INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 1/15 axa 5-9
  • Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo Kpe Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo Kpe Ta
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ŋutifafanyagblɔla Nyo Loo’
  • ‘Mawu ƒe Ŋutifafa Ƒo Tamesusuwo Katã Ta’
  • ‘Midzra Ðekanyenye la Ðo le Ŋutifafa ƒe Nublanu la Me’
  • Màdi Be Neto Ye Ŋu o!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Àvaa?
    Nyɔ!—1996
  • “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Kpe Ta Dzidzɔtɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo Nyenye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 1/15 axa 5-9

Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo Kpe Ta

KRISTOTƆ hamemegã aɖe si tso United States gblɔ be: “Nutome gã takpekpe ɖesiaɖe si míede la tu mí ɖo. Gake ƒe sia me tɔ ya mele gbɔgblɔ me o. Míekpãna gbesiagbe henɔ alesi ŋkeke si kplɔe ɖo tɔ awu nusi míesusu la ŋu bum, eye womedo ŋukpe mí o!”

Ne ède “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpeawo ƒe ɖe la, ke àlɔ̃ ɖe nya si vavala dzonɔamemetɔ sia gblɔ dzi godoo. Takpekpea ƒe ŋkeke ɖesiaɖe he susu yi dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo, amesiwo nye Mawu ƒe dɔlawo le la ƒe akpa bubu aɖe dzi. Na míato ŋkeke etɔ̃ nuƒoawo me akpɔ.

‘Ŋutifafanyagblɔla Nyo Loo’

Emae nye takpekpeŋkeke gbãtɔ ƒe tanya. Yesaya 52:7 dzie wotui ɖo. Ame geɖe le Yehowa subɔm le nɔnɔme sesẽ geɖewo me le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Wobia gbe nuteƒewɔla siawo dometɔ aɖewo le nuƒo si nye “Nyasese tso Ŋutifafa Gbeƒãɖela Siwo me Dzo le Gbɔ” me. Woa ŋutɔwo ƒe numegbe sese de dzi ƒo ŋutɔ, eye ena kakaɖedzi takpekpea valawo be Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ woawo hã, eye wòana ‘ŋusẽ si wu dzɔdzɔmetɔ’ wo ne wòakpe ɖe wo ŋu woado dzi.—Korintotɔwo II, 4:7.

Yehowa ƒe nudidiwo mesesẽ o. (Yohanes I, 5:3) Wokɔ esia me le nuƒo mamlɛtɔ me ŋdi ma, eye woɖe axa 32-gbalẽ gbadza si ƒe tanyae nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ɖe go. Ðikeke mele eme o be nusrɔ̃gbalẽ yeye sia si me nɔnɔmetata dzeaniwo le la awɔ akpa vevi aɖe be woakpe ɖe ame geɖe wu ŋu be woasrɔ̃ nu le Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu. Wogblɔ alesi míazã agbalẽ yeye sia le magazine sia ƒe nusɔsrɔ̃nyati mamlɛtɔ me, kple le axa 16 kple 17.

Nuƒo si nye “Dzidodo le Dɔnyuiwɔwɔ Me” te gbe ɖe edzi be Yehowa nya xaxa siwo me tom míele. Be míado dzi fia be míanɔ te sesĩe eye míagabu mɔkpɔkpɔ o. Yehowa tsɔ eƒe Nya, eƒe gbɔgbɔ, kple eƒe habɔbɔ na mí be woakpe ɖe mía ŋu. Ebia dzidodo hafi míate ŋu aɖe gbeƒã, evɔ gbeƒãɖeɖee na míedoa dzi elabena ena míaƒe xɔse sẽna. Eyata esi wòsusɔ vie míatso ka la, mele be míaɖe mɔ míaƒe kuxiwo nana míagbɔdzɔ o, elabena amesiwo ado dzi vaseɖe nuwuwu koe akpɔ ɖeɖe.—Mateo 24:13.

Nuƒo tɔxɛ si gblɔ be “Mí Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo ƒe Dɔ” he susu yi Yudatɔ aboyomewo ɖeɖe tso Babilon kple tadedeagu dzadzɛ gbugbɔɖoanyi le Yerusalem le ƒe 537 D.M.Ŋ. me dzi. Nuƒola la ɖe eme be nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ le xexeame katã kpuie ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe koe nudzɔdzɔ ma nye. (Psalmo 72:7; Yesaya 9:6) Dɔ si wode asi na mí fifia enye be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe sia ŋuti nyanyuia eye míanɔ agbe wòasɔ kple gbedasi ma. Ele be lɔlɔ̃ na Mawu kple mía havi naʋã mí míayi edzi awɔ dɔ sia madzudzɔmadzudzɔe.—Dɔwɔwɔwo 5:42.

Fiɖagbe nuƒoawo ƒe akpa vevi aɖee nye nuƒo kpui si gblɔ be “Nɔ Ŋudzɔ ɖe Modzakaɖeɖe ƒe Mɔ̃ Ɣaɣlawo Ŋu.” Zi geɖe la, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe tamesusue nɔa hadzidzi, sinima, video, television dzi nukpɔkpɔwo, video dzi fefewo, agbalẽwo, magazinewo, kple nukokoedonamefefewo me egbea. Eyata ehiã be ‘míatsri nuvɔ̃’ ‘ahalé ɖe nu nyui ŋu.’ (Romatɔwo 12:9) Ẽ, ele be modzakaɖeɖe dzakaɖa nanyɔ ŋu na mí eye míate ɖa le eŋu kura, eye míasusu nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na wɔwɔ, kple nusiwo dze na kafukafu ŋu. (Filipitɔwo 4:8) Agbalẽ kple numekugbalẽ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa tana la tsɔa nya tuameɖowo nyroa míaƒe susuwo eye wohea mí be míade vovo nyui kple vɔ̃ dome. (Hebritɔwo 5:14) Ele be míalé mɔnuɖoɖo siawo me ɖe asi sesĩe abe alesi míaku ɖe ʋuƒo ŋu goŋgoŋ le atsiaƒu dzeagbo dzii ene.

“Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu—Mègana Mawu Naʋã Ŋu O” ye nye nuƒo si kplɔe ɖo. Esi wòsusɔ vie Israel-viwo naɖo Ŋugbedodonyigba dzi la, agbegbegblẽnɔnɔ zu mɔ̃ ɖe wo dometɔ akpe geɖe. Pinehas ʋã ŋu ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu vevie. Etso ɖe nugbegblẽwɔlawo ŋu enumake eye eƒe ŋuʋaʋã dze Yehowa ŋu. (Mose IV, 25:1-13) Satana ƒe taɖodzinue nye be yeana mía dometɔ aɖeke madze ayi Mawu ƒe xexe yeyea me o. Eyata ele be míatsi tre ɖe Abosam ƒe agbagbadzedze be yeaƒo ɖi mí la ŋu abe Pinehas ene. Míeɖe srɔ̃ alo míenye trewo o, ele be ‘míasi le ahasiwɔwɔ nu.’—Korintotɔwo I, 6:18.

“Mawu ƒe Nya la ƒe Nyateƒenyenye Taʋiʋli Nuteƒewɔwɔtɔe” ye nye nuƒo mamlɛtɔ le takpekpeŋkeke gbãtɔ dzi. Gbegɔmeɖela geɖe trɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo alo woɖe nyawo le eme. Le kpɔɖeŋu me, be woade nyɔnuwo ƒe gomenɔamesi taʋiʋli dzi la, amesiwo ɖe The New Testament and Psalms: An Inclusive Version gɔme yɔ Mawu be Tɔ-kple-Nɔ, ke menye Fofo la o, eye woyɔ Yesu le Eŋlisigbe me be “the Human One” (Amegbetɔ la) ke menye “Son of man” (Amegbetɔvi la) o. Gake New World Translation ya lé ɖe gbegbɔgblɔ gbãtɔ ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ale gbegbe be ena Ŋɔŋlɔawo me nya geɖe me kɔ na mí. Le kpɔɖeŋu me, nuƒola la gblɔ be: “Alesi woɖe nyawo gɔme nyuie le New World Translation me dzie míenɔ te ɖo gbugbɔ ɖoɖo wɔ ɖe hamea ŋu to hamemegãwo ƒe hawo ɖoɖo me, wòwɔ ɖeka kple kpɔɖeŋu si woɖo le Kristo-hamea me le ƒe alafa gbãtɔ me.” Míeɖea míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe Nya la fiana to exexlẽ gbesiagbe kple eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ me. Nuƒola la gagblɔ be: “Míaɖee afia be míeʋlia Mawu ƒe Nya la ta nuteƒewɔwɔtɔe ne míeɖe gbeƒãe na ame bubuwo dzonɔamemetɔe hezãe nyuie ne míele nu fiam ame bubuwo, eye míatro emenyawo alo akekee ɖe nu be wòasɔ ɖe míaƒe nukpɔsusuwo nu gbeɖe o.”

‘Mawu ƒe Ŋutifafa Ƒo Tamesusuwo Katã Ta’

Tanya sia si wotu ɖe Filipitɔwo 4:7 dzi ŋue takpekpeŋkeke evelia ku ɖo. Nuƒoawo ƒe akpa gãtɔ dzro nukpɔsusu nyui siwo le be wòanɔ ame si ɖe eƒe subɔsubɔdɔ, ƒome, adzɔgbeɖeɖe, kple gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo ŋu me.

Esi wodzro ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me vɔ la, woƒo nuƒo kpui siwo ƒe tanyae nye “Dɔla Siwo Gblɔa Ŋutifafa Nyanyui La.” Ŋutifafanyae míelé ɖe asi, eyata ele be míagblɔe le ŋutifafa me. (Efesotɔwo 6:15) Míaƒe taɖodzinue nye be míaƒe nya nade dzi gbɔ na amewo, menye be míaƒe gbe nasẽ wu wo tɔ o. Nu ma tututue hehe kple agbalẽ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa le mía nam la kpena ɖe mía ŋu be míawɔ. Mele be míana ɖekematsɔleme alo vivimadoɖenyaŋu naɖe dzi le mía ƒo o. Ke boŋ ele be míayi edzi ‘awɔ mía tɔ sinua,’ míawɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ nyuie ɣesiaɣi, míade kpekpewo, ahakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Timoteo II, 2:15) Mele be míaŋe aɖaba ƒu nyuiwɔwɔ na ame bubuwo hã dzi o, vevietɔ na haxɔsetɔwo. (Galatiatɔwo 6:10) Gake mía tɔ sinu wɔwɔ mefia be míawɔe wòagbɔ eme o. Nusi ame ate ŋu awɔ le eƒe ŋutete kple nɔnɔme siwo me wòle nu dzea Yehowa ŋu.

Mawu ƒe amewo tsɔa woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo doa Fiaɖuƒenuwo ɖe ŋgɔe. Nuƒo si nye “Nunana Dzidzɔtɔe le Yehowa ƒe Habɔbɔa Me” na eme kɔ be esi ame geɖe siwo ɖi alẽwo le Fiaɖuƒegbedasia xɔm ta la, dɔwɔnuwo, takpeƒewo, kple alɔdzedɔwɔƒe geɖe hiã. Míaƒe nudzɔdzɔwo mee habɔbɔa kpɔa nusiwo katã hiã bene míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa le xexeame katã la tsonɛ. Nunana tso dzime faa hã dea bubu Yehowa ŋu eye wòna nunala kpɔa dzidzɔ. Eyata mele be mí Kristotɔwo míagblẽ míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa vevi sia ɖi o.—Korintotɔwo II, 8:1-7.

Nyɔnyrɔxɔnuƒoae nye nuƒo mamlɛtɔ woƒo ŋdi ma—enɔa vevie le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe gãwo me ɣesiaɣi. Dzidzɔ kae nye si wònye be míekpɔ adzɔgbeɖela yeyewo wodze Yesu ƒe afɔɖoƒe yome to nyɔnyrɔxɔxɔ me! (Mateo 3:13-17) Nunya gãtɔ kekeake dzɔtsoƒe ye wotsɔ na hehe amesiwo katã wɔ afɔɖeɖe sia—eyae nye Biblia. Azɔ hã woke ɖe tameɖoɖo ŋutɔŋutɔ ŋu le agbe me, eye ŋutifafa si nyanya be nusi nyo wɔm yewole naa ame la su wo si.—Nyagblɔla 12:13.

Woɖo aɖaŋu aɖe tẽ le nuƒo si nye “Na Gɔmesese Nadzɔ Ŋuwò” me. Gɔmesese le vevie ŋutɔ le dɔwɔnyawo me. Mele be míanɔ míaƒe dɔwɔnyawo gbɔ kpɔm le Fiaɖuƒe Akpata me o, eye mele be míawɔ ga le nɔvi Kristotɔwo ŋu madzemadzee o. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 2:15, 16.) Gɔmesese gahiã ne èbe yeade ga dɔ aɖe me alo ne èbe yeado ga alo adoe na ame aɖe. Nuƒola la de dzesii be: “Dɔ siwo me agbaɖuɖu ate ŋu anɔ ƒe anyidzedze le Kristotɔwo dome ɖe dzi le amewo ƒo eye wòna amesiwo tsi klokloklo de ga dɔwɔɖoɖo siwo me afɔku le me la dometɔ aɖewo kura ƒe gbɔgbɔmemenyenye me gblẽ.” Togbɔ be megblẽ be Kristotɔwo nawɔ dɔ kple wo nɔewo o hã la, anyo be woaɖɔ ŋu ɖo. Eye ne ame eve wɔ dɔwɔɖoɖo aɖe la, ele be woade ɖoɖoawo agbalẽ me ɣesiaɣi.

Wodzro dzidzenu si Mawu ɖo na ŋutsuwo kple nyɔnuwo la me le nuƒo si nye “Ŋutsu Kple Nyɔnu Wòwɔ Woe” me. Wotɔtɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe ɖoƒewo le ŋutinya katã me. Nuƒola la gblɔ be: “Ame geɖe tsɔnɛ vodadatɔe be amedziɖuɖu sesẽe, kalẽwɔwɔ, alo sesẽnuwɔwɔe nye ŋutsunyenye. Le teƒe aɖewo la, mebɔ be ŋutsu nafa avi le dutoƒo alo le aƒeme o, anye ŋukpe gɔ̃ hã. Gake Yohanes 11:35 gblɔ be ‘Yesu fa avi’ esime wònɔ amehawo dome le Lazaro ƒe yɔdo gbɔ.” Ke nyɔnuwo ya ɖe? Wobunɛ zi geɖe be tugbedzedzee nye nyɔnunyenye. Gake nuƒola la bia be: “Ne nyɔnu aɖe dze tugbe evɔ mesea nu gɔme o, ehea nya, hegblɔa nya madzetowo, alo dana la, ɖe woate ŋu abui be enye nyɔnu dzetugbe, nyɔnu vavã, le nya la ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ nua?” (Tsɔe sɔ kple Lododowo 11:22; 31:26.) Ŋutsu kple nyɔnu Kristotɔwo dzea agbagba be yewoazɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu le nuƒoƒo, nuwɔna, kple lekewɔwɔ me. Nuƒola la gblɔ be: “Wote ŋu dea bubu ŋutsu si tsea gbɔgbɔa ƒe kuwo la ŋu bɔbɔe eye nyɔnu si tsenɛ hã nya lɔ̃na.”—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Nuƒo kpui si kplɔe ɖoe nye “Ŋutifafa Mawu la Tsɔ Ðe Le Mewò.” Ganyawo le fu ɖem na Kristotɔ geɖe. Gake Yehowa do ŋugbe be: “Nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5) Togbɔ be ganyawo le sesẽm na ame aɖewo hã la, wodze kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme tsɔ ɖee fia be yewoka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi. Ame bubu siwo mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa fifia o la wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ ɖia ɖase hetsɔa Fiaɖuƒenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ. (Mateo 6:33) Agbagbadzedze mawo katã dze na kafukafu! Yehowa ƒe habɔbɔa ta agbalẽ geɖe be woakpe ɖe mía ŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa me eye woakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu. Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmenunanawo katã ŋu la, atsɔ ŋutifafa ayra mí le ganyawo ƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me.—Psalmo 29:11.

Le gbemagbe ƒe nuƒo mamlɛ si nye “Di Mawu me Ŋutifafa le Ƒomegbenɔnɔ Me” ƒe nuwuwu la, takpekpevalawo kpɔ dzidzɔ esi woxɔ agbalẽ yeye si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. Nuƒola la xlɔ̃ nu be: “Tsɔ veviedodo srɔ̃ agbalẽ sia le ɖokuiwò si eye misrɔ̃e le miaƒe ƒomewo hã me. Midze agbagba vevie miatsɔ eƒe gɔmeɖose siwo tso Biblia me awɔ dɔe, eye ana ŋutifafa kple dzidzɔ nadzi ɖe edzi godoo le miaƒe ƒomea me.”

‘Midzra Ðekanyenye la Ðo le Ŋutifafa ƒe Nublanu la Me’

Esia nye tanya si sɔ na takpekpeŋkeke mamlɛa si wotu ɖe Efesotɔwo 4:3 dzi. Mawue le nu fiam Yehowa Ðasefo siwo tso dukɔwo katã me le xexeme. Esia ta wolɔ̃ ŋutifafa. Wosrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu eye wodzea agbagba ‘dzraa gbɔgbɔ ƒe ɖekanyenye ɖo le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’

Wote gbe ɖe ŋutifafa si le Mawu ƒe habɔbɔa me dzi le nuƒo kpui si nye “Sidzedze Dɔla Nyuitɔwo” me. Aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ blema Israel. Gake Mawu ƒe dɔla vavãwo—nyagblɔɖilawo abe Yesaya, Xezekiel, kple Yeremya ene—gblɔ Yerusalem ƒe anyidzedze, ɣeyiɣi si woanɔ aboyo me, kple Mawu ƒe amewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ mlɔeba ɖi wòva eme pɛpɛpɛ. Nudzɔdzɔ ma tɔgbe li egbea. Dɔla aʋatsotɔwo le dunyahehe kple alakpasubɔsubɔ me taŋtaŋ. Gake Yehowa ɖo eƒe Ðasefowo be woaɖe gbeƒã eƒe tameɖoɖo ɖe nuɖoanyi sia ŋu. Vevietɔ tso ƒe 1919 me la, wozã Yehowa subɔlawo woɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedasia. Aleke woheto vovo na Kristodukɔa ƒe dɔla aʋatsotɔwo enye si! Mina míawɔ míaƒe akpa dzi le dɔ sia me vaseɖe esime Yehowa nagblɔ be ewu enu.

Nuƒo si nye “Se Mawu ƒe Nya la eye Nàwɔ Ðe Edzi” te gbe ɖe edzi be Ŋɔŋlɔawoe nye mɔfiafia, akɔfafa, kple mɔkpɔkpɔ tsoƒe gãtɔ. (Yesaya 30:20, 21; Romatɔwo 15:4) Wole mɔ ɖem ɖe nu ŋu geɖe wu le xexeame egbea. Eyata ele be míase aɖaŋuɖoɖo siwo tsoa Mawu ƒe Nya kple eƒe habɔbɔa gbɔ fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Yehowa nya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye egblɔ mɔ si anyo na mí wu la ɖe eƒe Nya la me eme kɔ nyuie. Nyanya be Yehowa le megbe na mí naa kakaɖedzi mí be míayi edzi awɔ nusianu si wòbia tso mía si.

Esia dzra nyaselawo ɖo ɖe drama si wodo blemawuwo wɔ ɖe eyome la ŋu. Eƒe tanyae nye “Nukata Wòle be Nàwɔ Ðe Teokrasi Ðoɖowo Dzi?” Wotu wɔwɔfia sia ɖe Gideon ŋutinya si le Biblia me dzi, eye eɖe nufiame vevi aɖe fia—ele be míazɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi eye míatsɔ mía ŋutɔwo ƒe susu aɖo eteƒe alo ate kpɔ agbe teokrasi ƒe aɖaŋuɖoɖo o.

Dutoƒonuƒoa ƒe tanyae nye “Ŋutifafa Vavãtɔ Mlɔeba—Afikae Wòatso Ava?” Ŋutifafa si ŋugbe Mawu do la de ŋgɔ wu nusianu si ŋu woasusu le xexeame. Nuƒola la gblɔ be: “Ŋutifafa vavãtɔ fia be woanɔ ŋutifafa me gbesiagbe. Mawu ƒe ŋutifafa fia be woanɔ agbe le xexe si me dɔléle, fukpekpe, kple nuxaxa aɖeke, kpakple ku maganɔ o me.” Biblia gblɔ na mí be Yehowa ‘atsi aʋawɔwɔ nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.’ (Psalmo 46:10) Aleke wòle esia wɔ gee? Awɔe ne eɖe Satana Abosam, amesi doa aʋawɔwɔ ɖe ŋgɔ ɖa. (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Esia aʋu mɔ na ɖokuibɔbɔlawo be ‘woanyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.’—Psalmo 37:11.

Esi wowɔ kwasiɖaa ƒe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃nyatia totoɖeme vɔ la, woƒo takpekpea ƒe nuƒo mamlɛa. Nuƒo ʋãme sia si ƒe tanyae nye “Ŋgɔyiyi le Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo Nyenye Me” te gbe ɖe edzi be míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nye etɔxɛ eye ehiã kpata. Menye alɔgblɔlɔ alo ƒomewɔɣi enye sia o, alo be míatrɔ susu ɖe nu maɖeviwo ŋu o. Nusianu si hiã mí la le mía si—Mawu ƒe gbedasi, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, kple mɔnuɖoɖo gbogbo siwo tsoa eƒe teokrasihabɔbɔ lɔ̃amea gbɔ. Esi míenye Yehowa subɔlawo la, mina míayi ŋgɔgbe abe Mawu me ŋutifafa ƒe dɔlawo ene!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Nunana Nyuie aɖe na Ƒomewo

Ame siwo nɔ “Mawu me ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpea me le ŋkeke evelia dzi la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi woxɔ agbalẽ yeye si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. Ŋɔŋlɔawo me nyawo le agbalẽ sia me siwo aɖe vi na ƒome siwo katã lɔ̃ Mawu.

Hamemegã aɖe si tso Connecticut, U.S.A, gblɔ be: “Míexɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ ƒe agbalẽa le June 15 dzi. Kaka June 16 naɖo la, mexlẽ afã le eŋu. Míetsɔe wɔ ƒomenusɔsrɔ̃ zi gbãtɔ le ɣletia ƒe ŋkeke 17 dzi, eye ede dzi ƒo na mí ŋutɔ! Gbemagbe ke mewu agbalẽa xexle nu. Ðikeke mele eme o be agbalẽ nyui sia alé dzi na amesiwo katã awɔ eŋudɔ. Nyateƒenya siwo le agbalẽa me kple ale si wòsɔ ɖe ɣeyiɣi dzi gaɖo kpe edzi be ‘dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la’ le ‘nuɖuɖu nam le ɣeyiɣi nyui dzi’ eye wònya míaƒe nuhiahiãwo le ɣeyiɣi sesẽ siawo me.”—Mateo 24:45-47.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðeviwo kple tsitsiawo siaa di be yewoanya nusi Mawu di

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe