INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 9/15 axa 16-20
  • Do Dzi Le Agbedua Ƒuƒu Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Do Dzi Le Agbedua Ƒuƒu Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míehiã Dzidodo Hafi Míaɖu Dzi
  • “Ðasefowo Ƒe Alilikpo” La
  • Aleke Wowɔ Kpɔ Dzidzedze?
  • Nu Si Míesrɔ̃ Tso Numedzodzroa Me
  • Àte Ŋu Ado Dzi Vaseɖe Nuwuwu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • ‘Miƒu Du Le Mɔ Si Ana Miaxɔ Dziɖuɖufetu La Nu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nɔ Duɖimekekea Dzi Va Se Ðe Nuwuwu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Mègana Ta Le Agbedudimekekea Me o!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 9/15 axa 16-20

Do Dzi Le Agbedua Ƒuƒu Me

“Mina míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke si woɖo na mí la dzi.”—HEB. 12:1.

1, 2. Nu kae apostolo Paulo tsɔ Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔmɔ la sɔ kplii?

ƑE SIA ƒe la, woƒua du legbe si woyɔna be marathon la le teƒe geɖewo. Ne duɖimekela xɔŋkɔwo le gome kpɔm le duɖimekeke me la, taɖodzinu ɖeka koe nɔa wo si—eyae nye be yewoaɖu dzi. Gake le ame bubu geɖewo gome la, menye dziɖuɖu koŋue nɔa vevie na wo o. Ke boŋ dua ƒuƒu va se ɖe nuwuwu ɖeɖe kura gɔ̃ hã nyea nu gã aɖe si ŋu wokpɔa dzidzɔ ɖo.

2 Le Biblia me la, wotsɔ Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔmɔ la sɔ kple duɖimekeke. Apostolo Paulo he ehati Kristotɔ siwo nɔ blema Korinto la ƒe susu yi nya sia dzi le lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na wo me. Eŋlɔ bena: “Ðe mienyae be duƒula siwo le ho ʋlim la katãe ƒua dua, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la oa? Miƒu du le mɔ si ana miaxɔe la nu.”—1 Kor. 9:24.

3. Nu ka tae Paulo gblɔ be duƒula ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetua?

3 Ðe Paulo nɔ gbɔgblɔm be ame ɖeka koe axɔ agbefetua le Kristotɔ mawo dome eye ame susɔeawo katã aƒu dua fetu aɖeke maxɔmaxɔea? Gbeɖe! Le duɖimekeke me la, duƒulawo naa hehe wo ɖokuiwo eye wokua kutri vevie kple taɖodzinu be yewoaɖu dzi. Paulo di be ye hati Kristotɔwo naku kutri nenema ke le ʋiʋli hena agbe mavɔ kpɔkpɔ me. Esia wɔwɔ ana woate ŋu akpɔ mɔ be yewoaxɔ agbefetu la. Ɛ̃, ame sia ame si kpɔ gome le Kristotɔwo ƒe duɖimekekea me eye wòƒu dua va se ɖe nuwuwu la axɔ fetu ma.

4. Nu kawo mee wòhiã be míadzro le duɖimekeke si woɖo na mí la ŋu?

4 Nya mawo dea dzi ƒo na ame siwo katã le agbedua ƒum egbea, ke hã woganana wobua tame hã. Nu ka tae? Elabena eɖanye agbenɔnɔ le dziƒo alo agbenɔnɔ le Paradiso me le anyigba dzi ye nye fetu si míaxɔ o, naneke mate ŋu asɔ kplii o. Le nyateƒe me la, du legbe aɖe si sesẽ ŋutɔ ye agbedua ƒuƒu nye; mɔxenu kple susuhenu geɖe kpakple afɔkuwo le mɔa dzi. (Mat. 7:13, 14) Nublanuitɔe la, ame aɖewo megale dua ƒum sesĩe o, ame aɖewo ya na ta, alo dze anyi le mɔa dzi. Mɔ̃tetre kple afɔku kawoe le agbedua ƒuƒu me? Aleke nàte ŋu aƒo asa na wo? Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nàƒu dua awu enu ahaɖu dzi?

Míehiã Dzidodo Hafi Míaɖu Dzi

5. Le Hebritɔwo 12:1 ƒe nya nu la, nya kae Paulo gblɔ tso duɖimekeke ŋu?

5 Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Hebri Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea me la, egahe susu yi kamedefefe alo duɖimekeke dzi ake. (Mixlẽ Hebritɔwo 12:1.) Menye ɖeko wògblɔ susu si tae wòle be woakpɔ gome le duɖimekekea me ko evɔ o, ke egblɔ nu si wòle be ame nawɔ hafi aɖu dzi hã. Hafi míadzro aɖaŋu siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖo na Hebri Kristotɔwo me be míakpɔ nufiame siwo le wo me na mí la, mina míalé ŋku ɖe nu si ʋã Paulo wòŋlɔ lɛta sia kple nu si wònɔ agbagba dzem be yeade dzi ƒo na wo woawɔ la ŋu.

6. Nɔnɔme sesẽ kawoe subɔsubɔhakplɔlawo he va Kristotɔwo dzi?

6 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nɔ dodokpɔwo kple nɔnɔme sesẽwo me tom, vevietɔ wo dometɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea. Wonɔ yometiti sesẽ aɖe me tom le Yuda subɔsubɔhakplɔla siwo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dukɔa dzi la si me. Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, subɔsubɔhakplɔla siawo na wobu fɔ Yesu Kristo be enɔ dzi dem ƒo na amewo be woatsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu, eye wowui abe nu vlo wɔla aɖe ene. Eye wogaɖoe kplikpaa be yewoayi edzi atsi tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu. Míexlẽ nu tso ale si wonɔ ŋɔdzi dom na Kristotɔwo henɔ wo dzi dzem la ŋu le ŋutinya geɖe me le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me; eye esia dze egɔme le nu wɔnuku siwo dzɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe teti ko. Ðikeke mele eme o be esia na agbea sesẽ na xɔsetɔwo ŋutɔ.—Dɔw. 4:1-3; 5:17, 18; 6:8-12; 7:59; 8:1, 3.

7. Ɣeyiɣi sesẽ kawo mee Kristotɔ siwo Paulo ŋlɔ agbalẽ na la nɔ?

7 Kristotɔ mawo nɔ agbe le ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu teti la me. Yesu gblɔ tsɔtsrɔ̃ si ava Yuda dukɔ mawɔnuteƒea dzi la ŋu nya na wo. Egblɔ nu siwo adzɔ do ŋgɔ teti na nuɖoanyi ma ƒe nuwuwu hã na wo, eye wòna mɔfiame woamawo tsitotsito ku ɖe afɔ siwo wòle be woaɖe be woatsi agbe la ŋu. (Mixlẽ Luka 21:20-22.) Ekema nu kae wòhiã be woawɔ? Yesu xlɔ̃ nu wo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, be nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kple agbe me dzimaɖitsitsiwo nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o, ne ŋkeke ma nagava lili mi . . . o.”—Luka 21:34.

8. Nu kawoe anya wɔe be Kristotɔ aɖewo megava nɔ dua ƒum sesĩe o alo na ta?

8 Esime Paulo ŋlɔ lɛta sia na Hebritɔwo la, anɔ abe ƒe 30 ye nye ema va yi tso esime Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, aleke Kristotɔ mawo wɔ nui? Nɔnɔme sesẽwo kple gbe sia gbe ƒe hloloetsotsowo na ame aɖewo gbɔdzɔ, eye womete ŋu wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me be ŋusẽ nanɔ wo ŋu o. (Heb. 5:11-14) Wo dometɔ aɖewo susu be agbea abɔbɔ na yewo ne yewodze Yudatɔ siwo dome yewole la yome. Woanya susu be Yudatɔ mawo megbe Mawu keŋkeŋ o, eye be wogakpɔtɔ nɔ agbe nɔm ɖe Mose ƒe Sea nu va se ɖe afi aɖe. Ame bubu aɖewo hã nɔ hamea me siwo nɔ agbagba dzem be yewoazii ɖe wo nɔvi Kristotɔwo dzi woayi edzi alé Mose ƒe Sea kple Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo me ɖe asi. Nya kae Paulo ate ŋu agblɔ na nɔvia Kristotɔawo be wòakpe ɖe wo ŋu woanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me ahado dzi le agbedua ƒuƒu me?

9, 10. (a) Dzideƒonya kae Paulo gblɔ le Hebritɔwo ta 10 ƒe nuwuwu lɔƒo? (b) Nu ka tae Paulo ŋlɔ nu tso ɖasefo siwo nɔ anyi le blema ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu?

9 Enyo ŋutɔ be míade dzesi ale si Mawu ƒe gbɔgbɔa ʋã Paulo wòdi vevie be yeado ŋusẽ Hebri Kristotɔawo. Le lɛta si Paulo ŋlɔ na wo la ƒe ta 10 lia me la, egblɔ be “nu nyui siwo ava la ƒe vɔvɔli” ye Se la nye, eye wòɖe asixɔxɔ si le Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu gblɔ eme kɔ nyuie. Le ta sia ƒe nuwuwu lɔƒo la, Paulo de dzi ƒo na wo be: “Dzidodo hiã mi, be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu vɔ la, miaxɔ ŋugbedodo la me vava. Elabena ‘esusɔ vie ko,’ eye ‘ame si gbɔna la ava ɖo, eye mahe ɖe megbe o.’”—Heb. 10:1, 36, 37.

10 Le Hebritɔwo ta 11 lia me la, Paulo ɖe nu si Mawu dzi xɔse vavãtɔ nye la me aɖaŋutɔe. Eye eƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo nɔ anyi le blema ŋu tsɔ wɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. Ðe esia nye nya si mehiã oa? Kura o. Apostoloa nya be ehiã be ye hati tadeagulawo nade dzesii be xɔse bia nuwɔwɔ dzinɔameƒotɔe kpakple dzidodo. Kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi si Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema ɖo ɖi la ado ŋusẽ Hebri Kristotɔawo woado dzi le dodokpɔ kple nɔnɔme sesẽ siwo me tom wonɔ la me. Eya ta esi Paulo ƒo nu tso blemaxɔsetɔ mawo ŋu ɖekaɖeka vɔ la, ete ŋu gblɔ be: “Esi ɖasefowo ƒe alilikpo gã sia gbegbe ƒo xlã mí ta la, mina míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nu vɔ̃ si doa kplamatsɛ mí bɔbɔe la hã ɖa, eye mina míatsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke si woɖo na mí la dzi.”—Heb. 12:1.

“Ðasefowo Ƒe Alilikpo” La

11. Ne míena míaƒe susu le “ɖasefowo ƒe alilikpo gã” la ŋu la, aleke wòaɖe vi na míi?

11 Menye nukpɔlawo alo nuteƒekpɔlawo dzro koe “ɖasefowo ƒe alilikpo gã” la nye va duƒuƒu, alo woƒe duƒula alo duƒulawo ƒe ha vevitɔ ƒe dziɖuɖu teƒe kpɔ ge o. Ke boŋ wokpɔ gome le eme abe duƒulawo ene. Eye woƒu dua va se ɖe nuwuwu dzidzedzetɔe. Togbɔ be wodɔ alɔ̃ le ku me hã la, woate ŋu abu wo be wonye duƒula bibi siwo ate ŋu ade dzi ƒo na duƒula yeyewo. Wò ya kpɔ ale si duƒula yeye aɖe ase le eɖokui me ne enya be duƒula bibi kpɔnuteƒewo le nukpɔlawo dome alo wole ŋku lém ɖe yeƒe duƒuƒua ŋui ɖa. Ðe esia maʋãe be wòawɔ eƒe ŋutete katã alo wòado vevie nu wu ale si eya ŋutɔ susui gɔ̃ hã oa? Blemaɖasefo mawo te ŋu ɖo kpe edzi be, aleke kee kpɔɖeŋuduɖimekeke sia sesẽe o, ame ate ŋu aɖu dzi. Eya ta ne ƒe alafa gbãtɔ me Hebri Kristotɔawo na woƒe susu nɔ “ɖasefowo ƒe alilikpo” la ŋu la, esia ate ŋu ade dzi ƒo na wo eye ‘woatsɔ dzidodo anɔ duɖimekekea dzi’—nenema kee míawo hã míate ŋui egbea.

12. Aleke nuteƒewɔla siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe la ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu aɖe vi na mí?

12 Nuteƒewɔla siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe la dometɔ geɖe ƒe nɔnɔmewo nɔ abe mía tɔwo ke ene. Le kpɔɖeŋu me, Noa nɔ agbe le xexe si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la ƒe nuwuɣi. Míawo hã míele agbe le fifi nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi. Wobia tso Abraham kple Sara si be woagblẽ wo denyigba ɖi ne woati nu siwo ku ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu la yome, eye woakpɔ mɔ na Yehowa ƒe ŋugbedodo la me vava. Wode dzi ƒo na míawo hã be míagbe nu le mía ɖokui gbɔ eye míana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu, ale be yayra siwo ŋugbe wòdo na mí la nasu mía si. Mose zɔ mɔ to gbegbe dziŋɔ aɖe ɖo ta Ŋugbedodonyigbaa dzi. Míawo hã míele mɔ dzi le nuɖoanyi xoxo sia me yina xexe yeyea me. Edze ƒãa be nu siwo me ame siawo to, woƒe dzidzedzekpɔkpɔ kple kpododonu, woƒe agbagbadzedzewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo siaa me dzodzro aɖe vi na mí ŋutɔ.—Rom. 15:4; 1 Kor. 10:11.

Aleke Wowɔ Kpɔ Dzidzedze?

13. Nɔnɔme sesẽ kawo mee Noa to, eye nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu to eme dedie?

13 Nu kae kpe ɖe Yehowa subɔla siawo ŋu wodo dzi heɖu dzi le agbedua ƒuƒu me? Xlẽ nya si Paulo ŋlɔ tso Noa ŋu nàkpɔ. (Mixlẽ Hebritɔwo 11:7.) Be ‘tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilãwo katã natsrɔ̃’ la, nye nu si teƒe Noa ‘mekpɔ kpɔ o.’ (1 Mose 6:17) Enye nu si medzɔ kpɔ o, nu si tɔgbi womekpɔ kpɔ o. Ke hã Noa megblɔ be nu ma mate ŋu ava eme o, alo kura gɔ̃ hã be mate ŋu adzɔ gbeɖe o. Nu ka tae? Elabena exɔe se be nu sia nu si Yehowa gblɔ la, Yehowa awɔe godoo. Noa mese le eɖokui me be dɔ si wobia tso ye si la sesẽ akpa o. Ke boŋ “nenema pɛ wòwɔ.” (1 Mose 6:22) Ne míebu dɔ siwo katã wòhiã be Noa nawɔ—siwo nye aɖakaʋua kpakpa, lãwo nu ƒoƒo ƒu, nuɖuɖu dzadzra ɖo ɖi na woawo ŋutɔwo kple lãwo siaa, kpakple gbeƒãɖeɖe nuxlɔ̃amegbedeasi aɖe, kple ŋusẽdodo eƒe ƒomea le gbɔgbɔ me—ŋu la, menɔ bɔbɔe nɛ be wòawɔ “nenema pɛ” o. Ke hã Noa ƒe xɔse kple dzidodo na wòtsi agbe eye woyra woa kple eƒe ƒomea.

14. Dodokpɔ kawo mee Abraham kple Sara do dzi le, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe kpɔɖeŋua me?

14 Abraham kple Sara nye ‘ɖasefowo ƒe alilikpo si ƒo xlã mí la’ dometɔwo, eye woawoe Paulo yɔ ɖe Noa yome. Wobia tso wo si be woaʋu tso Ur, eye womenya ale si etsɔme anɔ na wo o. Wova zu kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí le xɔse kple toɖoɖo le dodokpɔɣiwo gome. Le ɖekawɔwɔ me kple nu siwo katã Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ asa vɔe ɖe tadedeagu vavãtɔ ta la, esɔ be wogblɔ tso eŋu be ‘enye ame siwo katã si xɔse le la fofo.’ (Rom. 4:11) Eƒe ŋutinyaa me nya veviawo ŋu koe Paulo ƒo nu tsoe, elabena ame siwo wòŋlɔ agbalẽa na la nya Abraham ƒe agbemeŋutinya nyuie. Ke hã nufiame si Paulo ɖe tso ŋutinyaa me la de to ŋutɔ; egblɔ be: “Le xɔse me ame siawo katã [siwo dome Abraham kple eƒe ƒomea le la] ku togbɔ be woƒe asi mesu ŋugbedodoawo me vava dzi o hã, gake wokpɔ wo ɖaa le adzɔge, eye wodo ɖoaƒe na wo, eye woɖe gbeƒãe le dutoƒo be, yewonye amedzrowo kple ame siwo le anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe.” (Heb. 11:13) Eme kɔ ƒãa be ale si woxɔ Mawu dzi se kpakple ƒomedodo si nɔ woa kplii domee kpe ɖe wo ŋu wotsɔ dzidodo ƒu agbedua.

15. Nu kae ʋã Mose wònɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbe?

15 Mose hã nye Yehowa subɔla kpɔɖeŋu nyui ɖola, si hã nye “ɖasefowo ƒe alilikpo” la ƒe akpa aɖe. Mose ɖe asi le mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòanɔ agbe si me nu adze edzi nɛ le eye kesinɔnuwo geɖe nasu esi la ŋu, “eye wòtiae be woawɔ ŋlɔmi le ye ŋu kpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋu.” Nu kae ʋãe wòwɔ esia? Paulo ɖo eŋu be: “Eƒe ŋku nɔ teƒeɖoɖofetu la ŋu tututu. . . . Eyi edzi nɔ te sesĩe, abe ɖe wònɔ Ame si womekpɔna o la kpɔm ene.” (Mixlẽ Hebritɔwo 11:24-27.) Mose meɖe mɔ “nu vɔ̃ ƒe vivisese . . . hena ɣeyiɣi vi aɖe ko” he eƒe susu o. Mawu kple Eƒe ŋugbedodowo nye nu ŋutɔŋutɔ na Mose ale gbegbe be wòɖe dzinɔameƒo kple dzidodo si mebɔ o la fia. Eku kutri ɖeɖimateameŋutɔe hekplɔ Israel viwo tso Egipte yi Ŋugbedodonyigbaa dzi.

16. Nu ka tae esi womeɖe mɔ na Mose wòyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o la, dzi meɖe le eƒo o?

16 Abe Abraham ke ene la, Mose menɔ agbe kpɔ Mawu ƒe ŋugbedodo la me vava teƒe o. Esi woa kple Israel viwo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzi la, Yehowa gblɔ na Mose be: “Ànɔ adzɔge akpɔ anyigba la ɖa, ke màde anyigba, si mele Israel viwo na ge la dzi o.” Nu si tae nye be, do ŋgɔ la, Israel vi kɔlialiatɔwo wɔ nu wòve woa kple Aron, eye “[womeɖi] anukware [na Mawu] le Israel viwo dome le dzrewɔtsi la gbɔ . . . o.” (5 Mose 32:51, 52) Ðe esia na Mose do dziku alo dzi ɖe le eƒoa? Ao. Eyra dukɔ la eye wòwu enu kple nya siawo: “Woayra wò Israel! Ame ka de nuwò? Dukɔ, si Yehowa ɖe, ame si nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi!”—5 Mose 33:29.

Nu Si Míesrɔ̃ Tso Numedzodzroa Me

17, 18. (a) Le míaƒe agbedua ƒuƒu me la, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ame siwo nye “ɖasefowo ƒe alilikpo” la gbɔ? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Esi míedzro ame siwo ƒo ƒu nye “ɖasefowo ƒe alilikpo . . . ƒo xlã mí” la dometɔ aɖewo ƒe ŋutinya me la, edze ƒãa be hafi míate ŋu aƒu agbedua ahawu enu la, ele be míaxɔ Mawu kple eƒe ŋugbedodowo dzi ase bliboe. (Heb. 11:6) Míate ŋu agblɔ be xɔse le mía si ko evɔ o, ele be wòanye nu si aɖe dzesi le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. To vovo na xɔsemasitɔwo la, Yehowa subɔlawo ya tea ŋu kpɔa nu yia ŋgɔ wu nu siwo ŋku kpɔna. Míetea ŋu kpɔa “Ame si womekpɔna o la,” eye esia wɔe be míetsɔ dzidodo le duɖimekekea dzi.—2 Kor. 5:7.

18 Duɖime si kem Kristotɔwo le la mele bɔbɔe o. Ke hã míate ŋu aƒu dua ahawu enu dzidzedzetɔe. Nyati si kplɔe ɖo la adzro nu bubu siwo li, siwo akpe ɖe mía ŋu la me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu ka tae Paulo ŋlɔ lɛta legbe aɖe tso ɖasefo wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema ŋu?

• Nu ka tae ŋugbledede le “ɖasefowo ƒe alilikpo” la ŋu dea dzi ƒo na mí míetsɔa dzidodo nɔa duɖimekekea dzi?

• Nu kawoe nèsrɔ̃ tso nu si me míedzro ku ɖe Noa, Abraham, Sara, kple Mose, siwo nye ɖasefo wɔnuteƒeawo ŋu la me?

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Abraham kple Sara lɔ̃ faa be yewoagblẽ nu siwo naa dzidzeme yewo le Ur la ɖi ahaʋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe