-
Ðe Wògblẽ be Woafa Konyia?Nyɔ!—2001 | July 8
-
-
“KE, NƆVIWO, MÍELE DIDIM BENA, MIANƆ NUMANYAMANYA ME LE AMESIWO DƆ ALƆ̃ LA ŊUTI O, BENE MIAGAXA NU, ABE AME BUBU, SIWO MƆKPƆKPƆ MELI NA O LA ENE O.”—TESALONIKATƆWO I, 4:13.
MƆKPƆKPƆ le Biblia me na amesiwo ku. Amesiwo Yesu fɔ ɖe tsitre, kpakple eƒe nufiafiawo ɖee fia be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me woagbɔ agbe ame kukuwo. (Mateo 22:23-33; Marko 5:35, 36, 41, 42; Luka 7:12-16) Aleke wòle be mɔkpɔkpɔ sia nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii? Apostolo Paulo ƒe nya siwo dze le etame ɖee fia be mɔkpɔkpɔ sia ate ŋu afa akɔ na ame ne lɔlɔ̃tɔ aɖe ku.
Ne wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ku kpɔ la, ɖikeke mele eme o be èse veve si nublanuinya sia hena vɛ. Theresa, amesi srɔ̃ si xɔ ƒe 42 ku esime woko dzi nɛ vɔ megbe kpuie la gblɔ be: “Eɖi ɖem ŋutɔ! Gbã la, vɔvɔ̃ ɖom ale gbegbe. Emegbe meva nɔ veve gã aɖe si nu nɔ sesẽm ɖe edzi la sem esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim. Mefaa avi vevie.” Ðe nuwɔwɔ le mɔ mawo nu fia be mèka ɖe Yehowa ƒe ŋugbe si wòdo be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre dzi se oa? Ðe Paulo ƒe nyawo fia be menyo be woafa konyi oa?
Konyifafa ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Le Biblia Me
Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo ne míedzro konyifafa ƒe kpɔɖeŋu siwo le Biblia me la me. Le nuŋlɔɖiawo dometɔ geɖe me la, wofa konyi ɣeyiɣi aɖe sinu le ƒometɔ kplikplikpli ƒe ku megbe. (Mose I, 27:41; 50:7-10; Psalmo 35:14) Zi geɖe la, seselelãme siwo wotsɔ fa konyi siawoe nu sẽ ale gbegbe.
-
-
Ðe Wògblẽ be Woafa Konyia?Nyɔ!—2001 | July 8
-
-
Ke hã togbɔ be mí Kristotɔwo míexaa nu ne ame ku na mí hã la, míexaa nu “abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.” (Tesalonikatɔwo I, 4:13) Míexaa nu wògbɔa eme o, elabena míenya nɔnɔme si me ame kukuwo le. Míenya be womele veve sem alo le fu kpem o, ke boŋ wòle nɔnɔme si le abe alɔ̃dɔdɔ yi eme ʋĩ ene me. (Nyagblɔla 9:5; Marko 5:39; Yohanes 11:11-14) Kakaɖedzi blibo le mía si hã be Yesu si “nye tsitretsitsi la kple agbe la,” awɔ eƒe ŋugbedodo dzi agbɔ agbe ‘amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me.’—Yohanes 5:28, 29; 11:24, 25.
-