaʋumaʋu, alo ne hawòvi aɖe dina be yeaƒã ŋutilãmenudidigbɔgbɔ ɖe mewò, alo dɔwɔhati aɖe tsɔ ayedzedze di be yeaƒoe ɖe nuwò nàda le wò dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee dzi, alo kura gɔ̃ hã ne haxɔsetɔ aɖe tsɔa eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusu gblɔa ɖeklemiɖenyawo ɖe hamea me tɔwo ŋu alo gblẽa wo ŋu la, mègaxɔe nenema ko o. Mègalɔ̃ ɖe esiwo katã mesɔ kple Mawu ƒe Nya la o dzi o. Ne míewɔe alea la, ana míali ke ɖaa le zɔzɔ kple Kristo me.
‘Migba Go le Akpedada Me’
16. Nukae nye zɔzɔ kple Kristo ƒe akpa enelia, eye nya kae míate ŋu abia mía ɖokui ase?
16 Zɔzɔ kple Kristo ƒe akpa enelia si dzi Paulo tɔ asiie nye be ‘míagba go le akpedada me.’ (Kolosetɔwo 2:7) Nya ‘gba go’ na míeɖo ŋku alesi tɔsisi aɖɔ agbɔ eƒe gowo ŋui dzi. Nusi wodi be woafia mí Kristotɔwo le emee nye be míanɔ akpedada dzi ɖaa alo wòazu numãme na mí. Enyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui se be, ‘Ðe medaa akpea?’
17. (a) Nukata míate ŋu agblɔe be nu geɖe li si tae mí katã míada akpe ɖo, le ɣeyiɣi sesẽwo gɔ̃ hã me? (b) Nukawoe nye Yehowa ƒe nunana siwo ta nèsena le ɖokuiwò be ele be yeada akpe nɛ vevie la dometɔ aɖewo?
17 Le nyateƒe me la, nu geɖe li si ta wòle be akpedada na Yehowa nayɔ mía dometɔ ɖesiaɖe me gbesiagbe. Le ɣeyiɣi siwo me nuwo gblẽ ale gbegbe me gɔ̃ hã la, nu suesue geɖe anɔ anyi siwo ana gbɔɖeme ame. Ne xɔlɔ̃ aɖe se veve ɖe mía ti. Ne lɔlɔ̃tɔ aɖe ka asi mía ŋu tsɔ na kakaɖedzi mí. Ne míeɖi ɖe eme nyuie le zã me eye ŋusẽ yeye gaɖo mía ŋu. Ne míeɖu nu vivi aɖe esime dɔ wu mí ɖi tsi ɖe mía ŋu vɔ megbe. Xevi ƒe xɔxlɔ̃, ɖevi ƒe nukoko, dziŋgɔli si le blɔ ƒe atsyɔ̃ɖoɖo, ya fɛfɛ aɖe ƒe ƒoƒo ɖe ame—míate ŋu akpɔ nusiawo katã kple bubu geɖewo le ŋkeke ɖeka me. Ele bɔbɔe ale gbegbe be míabu nusiawo ŋu o. Ðe medze be míada akpe ɖe wo katã ta oa? Yehowa, “nunana nyuiwo katã kple nunana deblibowo katã” Nala, gbɔe wo katã tso. (Yakobo 1:17) Eye ena nunana siwo gbɔ nusiawo meɖi naneke le o la mí—le kpɔɖeŋu me, agbe si míele la ŋutɔ. (Psalmo 36:10) Gawu la, ena agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ mí. Be Yehowa nana nusia la, etsɔ eƒe nu vevitɔ kekeake sa vɔe esi wòɖo eƒe Tenuvi, ‘amesi gbɔ melɔ̃a nu le kurakura o’ la ɖa.—Lododowo 8:30; Yohanes 3:16.
18. Aleke míate ŋu aɖee afia Yehowa be míenye akpedalawo?
18 Eyata aleke gbegbe hakpala la ƒe nyawo nye nyateƒee nye si, be: “Enyo be, woada akpe na Yehowa.” (Psalmo 92:2) Paulo hã ɖo ŋku nya sia ke dzi na Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika, be: “Mida akpe le nusianu ŋuti.” (Tesalonikatɔwo I, 5:18; Efesotɔwo 5:20; Kolosetɔwo 3:15) Ele be mía dome amesiame naɖoe kplikpaa be yeaɖe akpedada afia geɖe wu. Mele be míaƒe gbedodoɖawo nanye míaƒe nuhiahiãwo biabia Mawu ko o. Nusiawo biabia sɔ. Gake tsɔe be xɔ̃wò aɖe li ne nane hiãe ko hafi wòƒoa nu na wò! Ke nukata míado gbe ɖa na Yehowa le akpedada nɛ kple ekafukafu ta ko o? Aleke gbegbe gbedodoɖa siawo adze eŋu ne wòle dziƒo trɔ kpɔ xexe madakpe sia enye si! Vi bubu si gbedodoɖa siawo agaɖee nye be woate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ nu nyui siwo le agbe me la dzi, be woaɖo ŋku alesi gbegbe le nyateƒe me woyra míi la dzi na mí.
19. Aleke alesi Paulo gblɔ Kolosetɔwo 2:6, 7 me nyawoe fia be mí katã míate ŋu ana míaƒe zɔzɔ kple Kristo nanɔ nyonyom ɖe edzi ɖaa?
19 Ðe mɔfiame gbogbo si me nunya le si míate ŋu akpɔ tso Mawu ƒe Nya la ƒe kpukpui ɖeka pɛ ko me mewɔ nuku ŋutɔ oa? Paulo ƒe nuxɔxlɔ̃ be míayi edzi anɔ zɔzɔm kple Kristo nye nusi wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe nadi be wòaɖo yeƒe dzi gbɔ. Eyata mina míaɖoe kplikpaa be ‘míato ke le Kristo me,’ ‘woatu mí ɖo le eme,’ ‘míali ke le xɔse me,’ eye ‘míagba go le akpedada me.’ Nuxlɔ̃ame sia hiã na nyɔnyrɔxɔla yeyewo koŋ. Gake eku ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Bu alesi ati ƒe ke gãtɔ nɔa to yim ɖaa kple alesi xɔ si tum wole nɔa dzime yim ɖaa ŋu. Eyata mele be míaƒe zɔzɔ kple Kristo natɔ ɣeaɖekeɣi o. Nu geɖe li siwo me míate ŋu atsi le. Yehowa akpe ɖe mía ŋu eye wòayra mí, elabena edi be míayi edzi anɔ zɔzɔm kple ye kpakple ye Vi lɔlɔ̃tɔ la tegbee.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukae zɔzɔ kple Kristo bia?
◻ Nukae wòfia be ‘míato ke le Kristo me’?
◻ Aleke woate ŋu ‘atu mí ɖo le Kristo mee’?
◻ Nukata wòle vevie ale gbegbe be ‘míali ke le xɔse me’?
◻ Nukawo tae wòle be ‘akpedada nayɔ mía me agbagba’?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Ati ƒe ke manɔ dzedzem o, gake eyae hea nunyiame vana nɛ eye wòlénɛ ɖe te sesĩe