-
Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woadze “Nunya Hena Ðeɖekpɔkpɔ”Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017 | December
-
-
3. (a) Aleke Timoteo wɔ va zu Kristotɔ, eye aleke wòwɔ nu ɖe Kristo ƒe nufiafiawo ŋui? (b) Nu vevi etɔ̃ siwo nusɔsrɔ̃ lɔ ɖe eme ka dzie Paulo tɔ asii na Timoteo?
3 Anɔ eme be esi apostolo Paulo yi Listra zi gbãtɔ le ƒe 47 Kristotɔwo Ŋɔli mee Timoteo se nu tso Yesu ƒe nufiafiawo ŋu zi gbãtɔ. Anɔ eme be ƒewuivi koe Timoteo nye ɣemaɣi, ke hã, enɔ agbe ɖe nu siwo wòsrɔ̃ la nu. Ƒe eve megbe la, eva zu Paulo ƒe mɔzɔhati. Ƒe 16 aɖewo megbe la, Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo bena: “Nɔ nu siwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo ŋu hexɔ wo dzi se la me, elabena ènya ame siwo gbɔ nèsrɔ̃ wo le, eye be tso ɖevime kee nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo [Hebri Ŋɔŋlɔawo], siwo ate ŋu ana nàdze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ to Kristo Yesu dzixɔse me.” (2 Tim. 3:14, 15) De dzesii be Paulo tɔ asi nu etɔ̃ aɖewo dzi: (1) Timoteo nya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo, (2) ekpɔ kakaɖedzi le nu siwo wòsrɔ̃ ŋu hexɔ wo dzi se, eye (3) edze nunya hena ɖeɖekpɔkpɔ to Kristo Yesu dzixɔse me.
-
-
Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woadze “Nunya Hena Ðeɖekpɔkpɔ”Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017 | December
-
-
‘ÈKPƆ KAKAÐEDZI LE WO ŊU HEXƆ WO DZI SE’
5. (a) Nu kae wòfia be ame ‘nakpɔ kakaɖedzi le nu ŋu ahaxɔ edzi ase’? (b) Aleke míewɔ nya be Timoteo kpɔ kakaɖedzi le Yesu ŋuti nya nyui si wòsrɔ̃ la ŋu hexɔ edzi se?
5 Ele vevie be ame nanya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo. Ke hã, ŋɔŋlɔawo zazã atsɔ ahe ɖeviwo bia nu geɖe wu nufiafia wo tso amewo kple nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu dzro ko. Wogblɔ tso Timoteo ŋu be ‘ekpɔ kakaɖedzi le nu siwo wòsrɔ̃ la ŋu hexɔ wo dzi se.’ Le Helagbea nu la, nyagbe ma fia be “woaka ɖe nane dzi bliboe” alo “woalɔ̃ ɖe nyateƒenya vevi aɖe dzi bliboe.” Timoteo nya Hebri Ŋɔŋlɔawo tso eƒe ɖevime ke. Emegbe ekpɔ kpeɖodzi sẽŋu siwo na wòva ka ɖe edzi be Yesu ye nye Mesia la. Ne míagblɔe bubui la, kakaɖedzi si su esi la na wòxɔ nu siwo wònya la dzi se. Timoteo xɔ nya nyuia dzi se ale gbegbe be eʋãe wòxɔ nyɔnyrɔ heva zu Paulo ƒe zɔhɛ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.
6. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woakpɔ kakaɖedzi le nu siwo wosrɔ̃ le Mawu ƒe Nyaa me ŋu ahaxɔ wo dzi ase?
6 Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woakpɔ kakaɖedzi le nu siwo wosrɔ̃ ŋu ahaxɔ wo dzi ase, abe ale si wònɔ le Timoteo gome ene? Gbã la, ebia dzigbɔɖi. Kakaɖedzi mesua ame si le zã ɖeka kple eƒe dodo me o, eye viwòwo maxɔ nu siwo dzi nèka ɖo la dzi ase le esi nèka ɖe wo dzi ta ko o. Ehiã be ɖevi ɖe sia ɖe nawɔ eya ŋutɔ ƒe “tamebubuŋutete” ŋu dɔ be wòakpɔ kakaɖedzi le Biblia me nyateƒea ŋu. (Xlẽ Romatɔwo 12:1.) Esi nènye dzila ta la, akpa vevi aɖe li nàwɔ le go sia me, vevietɔ ne viwòa bia nyabiasewo. Na míadzro esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka me.
7, 8. (a) Aleke dzila Kristotɔ aɖe wɔa nu dzigbɔɖitɔe le nufiafia via gome? (b) Ɣekaɣie wòva hiã be wò hã nàgbɔ dzi ɖi na viwò?
7 Thomas, si nye vifofo si si vinyɔnuvi si xɔ ƒe 11 le la gblɔ be: “Vinyea tea ŋu biana be, ‘Ðe wòanye be nuwo ƒe tɔtrɔ vivivi dzie Yehowa to wɔ nu gbagbewo ɖe anyigba dzia?’ alo, ‘Nu ka tae mímekpɔa gome le nuwɔnawo abe akɔdada ene me kple susu be nuwo naka ɖe eme wu le dukɔa me o?’ Ɣeaɖewoɣi la, ɖe meléa ɖokuinye ale be magava nɔ nu si dzi wòle be wòaxɔ ase la ɖom nɛ o. Menye nyateƒenya ɖeka aɖe gbɔgblɔ kã ye ana kakaɖedzi nasu esi o, ke boŋ kpeɖodzinya viviviwoe.”
8 Thomas nyae hã be nufiafia bia dzigbɔɖi. Le nyateƒe me la, Kristotɔwo katã hiã dzigbɔɖi. (Kol. 3:12) Thomas nyae hã be ahiã be yeanɔ nu me dzrom kple ye via edziedzi hena ɣeyiɣi didi aɖe. Ehiã be wòakpe ɖe via ŋu be wòade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu ale be wòate ŋu aka ɖe nu siwo srɔ̃m wòle la dzi. Thomas gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míedina be míanya nenye be mía via xɔ nu si srɔ̃m wòle la dzi se eye wòse egɔme, vevietɔ ne nya veviwo fɔ ɖe te. Ne ebia nyawo la, mekpɔnɛ be esia sɔ ŋutɔ. Le nyateƒe me la, matsi dzi nenye be elɔ̃na ɖe nya siwo míegblɔ dzi gake mebiaa nyawo o.”
9. Aleke nàte ŋu aku Mawu ƒe Nyaa ɖe to me na viwòwo?
9 Ne dzilawo gbɔa dzi ɖi fiaa nu wo viwo la, ʋɛʋɛʋɛ la, ɖeviawo ava se nu si dzi woxɔ se la ƒe “kekeme kple didime kple kɔkɔme kpakple goglome gɔme.” (Ef. 3:18) Míate ŋu afia nu wo wòasɔ ɖe woƒe ƒexɔxɔ kple ŋutetewo nu. Zi ale si wole kakaɖedzi geɖe wu kpɔm le nu siwo srɔ̃m wole ŋu la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe na wo wu be woaʋli woƒe dzixɔsewo ta le woƒe sukuhatiwo kple ame bubuwo ŋkume. (1 Pet. 3:15) Le kpɔɖeŋu me, ɖe viwòwo ate ŋu azã Biblia atsɔ aɖe nu si dzɔna ɖe ame dzi ne eku mea? Ðe wokpɔe be susu le nu si Biblia gblɔ tso nyaa ŋu mea?a Nyateƒee, ebia dzigbɔɖi be nàku Mawu ƒe Nyaa ɖe to me na viwòa, gake eɖea vi mlɔeba.—5 Mose 6:6, 7.
10. Nu kae wòle be wòawɔ akpa vevi aɖe le nufiafia ɖeviwo me?
10 Kpɔɖeŋu nyui si nàɖo hã awɔ akpa vevi aɖe be xɔse sẽŋu nasu viwòwo si. Stephanie, si nye vidada aɖe si si vinyɔnuvi etɔ̃ le, gblɔ be: “Tso esime ɖeviawo nɔ sue la, mebiaa ɖokuinye be, ‘Ðe meƒoa nu na vinyewo tso nu si tae nye ŋutɔ meka ɖe edzi be Yehowa li, elɔ̃ mí, eye eƒe mɔwo dzɔ ŋua? Ðe vinyewo kpɔnɛ kɔtɛ le ŋunye be melɔ̃ Yehowa vavã?’ Ne kakaɖedzi mele nye ŋutɔ asinye o la, ke nyemate ŋu akpɔ mɔ be wòanɔ vinyewo si o.”
-