INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 10/1 axa 17-21
  • Àte Ŋu Ado Dzi Vaseɖe Nuwuwu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Ado Dzi Vaseɖe Nuwuwu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ðuɖu Nyuie—Ehiã
  • Nukpɔla Siwo Ade Dzi Ƒo na Wò
  • Ðe Zɔ le Nunya Me
  • Wò Ŋku Nenɔ Nunana la Dzi
  • Esi Nuwuwua Le Aƒe Tum
  • Do Dzi Le Agbedua Ƒuƒu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • “Mike Dudime Nenema”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mègana Ta Le Agbedudimekekea Me o!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nɔ Duɖimekekea Dzi Va Se Ðe Nuwuwu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 10/1 axa 17-21

Àte Ŋu Ado Dzi Vaseɖe Nuwuwu

“Mina míatsɔ dzidodo anɔ [duɖimekeke], si woɖo na mí la dzi.”—HEBRITƆWO 12:1.

1, 2. Nukae wòfia be woado dzi?

APOSTOLO Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Hebri Kristotɔwo be: “Dzidodo hiã mi.” (Hebritɔwo 10:36) Esi apostolo Petro nɔ gbe tem ɖe nɔnɔme sia ƒe vevienyenye dzi la, eya hã xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: ‘Mitsɔ dzidodo kpe ɖe miaƒe xɔse ŋuti.’ (Petro II, 1:5, 6) Gake nuka tututue nye dzidodo?

2 Hela kple Eŋlisi gbewo me nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe Helagbe me dɔwɔnya si wozã “do dzi” na gɔme be “woanɔ te tsɔ wu be woasi . . . woakpe akɔ kple nu, tamanamana.” Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ le Helagbe me ŋkɔnya si wozã “dzidodo” na ŋu be: “Enye nɔnɔme si te ŋu nɔa te ɖe nusianu nu, eye menaa ta bɔbɔe o, ke boŋ mɔkpɔkpɔ sesẽ nɔa esi . . . Enye nɔnɔme si nana ame te ŋu nɔa tsitre sesĩe dzea ŋgɔ ahom. Enye nɔnɔme nyui si te ŋu trɔa dodokpɔ sesẽtɔ kekeake zua dzidzɔnyae elabena ebua taɖodzinua ŋu wu vevesesea.” Eyata dzidodo kpena ɖe ame ŋu wònɔa te sesĩe ɖe kplamatsedonuwo kple nɔnɔme sesẽwo nu eye mɔkpɔkpɔ mebuna ɖee o. Amekawo koŋue nɔnɔme sia hiã?

3, 4. (a) Amekawoe hiã dzidodo? (b) Nukatae wòle be míado dzi vaseɖe nuwuwu?

3 Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, Kristotɔwo katã le duɖime aɖe si bia dzidodo la kem. Anɔ ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostolo Paulo ŋlɔ kakaɖedzinya siawo na eƒe hadɔwɔla kple mɔzɔhati nuteƒewɔla Timoteo be: “Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi.” (Timoteo II, 4:7) Le nyagbe ‘mewu mɔzɔzɔ la nu’ zazã me la, Paulo tsɔ Kristotɔ ƒe agbe si wòle la le sɔsɔm kple duɖimekeke si woɖo didime kple nuwuƒe na. Va ɖo ɣemaɣi la, Paulo nɔ duɖimekekea ƒe nuwuwu ɖom dziɖuɖutɔe, eye etsɔ kakaɖedzi nɔ mɔ kpɔm na fetua xɔxɔ. Eyi edzi gblɔ be: “Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi.” (Timoteo II, 4:8) Kakaɖedzi nɔ Paulo si be yeaxɔ fetua godoo elabena edo dzi vaseɖe nuwuwu. Ke mí ame mamlɛawo ya ɖe?

4 Esi Paulo nɔ dzi dem ƒo na amesiwo nɔ duɖimea kem la, eŋlɔ be: “Mina míatsɔ dzidodo anɔ [duɖimekeke], si woɖo na mí la dzi.” (Hebritɔwo 12:1) Mí Kristotɔwo míegena ɖe dzidodo ƒe duɖimekeke sia me ne míeto Yesu Kristo dzi tsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu. Nusrɔ̃lanyenye ƒe mɔa zɔzɔ gɔmedzedze nyuie le vevie, gake nusi le vevie wue nye be míawu mɔzɔzɔa nu. Yesu gblɔ be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Agbe mavɔe nye nunana si asu amesiwo awu agbedua ƒuƒu nu dzidzedzetɔe si! Eyata esi taɖodzinu aɖe le susu me na míawo hã ta la, ele be míado dzi vaseɖe nuwuwu. Nukae akpe ɖe mía ŋu míaɖo taɖodzinu ma gbɔ?

Nu Ðuɖu Nyuie—Ehiã

5, 6. (a) Ne míado dzi le agbedua ƒuƒu me la, nuka ŋue wòle be míalé fɔ ɖo? (b) Gbɔgbɔmenunana kawo ŋudɔe wòle be míawɔ wòaɖe vi na mí, eye nukata?

5 Teƒe si wowɔa Isthmustɔwo ƒe Kamedefefe xɔŋkɔa le le blema te ɖe Korinto-dua ŋu le Greece. Ðikeke mele eme o be Paulo nya be Korinto nɔviawo nya nu tso kamedefefe kple hoʋiʋli bubu siwo yia edzi le afima ŋu nyuie. Enɔ te ɖe nusi wonya dzi ɖo ŋku agbedu si ƒum wole dzi na wo be: “Alo mienyae bena, amesiwo le [duɖime] kem le dusiƒe la, wo katãe kenɛ hafi, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la o mahã? Mike [duɖime] nenema, ne miaƒe asi nasu edzi!” Paulo te gbe ɖe alesi wòle vevie be woanɔ dua ƒuƒu dzi ahaku kutri vaseɖe nuwuwu dzi. Gake nukae akpe ɖe wo ŋu be woawɔe nenema? Egblɔ kpee be: “Ke amesiame, si le kame tem la, eɖɔa ŋu ɖo le nusianu me.” Ẽ, amesiwo kpɔa gome le blema kamedefefe mawo me xɔa hehe sesẽ, wokpɔna nyuie le woƒe nuɖuɖu kple nunono ŋu, eye woɖua wo ɖokui dzi le nusianu si wowɔna me kple susu be yewoaɖu dzi.—Korintotɔwo I, 9:24, 25.

6 Ke duɖimekeke si me Kristotɔwo ge ɖo ya ɖe? Hamemegã aɖe si le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me gblɔ be: “Ele be nàlé fɔ ɖe alesi nèɖua nu le gbɔgbɔ mee ŋu ne èdi be yeado dzi le agbedua ƒuƒu me.” De ŋugble le gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo Yehowa, ‘dzidodo ƒe Mawu la,’ naa mí ŋu kpɔ. (Romatɔwo 15:5) Afisi koŋ míekpɔa míaƒe gbɔgbɔmenunyiame tsonɛ enye eƒe Nya, Biblia me. Ðe mele be Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖo nyui nanɔ mía si oa? Yehowa toa “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la” dzi naa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine siwo vana ɖe ɣeyiɣi dzi kple Biblia-srɔ̃gbalẽ bubuwo hã mí. (Mateo 24:45) Wo sɔsrɔ̃ veviedodotɔe ado ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. Ẽ, ele be míadi ɣeyiɣi—‘aƒle ɣeyiɣi nyuitɔ’—na ɖokuisinusɔsrɔ̃.—Efesotɔwo 5:16.

7. (a) Nukatae mele be Kristotɔwo ƒe gɔmedzenufiafiawo ɖeɖe nyanya nasɔ gbɔ na mí o? (b) Aleke ‘míaku kutri aɖo tsitsi gbɔe’?

7 Bene míanɔ Kristotɔ nusrɔ̃lanyenye ƒe mɔa dzi la, ehiã be míato ‘gɔmedzenufiafiawo’ ŋu ‘aku kutri aɖo tsitsi gbɔ.’ (Hebritɔwo 6:1) Eyata ele be míatsɔ ɖe le nyateƒea ƒe “kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme” me eye míatsɔ ‘nuɖuɖu sesẽ si li na amesiwo tsi’ la anyi mía ɖokuii. (Efesotɔwo 3:18; Hebritɔwo 5:12-14) Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe ŋutinya siwo ŋu kakaɖedzi le ŋu kpɔ—esiwo nye Mateo, Marko, Luka, kple Yohanes ƒe Nyanyuiawo. Ne míegbɔ dzi ɖi srɔ̃ Nyanyuigbalẽ siawo me nuŋlɔɖiwo nyuie la, menye nusiwo Yesu wɔ kple amesi ƒomevi wònye koe míanya o ke míadze si susu siwo ʋae hafi wòwɔ wo hã. Awɔe be ‘Kristo ƒe tamesusu ava su mía si.’—Korintotɔwo I, 2:16.

8. Aleke Kristotɔwo ƒe kpekpewo kpena ɖe mía ŋu be míado dzi le agbedua ƒuƒu mee?

8 Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: “[Mina] míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Aleke gbegbe Kristotɔwo ƒe kpekpewo nye dzideƒotsoƒe enye si! Eye aleke gbegbe wòtua mí ɖoe nye si be míanɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔ̃ame siwo tsɔ ɖe le eme na mí hedi be yewoakpe ɖe mía ŋu míado dzi dome! Made mía dzi be míabu nusia si Yehowa tsɔ na mí lɔlɔ̃tɔe la nu tsɛe o. Mina míato ɖokuisinusɔsrɔ̃ veviedodotɔe kple kpekpewo dede ɣesiaɣi me ‘atsi nyuie le nyasã me.’—Korintotɔwo I, 14:20.

Nukpɔla Siwo Ade Dzi Ƒo na Wò

9, 10. (a) Mɔ ka nue nuteƒekpɔlawo ate ŋu anye dzideƒotsoƒe le duƒuƒu si bia dzidodo mee? (b) Nukae nye ‘ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã si ƒo xlã mí’ si woyɔ le Hebritɔwo 12:1?

9 Gake aleke kee duƒula dzra ɖoe o, nanewo ate ŋu adzɔ le mɔa dzi siwo ana wòagbɔdzɔ. Paulo bia be: “Mieƒu du nyuie! Ameka xe mɔ na mi be, miagaɖo to nyateƒe la oa?” (Galatiatɔwo 5:7) Edze ƒã be Galatia Kristotɔ aɖewo va nɔ ha vɔ̃wo dem eye ewɔe be woƒe susu dzo le agbedua ƒuƒu dzi. Gake ame bubuwo ƒe alɔdodo ame kple dzidedeƒo ate ŋu awɔe be dua nanya ƒu wu. Ðeko wòsɔ kple ŋusẽ si kamedefefe teƒekpɔlawo ate ŋu akpɔ ɖe kamedelaawo dzi. Amehaawo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ naa dzo gaɖoa kamedelaawo me eye wòdoa ŋusẽ wo tso gɔmedzedzea vaseɖe nuwuwu. Zi geɖe la, nukpɔlaawo ƒe dzidzɔɣlidodo kple ʋuƒoƒo sesĩe kpakple asikpeƒoƒo ate ŋu ado ŋusẽ si hiã kamedelaawo ne woyina hoʋiʋlia nu wu ge. Nyateƒee, nukpɔla amedzidelawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe duƒulawo dzi.

10 Amekawoe nye nukpɔlawo le agbedu si ƒum Kristotɔwo le me? Esi Paulo yɔ Yehowa ƒe ɖasefo nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli vɔ, abe alesi woŋlɔe ɖe Hebritɔwo ƒe agbalẽa ta 11 ene la, eŋlɔ be: “Eyata míawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, . . . mina míatsɔ dzidodo anɔ [duɖimekeke], si woɖo na mí la dzi.” (Hebritɔwo 12:1) Le alilikpo tsɔtsɔ wɔ kpɔɖeŋui me la, Paulo mezã Helagbe me nya si fia alilikpododo si ƒe lolome kple nɔnɔme dzena nyuie wokpɔna o. Ke boŋ ezã esi nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla W. E. Vine gblɔ be “efia alilikpododo liti si si nɔnɔme aɖeke mele o si xɔ yame.” Edze ƒã be nusi nɔ susu me na Paulo enye ɖasefowo ƒe ameha gã aɖe—wosɔ gbɔ ale gbegbe be ɖeko wole abe alilikpododo gã aɖe ene.

11, 12. (a) Aleke ɖasefo nuteƒewɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli ado dzidzɔɣli ɖe mía ŋu, le kpɔɖeŋumɔ nu, be míado dzi le dua ƒuƒu me? (b) Aleke míawɔ be “ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã” la naɖe vi na mí bliboe?

11 Ðe wòanya wɔ be ɖasefo wɔnuteƒe siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli nanye nuteƒekpɔlawo ŋutɔŋutɔ egbea? Kura o. Wo katã woku hele tsitretsitsi lalam. Gake woa ŋutɔwo hã nye duƒula siwo kpɔ dzidzedze esime wonɔ agbe, eye woƒe kpɔɖeŋuwo gale Biblia me. Ne míele Ŋɔŋlɔawo srɔ̃m la, nuteƒewɔla siawo ava susu me na mí eye wòawɔ abe ke ɖe wole dzidzɔɣli dom ɖe mía ŋu be míaƒu dua awu enu ene.—Romatɔwo 15:4.a

12 Le kpɔɖeŋu me, ne xexeame ƒe mɔnukpɔkpɔwo zu tetekpɔ na mí la, ɖe ŋugbledede le alesi Mose gbe Egiptetɔwo ƒe bubunɔƒewo ŋu made dzi ƒo na mí be míakpɔ ŋgɔ tẽ oa? Ne dodokpɔ aɖe dze ŋgɔ mí eye edze abe ɖe wòsesẽ ŋutɔ ene la, ŋkuɖoɖo dodokpɔ sesẽ si dze ŋgɔ Abraham esime wobia tso esi be wòatsɔ via Isak asa vɔe dzi ade dzi ƒo na mí vavã be míagana ta le xɔse ƒe dodokpɔa me o. Alesi gbegbe ɖaseɖila siawo ƒe ‘alilikpo gã’ la ade dzi ƒo na míi la nɔ te ɖe alesi míaƒe nugɔmeseseŋkuwo kpɔa wo nyuie dzi.

13. Mɔ ka nue Yehowa ƒe Ðasefo siwo li egbea ate ŋu ade dzi ƒo na mí le agbedua ƒuƒu me le?

13 Yehowa ƒe egbegbe Ðasefo gbogbo aɖewo hã ƒo xlã mí. Xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui kawo gbegbee nye si Kristotɔ amesiaminawo kpakple ŋutsu kple nyɔnu siwo nye “ameha gã” la me tɔwo ɖo! (Nyaɖeɖefia 7:9) Míate ŋu axlẽ woƒe agbemeŋutinyawo enuenu le magazine sia kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ bubuwo me.b Ne míede ŋugble le woƒe xɔse ŋu la, ade dzi ƒo na mí be míado dzi vaseɖe nuwuwu. Eye aleke gbegbe wònyo enye esi be xɔlɔ̃ veviwo kple ƒometɔ kplikplikpli siwo hã le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe la kpena ɖe mía ŋu! Ẽ, ame geɖe li ade dzi ƒo na mí le agbedua ƒuƒu me.

Ðe Zɔ le Nunya Me

14, 15. (a) Nukatae wòle vevie be míaɖe zɔ le nunya me? (b) Nukata wòle be míada asɔ le taɖodzinuwo ɖoɖo me?

14 Ne duƒula le dulegbe ƒum la, ele nɛ be wòaɖe zɔ le nunya me. Magazine si nye New York Runner gblɔ be: “Ne èdze du ƒuƒu gɔme sesĩe akpa la, eme manyo na wò o. Nusi ate ŋu adzɔe nye be nàkpe fu ɣeyiɣi didi le kilometa mamlɛawo ƒuƒu me alo nàna ta.” Dulegbesila aɖe gblɔ be: “Nuƒola aɖe xlɔ̃ nu mí nyuie le hehexɔƒe aɖe si mede esi menɔ dzadzram ɖo na dua ƒuƒu be: ‘Mègaƒu du kplɔ du sesẽ ƒulawo ɖo o. Wò zɔɖeɖe nesɔ kple wò ŋutete. Ne menye nenema o la, ɖeɖi ate ŋuwò nàna ta.’ Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ kpe ɖe ŋunye be mete ŋu ƒu dua wu enu.”

15 Ele be Mawu subɔlawo naʋli sesĩe le agbedua ƒuƒu me. (Luka 13:24) Gake nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: ‘Nunya si tso dziƒo dana sɔna.’ (Yakobo 3:17) Togbɔ be amewo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ate ŋu ade dzi ƒo na mí be míawɔ geɖe hã la, dadasɔ akpe ɖe mía ŋu be míaɖo taɖodzinu siwo sɔ kple míaƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo. Ŋɔŋlɔawo ɖo ŋku edzi na mí be: “Amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o. Elabena amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.”—Galatiatɔwo 6:4, 5.

16. Aleke ɖokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu le zɔɖeɖe mee?

16 Wogblɔ tamebunya sia na mí le Mixa 6:8 be: “Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, . . . nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.” Ðokuibɔbɔ bia be míanya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Ðe lãmegbegblẽ alo tsitsi wɔe be míegate ŋu wɔa geɖe le Mawu subɔsubɔ me oa? Migana dzi naɖe le mía ƒo o. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo kple vɔsawo ŋu le ‘nusi le mía si nu, menye le nusi mele mía si o nu o.’—Korintotɔwo II, 8:12; tsɔe sɔ kple Luka 21:1-4.

Wò Ŋku Nenɔ Nunana la Dzi

17, 18. Nukawo dzie Yesu ƒe susu nɔ ale be wokpe ɖe eŋu be wòdo dzi kpe fuwɔameti ƒe fu?

17 Esi Paulo nɔ alesi wòhiã be Korinto Kristotɔwo nado dzi le agbedua ƒuƒu me gblɔm na wo la, eƒo nu tso Isthmustɔwo ƒe Kamedefefea ƒe akpa bubu si ŋu wòle be woabu ŋu. Paulo ŋlɔ nu tso kamedefefe ma wɔlawo ŋu be: “Ame mawo [ƒua du] bena woƒe asi nasu dziɖuɖukuku, si gblẽna la dzi; ke míawo la, esi megblẽna o la dzi. Eyaŋuti azɔ nye la mele [duɖime] kem ale, bena nyemele ɖikeke me o, eye mele kɔ dam ale, bena nyemedaa dadagbo o.” (Korintotɔwo I, 9:25, 26) Amesi ɖu dzi le blema fefe mawo me ƒe nunana nyea kuku, alo seƒoƒotsihe si wotsɔ ati aɖewo ƒe aŋgba wɔ, alo wotsɔa gbeƒuƒu aɖewo gɔ̃ hã wɔnɛ—enye “dziɖuɖukuku, si gblẽna” vavã. Gake nukae le Kristotɔ siwo ado dzi vaseɖe nuwuwu lalam?

18 Esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso míaƒe Kpɔɖeŋuɖola, Yesu Kristo, ŋu la, eŋlɔ be: “Amesi do dzi kpe [fuwɔameti] ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.” (Hebritɔwo 12:2) Esi Yesu ƒe ŋku nɔ fetua dzi wu fuwɔametia ta la, edo dzi vaseɖe eƒe amegbetɔgbenɔnɔ ƒe nuwuwu, eye fetu siwo dzi eƒe ŋku nɔ ƒe ɖewoe nye dzidzɔ si wònye nɛ be wòna Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu le kɔkɔm, be woaɖe amegbetɔƒomea tso ku me, kple be wòaɖu Fia aganye Nunɔlagã ana amegbetɔ toɖolawo nanɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi.—Mateo 6:9, 10; 20:28; Hebritɔwo 7:23-26.

19. Nuka dzie wòle be míaƒe ŋku nanɔ esi míele Kristotɔ nusrɔ̃lanyenye ƒe mɔa dzi?

19 Bu dzidzɔ si le mía ŋgɔ esi míele Kristotɔ nusrɔ̃lanyenye ƒe mɔa dzi ŋu kpɔ. Yehowa tsɔ dɔ si naa dzidzeme deto ame la de mía si, esi nye gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe nyanyuia kple Biblia me sidzedze si naa agbe la fiafia amewo. (Mateo 28:19, 20) Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònyena ne míeke ɖe amesi tsɔ ɖe le Mawu vavã la me ŋu eye be míakpe ɖe eŋu wòadze agbedua ƒuƒu gɔme! Eye aleke kee amesiwo míeɖea gbeƒã na xɔa nyae o, mɔnukpɔkpɔ wònye be míakpɔ gome le dɔ si do ƒome kple Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ me. Ne amesiwo le anyigbamama si me míeɖia ɖase le metsɔa ɖeke le nyaa me o alo wotsia tre ɖe mía ŋu gake míedo dzi le subɔsubɔdɔa me la, dzi dzɔa mí be míele dzidzɔ dom na Yehowa ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Eye fetu nyui si ƒe ŋugbe wòdoe nye agbe mavɔ. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye! Ele be míaƒe ŋku nanɔ yayra siawo dzi ale be míaku kutri le duɖimekekea me.

Esi Nuwuwua Le Aƒe Tum

20. Aleke agbedua ƒuƒu ate ŋu asesẽ ɖe edzi esi eƒe nuwuwu le aƒe tum ɖe edzi?

20 Le agbedua ƒuƒu me la, ele be míawɔ avu kple míaƒe futɔ gãtɔ, Satana Abosam. Esi míele nuwuwua gogom la, ele agbagba ɖesiaɖe dzem be yeade afɔ ata me na mí alo yeana míagbɔdzɔ. (Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Eye mele bɔbɔe be míayi edzi anye Fiaɖuƒegbeƒãɖela nuteƒewɔla ɖeadzɔgbewo le aʋawɔwɔwo, dɔwuamewo, dɔvɔ̃wo, kple nɔnɔme sesẽ bubu siwo nye “nuwuɣia” ƒe dzesiwo me o. (Daniel 12:4; Mateo 24:3-14; Luka 21:11; Timoteo II, 3:1-5) Gakpe ɖe eŋu la, awɔ na mí ɣeaɖewoɣi be nuwuwua gbɔ gadidi, vevietɔ ne míedze dua ƒuƒu gɔme ƒe gbogbo aɖewoe nye si va yi. Ke hã Mawu ƒe Nya na kakaɖedzi mí be nuwuwua ava. Yehowa be matsi megbe o. Nuwuwua tu aƒe.—Xabakuk 2:3; Petro II, 3:9, 10.

21. (a) Nukae ado ŋusẽ mí esi míekpɔtɔ le agbedua ƒum? (b) Nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa esi nuwuwua le aƒe tum ɖe edzi?

21 Eyata be míaɖu dzi le agbedua ƒuƒu me la, ele be míaxɔ ŋusẽ tso nusiwo Yehowa tsɔ na mí lɔlɔ̃tɔe be woanyi mí le gbɔgbɔ me la me. Dzideƒo ɖesiaɖe si míate ŋu akpɔ tso hadede edziedzi kple haxɔsetɔwo me hã hiã mí. Ne yometiti kple nuɖiɖeamewo do mo ɖa le mɔa dzi ale be míaƒe dua ƒuƒu gasesẽ ɖe edzi gɔ̃ hã la, míate ŋu ado dzi vaseɖe nuwuwu elabena Yehowa naa ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ la mí. (Korintotɔwo II, 4:7) Aleke gbegbe wòdea dzi ƒo enye si be míanya be Yehowa di be míawu duɖimekekea nu dzidzedzetɔe! Mina míaɖoe kplikpaa ‘atsɔ dzidodo anɔ duɖimekeke si woɖo ɖi na mí la dzi,’ eye kakaɖedzi blibo nanɔ mía si be ‘míaŋe nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi ne ɖeɖi mete mía ŋu o.’—Hebritɔwo 12:1; Galatiatɔwo 6:9.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne èdi Hebritɔwo 11:1–12:3 me dzodzro la, ke kpɔ Gbetakpɔxɔ, May 1, 1987, axa 10-20 (Eŋlisigbe me tɔ, January 15, 1987, axa 10-20).

b Míate ŋu akpɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname siawo ƒe ɖewo siwo do nyitsɔ laa le Gbetakpɔxɔ, June 1, 1998, axa 28-31; September 1, 1998, axa 24-8; February 1, 1999, axa 25-9 me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Nukatae wòle be míado dzi vaseɖe nuwuwu?

◻ Yehowa ƒe nunana kawo dzie mele be míaŋe aɖaba aƒu o?

◻ Nukatae wòle vevie be míaɖe zɔ le nunya me?

◻ Dzidzɔ kae woɖo ɖi na mí esi míekpɔtɔ le agbedua ƒum?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Xɔ dzideƒo tso Kristotɔwo ƒe kpekpewo me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe