Biblia Gbalẽ 59 Lia—Yakobo
Eŋlɔla: Yakobo
Afi Si Wòŋlɔe Le: Yerusalem
Ƒe Si Me Wòwu Eŋɔŋlɔ Nu: Do ŋgɔ na ƒe 62 M.Ŋ.
“EƑE tagbɔ le gbegblẽm.” Nya mae Yesu ƒe ƒometɔwo gblɔ tso eŋu. Le nyateƒe me la, le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi la, “nɔviawo menɔ eɖem nɔ fiafiam be yewoxɔ edzi se o,” eye esia tae Yakobo menɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔawo dome o; nenema kee nye nɔvia Yosef, Simon, kple Yuda hã. (Mar. 3:21; Yoh. 7:5; Mat. 13:55) Ekema, kpeɖodzi kae le mía si be, Yesu dadavi Yakobo ye ŋlɔ Biblia gbalẽ si woyɔna be Yakobo la?
2 Nuŋlɔɖia ɖee fia be esi Yesu fɔ la, eɖe eɖokui fia Yakobo, eye ɖikeke mele eme o be, esia na wòva xɔe se be, Yesue nye Mesia la. (1 Kor. 15:7) Dɔwɔwɔwo 1:12-14 gblɔ be, Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo ƒoa ƒu kpe ɖe apostoloawo ŋu nɔa gbe dom ɖa le dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem, do ŋgɔ na Pentekoste ŋkekea kura gɔ̃ hã. Gake ɖe manye be apostolo si woyɔna be Yakobo ye ŋlɔ agbalẽ sia oa? Ao, mate ŋu anye eyae o, elabena agbalẽa ŋlɔla gblɔ le agbalẽa ƒe gɔmedzedze be, yenye “Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe kluvi,” ke menye apostolo o. Gawu la, le nya gbãtɔ siwo Yuda gblɔ le eƒe agbalẽa ƒe gɔmedzedze, siwo sɔ kple Yakobo tɔ, me la, egblɔ be yenye “Yesu Kristo ƒe kluvi, gake henye Yakobo nɔvi.” (Yak. 1:1; Yuda 1) Eya ta míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be, Yakobo kple Yuda, siwo nye Yesu dadaviwo, ye ŋlɔ Biblia gbalẽ siwo ŋu woƒe ŋkɔ le la.
3 Yakobo dze nyuie aŋlɔ agbalẽ atsɔ axlɔ̃ nu Kristo hamea. Enye Yerusalem hamea me dzikpɔla aɖe si ŋu wodea bubui geɖe. Paulo gblɔ tso “Yakobo, Aƒetɔ la nɔvi” ŋu be enye hamea me “sɔtiwo” dometɔ ɖeka kpe ɖe Kefa kple Yohanes ŋu. (Gal. 1:19; 2:9) Nu si ɖee fia be Yakobo nɔ ɖoƒe vevi aɖe le Kristotɔwo dome ɣemaɣi ye nye be, esi woɖe asi le Petro ŋu le ga me la, eɖo du ɖe “Yakobo kple nɔviawo” enumake. Eye ɣemaɣi si Paulo kple Barnaba yi Yerusalem hena mɔfiame tso aʋatsotso ƒe nyaa ŋu ɖe, menye Yakobo ye nye “apostoloawo kple hamemetsitsiawo” ƒe nyanuɖela oa? Enyo be míade dzesii be, nyametsotso si wowɔ le nya sia ŋu heɖo ɖe hameawo, kpakple agbalẽ si Yakobo ŋlɔ la siaa, dze egɔme kple gbedoname ɖeka tɔgbi, si nye “Míedo [alo: medo] gbe na mi!”—esia hã ɖee fia be, ame ɖekae ŋlɔ wo.—Dɔw. 12:17; 15:13, 22, 23; Yak. 1:1.
4 Ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ na mí be Nunɔlagã Ananus (Anania), si nye Zadukitɔ aɖe, ye na woƒu kpe Yakobo wòku. Esia dzɔ le Roma nutomefia Festo ƒe ku le ƒe 62 M.Ŋ. lɔƒo megbe, gake do ŋgɔ na ame si va xɔ ɖe eteƒe, si nye Albinus, ƒe zi dzi vava.a Gake ɣekaɣie Yakobo ŋlɔ eƒe agbalẽa? Yakobo nɔ Yerusalem ŋlɔ eƒe agbalẽa na “to wuieve siwo ka hlẽ la,” alo ne woaɖe egɔme tẽe la, na “ame siwo le kaka hlẽ la me.” (Yak. 1:1) Anya xɔ ɣeyiɣi aɖe godoo le gbɔgbɔ kɔkɔe kɔkɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. me megbe hafi Kristotɔnyenye va kaka, eye anya xɔ ɣeyiɣi aɖe hã godoo hafi nɔnɔme dziŋɔ siwo ŋu wòƒo nu tsoe le agbalẽa me la va ge ɖe hameawo me. Gawu la, agbalẽa ɖee fia be, meganye Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo suesuewo koe nɔ anyi ɣemaɣi o, ke boŋ woɖo hamewo, eye ‘hamemetsitsi’ kpɔnuteƒe, siwo ate ŋu ado gbe ɖa ɖe ame siwo gbɔdzɔ ta ahakpe ɖe wo ŋu la, nɔ hameawo me. Hekpe ɖe eŋu la, exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi ɖokuiŋudzedze kple ameŋkumenuwɔwɔ va ge ɖe hamea me. (2:1-4; 4:1-3; 5:14; 1:26, 27) Eya ta anɔ eme kokoko be, ɣeyiɣi didi aɖe megbee Yakobo ŋlɔ eƒe agbalẽa, eye ne kakaɖedzi le nya siwo Josephus gblɔ tso nu siwo dzɔ le Festo ƒe kuɣi ŋu, eye wònye nyateƒe be Festo ku le ƒe 62 M.Ŋ. lɔƒo me abe ale si wogblɔe ene la, ekema ɖewohĩ Yakobo ŋlɔ eƒe agbalẽa do ŋgɔ vie na ƒe 62 M.Ŋ. lɔƒo.
5 Le kakaɖedzi si le agbalẽa ŋu gome la, edze le Vatican No. 1209, Sinaitic, kple Alexandrinus asinuŋɔŋlɔgbalẽwo me. Edze le agbalẽ siwo nu woƒo ƒu do ŋgɔ na Aɖaŋuɖotakpekpe si wowɔ le Carthage, le ƒe 397 M.Ŋ. me la ƒe hatsotso ewo ya teti me. Subɔsubɔhawo ƒe blema nuŋlɔlawo dometɔ geɖe yɔ nya tso eme. Yakobo ƒe agbalẽa me nyawo wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la dometɔ bubuawo wòɖe dzesi.
6 Nu ka tae Yakobo ŋlɔ agbalẽ sia ɖo? Agbalẽa me dzodzro nyuie ɖee fia be, nɔnɔme aɖewo nɔ hameawo me, siwo nɔ fu ɖem na nɔviawo. Womegava nɔ Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo tsɔm nu vevii o, ɛ̃, woɖe asi le wo dometɔ aɖewo kura gɔ̃ hã ŋu, si wɔe be hameawo me tɔ aɖewo va zu ahasiwɔlawo le gbɔgbɔ me le xɔlɔ̃dzedze xexea ta. Ame aɖewo, siwo di vevie be yewoaɖee afia be vovototo le nufiafiaawo dome la, gblɔ be Yakobo ƒe agbalẽa, si de dzi ƒo be, woaɖe xɔse afia to dɔwɔwɔ me la, tsi tsitre ɖe nya siwo Paulo ŋlɔ, be ɖeɖekpɔkpɔ tsoa xɔse me, ke menye tso dɔwɔwɔwo me o, la ŋu. Ke hã, nya siwo Yakobo gblɔ do ŋgɔ na eƒe nya mawo, kple esiwo wògblɔ emegbe, ɖee fia be, enɔ gbɔgblɔm be woatsɔ dɔwɔwɔwo akpe ɖe xɔsea ŋu, ke menye egbɔgblɔ le nu me ko o, evɔ Paulo ya nɔ nu ƒom tso Mose ƒe Sea me dɔwɔwɔwo ŋuti. Ne míagblɔe la, ɖeko Yakobo ƒe nyawo va de Paulo tɔwo dzi, heɖe nu me yi ŋgɔe le ale si woɖea xɔse fianae ŋu. Aɖaŋu siwo Yakobo ɖo la ɖea vi ŋutɔ le kuxi siwo Kristotɔwo doa goe tso ŋkeke yi ŋkeke la gbɔ kpɔkpɔ me.
7 Kpɔɖeŋu siwo Yakobo wɔ tso gbe sia gbe gbenɔnɔ me, siwo dometɔ aɖewo ku ɖe lãwo, tɔdziʋuwo, agbledelawo, kple numiemiewo ŋu la, na míese Yakobo ƒe nyawo ku ɖe xɔse, dzigbɔɖi, kple dzidodo ŋu me ɖe edzi wu. Ale si wòsrɔ̃ Yesu ƒe nufiafiamɔnuwoe la na kpekpeme geɖe gale eƒe aɖaŋuɖoɖoawo ŋu wu. Agbalẽ sia na míenya ale si Yakobo te ŋu kpɔa nu si ʋãa amewo wowɔa nui la dzea sii.
NU SI TAE VIÐE LE EŊU
15 Togbɔ be zi eve pɛ koe Yakobo yɔ Yesu ŋkɔ hã la, ezã Aƒetɔ la ƒe nufiafiamɔnu geɖe, abe ale si míate ŋu akpɔe ne míetsɔ Yakobo ƒe agbalẽa me nyawo sɔ kple Todzimawunya lae ene. (1:1; 2:1) Yehowa ƒe ŋkɔ ya dze zi 13 (le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Bibliaa me), eye agbalẽa ɖee fia be, eƒe ŋugbedodowoe nye fetu si Kristotɔ siwo léa xɔse me ɖe asi la xɔna. (4:10; 5:11) Yakobo wɔ kpɔɖeŋuwo tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me enuenu, eye wòyɔ emenya siwo sɔ hã tsɔ ɖo kpe eƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiawo dzi. Egblɔ afi si eƒe nyawo tso la ale: “abe ale si ŋɔŋlɔ la gblɔe ene,” “ŋɔŋlɔ la va eme,” “ŋɔŋlɔ la gblɔ be”; eye wògblɔ ale si kpukpui siawo ku ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋui. (2:8, 23; 4:5) Esi Yakobo le aɖaŋuɖoɖo aɖewo nam tẽe heto eme le kpekpem ɖe wo ŋu be woatu woƒe xɔse ɖe Mawu ƒe Nya la dzi la, eƒo nu tso xɔsedɔ siwo Abraham wɔ ŋu, tso Raxab ƒe xɔseɖeɖefia to dɔwɔwɔwo me ŋu, tso Hiob ƒe dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe ŋu, kple ale si Eliya doa gbe ɖa wònye eƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ɖeɖe fia la ŋu.—Yak. 2:21-25; 5:11, 17, 18; 1 Mose 22:9-12; Yos. 2:1-21; Hiob 1:20-22; 42:10; 1 Fia. 17:1; 18:41-45.
16 Aɖaŋu nyui siwo Yakobo ɖo la dometɔ aɖewoe nye esiawo: míanye nyadziwɔlawo, ke menye nyaselawo ko o, míayi edzi aɖe míaƒe xɔse afia to dzɔdzɔenyenyedɔwo wɔwɔ dzi, míakpɔ dzidzɔ ne míele tetekpɔ vovovowo me tom, míayi edzi anɔ nunya biam Mawu, eye míato gbedodoɖa dzi anɔ tetem ɖe eŋu ɣesiaɣi, eye míawɔ fiasedede, si gblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene” la dzi. (Yak. 1:22; 2:24; 1:2, 5; 4:8; 5:13-18; 2:8) Ena nuxlɔ̃amenya sesẽ aɖewo tsi tsitre ɖe alakpanufiafia, aɖe la zazã madzemadzee, vovototodede amewo me le hamea me, kɔɖiɖi na ŋutilã ƒe vivisese ƒe dzodzro sesẽwo, kple dziɖoɖo ɖe kesinɔnu siwo gblẽna, la ŋu. (3:1, 8; 2:4; 4:3; 5:1, 5) Yakobo na eme kɔ nyuie be, xɔlɔ̃dzedze xexea nye gbɔgbɔmehasiwɔwɔ kple Mawu ƒe futɔ nyenye, eye wòɖe nu si tadedeagu si ŋu dza le Mawu ŋkume nye la me be: “woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me, eye be ame nadzra eɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexea me.” (4:4; 1:27) Aɖaŋuɖoɖo nyui siawo katã, siwo gɔme sese le bɔbɔe la, nye esiwo woakpɔ mɔ na tso ame sia, si nye ‘sɔti’ le Kristo hame gbãtɔa me, la gbɔ. (Gal. 2:9) Aɖaŋu sia si wòɖo dɔmenyotɔe la gakpɔtɔ nye mɔfiame na Kristotɔwo le ɣeyiɣi sesẽ siawo me, elabena enye “nunya si tso dziƒo,” si na wotsea “dzɔdzɔenyenyeku.”—3:17, 18.
17 Yakobo tsi dzi vevie ɖe ale si wòakpe ɖe nɔviawo ŋu woaɖo woƒe taɖodzinu, si nye agbekpɔkpɔ le Mawu Fiaɖuƒea me la gbɔ. Eya ta exlɔ̃ nu wo be: “Miawo hã migbɔ dzi ɖi; mido ŋusẽ miaƒe dziwo, elabena Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi gogo.” Ne woyi edzi do dzi le tetekpɔ me la, ekema woakpɔ dzidzɔ, elabena ne Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe ame aɖe ŋu la, “axɔ agbefiakuku la, si ŋugbe Yehowa do na ame siwo yia edzi lɔ̃nɛ” la. (5:8; 1:12) Eya ta ete gbe ɖe edzi be, agbefiakuku si ŋugbe Mawu do—eɖanye hena makumakunyenye ƒe agbenɔnɔ le dziƒowo alo agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi o—lae nye susu vevi aɖe si ta míedoa dzi le xɔsedɔwo wɔwɔ me. Nyateƒee, agbalẽ nyui sia ade dzi ƒo na ame siwo katã le didim be yewoakpɔ agbe mavɔ la, eɖanye le dziƒo loo alo le Yehowa ƒe xexe yeye, si dzi Fiaɖuƒea ƒe Dzidzimevi, mía Aƒetɔ Yesu Kristo aɖu la, me o.—2:5.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Jewish Antiquities, 20, 197-200 (9, 1); Webster’s New Biographical Dictionary, 1983, axa 350.