INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 7/15 axa 32
  • Nukae Nèkpɔna le Ahuhɔ̃e Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Nèkpɔna le Ahuhɔ̃e Me?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 7/15 axa 32

Nukae Nèkpɔna le Ahuhɔ̃e Me?

KPƆ ahuhɔ̃e me ɖa. Nukae nèkpɔ? Ɣeaɖewoɣi àkpɔ nu madeamedzi aɖe le wò dzedzeme ŋu si wòadzɔ dzi na wò be yeɖɔ ɖo hafi ame bubuwo nava kpɔe.

Biblia le abe ahuhɔ̃e ene le go geɖe me. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ alesi tututu míele, eye esia akpe ɖe mía ŋu be míagado mía ɖokui ɖe dzi akpa—alo abu mía ɖokui tsɛ akpa—le alesi míexɔ asii le Mawu gbɔ gome o. (Mateo 10:29-31; Romatɔwo 12:3) Hekpe ɖe eŋu la, Biblia ate ŋu ana míakpɔ vodadawo le míaƒe nuƒoƒo, nuwɔna, alo nɔnɔme si míeɖena fiana me siwo wòahiã be míaɖɔ ɖo. Ne edzɔ alea la, ɖe nàgbe dɔwɔwɔ tso nusi dze le ahuhɔ̃ea me ŋua?

Biblia-ŋlɔla Yakobo ŋlɔ be: “Ne ame aɖe nye nyasela, eye menye edziwɔla o la, eyama ɖi ŋutsu aɖe, si kpɔ eƒe dzɔdzɔmemo le ahũhɔ̃e me. Elabena ekpɔ eɖokui dze sii, eye wòdzo heyi, eye enumake la eŋlɔ alesi wòle la be.”—Yakobo 1:23, 24.

Yakobo ƒo nu tso ame bubu si ƒe nɔnɔme to vovo ŋu, amesi “kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi.” (Yakobo 1:25) Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘kpɔ me’ la fia be woabɔbɔ ɖe nu gbɔ alo woabɔbɔ abi ɖe ŋgɔ akpɔ nu. Theological Dictionary of the New Testament gblɔ be: “Menye nukpɔkpɔ mlamlamla ko ƒe nyae wònye o.” Nya la fia alesi woadi nane si ɣla la nyuie. Biblia ŋuti numeɖela R. V. G. Tasker ŋlɔ be: “Nu vevi aɖe li si nukpɔla la di be yeakpɔ, togbɔ be ekpɔkpɔ kple egɔmesese zi ɖeka asesẽ nɛ hã.”

Ðe nàlé ŋku ɖe ɖokuiwò ŋu nyuie nenema le Mawu ƒe Nya la ƒe ahuhɔ̃e me eye nàtrɔ wò nɔnɔme wòasɔ nusi wòdi tso asiwò la dzia? Yakobo gblɔ yi edzi be: “Eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.”—Yakobo 1:25.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe