“Lɔlɔ̃ɣi Li, Eye Fuléɣi Li”
“MAWU nye lɔlɔ̃.” Le dukɔ aɖewo me la, amewo ŋlɔa nya sia ɖe nu dzi tsɔ kuna ɖe gli ŋu le woƒe aƒewo me. Nya lédziname sia ɖɔ ame si Mawu nye vavã, si nye be eyae nye Ame si ɖea lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake fiana.
Ke hã, ame geɖe menya be Biblia mee nya sia tso o. Apostolo Yohanes ye ŋlɔ bena: “Ame si melɔ̃a ame o la medze si Mawu o, elabena Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Yohanes gaŋlɔ tso lɔlɔ̃ si le Mawu si na xexea me nɔla siwo katã Yesu ƒe vɔsakua ate ŋu aɖe vi na la ŋu be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.
Le esia ta, ɖewohĩ ame aɖewo asusui be Mawu lɔ̃na faa ɣesiaɣi be yeaŋe aɖaba aƒu nu sia nu si míewɔ dzi. Ale si ame geɖe nɔa agbee la ɖenɛ fiana be wosusu be aleke kee yewoɖanɔ agbee o, Mawu mabia akɔnta tso yewo si ɖe yewoƒe nuwɔnawo ta o. Gake ɖe nya sia le emea? Ðe Mawu lɔ̃a ame sia ame ko, eɖanye nu nyui wɔla alo nu vɔ̃ɖi wɔlaa? Ðe Mawu ate ŋu alé fu amea?
Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Kpakple Eƒe Fuléle
Nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te . . . lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li.” (Nyagblɔla 3:1, 8) Le nya sia nu la, togbɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo de to hã la, ɣeyiɣi li si wòléa fu ame.
Gake nu kae “fuléle” si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la fia? Numekugbalẽ aɖe ɖo eŋu ale: “Gɔmesese vovovowoe le nya ‘fuléle’ ŋu le Biblia me. Ate ŋu afia ameléleɖedɔme kaɖikaɖi, alo dɔmevevi si ŋu vɔ̃ediname kpe ɖo. Fuléle sia nu ate ŋu asẽ ɖe ame me ale gbegbe be wòadi be yeahe gbegblẽ ava ame si wòlé ɖe ke me la dzi.” Aleae ame akpa gãtɔ sea egɔmee, eye ale si fuléle sia tɔgbi le nu gblẽm le xexea me godoo la dze kɔtɛ. Gake numekugbalẽ ma ke gagblɔ kpee be: “‘Fuléle’ agate ŋu afia be ame natsri nane, gake madi be yeahe gbegblẽ ava ame si le nua wɔm la dzi o.”
Gɔmesese evelia sia ŋue míele nu ƒom tsoe. Efia be woatsri nane, alo be womadii kura o, ke menye be woadi vɔ̃e na ame, alé ame ɖe dɔ me, alo adi be yeawɔ nuvevii o. Ðe fuléle si ŋu míele nu ƒom tsoe la ate ŋu anɔ Mawu si ɖe ame aɖe ŋua? De dzesi nya si Lododowo 6:16-19 gblɔ: “Nu ade Yehowa lé fui, eye adadrelia nye ŋunyɔ na eƒe luʋɔ: dadaŋkuwo, aʋatsoɖe kple asi, siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi, dzi, si ɖoa tame gbegblẽ, afɔ, siwo tsɔna ɖe vɔ̃ ŋu, ame si ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa, kpakple ame si dea dzre nɔviwo dome.”
Abe ale si míekpɔe ene la, nuwɔna aɖewo li siwo Mawu lé fui. Ke hã, esia mefia kokoko be eléa fu ame si le nɔnɔme ma ɖem fia o. Ebua nu siwo gbɔ wòanya tso be amea ɖe afɔ ma la ŋu, abe gbɔdzɔgbɔdzɔ, nɔnɔme si me wòle, hehe si wòxɔ, kple manyamanya ene. (1 Mose 8:21; Romatɔwo 5:12) Lododowo ƒe agbalẽa ŋlɔla wɔ kpɔɖeŋu nyui aɖe tsɔ ɖe esia mee ale: “Ame si Yehowa lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.” (Lododowo 3:12) Dzila ate ŋu alé fu via ƒe tosesẽ, gake egalɔ̃ ɖevia ya kokoko, eye awɔ nu sia nu si wòate ŋui atsɔ akpe ɖe eŋu be wòatrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eya ta ahe to nɛ. Yehowa wɔa nu sia tɔgbi le lɔlɔ̃ si le esi ta, nenye be mɔkpɔkpɔ li be nu vɔ̃ wɔlaa atrɔ, bene wòakpɔ ɖeɖe.
Ɣeyiɣi Si Me Fuléle Sɔ
Ke ne ame aɖe va dze si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, gake wògbe ewɔwɔ ya ɖe? Mawu malɔ̃ ame sia o, eye makpɔ ŋudzedze ɖe eŋu hã o. Ne eɖoe koŋ yi edzi le nu si Yehowa lé fui wɔm la, ke Yehowa alé fui. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.” (Psalmo 11:5) Nu vɔ̃ tsɔtsɔ ke aɖeke meli na ame matrɔdzime sia tɔgbi o, abe ale si apostolo Paulo na esia me kɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Hebritɔwo me ene. Eŋlɔ bena: “Ne nyateƒe la ƒe sidzedze vavãtɔ su mía si, hafi míegaɖoa nu vɔ̃ nɔa wɔwɔm la, ekema vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ aɖe li, eye ŋuʋaʋã ƒe dzo si atsrɔ̃ tsitretsiɖeŋulawo hã li.” (Hebritɔwo 10:26, 27) Nu ka tae lɔlɔ̃ ƒe Mawu la wɔa nu nenema ɖo?
Ne ame aɖe ɖonɛ koŋ nɔa nu vɔ̃ gã aɖe wɔwɔ dzi la, eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖia ate ŋu ava ƒo ke ɖe eya amea me ale gbegbe be womate ŋu axɔe le esi o. Ate ŋu ava zu nu tovo wɔla sẽdzime si womagate ŋu aɖɔ ɖo o. Biblia tsɔ ame sia tɔgbi sɔ kple lãkle si mate ŋu atrɔ eƒe agbalẽ ŋɔtaŋɔta la o. (Yeremiya 13:23) Esi manya wɔ be amea natrɔ dzi me o ta la, ewɔ nu si Biblia yɔ be “nu vɔ̃ mavɔmavɔ,” si fia be eƒe nu vɔ̃a nye esi womate ŋu atsɔ ake o.—Marko 3:29.
Nu vɔ̃ sia ƒomevie Adam kple Xawa kpakple Yuda Iskariot wɔ. Esi Mawu wɔ Adam kple Xawa wode blibo, eye se si wòde na wo la me kɔ, eye wo ame evea siaa wose egɔme ta la, edze kɔtɛ be ɖe woɖoe koŋ wɔ nu vɔ̃a, eya ta taflatsedodo aɖeke mele wo si o. Mawu megblɔ nya aɖeke si fia be ena mɔnukpɔkpɔ wo be woatrɔ dzi me o. (1 Mose 3:16-24) Togbɔ be Yuda mede blibo o hã la, enɔ Mawu Vi la ŋu kplikplikpli, evɔ wòva zu yomemɔfiala. Yesu ŋutɔ gblɔ be enye “tsɔtsrɔ̃vi.” (Yohanes 17:12) Biblia ɖee fia be tso gbe aɖe gbe kee Abosam le nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, eye tsɔtsrɔ̃ koe wòate ŋu akpɔ mɔ na. (1 Yohanes 3:8; Nyaɖeɖefia 12:12) Ame siawo ƒe nuwɔnawo wɔe be Mawu lé fu wo.
Gake efaa akɔ na mí be míanya be menye ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ lae magate ŋu atrɔ o. Yehowa gbɔa dzi blewu ŋutɔ, eye tohehe na ame siwo wɔ nu vɔ̃ le manyamanya me la mevivia enu o. (Xezekiel 33:11) Enaa mɔnukpɔkpɔ wo be woatrɔ dzi me ne yeatsɔe ake wo. Biblia gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nu vɔ̃ kena geɖe.”—Yesaya 55:7.
Lɔlɔ̃ Kple Fuléle Ŋuti Nukpɔsusu Si Da Sɔ
Edze ƒãa be esi Kristotɔwo nye Mawu srɔ̃lawo ta la, ele be woanya ɣeyiɣi si nye “lɔlɔ̃ɣi” kple “fuléɣi.” Nublanuikpɔkpɔ si gbɔ eme ate ŋu ana ame naɖe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ afia le mɔ si mesɔ o nu. Gake nya siwo nusrɔ̃la Yuda gblɔ la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada asɔ le nublanuikpɔkpɔ kple fuléle vɔ̃ ŋuti. Egblɔ be: “Miyi edzi mianɔ nublanui kpɔm na ame aɖewo, siwo me ɖikekewo le; mihe wo do go tso dzo la me miatsɔ axɔ na wo. Gake miyi edzi miakpɔ nublanui na ame bubuwo, eye miwɔ esia kple vɔvɔ̃, eye mialé fu awutewui si ŋutilã la ƒo ɖii la kura gɔ̃ hã.” (Yuda 22, 23) Eya ta ele be míalé fu vɔ̃, ke menye ame si wɔa nu vɔ̃ la o.
Azɔ hã, wode se na Kristotɔwo be woalɔ̃ woƒe futɔwo to nyuiwɔwɔ na wo me. Yesu gblɔ be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mianɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta.” (Mateo 5:44) Esia tae Yehowa Ðasefowo yia edzi ɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia madzudzɔmadzudzɔe na wo haviwo, togbɔ be wo dometɔ aɖewo mexɔa nyaa o hã. (Mateo 24:14) Ðasefowo ƒe nukpɔsusu le amewo ŋu wɔ ɖeka kple Biblia tɔ, eya ta wobua ame sia ame be ate ŋu aɖo nudidi siwo ana Yehowa nalɔ̃e ahakpɔ nublanui nɛ la gbɔ. Ne amewo mekpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo dzem Ðasefowo le be yewoakpe ɖe wo ŋu la ŋu o, alo wogbe wo heti wo yome gɔ̃ hã la, wowɔa apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi: “Miyi edzi mianɔ ame siwo tia mia yome la yram; minɔ amewo yram, miganɔ fi ƒom nɔ wo dem o . . . Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.” (Romatɔwo 12:14, 17) Ele nyanya me na wo be Yehowae atso nya me le ame si yealɔ̃ kple ame si wòle be yealé fui la ŋu. Yehowa ye nye nya siwo ku ɖe agbe kple ku ŋuti Ʋɔnudrɔ̃la mamlɛtɔ.—Hebritɔwo 10:30.
Ɛ̃, “Mawu nye lɔlɔ̃.” Ke míawo la, ele be míaɖee afia be míedea asixɔxɔ eƒe lɔlɔ̃a ŋu. Esia bia be míadze agbagba anya eƒe lɔlɔ̃nu ahawɔe. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me be yewoakpe ɖe ŋuwò nànya nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la le wò ŋutɔ wò Biblia me, kpakple ale si nànɔ agbe ɖe enu. Esia awɔe be Mawu malé fu wò o, ke boŋ alɔ̃ wò.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]
“Nu ade Yehowa lé fui, eye adadrelia nye ŋunyɔ na eƒe luʋɔ: dadaŋkuwo, aʋatsoɖe kple asi, siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi, dzi, si ɖoa tame gbegblẽ, afɔ, siwo tsɔna ɖe vɔ̃ ŋu, ame si ɖua aʋatsoɖasefo hedaa alakpa, kpakple ame si dea dzre nɔviwo dome.”—LODODOWO 6:16-19
[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]
“Ne nyateƒe la ƒe sidzedze vavãtɔ su mía si, hafi míegaɖoa nu vɔ̃ nɔa wɔwɔm la, ekema vɔsasa ɖe nu vɔ̃wo ta aɖeke megali o, ke boŋ vɔvɔ̃mɔkpɔkpɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ aɖe li.”—HEBRITƆWO 10:26, 27
[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]
“Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ . . . elabena etsɔa nu vɔ̃ kena geɖe.”—YESAYA 55:7
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Dzila lɔ̃ame hea to na via ale be eme nanyo nɛ
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Mawu ɖe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ fia gamenɔla geɖe