Biblia ƒe Nukpɔsusu
Ðe Apostolo Paulo Tsi Tre Ðe Nyɔnuwo Ŋua?
APOSTOLO “Paulo ƒe nufiafiawo dzie wonɔ te ɖo da nyɔnuwo ɖe anyi le Kristotɔwo ƒe . . . subɔsubɔha me.” Aleae Ʋɔnudrɔ̃la Cecilie Rushton si tso Auckland, New Zealand, gblɔ ɖe nuŋlɔɖi aɖe si wòxlẽ le Dukɔwo Dome Sewɔtakpekpe si wowɔ le Cyprus le ƒe 1993 ƒe gɔmedzedze me la me. Nyɔnua gblɔ be: “Eƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Timoteo ɖe nusi le eƒe susu me ɖe go: ‘Ke nyemeɖe mɔ na nyɔnu be, wòafia nu, eye wòaɖu ŋutsu dzi o, ke boŋ wòalé eɖokui kpoo.’”—Timoteo I, 2:12.
Esi Paulo ŋlɔ nu tso nyɔnuwo ƒe ɖoƒe alo nɔƒe ŋu la, eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusu ko gblɔm wònɔ loo alo Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋãe? Ne míelé ŋku ɖe Paulo ƒe nuŋɔŋlɔwo alo agbalẽwo katã ŋu la, ɖe woɖee fia be eda nyɔnuwo ɖe anyi nyateƒea? Nɔnɔme ka mee Paulo ƒe nya siwo wògblɔ na Timoteo si míeyɔ va yi la sɔ le?
Paulo ƒe Agbagbadzedzewo
Le agbalẽ 27 siwo le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, Paulo ye ŋlɔ wo dometɔ 14. Alesi wòte ŋu doa gbe geɖewo nukutɔe la ɖee fia ƒã be gbɔgbɔ kɔkɔe nɔ dɔ wɔm ɖe edzi. Hekpe ɖe eŋu la, egblɔ be yekpɔ ŋutegawo. (Korintotɔwo I, 14:18; Korintotɔwo II, 12:1-5) Eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ, ɖokuitsɔtsɔna blibo, kple lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu si wòɖe fia la na nɔvilɔlɔ̃ ƒe ɖekawɔwɔ kplikplikpli nɔ eya kple eŋɔli Kristotɔwo dome. (Dɔwɔwɔwo 20:37, 38) Eƒe nuŋɔŋlɔwo kple nya si wògblɔ le nyɔnuwo ŋu nye “ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, . . . tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia” la ƒe akpa aɖe.—Timoteo II, 3:16.
Nyɔnuwo le Paulo ƒe Agbalẽwo Me
Alesi Paulo de dzesi nyɔnuwo hetsɔ ɖe le eme na woe la ƒe kpeɖodzi geɖe dze le eƒe nuŋɔŋlɔwo katã me. Eƒo nu tso wo ŋu zi geɖe le ɖoƒe vovovo si le wo si le hamea me kple le ƒomea me la ŋu. Le eƒe agbalẽwo dometɔ ɖeka me la, etsɔ nɔnɔme nyui si le Kristotɔ alẽkplɔla si la sɔ kple esiwo vidada ɖena fiana.—Tesalonikatɔwo I, 2:7.
Kristotɔ nɔvinyɔnu geɖe siwo ƒe ŋkɔ apostoloa yɔ le eƒe agbalẽwo me la nye amesiwo ŋu wòƒo nu nyui le. Eƒe gbedoname siwo yi na hamevi siwo nɔ Roma la yi na nyɔnu aɖewo koŋ siwo ƒe ŋkɔ wòyɔ, amesiwo “le agbagba dzem le Aƒetɔ me la.” (Romatɔwo 16:12) Eƒo nu tso Ewodia kple Sintixe ŋu eye wòde dzi ƒo na nɔviŋutsu siwo nɔ Filipi be ‘woaxɔ na nyɔnu siawo; elabena wodze agbagba le nyanyui la ta hekpe ɖe ŋunye.’ (Filipitɔwo 4:3) Le Paulo ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Timoteo me la, ede dzesi xɔse si nɔ ɖekakpui sia mama Loide kple dadaa Eunike si la ƒe kpɔɖeŋu.—Timoteo II, 1:5.
Le mɔ bubu nu la, ɖe kpeɖodzi aɖe li si fia alesi Paulo ƒe Kristotɔ nɔvinyɔnuwo se le wo ɖokui me ɖe eŋua? Dzidzɔtɔe la, eƒo nu tso Akwila kple Priskila, srɔ̃tɔ siwo wòde ha kple kplikplikpli ŋu be menye Akwila ɖeɖeko o, ke srɔ̃a Priskila hã, “tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe [yeƒe] luʋɔ ta.”—Romatɔwo 16:3, 4.
Eda Nyɔnuwo ɖe Anyia?
“Megawo ɖe ame tsitsi ta o, ke boŋ xlɔ̃ nui abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene, nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.” (Timoteo I, 5:1, 2) Ðe nya siawo siwo Paulo ŋlɔ na Timoteo la mefia alesi wòde bubu nyɔnuwo ŋui oa? Paulo de bubu ŋutsu kple nyɔnu siwo nɔ Kristo-hamea me la ŋu sɔsɔe. Eŋlɔe bena: “Yudatɔ kple Helatɔ megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; atsu alo asi megali o; elabena mi katã ɖeka miele le Kristo Yesu me.”—Galatiatɔwo 3:28.
Esi Paulo nɔ nu ƒom tso ɖoƒe si Mawu ɖo ɖi le srɔ̃ɖeɖe me ŋu la, eŋlɔ bena: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene; elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla.” (Efesotɔwo 5:22, 23; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 11:3.) Ẽ, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ƒe ɖoƒewo to vovo gake esia mefia be ame ɖeka bɔbɔ ɖe anyi wu o. Woƒe ɖoƒewo de nu wo nɔewo me, eye wo dometɔ ɖesiaɖe nye nudidi si hea dzidzedzekpɔkpɔ vaa ƒomea me ne wowɔ nu wòsɔ ɖe enu. Hekpe ɖe eŋu la, mele be srɔ̃ŋutsua ƒe tanyenye ŋudɔwɔwɔ nanye ameteteɖeanyi alo esi me lɔlɔ̃ mele o. Paulo yi edzi be: “Nenema ke wòle na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene,” woalɔ̃ faa atsɔ nu geɖe asa vɔ ɖe wo ta. (Efesotɔwo 5: 28, 29) Wobia tso ɖeviwo si be woaɖo to wo fofo kple wo dada siaa.—Efesotɔwo 6:1, 2.
Enyo be míade dzesi Paulo ƒe nya si wògblɔ tso gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖe me ŋu la hã. Paulo ŋlɔ akpaɖekedzimademadee be: “Ŋutsu nawɔ nusi dzɔ la, na srɔ̃a, eye nyɔnu hã nawɔ na srɔ̃a nenema ke. Nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe srɔ̃ŋutsu la ko; ke nenema ke ŋutsu hã mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, negbe nyɔnu la ko.”—Korintotɔwo I, 7:3, 4.
‘Nyɔnu . . . Nanɔ Anyi Kpoo le Ðoɖoezizi Me’
Ne míetrɔ ɖe Paulo ƒe nya si wògblɔ ɖe Timoteo I, 2:12 si míeyɔ le memamã gbãtɔ me ŋu la, ɖe alesi wògblɔ be nyɔnuwo ‘nazi ɖoɖoe’ la fia be eda nyɔnuwo ɖe anyia? Ao! ‘Ðoɖoezizi’ si wobia la ku ɖe nufiafia kple gbɔgbɔ me ŋusẽkpɔɖeamedzi le hamea me ŋu, esia wɔ ɖeka kple mɔfiafia si Mawu na le ŋutsu kple nyɔnu dome ƒomedodo si míegblɔ va yi me.a
Esia mefia be nyɔnuwo mate ŋu anye Mawu ƒe nyateƒea fialawo o. Paulo de dzi ƒo na nyɔnu tsitsiwo be woanye “nu nyui fialawo” ɖetugbiwo. Ele be vidada Kristotɔwo nahe wo viwo le Mawu ƒe mɔwo dzi le kpɔɖeŋu si Eunike kple Loide ɖe fia le hehenana Timoteo me la sɔsrɔ̃ me. (Tito 2:3-5; Timoteo II, 1:5) Egbea le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la, Kristotɔ nyɔnu akpe alafa geɖe kpɔ alesi Ewodia kple Sintixe ƒe kpɔɖeŋua yomedzedze kpɔ emevava le gbɔgbɔ me le gbeƒãɖeɖe nyanyuia le gaglãgbe kple le ŋutsuwo kple nyɔnuwo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe me.—Psalmo 68:12; Mateo 28:20; Filipitɔwo 4:2, 3.
Azɔ la, nukae nye wò nyametsotso? Ðe ŋkuléle ɖe Paulo ƒe nuŋɔŋlɔwo katã ŋu na nutsotso be eda nyɔnuwo ɖe anyi la sɔa?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Biblia-ŋutinusrɔ̃la W. E. Vine gblɔ le nyagbɔgblɔ si le Timoteo I, 2:11 (New International Version) ŋu be: “Menye ame ƒe susu alo dzitsinya tete ɖe to alo alesi woadzudzɔ ame ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo gbɔgblɔ ŋue nuxɔxlɔ̃a ku ɖo o; nya si nye ‘le ɖokuibɔbɔ blibo me’ la nye nuxɔxlɔ̃ le ŋusẽ xɔxɔ le ame si ŋu, le kpɔɖeŋu me, abe alesi kpukpui si kplɔe ɖo gblɔe ene.”