‘Ènya Wo Tso Vidzĩme Ke’
NUMEKUKU siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ nyitsɔ laa fia be nuƒoƒo na ɖeviwo kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe woƒe ahɔhɔ̃ ƒe tsitsi dzi, eɖoa woƒe tamebubu, nyawo dada akpɔ, kple kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe ŋutetewo gɔme anyi. Aleae wòle vevietɔ le vidzĩ ƒe agbenɔƒe gbãtɔ me. International Herald Tribune ka nya ta be numekula aɖewo va kpɔe azɔ be “nya agbɔsɔsɔme si vidzĩ sena gbesiagbe la nye nu vevitɔ kekeake si afia eƒe nunyanya, agbagbadzedze le suku kple hadomegbenɔnɔ ŋutete le etsɔme.”
Gake amee wòle be wòaƒo nu nɛ. Edze abe television alo radio mate ŋu axɔ ɖe eteƒe o ene.
Ahɔhɔ̃ŋutinunyala aɖe si le Washington ƒe Yunivɛsiti le Seattle, U.S.A., gblɔ be: “Míenya azɔ be ɖevimee ahɔhɔ̃ me kawo tsiana le eye ɖevia ƒe ahɔhɔ̃ nɔa nuteƒekpɔkpɔwo lalam ŋutɔŋutɔ be yeanya alesi yeawɔ kadodo mawoe. Nyitsɔ laa koe míeva nya be nuwɔna sia dzea egɔme kaba. Le kpɔɖeŋu me kaka vidzĩwo naxɔ ɣleti ade la, wonyaa alesi wo degbewo ɖina.”
Numekukuwo va tsi tre ɖe susu si le ame geɖe si be ɖeviwo anya nu ne woɖe lɔlɔ̃ geɖe fia wo ko la ŋu. Eɖe wɔƒe vevi si le dzilawo si le ɖevi ƒe tsitsi me hã fia.
Esia na míeɖo ŋku nya siwo le apostolo Paulo ƒe lɛta si tso gbɔgbɔ me si wòŋlɔ na Timoteo me dzi: ‘Esi tso vidzĩme ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo la, woate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ.’ Anɔ eme be ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me nya siwo Timoteo dada kple mamaa siwo nye xɔsetɔwo gblɔ na eyama si nye vidzĩ la wɔ akpa vevi aɖe le eƒe tsitsi me wòva zu Mawu subɔla ɖedzesi.—Timoteo II, 1:5; 3:15.