-
Mawu Ƒe Nyae Biblia Nyea?Gbetakpɔxɔ—2010 | March 1
-
-
“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—2 TIMOTEO 3:16, 17.
NYA ʋãme kawo gbegbee nye esi apostolo Paulo gblɔ tsɔ ɖe asixɔxɔ si gbegbe le Biblia ŋu la fia! Le nyateƒe me la, Biblia ƒe akpa si nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me—ŋɔŋlɔ siwo amewo yɔna zi geɖe be Nubabla Xoxo—la ŋue wògblɔ nya sia le. Gake le nyaa ŋutɔŋutɔ nu la, eƒe nya siawo lɔ Biblia ƒe agbalẽ 66-awo katã ɖe eme, esiwo Yesu ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo ŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me hã le eme.
Ðe nèdea asixɔxɔ ma gbegbe Biblia ŋu abe Paulo enea? Ðe nèka ɖe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso nyateƒea? Nenemae wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gome. Kakaɖedzi ma nu metsi le Kristotɔwo dome le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me o. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa enelia me nunɔla John Wycliffe si tso England la gblɔ be Biblia nye “nyateƒe tsimatɔe.” Nyagɔmeɖegbalẽ si nye The New Bible Dictionary gblɔ tso Paulo ƒe nya siwo míeyɔ le etame ŋu be esi wònye Mawu ƒe “gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia ta la, kakaɖedzi li be emenyawo katã nye nyateƒe.”
-
-
Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Mee Biblia Tso VavãGbetakpɔxɔ—2010 | March 1
-
-
NU KAE nya si apostolo Paulo gblɔ be Biblia “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” la fia? (2 Timoteo 3:16) Helagbe me nya si Paulo zã la fia “Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã.” Eya ta Paulo ƒe nyawo fia be Mawu zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ fia mɔ Biblia ŋlɔlawo woŋlɔ nu siwo tututu wòdi be woaŋlɔ la ɖe eme.
-