INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 8/1 axa 14-19
  • Miyi Edzi Miaɖe Nɔvilɔlɔ̃ Afia!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miyi Edzi Miaɖe Nɔvilɔlɔ̃ Afia!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Veveseɖeamenu Fia
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðeɖefia
  • Dɔmenyonuwɔnawo
  • “Mina Miaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Ðaa”!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • “Miyi Edzi Miazɔ Le Lɔlɔ̃ Me”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • Ale Si Míana Míaƒe Lɔlɔ̃ Na Mía Nɔewo Nasẽ Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Mina Míaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Anɔ Dzidzim Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 8/1 axa 14-19

Miyi Edzi Miaɖe Nɔvilɔlɔ̃ Afia!

“Nɔvilɔlɔ̃ nenɔ anyi!”—HEBRITƆWO 13:1.

1. Nukae nàwɔ be dzo nayi edzi anɔ xɔxɔm na wò le zã si me vuvɔ le wɔwɔm me, eye agba ma tɔgbe kae le mía dometɔ ɖesiaɖe dzi?

VUVƆ le wɔwɔm vevie le xexe menye fefe o, eye yame hã fa miamiamia. Dzo si le aƒeme na wò miele ƒuƒum koe nye mlekpui me dzo. Alesi nàyi edzi anɔ etum ɖo dzie miaƒe agbe nɔ te ɖo. Ðe nànɔ anyi ko anɔ nu kpɔm dzoa nanɔ tsitsim eye dzoka xɔxɔawo natsi keŋ azu afia? Ao. Ànɔ nake dem eme ɖeɖimateameŋutɔe be wòagatsi o. Le susu aɖe nu la, dɔ ma tɔgbe ke le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu le “dzo” si le vevie sãa wu gome—esi wòle be wòanɔ xɔxɔm le míaƒe dzi me—si nye lɔlɔ̃.

2. (a) Nukata míagblɔ be lɔlɔ̃ nu tsi le ŋkeke mamlɛ siawo me? (b) Aleke gbegbee lɔlɔ̃ le vevie na Kristotɔ vavãwoe?

2 Abe alesi Yesu gblɔe ɖi gbaɖegbe ke ene la, míele ɣeyiɣi si me lɔlɔ̃ nu le tsitsim le amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye dome le xexeame katã me. (Mateo 24:12) Lɔlɔ̃ vevitɔ kekeake, si nye lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu kple na eƒe Nya, Biblia, lae Yesu wɔnɛ. Lɔlɔ̃ ƒomevi bubuwo hã nu le tsitsim. Biblia gblɔ ɖi be le “ŋkeke mamlɛawo” me la, ame geɖewo anye “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o.” (Timoteo II, 3:1-5) Aleke esia nye nyateƒee nye si! Ðe wòle be ƒomea me nanye afisi nɔvilɔlɔ̃ le hafi, gake le afima gɔ̃ hã la, ŋutasẽnuwɔwɔ kple ŋlɔmiwɔwɔ—ɣeaɖewoɣi la anyrãwɔwɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi gɔ̃ hã—va bɔ. Gake menye ɖeko wode se na Kristotɔwo be woalɔ̃ wo nɔewo ko o, ke boŋ be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ hã nanɔ wo me, eye woabu ame bubuwo ŋu gbã do ŋgɔ na wo ɖokui. Ele be míaɖe lɔlɔ̃ sia afia kɔte wòadze gaglã na amesiame, eye wòanye nusi ade dzesi Kristo-hame vavã la.—Yohanes 13:34, 35.

3. Nukae nye nɔvilɔlɔ̃, eye nukae wòfia be míana wòayi edzi?

3 Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòde se be: “Nɔvilɔlɔ̃ nenɔ anyi!” (Hebritɔwo 13:1) Agbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “nɔvilɔlɔ̃” (phi·la·del·phiʹa) la “fia numalɔ̃leamegbɔ ƒe lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, veveseɖeamenu, kpekpeɖeŋunana.” Eye esi Paulo gblɔ be míana lɔlɔ̃ ma nayi edzi la, nuka fiam wòle? Agbalẽ ma ke gblɔ be: “Mele be enu natsi gbeɖe o.” Eyata mesɔ gbɔ be míase veve ɖe mía nɔviwo nu o; ele be míana wòadze. Gawu la, ele be míana lɔlɔ̃ sia nanɔ anyi adidi, eye míana enu natsi gbeɖe o. Nu sesẽ wònyea? Ẽ, gake Yehowa ƒe gbɔgbɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu nɔvilɔlɔ̃ ɖo ahana wòanɔ mía me ɖaa. Mina míade ŋugble le mɔ etɔ̃ siwo nu míade dzo lɔlɔ̃ sia me le míaƒe dziwo me la ŋu.

Ðe Veveseɖeamenu Fia

4. Nukae nye veveseɖeamenu?

4 Ne èdi be yealɔ̃ nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu Kristotɔwo geɖe wu la, ɖewohĩ ahiã gbã be nàse veve ɖe wo nu, nàse veve ɖe wo ti le dodokpɔ kple kuxi siwo wodoa goe le agbe me la me. Apostolo Petro ɖo esia ƒe aɖaŋu esime wògblɔ be: “Mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.” (Petro I, 3:8) Helagbe me nya si wozã le afisia be “ame nu nawɔ nublanui na mi” gɔmee nye “fukpekpe kple ame.” Helagbe si wotsɔ ŋlɔ Biblia ŋuti nunyalagã aɖe gblɔ le nya sia ŋu be: “Eɖɔ susu ƒe nɔnɔme si nɔa mía si ne míele veve sem ɖe ame bubuwo nu abe ke mía ŋutɔwo dzie nua dzɔ ɖo ene.” Eyata ele be míase veve ɖe ame nu. Yehowa subɔla tsitsi nuteƒewɔla aɖe gblɔ gbeɖeka be: “Veveseɖeamenu enye alesi nye dzi sea veve ɖe nuwò.”

5. Aleke míewɔ nya be Yehowa sea veve ɖe ame nu?

5 Ðe veveseɖeamenu ma le Yehowa mea? Ẽ, ele eme. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le eƒe dukɔ Israel ƒe fukpekpewo ŋu be: ‘Woƒe fukpekpewo katã nye vevesese nɛ.’ (Yesaya 63:9) Menye woƒe xaxawo koe Yehowa kpɔ o; ese veve ɖe dukɔa nu hã. Alesi gbegbe Yehowa sena le eɖokui mee la dze le eya ŋutɔ ƒe nya siwo wògblɔ na eƒe amewo me, si woŋlɔ ɖe Zaxarya 2:12: “Amesi ka asi mia ŋu la, eka asi [nye] ŋkuvi ŋu.”a Numeɖela aɖe gblɔ le kpukpui sia ŋu be: “Amegbetɔ ƒe ŋutinu siwo wɔ nuku ale gbegbe eye wohiã beléle tɔxɛ wu dometɔ ɖekae ŋku nye; eye ŋkuvi la—do si me keklẽ gena ɖo be woate ŋu akpɔ nu—nye ŋutinu si léa nu kaba wu si hiã vevie hã wu. Naneke meli agate ŋu aɖe Yehowa ƒe beléname nyui lɔlɔ̃tɔe na nusiwo wòlɔ̃ afia nyuie wu esia o.”

6. Aleke Yesu Kristo ɖe veveseɖeamenu fiae?

6 Yesu hã ɖe veveseɖeamenu deto fia ɣesiaɣi. Nɔnɔme wɔnublanui si me ehavi amegbetɔ siwo dze dɔ alo nɔ fu kpem nɔ la na “eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu” edziedzi. (Marko 1:41; 6:34) Egblɔ be ne ame aɖe mele nu wɔm ɖe ye yomedzela amesiaminawo ŋu nyuie o hã la, yesena le ye ɖokui me be ye ŋue wole nu wɔm ɖo nenema. (Mateo 25:41-46) Eye esi wònye “nunɔlagã” si le dziƒoe wònye na mí egbea ta la, ate ŋu “anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí.”—Hebritɔwo 4:15.

7. Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe dze agɔ le mía dzi la, aleke veveseɖeamenu ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

7 ‘Enya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi’—ɖe nya ma menye akɔfanya oa? Eyata míedi godoo be míawɔ nenema ke na mía nɔewo. Nyateƒee, vodada didi le ame bubuwo ŋu le bɔbɔe ŋutɔ. (Mateo 7:3-5) Gake ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe gawɔ nu wòve wò la, nukatae màte nusia wɔwɔ kpɔ o? Tsɔe be nɔnɔme si me amea le mee yele, eye nɔnɔme ma, amenyenye ma, kple amea ŋutɔ ƒe vodada mawo siwo wòawɔ avu kpli la le ŋuwò. Àte ŋu aka ɖe edzi be yemawɔ vodada mawo ke—alo ɖewohĩ esiwo vlo wu oa? Le esi teƒe be míanɔ nu geɖe wu dim tso ame bubuwo si la, ele be míaɖe veveseɖeamenu si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míase nu gɔme na ame abe Yehowa, amesi ‘ɖoa ŋui be kewɔ míenye’ ene la afia. (Psalmo 103:14; Yakobo 3:17) Enya afisi míaƒe ŋutetewo se ɖo. Media nu geɖe tso mía si wu esiwo míate ŋu awɔ o. (Tsɔe sɔ kple Fiawo I, 19:5-7.) Mina mía dometɔ ɖesiaɖe nase veve ɖe ame bubuwo nu nenema ke.

8. Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe le fukpekpe aɖe me la, aleke wòle be míawɔ nui?

8 Paulo ŋlɔ bena hamea ɖi ameti si ŋu ŋutinu vovovo siwo wòle be woawɔ dɔ ɖekae le. Egblɔ hã be: “Ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu nɛ ti.” (Korintotɔwo I, 12:12-26) Ele be míakpe fu kple amesiwo le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom alo ase veve ɖe wo ti. Hamemegãwo xɔa ŋgɔ le esia wɔwɔ me. Paulo ŋlɔ bena: “Ameka gbɔdzɔ, eye nyemagbɔdzɔ oa? Ameka nu woɖia, eye nyemefiã oa?” (Korintotɔwo II, 11:29) Hamemegãwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo srɔ̃a Paulo le esia gome. Wodzea agbagba le woƒe nuƒowo, kpɔkplɔdɔa, kple le woƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ kpɔkpɔ me gɔ̃ hã be yewoaɖe veveseɖeamenu afia. Paulo ɖo aɖaŋu be: “Mifa avi kple amesiwo le avi fam la!” (Romatɔwo 12:15) Ne alẽawo kpɔe dze sii be yewo kplɔlawo sea veve ɖe yewo nu vavã, se afisi yewoƒe ŋutetewo se ɖo gɔme, eye wonya nɔnɔme sesẽ siwo me tom yewole na yewo la, zi geɖe la wolɔ̃na wu be yewoaxɔ woƒe aɖaŋuɖoɖo, mɔfiame, kple tohehe. Wotsɔa didi vevie dea kpekpewo, eye kakaɖedzi nɔa wo si be yewoakpɔ ‘dzudzɔ na yewoƒe luʋɔwo’ le afima.—Mateo 11:29.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðeɖefia

9. Aleke Yehowa ɖenɛ fiana be yekpɔa ŋudzedze ɖe nyui si le mía me ŋu?

9 Mɔ evelia si dzi míato atu nɔvilɔlɔ̃ ɖoe nye ŋudzedzekpɔɖeameŋu. Be míakpɔ ŋudzedze ɖe ame bubuwo ŋu la, ele be míahe susu ayi woƒe nɔnɔme nyuiwo kple agbagbadzedzewo dzii ahade asixɔxɔ wo ŋu. Ne míewɔe alea la, ke míele Yehowa ŋutɔ srɔ̃m. (Efesotɔwo 5:1) Etsɔa nuvɔ̃ vivivi geɖe siwo míewɔna kea mí gbesiagbe. Etsɔa nuvɔ̃ gãwo kea mí gɔ̃ hã ne míetrɔ dzime vavã. Eye ne etsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí ko la, megahea susu yia wo dzii o. (Xezekiel 33:14-16) Hakpala la bia be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?” (Psalmo 130:3) Nu nyui siwo míewɔna le esubɔsubɔ me dzie Yehowa ƒe susu nɔna.—Hebritɔwo 6:10.

10. (a) Nukata wògblẽa nu ne srɔ̃tɔwo megakpɔa ŋudzedze ɖe wo nɔewo ŋu o? (b) Nukae wòle be ame nawɔ ne megate ŋu le ŋudzedze kpɔm ɖe srɔ̃a ŋu tututu o?

10 Ele vevie ŋutɔ be míasrɔ̃ kpɔɖeŋu sia le ƒomea me. Ne dzilawo ɖenɛ fiana be yewokpɔa ŋudzedze ɖe yewo nɔewo ŋu la, ekema wole kpɔɖeŋu ɖom na ƒomea be woasrɔ̃. Ele bɔbɔe ŋutɔ le ɣeyiɣi sia si me srɔ̃gbegbe bɔ me be woabu ame srɔ̃ ame tsɛe eye woana eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nadze nu gã aɖee ahado vlo eƒe nɔnɔme nyuiwo. Srɔ̃ɖeɖe me koe nukpɔsusu gbegblẽ sia gblẽna, eye wòwɔnɛ wòzua agba si me dzidzɔ mele o. Ne mègate ŋu le ŋudzedze kpɔm ɖe srɔ̃wò ŋu tututu o la, ke bia ɖokuiwò se be, ‘Ðe nɔnɔme nyui aɖeke kurakura mele srɔ̃nye si oa?’ Gbugbɔ tame bu le nusiwo tae nèva lɔ̃e heɖee la ŋu kpɔ. Ðe nusiwo katã ta nèlɔ̃ amesia si to vovo tso ame bubuwo gbɔ ɖo la nu tsi vavãa? Kpao; eyata dze agbagba vevie nàkpɔ ŋudzedze ɖe srɔ̃wò ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, eye nàgblɔe kple nu be yekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu.—Lododowo 31:28.

11. Nuwɔna kawoe wòle be woatsri ne alakpanuwɔwɔ manɔ lɔlɔ̃ si srɔ̃tɔwo ɖena fiaa wo nɔewo me o?

11 Ŋudzedzekpɔɖeameŋu gakpena ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be alakpanuwɔwɔ menɔa alesi wolɔ̃ wo nɔewoe me o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 6:6; Petro I, 1:22.) Lɔlɔ̃ ma tɔgbe si me ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzime le maɖe mɔ be woasẽ ŋuta le ame srɔ̃ ŋu le aƒeme, agblɔ nya siwo avee ahaɖi gbɔe, agbe ɖetsɔtsɔ le eme nɛ, eye ɖewohĩ ŋkeke geɖewo nava yi si womagblɔ nya vivi dzeto aɖeke nɛ o, eye maɖe mɔ wòaƒo srɔ̃a o. (Efesotɔwo 5:28, 29) Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a siwo kpɔa ŋudzedze ɖe wo nɔewo ŋu la dea bubu wo nɔewo ŋu. Menye amewo dome koe wowɔa esia le o, ke ne wole Yehowa ŋkume hã—ne míagblɔ bubui la, wowɔnɛ ɣesiaɣi.—Lododowo 5:21.

12. Nukata wòle be dzilawo naɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyui siwo wo viwo te ŋu wɔna ŋu afia?

12 Ele be ɖeviwo hã nasee le wo ɖokui me be wokpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Menye be dzilawo nagblɔ amenublenya gbɔlo siwo metso woƒe dzime o na wo o, ke boŋ ele be woakafu wo viwo ƒe nɔnɔme nyuiwo kple nyui siwo wowɔna. Ðo ŋku kpɔɖeŋu si Yehowa ŋutɔ ɖo le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yesu ŋu ɖeɖefia me dzi. (Marko 1:11) Ðo ŋku kpɔɖeŋu si Yesu ɖo le lododo aɖe me be yenye “aƒetɔ” hã dzi. Ekafu ‘dɔla nyui wɔnuteƒe’ eve la sɔsɔe, togbɔ be vovototo nɔ nusi amesiame xɔ me hã eye vovototo si sɔ ɖe enu hã nɔ viɖe si wo dometɔ ɖesiaɖe te ŋu kpɔ me hã. (Mateo 25:20-23; tsɔe sɔ kple Mateo 13:23.) Nenema ke dzila nyanuwo dia mɔ siwo nu woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe wo vi ɖesiaɖe ƒe nɔnɔme kple ŋutete tɔxɛwo kpakple woƒe agbagbadzedzewo ŋu le. Le ɣeyiɣi ma ke me la, womedzea agbagba hea susu yia nusiwo wote ŋu wɔna dzi ale gbegbe be wòana wo viwo nase le wo ɖokui me ɣesiaɣi be ɖe wole eƒom ɖe yewo nu be yewoadze agbagba wu yewo nɔviwo o. Womedi be yewo viwo natsɔ dzikudodo atsii alo dzi naɖe le wo ƒo o.—Efesotɔwo 6:4; Kolosetɔwo 3:21.

13. Amekawoe xɔa ŋgɔ kpɔa ŋudzedze ɖe hamea me tɔ ɖesiaɖe ŋu?

13 Le Kristo-hamea me la, hamemegãwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo xɔa ŋgɔ kpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe alẽha la me tɔ ɖesiaɖe ŋu. Woƒe dɔa sesẽ, elabena tohehe le dzɔdzɔenyenye me, vodalawo ɖɔɖɔɖo le dɔmefafa me, kple mokaka na amesiwo dze nɛ ƒe agba kpekpe hã le wo dzi. Aleke wowɔna dana sɔna le agbanɔamedzi vovovo siawo mee?—Galatiatɔwo 6:1; Timoteo II, 3:16.

14, 15. (a) Aleke Paulo da sɔ le mokaka na ame vevie ƒe nya la mee? (b) Aleke Kristotɔ dzikpɔlawo awɔ ada asɔ le alesi wòhiã be woaɖɔ ame ɖo kple alesi wòhiã be woakafu amee me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

14 Kpɔɖeŋu si Paulo ɖo la nye kpekpeɖeŋu gã aɖe. Nufiala, hamemegã, kple kplɔla ɖedzesi aɖee wònye. Eva hiã be wòawɔ nu kple hame siwo kuxi sesẽwo nɔ fu ɖem na, eye metsɔ vɔvɔ̃ he ɖe megbe le mokaka vevie na amesiwo dze nɛ me o. (Korintotɔwo II, 7:8-11) Ŋkuléle ɖe Paulo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu ɖee fia be mekaa mo na ame kabakaba o—ke ne nɔnɔmea bia alo wòsɔ nenema ko hafi. Eɖe nunya si tso Mawu gbɔ fia le esia me.

15 Ne wotsɔ subɔsubɔdɔ si hamemegã wɔna le hamea ŋkume sɔ kple hadzidzi la, ekema mokaname kple nyagbename anɔ abe hagbedzesi ɖeka le bubuawo dome ene. Gbe ma sɔ le enɔƒe. (Luka 17:3; Timoteo II, 4:2) Tsɔe be hagbedzesi ɖeka koe wotsɔ dzia ha aɖee. Eteƒe madidi hafi wòati to o. Nenema ke Kristotɔ hamemegãwo dzea agbagba be yewoƒe nufiafia nade blibo eye nya vovovowo nadze le eme. Menye kuxiwo gbɔ koe wotsɔnɛ kpɔna o. Ke boŋ woƒe nufiafia bliboa tua ame ɖo. Abe Yesu Kristo ene la, hamemegã lɔ̃amewo dia nyui si nɔviwo wɔ la kafuna gbã, ke menye woƒe vodada si ŋu woaɖe ɖeklemi le o. Wokpɔa ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ si wo hati Kristotɔwo wɔna ŋu. Kakaɖedzi le wo si be amesiame le eƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔm tsɔ le Yehowa subɔmee. Eye hamemegãwo tsɔa nu gblɔa woƒe seselelãme mae kaba edziedzi.—Tsɔe sɔ kple Tesalonikatɔwo II, 3:4.

16. Ŋusẽ kae Paulo ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu kple veveseɖeamenu ƒe nɔnɔme kpɔ ɖe ehati Kristotɔwo dzii?

16 Ðikeke mele eme o be Kristotɔ akpa gãtɔ si Paulo subɔ la kpɔe dze sii be ekpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu eye esea veve ɖe yewo nu hã. Aleke míewɔ nya? Kpɔ alesi wobu Pauloe ɖa. Togbɔ be ŋusẽ deŋgɔ nɔ esi hã la, womevɔ̃na nɛ o. Ao, wolɔ̃nɛ hetena ɖe eŋu bɔbɔe boŋ. Ẽ, esi wònɔ dzodzom le nuto aɖe me la, hamemegãwo ‘dze eƒe kɔ dzi, eye wogbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe’! (Dɔwɔwɔwo 20:17, 37) Aleke gbegbe wòle be hamemegãwo—kple mí katã—míada akpee nye si be kpɔɖeŋu si Paulo ɖo ɖi la li míasrɔ̃! Ẽ, mina míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía nɔewo ŋu afia.

Dɔmenyonuwɔnawo

17. Vi kawoe dɔmenyonuwo wɔwɔ le hamea me ɖena?

17 Nusiwo hea nɔvilɔlɔ̃ vɛ siwo ŋu ŋusẽ le wu dometɔ ɖekae nye dɔmenyonuwɔna. Abe alesi Yesu gblɔe ene la, ‘dzidzɔ le nana me wu xɔxɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 20:35) Menye ɖeko míenaa ame bubuwo kpɔa dzidzɔ ne míena nu wo le gbɔgbɔ me, le ŋutilã me, alo gblẽ ɣeyiɣi kple míaƒe ŋusẽ ɖe wo ŋu ko o, ke ena mía ŋutɔwo hã míekpɔa dzidzɔ. Amewo srɔ̃a dɔmenyonyo le hamea me. Ne wonyo dɔme na ame aɖe la, eya hã nyoa dɔme na ame bubuwo. Medidina o nɔvilɔlɔ̃ xɔa aƒe ɖe eme!—Luka 6:38.

18. “Dɔmenyowɔwɔ” si ƒe nya wogblɔ le Mixa 6:8 la gɔme ɖe?

18 Yehowa de dzi ƒo na eƒe dukɔ Israel be woanyo dɔme. Míexlẽ le Mixa 6:8 be: “Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.” Nukae wòfia be “nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ”? Woɖe Hebrigbe me nya si wozã le afisia na “dɔmenyowɔwɔ” (cheʹsedh) gɔme ɖe Eʋegbe me be “nublanuikpɔkpɔ.” The Soncino Books of the Bible gblɔ be nya sia “fia nusi me ŋusẽ le wu Eʋegbe me nya nublanuikpɔkpɔ ko. Efia ‘nublanuikpɔkpɔ si wotsɔ de nuwɔnawo me,’ ame ŋutɔ ƒe dɔmenyonuwo wɔwɔ, menye na koliawo kple amesiwo hiã tu o, ke boŋ na ame havi ɖesiaɖe.” Eyata agbalẽnyalagã bubu gblɔ be cheʹsedh gɔmee nye “lɔlɔ̃ si wotsɔ de nuwɔna me.”

19. (a) Mɔ kawo nue míaxɔ ŋgɔ aɖe dɔmenyonyo afia hamea me tɔ bubuwo le? (b) Gblɔ alesi woɖe nɔvilɔlɔ̃ fia wò ƒe kpɔɖeŋu.

19 Menye nusi ko woatsɔ nu agblɔ alo abu ɖe tamee míaƒe nɔvilɔlɔ̃ nye o. Nu wònye míeɖena fiana ŋutɔŋutɔ. Eyata di mɔ siwo nu nàwɔ dɔmenyonuwo le na nɔviwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo. Wɔ nu abe Yesu ene, amesi menɔa anyi ko nɔa lalam be amewo nava ye gbɔ abia kpekpeɖeŋu o, ke boŋ eya ŋutɔ xɔa ŋgɔ zi geɖe naa kpekpeɖeŋu wo. (Luka 7:12-16) Vevietɔ bu amesiwo nu hiã ŋutɔŋutɔ ŋu. Ðe wòhiã be woasrã ame tsitsi alo dɔnɔ aɖe kpɔ alo ɖewohĩ woana kpekpeɖeŋui le dɔtsɔtsɔ nɛ mea? Ðe wòhiã be woakpɔ vovo ɖe ‘tsyɔ̃evi’ aɖe ŋu ahakpe asi ɖe eŋua? Ðe amesi dzi nu te ɖo hiã amesi aɖo to ase nya nɛ alo woagblɔ akɔfanya aɖewo nɛa? Ne nusiawo wɔwɔ ƒe ŋutete le mía ŋu la, mina míadi ɣeyiɣi ɖe dɔmenyonu mawo wɔwɔ ŋu. (Hiob 29:12; Tesalonikatɔwo I, 5:14; Yakobo 1:27) Mègaŋlɔ be gbeɖe be le hame si me ame madeblibowo sɔŋ le me la, tsɔtsɔkee nye dɔmenyonu siwo hiã wu la dometɔ ɖeka o—esi nye be míalɔ̃ faa aɖe asi le dziku si míelé ɖe dɔme ŋu ne mía tɔ dzɔ be míahe nya gɔ̃ hã. (Kolosetɔwo 3:13) Lɔlɔ̃ faa atsɔ ake wɔnɛ be mamãwo, fulélewo, kple dzrewɔwɔ siwo tsia nɔvilɔlɔ̃ ƒe dzo menɔa hamea me o.

20. Aleke wòle be mí katã míayi edzi adzro mía ɖokui mee?

20 Mina mí katã míaɖoe kplikpaa ana lɔlɔ̃ ƒe dzo sia si le vevie la nanɔ xɔxɔ dzi le míaƒe dzi me. Mina míayi edzi anɔ mía ɖokui me dzrom. Ðe míesea veve ɖe ame bubuwo nua? Ðe míekpɔa ŋudzedze ɖe ame bubuwo ŋua? Ðe míewɔa dɔmenyonuwo na ame bubuwoa? Eɖanye aleke kee lɔlɔ̃ nu tsii le xexe sia me eye vevemaseɖeamenu bɔ ɖe emee o, zi alesi míeyi nusiawo wɔwɔ dzi la, lɔlɔ̃ ade dzo míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me. Eyata to mɔ ɖesiaɖe dzi ‘nàyi edzi aɖe nɔvilɔlɔ̃ afia’—tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me!—Hebritɔwo 13:1.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Gɔmeɖeɖe aɖewo fia le afisia be amesi le asi kam Mawu ƒe amewo ŋu la, menye Mawu ƒe ŋkuvi ŋue wòle asi kamee o, ke boŋ Israel ƒe ŋkuvi alo eya ŋutɔ tɔ ŋue. Vodada sia tso titinaɣeyiɣi me agbalẽŋlɔla aɖewo gbɔ, amesiwo dze agbagba vodadatɔe be yewoaɖɔ nuŋɔŋlɔ siwo wobu be mesɔ o ɖo la gbɔ eye wotrɔ kpukpui sia. Woto esia me tsyɔ nu alesi gbegbe Yehowa sea veve ɖe ame nui dzi.

Nukae Nye Wò Susu?

◻ Nukae nye nɔvilɔlɔ̃, eye nukatae wòle be míana wòayi edzi?

◻ Aleke veveseɖeamenu ƒe gbɔgbɔ si anɔ mía me akpe ɖe mía ŋu míalé míaƒe nɔvilɔlɔ̃ me ɖe asi?

◻ Akpa kae ŋudzedzekpɔɖeameŋu wɔna le nɔvilɔlɔ̃ me?

◻ Aleke dɔmenyonuwo wɔwɔ wɔnɛ be nɔvilɔlɔ̃ xɔa aƒe ɖe Kristo-hamea mee?

[Aɖaka si le axa 16]

Wotsɔ Lɔlɔ̃ De Nuwɔna Me

Ƒe aɖewoe nye sia la, ɖikeke ganɔ ŋutsu aɖe si srɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo hena ɣeyiɣi aɖe la me kokoko ɖe nɔvilɔlɔ̃ ŋu. Enya be Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Gake esia dzi xɔxɔ ase sesẽ nɛ. Gbeɖeka ekpɔ alesi wotsɔ Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ de nuwɔna mee.

Togbɔ be keke me koe ŋutsu sia nɔna hã la, ezɔ mɔ didi aɖe tso wo de. Ede hame ƒe kpekpe aɖe le Bethlehem le Israel. Le afima la, Ðasefo Arabiatɔ aɖe di kokoko be Ðasefo bubu aɖe si ɖi tsa va dukɔa me la natsi yeƒe ƒomea gbɔ adɔ, eye wòkpe Biblia-nusrɔ̃vi sia hã. Hafi woamlɔ anyi la, nusrɔ̃via bia amesi kpee la be yeate ŋu ado go ɖe xɔxɔnu le ŋdi me akpɔ ɣea ƒe dzedze hã. Ame si kpee la gbe nɛ kple moveviɖoɖo be megado go o. Esi ŋu ke la, nɔvi Arabiatɔ la gblɔ nusitae wòbe megado go o nɛ. Egblɔ to gbegɔmeɖela aɖe dzi be ne yeƒe aƒelikawo se be Yudatɔ aɖewo—abe Biblia-nusrɔ̃vi sia ene—va dze ye gbɔ la, woatɔ dzo yeƒe aƒea ɖe ye kple yeƒe ƒomea dzi yewoafiã keŋkeŋ. Biblia nusrɔ̃vi si tsi dzodzodzoe la biae be: “Ke nukatae nèwɔ afɔkunu sia ɖo?” Arabiatɔ la kpɔ eŋkume dũ gblɔ nɛ tẽ, menye to gbegɔmeɖela dzi o be, “Yohanes 13:35.”

Nɔvilɔlɔ̃ si woɖe fiae la wɔ dɔ ɖe Biblia nusrɔ̃via dzi ale gbegbe. Exɔ nyɔnyrɔ le ema megbe kpuie ko.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔ apostolo Paulo me kple alesi wòkpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋui na amewo tena ɖe eŋu bɔbɔe

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe