Nu Tena Ðe Dzilawo Dzi
DZI si dzɔa dzila siwo dzi vi yeyee la wua gbɔgblɔ. Nusianu kloe si ku ɖe wo vi fẽa ŋu doa dzidzɔ na wo. Vidzĩa ƒe nukoko gbãtɔ, eƒe nuƒo gbãtɔwo, kple eƒe agbagbɛɖoɖo gbãtɔwo nyea nudzɔdzɔ veviwo na wo. Wogblɔa eŋunyawo na wo xɔlɔ̃wo hefiaa eƒe fotowo wo. Vavãe, wolɔ̃ wo via.
Gake le ƒome aɖewo me la, nublanuinya aɖe dzɔna ne ƒeawo va le yiyim. Dzilawo ƒe nya veame kple nya manyomanyowo gbɔgblɔ va xɔna ɖe dzidzɔ kple fefe nyawo teƒe; ƒoƒo dzikutɔe alo asimakamakameŋu kurakura ɖe asikplakɔname lɔlɔ̃tɔe teƒe; nusi dzi dzilawo dana ɖo la va zua vevesese na wo. Ame geɖe gblɔna be: “Ne ɖe nyemexa dzi vi o anye ne enyo nam wu.” Nya la gavɔ̃ɖi wu kura le ƒome bubuwo me—le ɖevia ƒe vidzĩme gɔ̃ hã dzilawo meɖe lɔlɔ̃ fiae kpɔ gbeɖe o! Nukae dzɔ le wo dometɔ ɖesiaɖe me? Afikae lɔlɔ̃ la tsi?
Nyateƒee, ɖeviwo mete ŋu kpɔa ta na nyabiabia siawo tututu o. Gake ema mana woagbe nyataƒoƒo le nusi woawo ŋutɔ susu ŋu o. Le ɖevi ƒe dzi ƒe gogloeƒe ke la, agblɔ be, ‘Ne Dada alo Papa melɔ̃am o la, ke esi mewɔ nu gbegblẽ aɖe tae. Mexɔ se be nyemenye ɖevi nyui kura o.’ Esia ate ŋu ava zu nusi dzi wòaka ɖo vevie—nusi ate ŋu agblẽ nu le eŋu le mɔ vovovowo nu le eƒe agbe me katã.
Gake nyateƒe lae nye be anye susu vovovowo tae dzilawo mete ŋu ɖe lɔlɔ̃ si wo viwo hiã la fia wo o. Enye nyateƒe be dzilawo doa go nuteɖeamedzi sesẽwo egbea, ɖewo medzɔ nenema kpɔ o. Le dzila siwo medzra ɖo ɖe alesi woakpɔ wo gbɔ nyuie ŋu o gome la, nuteɖeamedzi siawo ate ŋu agblẽ nu geɖe le woƒe vinyinyi ŋu. Wogblɔe nunyatɔe gbaɖegbe be: “[Ameteteɖeanyi, NW] doa bometsila nunyalawo.”—Nyagblɔla 7:7.
“Ɣeyiɣi Sesẽ Siwo me Nɔnɔ Asẽ”
Ɣeyiɣi si me nusianu aɖɔ ɖo. Esiae nye nusi ame geɖe nɔ mɔ kpɔm na be adzɔ le ƒe alafa sia me. Bu eŋu kpɔ—ganyawo ƒe sesẽ, dɔwuame, kuɖiɖi, kple aʋawɔwɔ magaɖe fu na ame o! Gake mɔkpɔkpɔ siawo meva eme o. Egbe xexeame va le boŋ abe alesi Biblia-ŋlɔla aɖe gblɔe ɖi le ƒe alafa gbãtɔ me be anɔ ene. Eŋlɔ be le míaƒe ŋkekea me la, míato “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ” me. (Timoteo II, 3:1-5, NW) Dzila akpa gãtɔ anye ame gbãtɔ siwo alɔ̃ ɖe nya mawo ƒe nyateƒenyenye dzi.
Alesi wozãa ga geɖe ɖe vidzikpɔkpɔ ŋui le egbe xexeame ƒe sesẽ ta ɖeɖe dzaa wua gbɔgblɔ na amesiwo zu dzila yeye geɖewo. Zi geɖe la, ehiãna be dzila eveawo nade dɔ me hena woƒe nuhiahiã veviwo ko kpɔkpɔ. Atikefewo, nudodo, sukudede, ɖeviawo gbɔ nɔnɔ, kpakple nuɖuɖu kple nɔƒe gɔ̃ hã naa ɣleti sia ɣleti ƒe gazazã yia dzi bobobo ale gbegbe be dzila geɖe meganyaa ta le enu o. Ganyawo ƒe sesẽ ɖoa ŋku nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me si gblɔ be ɣeyiɣi aɖe ava si me amewo atsɔ ŋkeke blibo ɖeka ƒe fetu aƒle ŋkeke ɖeka ko ƒe nuhiahiãwoe dzi na Biblia srɔ̃lawo!—Nyaɖeɖefia 6:6.
Míate ŋu akpɔ mɔ be ɖeviwo nase nuteɖeamedzi siawo gbegbe si wo dzilawo dzea ŋgɔe la gɔme o. Kura o, le ɖeviwo ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu la, nu hiãa wo, wodina vevie be woalɔ̃ yewo eye woakpɔ vovo ɖe yewo ŋu. Eye nyadzɔdzɔkakalawo kple wo hati sukuviwo ƒe nyaƒoɖeamenu be fefenu, nudodo, kple mɔ̃ɖaŋunu yeyewo nanɔ wo si la naa wogaƒoa nya ɖe wo dzilawo nu be woanɔ nuwo didi dzi na yewo atraɖii.
Nuteɖeamedzi bubu si le dzilawo dzi, si wɔ abe ɖe enu le sesẽm ŋkeke siawo me ene, ye nye aglãdzedze. Enyo be míade dzesii be Biblia gblɔe ɖi be ɖeviwo ƒe tomaɖomaɖo dzilawo ƒe bɔbɔ anye míaƒe xaxaɣeyiɣiawo ƒe dzesi bubu. (Timoteo II, 3:2) Nyateƒee, menye fifiae ɖeviwo dze tomaɖomaɖo gɔme o. Eye masɔ be dzila aɖeke nagblɔ be ye vi ƒe amemabumabu tae yele fu wɔmee ɖo o. Gake ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be ele be dzilawo nakpe akɔ kple ɖeviwo hehe le nuto si me aglãdzedze bɔ ɖo fũ me oa? Hadzidzi siwo bɔ siwo dea dzibibi, aglãdzedze, kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe dzi ƒo; television dzi wɔna siwo me wonaa dzilawo dzena le abe movitɔwo eye ɖeviwo nyea tagbɔkɔkɔetɔ siwo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi; sinima siwo dea anyranuwɔwɔ ƒe dzi ƒo—ŋusẽkpɔɖeamedzinu siawo teƒee ɖeviwo kpɔna atraɖi egbea. Ðevi siwo me aglãdzenu siawo gena ɖo eye wosrɔ̃nɛ la ɖea fu na wo dzilawo ale gbegbe.
‘Amesiwo me Ʋuɖekametsolawo ƒe Lɔlɔ̃ Mele O’
Blema nyagblɔɖi sia ƒe akpa bubu gali si me afɔku gale kura wu na ƒomewo egbea. Egblɔ be ame gbogbo aɖe anye ‘amesiwo me ʋuɖekametsolawo ƒe lɔlɔ̃ mele o.’ (Timoteo II, 3:3) Ʋuɖekametsolawo ƒe lɔlɔ̃e nye nusi blaa ƒomewo ɖekae. Eye amesiwo kea ɖi le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu vevie ke hã alɔ̃ ɖe edzi be ƒomegbenɔnɔ me gblẽ ŋutɔ le míaƒe ɣeyiɣia me. Srɔ̃gbegbe de dzi bobobo le xexeame ƒe afisiafi. Dzilaɖekaƒomewo kple atikɔmeƒomewo va bɔ ɖe teƒe aɖewo wu tɔ ɖeka nɔ ɖeka ƒomewo. Ɣeaɖewoɣi dzilaɖekɛwo kple dzila vixɔnyilawo doa go kuxi kple nyaƒoɖeamenu tɔxɛ aɖewo siwo wɔnɛ be wòsesẽna na wo be woaɖe lɔlɔ̃ si ɖeviawo hiã la afia wo.
Gake ŋusẽkpɔɖeamedzinu bubu aɖe li si nu gasẽ wu. Aƒe siwo me womeɖe ‘ʋuɖekametsolawo ƒe lɔlɔ̃’ fia le boo o alo kura o mee wonyi ame geɖe siwo zu dzilawo egbea le—aƒe siwo me ahasiwɔwɔ kple srɔ̃gbegbe mã; aƒe siwo me ɖekematsɔmatsɔ le ame ƒe nya me kple fuléle gblẽ; ɖewohĩ aƒe siwo me amedzudzu, dzigbagbãname, fuwɔwɔame, kple ɖeviwo gbɔdɔdɔ gɔ̃ hã bɔ ɖo. Menye ne wonye ɖeviwo koe aƒe mawo me nɔnɔ gblẽa nu le ame ŋu o, egblẽa nu ne wova tsi hã. Nusi dze le akɔntabubuwo me ɖi vɔvɔ̃—ele bɔbɔe be dzila siwo ŋu wosẽ ŋuta le nasẽ ŋuta le woawo ŋutɔ wo viwo ŋu. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me, nya aɖe nɔ Yudatɔwo si wogblɔna be: “Fofowo ɖu weintsetse hɔhlɔ̃e, eye aɖu nyɔ viwo.”—Xezekiel 18:2.
Gake Mawu gblɔ na eƒe amewo be mele be wòayi nenema o. (Xezekiel 18:3) Ele be míate gbe ɖe nya vevi aɖe dzi le afisia. Ðe nuteɖeamedzi siawo katã le fiafiam be dzilawo mate ŋu agbe fuwɔwɔ wo viwo oa? Kura o! Ne dzilae nènye eye nuteɖeamedzi siwo míeyɔ va yi ƒe ɖewo le fu ɖem na wò, eye nètsia dzi ɖe alesi nàwɔ ahe viwo nyuie ŋu la, ke lé dzi ɖe ƒo! Menye ɖe woɖoe ɖi na wò o. Alesi nuwo nɔ na wò va yi la, mefia be eyae aɖo wò etsɔme na wò o.
Agbalẽ si nye Healthy Parenting gblɔ nya sia si wɔ ɖeka kple alesi Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzii be nuwo ate ŋu anyo, be: “Ne mèdze agbagba ɖe afɔ le ɖokuiwò si be nàwɔ nu wòato vovo na wò ŋutɔ dziwòlawo tɔ o la, èlɔ̃ o mèlɔ̃ o, nuwo aganɔ abe alesi wònɔ le wò ɖevime ene. Ne èdi be yeaxe mɔ ɖe wo nu la, ke ehiã be nànya nɔnɔme manyomanyo siwo nèna wogale ŋuwò kokoko eye nàsrɔ̃ alesi nàtrɔ woe.”
Ẽ, ne ehiã la, àte ŋu aɖɔ nɔnɔmea ɖo be màganye dzila si wɔa fu vi o! Eye àte ŋu anɔ te ɖe nuteɖeamedzi siwo naa vinyinyi sesẽna alea gbegbe egbea la nu. Gake aleke nàwɔe? Afikae nàte ŋu akpɔ vinyinyi ƒe dzidzenu nyuitɔ, siwo ŋu kakaɖedzi le wu le? Míaƒe nyati si kplɔe ɖo adzro nya sia me.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Le nuteɖeamedzi ta dzila aɖewo mete ŋu ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo viwo o
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ele be dzilawo naɖe lɔlɔ̃ si wo viwo hiã la afia wo