INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Dɔmenyo—Enye Nɔnɔme Si Ŋu Mawu Dea Asixɔxɔe
    Gbetakpɔxɔ—2012 | September 1
    • Tsɔ kpe ɖe ale si amegbetɔwo nyoa dɔme le dzɔdzɔme nu ŋu la, eganye nɔnɔme si ŋu asixɔxɔ gã le le Mawu ŋkume, eya ta esɔ be wògblɔ na mí be ‘míazu ame siwo nyoa dɔme na mía nɔewo.’ (Efesotɔwo 4:32) Wogagblɔ na mí hã be: “Migaŋlɔ amedzrowɔwɔ,” alo dɔmenyowɔwɔ na amedzrowo be o.—Hebritɔwo 13:2.

  • Dɔmenyo—Enye Nɔnɔme Si Ŋu Mawu Dea Asixɔxɔe
    Gbetakpɔxɔ—2012 | September 1
    • Eɖe dzesi be esi apostolo Paulo ƒo nu tso dɔmenyowɔwɔ na amedzrowo ŋu vɔ la, egblɔ kpee be: “To esia dzi la, ame aɖewo wɔ amedzro na mawudɔlawo, evɔ woawo ŋutɔwo menya o.” Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi wòanye na wò be nàwɔ amedzro na mawudɔlawo! Ke hã, Paulo gblɔ le nuwuwua be “woawo ŋutɔwo menya o.” Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, efia be ne míelɔ̃a dɔmenyowɔwɔ na amewo, siwo dome amedzrowo hã le la, míate ŋu akpɔ teƒeɖoɖo siwo míele mɔ kpɔm na o la gɔ̃ hã.

      Biblia siwo me titina mawunyakpukpuiwo le la dometɔ geɖe na Paulo ƒe nyawo he susu yi Abraham kple Lot ŋuti nya siwo le 1 Mose ta  18 kple 19 lia dzi. Le wo ame evea siaa gome la, mawudɔlaawo ɖe wo ɖokui fia abe amedzro siwo tsɔ gbedeasi veviwo vɛ ene. Le Abraham gome la, gbedeasia ku ɖe ale si ŋugbe si Mawu do be adzi ŋutsuvi la ava emee ŋu, eye le Lot gome la, eku ɖe woƒe ɖeɖekpɔkpɔ le Sodom kple Gomora ƒe tsɔtsrɔ̃ si tu aƒe la ŋu.—1 Mose 18:1-10; 19:1-3, 15-17.

      Ne èxlẽ mawunyakpukpui siwo le etame la, àde dzesii be ame siwo Abraham kple Lot nyo dɔme na la nye ame siwo womekpɔ kpɔ o siwo tso eme va yina. Enye nyateƒe be le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, kɔnu kple agbanɔamedzie wònye be woawɔ amedzro na mɔzɔlawo kple ame siwo tso eme va yina, woɖanye xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, alo amedzrowo o. Le Mose ƒe Sea me la, wobia tso Israel viwo si gɔ̃ hã be woakpɔ amedzro siwo le wo dome la ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (5 Mose 10:17-19) Ke hã, edze ƒãa be nu si Abraham kpe Lot wɔ la yi ŋgɔ wu nu si wova bia tso Israel viwo si le sea nu emegbe. Wodze agbagba etɔxɛe nyo dɔme na amedzrowo, eye woyra wo ɖe eta.

      [Nɔnɔmetata si le axa 19]

      Woyra Abraham ŋutɔ ɖe eƒe dɔmenyowɔwɔ ta

      Abraham ƒe dɔmenyowɔwɔa zu yayra nɛ, elabena edzi ŋutsuvi. Ke hã, eɖe vi na míawo hã. Le mɔ ka nu? Abraham kple via Isak wɔ akpa vevi aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me. Woɖe dzesi le ƒome si me Yesu, si nye Mesia la, do tso la me. Azɔ hã, woƒe nuteƒewɔwɔa nye kpɔɖeŋu na nu si Mawu va wɔ emegbe hena ameƒomea ƒe ɖeɖekpɔkpɔ le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve ta.—1 Mose 22:1-18; Mateo 1:1, 2; Yohanes 3:16.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe