INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 11/8 axa 30
  • Nukae Nana Amewo Kpɔa Dzidzɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Nana Amewo Kpɔa Dzidzɔ?
  • Nyɔ!—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Míawɔ Akpɔ Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Alesi Wole Dzidzɔkpɔkpɔ Dimee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Subɔa “Mawu Dzidzɔtɔ La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Afikae Míate Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ Le?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 11/8 axa 30

Nukae Nana Amewo Kpɔa Dzidzɔ?

Ƒe blaeve enye sia si numekula siwo tso xexeame godoo nɔ numekuku aɖe wɔm ɖe ɖoɖo nu le dzidzɔkpɔkpɔ ŋu. Nukawoe wokpɔ? Magazine si nye Scientific American ka nya ta be: “Eva dze abe menye gotagomenuwo koŋ dzie dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo o ene.”

Dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽ sia gagblɔ be: “Kesinɔnuwo ƒe amesinɔnɔ hã mefia be woakpɔ dzidzɔ o. Dzi medzɔa amewo ɖe edzi le ɣeyiɣi si me ga nɔ woƒe dukɔwo me o. . . . Ƒomedodo boo aɖeke mele gakpɔkpɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ dome le dukɔ geɖe me o.”

Numekukua ɖe nɔnɔme ene siwo nɔa ame kpɔdzidzɔwo si ɖe go: Wokpɔa ŋudzedze ɖe wo ɖokui ŋu eye wodea bubu wo ɖokui ŋu ŋutɔ, wokpɔe be yewote ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe yewo ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ dzi, etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui nɔa wo si, eye wolɔ̃a ame bubuwo. Gakpe ɖe eŋu la, srɔ̃ɖeɖe siwo dze edzi kple ame kple ehavi dome ƒe nyonyo nye nusiwo na wokpɔa dzidzɔ le agbe me, eye nusiawo dzia lãmesẽ ɖe edzi eye wona wonɔa agbe didi.

Nu nyoameŋu aɖe si Scientific American gblɔ enye be: “Amesiwo doa vevie mawusubɔsubɔ hã kpɔa dzidzɔ geɖe ŋutɔ. Gallup ƒe numekuku aɖe si wowɔ la fia be amesiwo doa vevie mawusubɔsubɔ ale gbegbe la bua wo ɖokui dzidzɔkpɔlawo zi gbɔ zi eve wu amesiwo meƒoa wo ɖokui ɖe gbɔgbɔmenu aɖeke me kura o. Numekuku bubuwo, siwo dometɔ aɖe dukɔ 16 ƒo takpli wɔ le ame 166,000 ŋu le dukɔ 14 me la fia be dzidzɔkpɔkpɔ sia kple dzidzemekpɔkpɔ le agbe me dzina ɖe edzi ne amewo ƒe subɔsubɔ kadodowo me sẽ eye wodea tadeaguƒewo edziedzi.”

Tso gbaɖegbe kee hakpala Dawid ɖee fia be ame ƒe dzidzɔkpɔkpɔ do ƒome kplikplikpli kple tadedeagu na Yehowa Mawu le ɖekawɔwɔ me, esime wòŋlɔ be: “Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.”—Psalmo 122:1.

Mewɔ nuku o be apostolo Paulo ƒoe ɖe hati Kristotɔwo nu be: “Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi . . . o”! (Hebritɔwo 10:24, 25, míawoe te gbe ɖe edzi.) Nyateƒee, ƒuƒoƒo kple amesiwo si xɔse xɔasi le abe míawo ke ene bene míade ta agu na Mawu la nye dzidzɔnuwɔna na amesiwo lɔ̃a Biblia me nyateƒea. Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe kpɔ nya sia be enye nyateƒe eye wole kpewòm be nàva wɔ ɖeka kple yewo le tadedeagu me le Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me bene wò hã nàkpɔ nusia teƒe na ɖokuiwò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe