INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 1 axa 14-15
  • Anya Wɔ Be Míavo Tso Nuteɖeamedzi Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Anya Wɔ Be Míavo Tso Nuteɖeamedzi Me
  • Nyɔ!—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2020
  • Ale Si Nàwɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Fũu Akpa Dzi
    Nyɔ!—2010
  • “Ŋutifafa Axɔ Aƒe” Ði Le Mawu Fiaɖuƒea Me
    Nyɔ!—2019
  • Nuteɖeamedzi Nyuitɔ Kple Gbegblẽtɔ
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 1 axa 14-15
Ŋutsuvi sue aɖe kple fofoa le fefe le atsiaƒu me, eye nɔa kple nɔvia nyɔnuwo le wo kpɔm le nu kom.

ALE SI NÀWƆ AVO TSO NUTEÐEAMEDZI ME

Anya Wɔ Be Míavo Tso Nuteɖeamedzi Me

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míavo tso nuteɖeamedzi me. Manya wɔ be míaɖe nu siwo katã nana nu tena ɖe mía dzi la ɖa le mía ɖokui si o. Gake mía Wɔla ya ate ŋui. Etia ame aɖe gɔ̃ hã be wòava na gbɔdzɔe mí. Ame mae nye Yesu Kristo. Eteƒe madidi o ava wɔ nu wɔnuku siwo lolo wu esiwo wòwɔ esime wònɔ anyigba dzi la le xexea me godoo. Le kpɔɖeŋu me:

YESU AVA DA DƆ NA DƆNƆWO, ABE ALE SI WÒWƆE VA YI ENE.

“Wokplɔ ame siwo katã . . . dɔléle . . . vovovowo le fu wɔmee, . . . va egbɔ, eye wòda dɔ na wo.”—MATEO 4:24.

YESU ANA BE AƑE KPLE NUÐUÐU NASU AME SIA AME SI.

“[Ame siwo dzi Kristo aɖu fia ɖo la atu] xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, womaƒã nu ame bubu naɖu o.”—YESAYA 65:21, 22.

YESU ƑE DZIÐUÐU ANA ŊUTIFAFA KPLE DEDIENƆNƆ NAXƆ XEXE BLIBOA ME.

“Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe va se ɖe esime dzinu maganɔ anyi o. Eteviwo anɔ anyi tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso Tɔsisi la nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke. . . . Eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ke.”—PSALMO 72:7-9.

YESU AVA ÐE NU MADZƆMADZƆ WƆWƆ ÐA.

“Ase veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe agbe. Aɖe wo tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—PSALMO 72:13, 14.

YESU AVA ÐE FUKPEKPE KPLE KU GƆ̃ HÃ ÐA.

“Ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—NYAÐEÐEFIA 21:4.

“NUTEÐEAMEDZI ƑE ƔEYIƔI SESẼWO”

“Nu te ɖe amewo dzi, wotsi dzimaɖi, lé blanui eye wole veve sem egbea wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe.”—Mohamed S. Younis, Gallup ƒe nuŋɔŋlɔmetola.

Nu ka tae nuteɖeamedzi bɔ alea? Biblia ɖo nya sia ŋu eme kɔ nyuie. Egblɔ le 2 Timoteo 3:1 be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, nuteɖeamedzi ƒe ɣeyiɣi sesẽwo kple kuxi sesẽwo ava.” (The Amplified Bible) Biblia yi edzi ɖe susu si tae la me be, nɔnɔme gbegblẽ si anɔ amewo si la gbɔe wòatso. Nɔnɔme mawo ƒe ɖewoe nye ŋukeklẽ, ɖokuidodoɖedzi, alakpanuwɔwɔ le subɔsubɔnyawo me, adãwɔwɔ, ame ƒe ƒometɔwo malɔmalɔ̃ kple ɖokuidzimaɖumaɖu. (2 Timoteo 3:2-5) Ŋkeke mamlɛawo awu enu ne Yesu Kristo, Mawu Fiaɖuƒe si le dzi ɖum le dziƒo ƒe Fia la, va le anyigba bliboa dzi ɖum.—Daniel 2:44.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe