INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 8/15 axa 30
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ʋɔnudrɔ̃gbe La—Nukae Wònye?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Mawu ƒe Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke La—Emetsonu Dodzidzɔnameawo!
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • “Nye Ame Tiatia, si ƒe Nu Nyo Ŋunye!”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
  • Srɔ̃ Yehowa—Wɔ Nu Le Nyateƒe Kple Dzɔdzɔenyenye Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 8/15 axa 30

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe nète ŋu to Gbetakpɔxɔ siwo do nyitsɔ laa me nyuiea? Ne nenemae la, ke adzɔ dzi na wò be nàɖo ŋku nya siwo gbɔna dzi:

◻ Nukata nuɖoɖiname ƒe nufiafia la mesɔ o?

Ne ɖe Mawu nya Adam ƒe nuvɔ̃medzedze do ŋgɔ eye wòwɔ ɖoɖo ɖe eŋu la, ke Yehowae to nuvɔ̃ vɛ esi wòwɔ amegbetɔ eye anye ne eya gbɔe amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe katã tso. Esia mesɔ ɖe nyateƒe si wònye be lɔlɔ̃ ƒe Mawu si léa fu vɔ̃ɖinyenyee Yehowa nye la nu o. (Psalmo 33:5; Lododowo 15:9; Yohanes I, 4:8)—4/15, axa 7, 8.

◻ Le Yesaya 2:2-4 me vava nu la, nuka wɔm amesiwo tso dukɔ geɖe me la le?

Esi wonyè zi yina Yehowa ƒe tadedeagu ƒe aƒea me la, ‘womesrɔ̃a aʋawɔwɔ’ o elabena woka ɖe edzi be Mawu ƒe dziƒoʋakɔ, siwo su te be yewoatsrɔ̃ ŋutifafa ƒe futɔwo katã la, akpɔ yewo ta.—4/15, axa 30.

◻ Amekawoe nye Mawu ƒe kalẽtɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yoel 4:10, 11?

Woyɔ Mawu vavã la ade zi 280 le New World Translation Biblia me be “aʋakɔwo ƒe Yehowa.” (Fiawo II, 3:14) Aʋakɔ siawo nye dziƒodɔla sẽŋuwo ƒe ha gã si le klalo be yewoawɔ nusi Yehowa ɖe gbe be woawɔ la.—5/1, axa 23.

◻ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yehowa bia tso Hiob si be wòado gbe ɖa ɖe amesiwo dze agɔ le edzi ta me? (Hiob 42:8)

Hafi Yehowa nana Hiob ƒe lãme nasẽ la, ebia tso esi be wòado gbe ɖa ɖe amesiwo dze agɔ le edzi ta. Esia fia be Yehowa bia be míatsɔ ake amesiwo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu hafi woatsɔ mía ŋutɔwo míaƒe nuvɔ̃wo ake mí. (Mateo 6:12; Efesotɔwo 4:32)—5/1, axa 31.

◻ Nukae Yakobo wɔnɛ esi wògblɔ be: “Dzidodo la nakpɔ eƒe dɔwɔwɔ blibo”? (Yakobo 1:4)

‘Dɔ’ aɖe li si wòle be dzidodo nawɔ. Eƒe dɔdasie nye be wòana míade blibo le go sia go me. Eyata ne míeɖe mɔ be dodokpɔawo nayi edzi esi míadze agbagba aɖeke be míato mɔ siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o dzi atsi enu kplo o la, edoa míaƒe xɔse kpɔna eye wòkɔa eŋu.—5/15, axa 16.

◻ Nukatae Mawu lala ɣeyiɣi didi alea gbegbe le ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me?

Alesi Yehowa bua ɣeyiɣie to vovo na mía tɔ. Le Mawu mavɔmavɔtɔ la gome la, tso Adam wɔɣi vaseɖe fifia mede kwasiɖa ɖeka teti gɔ̃ hã o. (Petro II, 3:8) Gake aleke ke míebua ɣeyiɣii o, ŋkeke ɖesiaɖe si ava yi tea mí ɖe Yehowa ƒe ŋkeke si dzi wòaʋli eɖokui ta le ŋu wu.—6/1, axa 5, 6.

◻ Nukae ʋãa Yehowa Ðasefowo?

Amesiwo xɔ Yehowa ƒe nufiafia la to vovo kura, eye wona hehe wo be woalɔ̃ wo nɔewo kple wo haviwo abe wo ɖokui ene. (Yesaya 54:13) Lɔlɔ̃e nye nusi ʋãa Yehowa Ðasefowo be woayi edzi anɔ gbeƒã ɖem togbɔ be amewo metsɔa ɖeke le eme na wo o alo wotia wo yome hã. (Mateo 22:36-40; Korintotɔwo I, 13:1-8)—6/15, axa 20.

◻ Nukae Yesu ƒe nyawo fia, esi wògblɔ be: “Miʋli be, miayi ɖe agbo bii la me”? (Luka 13:24)

Yesu ƒe nyawo fia be míadagba, eye míaku kutri. Eƒe nyawo fia hã be ame aɖewo adi be ‘yewoato agboa nu’ alesi wodii, anɔ zɔ ɖem blewu alesi wolɔ̃. Eyata mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abia eɖokui be, ‘Ðe mekua kutri hewɔa dɔ sesĩea?’—6/15, axa 31.

◻ Aleke ‘woadrɔ̃ ʋɔnu’ amesiwo wofɔ ɖe tsitre “ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu”? (Nyaɖeɖefia 20:12)

Menye nusiwo wowɔ va yi ye woŋlɔ ɖe agbalẽ siawo me o; esime woku la, wovo tso nuvɔ̃ siwo wowɔ le woƒe agbenɔɣi la me. (Romatɔwo 6:7, 23) Gake amegbetɔ siwo wofɔ ɖe tsitre la akpɔtɔ anɔ Adam ƒe nuvɔ̃ te. Eyata anɔ eme be Mawu ƒe mɔfiame siwo dzi wòle be amesiame nawɔ ɖo ale be wòate ŋu akpɔ viɖe tso Yesu Kristo ƒe vɔsa me bliboe la anɔ agbalẽ siawo me.—7/1, axa 22.

◻ Nusɔsrɔ̃ kawoe le Yesu ƒe lododo le Samariatɔ havilɔ̃la la ŋu me na mí? (Luka 10:30-37)

Yesu ƒe lododoa fia be amesi wɔa nu dzɔdzɔe ŋutɔŋutɔ la mewɔa Mawu ƒe sewo dzi ko o ke esrɔ̃a eƒe nɔnɔmewo hã. (Efesotɔwo 5:1) Efia hã be ele be míaƒe havilɔlɔ̃ nagbɔ dukɔ, dekɔnu, kple subɔsubɔ ƒe mamãwo ŋu. (Galatiatɔwo 6:10)—7/1, axa 31.

◻ Nu etɔ̃ kawo mee dzila ate ŋu anya viawo le ahana mɔfiame wo?

(1) Kpe ɖe viwòwo ŋu be woatia dɔwɔɖui si sɔ; (2) dzra wo ɖo be woanɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu le suku kple le dɔwɔƒe; (3) fia alesi woakpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔe wo.—7/15, axa 4.

◻ Nukata Mawu dzudzɔ eɖokui le “ŋkeke adreagbe”? (Mose I, 2:1-3)

Menye ɖeɖi ye te Mawu ŋu ta wòdzudzɔ o. Ke boŋ eɖe asi le anyigba dzi dɔwo ŋu ale be wòana eƒe asinudɔwɔwɔ natsi ɖe edzi eye woaɖo ŋutikɔkɔe blibo me, wòanye kafukafu kple bubu na eyama.—7/15, axa 18.

◻ Mɔ etɔ̃ kawo nue míate ŋu awɔ nu dzɔdzɔe le?

Gbã, ele be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo nu. (Yesaya 1:17) Evelia, enye nu dzɔdzɔe ne míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu abe alesi míedi be Yehowa nawɔ nu ɖe mía ŋu ene. (Psalmo 130:3, 4) Etɔ̃lia, míeɖea mawumedzɔdzɔenyenye fiana ne míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa moveviɖoɖotɔe. (Lododowo 3:27)—8/1, axa 15, 16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe