INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Dzidzɔ Kpɔm Ne Èle Tetekpɔwo Me Tom
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021 | February
    • 2 Ame geɖe mekpɔnɛ be yewoate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wole yewo yome tim o. Gake Mawu ƒe Nyaa gblɔ be míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wole mía yome tim. Le kpɔɖeŋu me, nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be ne míele tetekpɔwo me tom la, mele be míasusui be evɔ na mí o, ke boŋ ele be míanɔ dzidzɔ kpɔm. (Yak. 1:2, 12) Eye Yesu gblɔ be ele be míakpɔ dzidzɔ ne wole mía yome tim. (Xlẽ Mateo 5:11.) Nu kae ana míanɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be míele tetekpɔwo me tom? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le lɛta si Yakobo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la me. Gbãa, mina míadzro kuxi sesẽ siwo me wòhiã be Kristotɔ mawo nado dzi lea me.

      KUXI SESẼ KAWO ME WÒHIÃ BE KRISTOTƆ SIWO NƆ ANYI LE ƑE ALAFA GBÃTƆ ME NADO DZI LE?

      3. Esi Yakobo va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, nu kae dzɔ?

      3 Esi Yesu nɔvi Yakobo va zu nusrɔ̃la ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, woti Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem la yome. (Dɔw. 1:14; 5:17, 18) Eye esime wowu nusrɔ̃la Stefano la, Kristotɔ geɖewo si le dugãa me eye “woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutowo me,” eye emegbea, wo dometɔ aɖewo vae do ɖe Kipro kple Antiokia ke. (Dɔw. 7:58–8:1; 11:19) Nusrɔ̃laawo to nɔnɔme sesẽ geɖe me. Ke hã, woyi edzi ɖe gbeƒã nya nyuia le afi sia afi si woyi eye woɖo hamewo le Roma nuto bliboa katã me. (1 Pet. 1:1) Gake ɣeyiɣi sesẽ bubuwo gale ŋgɔ na wo.

      4. Nɔnɔme sesẽ bubu kawo me Kristotɔ gbãtɔawo do dzi le?

      4 Kristotɔ gbãtɔawo do dzi le nɔnɔme sesẽ vovovowo me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 50 K.Ŋ mea, Roma Fiagã Klaudio de se be Yudatɔwo katã nadzo le Roma. Eya ta eva hiã be Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwoa nadzo avae tsi teƒe bubuwo. (Dɔw. 18:1-3) Le ƒe 61 K.Ŋ. me lɔƒoa, apostolo Paulo ŋlɔ bena, wodo ŋukpe Kristotɔwo le dutoƒo, de wo gaxɔ me eye woha woƒe nunɔamesiwo. (Heb. 10:32-34) Eye abe ame bubuwo ke enea, nu mede Kristotɔwo dometɔ aɖewo dzi o, eye bubuwo dze dɔ.—Rom. 15:26; Flp. 2:25-27.

  • Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Dzidzɔ Kpɔm Ne Èle Tetekpɔwo Me Tom
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021 | February
    • Foto vovovoawo: 1. Akaɖi aɖe le bibim le akaɖigbɛ me esime ya le ƒoƒom eye tsi le dzadzam. 2. Nɔviŋutsu tsitsi aɖe ʋu Biblia ɖe asi.

      Abe ale si dzoƒaɖe yia edzi nɔa bibim le akaɖigbɛ me enea, nenema kee dzidzɔ si Yehowa nana míekpɔna le ememea yia edzi nɔa mía me (Kpɔ memama 6 lia)

      6. Le Luka 6:22, 23 ƒe nya nua, nu ka tae Kristotɔ ate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm ne ele nɔnɔme sesẽwo me tom?

      6 Amewo susuna be ne yewole lãmesẽ nyui me, ga gbogbo aɖe le yewo si eye dzidzɔ le yewo ƒe ƒomea mea, ye ana yewoakpɔ dzidzɔ. Gake dzidzɔ si ŋu Yakobo ƒo nu tsoe la, menɔ te ɖe nɔnɔme si me ame lea dzi o, ke boŋ enye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22) Kristotɔ kpɔa dzidzɔ vavãtɔ ne enyae be yewɔa nu si dzea Yehowa ŋu eye yesrɔ̃a Yesu. (Xlẽ Luka 6:22, 23; Kol. 1:10, 11) Míate ŋu atsɔ míaƒe dzidzɔa asɔ kple dzoƒaɖe si le bibim le akaɖigbɛ me. Tsi le dzadzam o, ŋdɔ le ʋuʋum o, dzoƒaɖea nɔa dedie. Nenema kee míaƒe dzidzɔa nu meyina ne míedze dɔ alo ganyawo le sesẽm na mí o. Eye enu meyina ne amewo alo ƒometɔwo tsi tre ɖe mía ŋu o. Ke boŋ, míeyia edzi nɔa dzidzɔ kpɔm ne wole mía yome tim. Nɔnɔme sesẽ siwo me míetona le míaƒe xɔse ta ɖoa kpe edzi be Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwoe míenye. (Mat. 10:22; 24:9; Yoh. 15:20) Ema tae Yakobo ŋlɔ bena: “Nɔvinyewo, ne miedo go tetekpɔ vovovowo la, mibui dzidzɔ sɔŋ.”—Yak. 1:2.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe