INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Kpɔ Nu Yi ŋgɔ Wu Nusiwo Dzena na Wò!
    Gbetakpɔxɔ—1996 | February 15
    • Hekpe ɖe ame bubuwo ƒe xaxawo ŋu la, Yesu ŋutɔ hã dze ŋgɔ xaxawo. (Hebritɔwo 5:7, 8) Gake esi eƒe nukpɔkpɔ le gbɔgbɔ me de blibo ta la, ekpɔ nu yi ŋgɔ hekpɔ makumakugbenɔnɔ si woatsɔ anae ɖe eƒe nuteƒewɔwɔgbe la ta. Ne eva zu Fia si nye Mesia la, mɔnukpɔkpɔ asu esi be wòaɖe ameƒomea tso eƒe nɔnɔme ɖigbɔa me ayi blibodede si ƒe tame Yehowa ɖo tso gɔmedzedzea me la mee. Eƒe ŋku si nɔ gbɔgbɔmemɔkpɔkpɔ makpɔmakpɔ siawo dzie kpe ɖe eŋu be wònɔa dzidzɔ kpɔm le mawusubɔsubɔ me togbɔ be edzea ŋgɔ xaxawo gbesiagbe gake. Abe alesi Paulo ŋlɔe emegbe ene la: “Amesi do dzi kpe [fuwɔameti, NW] ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.”—Hebritɔwo 12:2.

  • Kpɔ Nu Yi ŋgɔ Wu Nusiwo Dzena na Wò!
    Gbetakpɔxɔ—1996 | February 15
    • Paulo fia mɔ si dzi míato hã mí esi wònɔ nu ƒom tso nusi na Yesu te ŋu do dzi esi wòŋlɔe bena: “Mina míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi, eye [míatsɔ míaƒe susu katã akpɔ, NW] Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa.” (Hebritɔwo 12:1, 2) Ẽ, hafi míate ŋu ake Kristotɔnyenye ƒe duɖimea kple dzidzɔ akpɔ dzidzedze la, ele be míakpɔ nu ayi ŋgɔ awu nusiwo le mía ŋgɔ tẽ. Gake aleke ‘míatsɔ míaƒe susu katã akpɔ Yesu ɖae,’ eye viɖe kae wòanye na mí?

      Wo dometɔ ɖekae nye be woɖo Yesu zi dzi wònye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le 1914, eye wòle dzi ɖum tso dziƒo. Le nyateƒe me la, míaƒe ŋutilãmeŋkuwo mekpɔa esiawo katã o. Gake ne ‘míetsɔ míaƒe susu katã kpɔa Yesui ɖa’ la, míaƒe gbɔgbɔmeŋku akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be ele klalo be yeaɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa eye wòade Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ha la dɔmawɔmawɔ ƒe kɔsɔkɔsɔwo me. Ne míegakpɔe yi ŋgɔ wu la, míaƒe gbɔgbɔmenukpɔkpɔ ana míakpɔ xexeme yeye wɔnuku la si me “ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 19:11-16; 20:1-3; 21:4.

      Eyata le esi teƒe be xaxa siwo nɔa anyi kpuie ko siwo wòle be míadze ŋgɔe gbesiagbe nado agba na mí la, nukatae míada míaƒe ŋku ɖe nusiwo nɔa anyi tegbee la dzi o? Nukatae míatsɔ xɔseŋku akpɔ nu ayi ŋgɔ wu dɔléle kple ŋukeklẽ siwo le anyigba sia si dzi woƒo ɖii la o eye ne míakpɔ paradiso si me dzidzɔme siwo le lãmesẽ me eye wotsɔa ɖe le eme na ame yɔ fũ la boŋ o? Nukatae míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa ƒe gbegblẽƒewo o, eye míakpɔe boŋ be míevo tso wo me tegbee le Kristo ƒe tafevɔsa la ƒe asixɔxɔ ta o? Nukatae míakpɔ nu ayi ŋgɔ wu ame kuku siwo tsi aʋa, nuvlowɔwɔ, kple ŋutasesẽ me o eye ne míakpɔe boŋ be wole Yehowa ƒe ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye fiam amesiwo wofɔ ɖe tsitre yeyee la o?

      Hekpe ɖe eŋu la, ‘Yesu kpɔkpɔ kple míaƒe susu katã’ fia hã be togbɔ be míekpɔa Fiaɖuƒea o hã la, míana míaƒe gbɔgbɔmeŋku nanɔ nusiwo wòwɔ xoxo le Mawu ƒe amewo dome le anyigba dzi la ŋu: ɖekawɔwɔ, ŋutifafa, lɔlɔ̃, nɔvilɔlɔ̃, kple gbɔgbɔ me dzidzedzekpɔkpɔ. Esi nyɔnu Kristotɔ aɖe si le Germania kpɔ video si nye United by Divine Teaching (Mawu ƒe Ŋutifafa Wɔ Wo Ðekae) vɔ la, eŋlɔ be: “Video sia akpe ɖe ŋunye be manɔ ŋku ɖom edzi geɖe wu be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ gbogbo aɖe le xexeame godoo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le ɣeyiɣi sia me—eye wowɔa esia togbɔ be amewo tsia tre ɖe wo ŋu gake. Aleke gbegbe nɔviwo ƒe ɖekawɔwɔ si le mía si le xexe si me ŋutasesẽ kple fuléle bɔ ɖo la xɔ asii enye si!”

      Ðe ‘nèkpɔnɛ’ hã be Yehowa, Yesu, mawudɔla wɔnuteƒewo, kple hati Kristotɔwo le tsitre ɖe wò axadzia? Ne èkpɔnɛ la, màtsi dzi akpa ɖe “xexeame ƒe agbagbadzedze” siwo ate ŋu ana dziɖeleameƒo naté wò ɖe to la ŋu eye wòana nàtsi ‘ku matsematse’ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔa me o. (Mateo 13:22) Eyata ‘tsɔ wò susu katã kpɔ Yesu ɖa’ to nana be wò gbɔgbɔmeŋku nanɔ Mawu Fiaɖuƒea si woɖo anyi la ƒe fifi kple etsɔme yayrawo dzi.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe