MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE
1 Petro 5:6, 7—“Mibɔbɔ Mia Ðokui Ðe Mawu Ƒe Asi Sesẽ La Te, . . . Mitsɔ Miaƒe Dzimaɖiwo Katã Da Ðe Eyama Dzi”
“Eya ta mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, ne wòado mi ɖe dzi le ɣeyiɣi si sɔ la dzi, esime miedro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.”—1 Petro 5:6, 7, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia.
“Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi ɖe dzi le ɣeyiɣi, si wòɖo ɖi la dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.”—1 Petro 5:6, 7, Eʋegbe Biblia.
Nu si 1 Petro 5:6, 7 fia
Apostolo Petro to nya mawo dzi nɔ kakam ɖe edzi na Kristotɔwo be woate ŋu ado gbe ɖa na Mawu tso woƒe kuxiwo kple dzimaɖitsitsiwo ŋu. Ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ƒe nu dzea Mawu ŋu, eye aɖo eteƒe na wo geɖe.
“Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te.” Zi geɖe le Biblia mea, Mawu ƒe asi fia ŋutete si le esi be wòaxɔ na ame eye wòakpɔ ame ta. (2 Mose 3:19; 5 Mose 26:8; Ezra 8:22) Kristotɔwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi te ne woɖoa ŋu ɖe eŋu. Wodea dzesii be seɖoƒe li na nu siwo yewoate ŋu awɔ eye wonyae be yewomate ŋu aɖu dodokpɔwo dzi le yewo ɖokuiwo si o. (Lododowo 3:5, 6; Filipitɔwo 4:13) Woka ɖe edzi be ŋusẽ le Mawu si be wòaxɔ na yewo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi kple le mɔ nyuitɔ kekeake nu.—Yesaya 41:10.
“Ne wòado mi ɖe dzi le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.” Ame siwo gbɔa dzi ɖi eye wodoa dzi le xaxawo mea ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ava ɖo eteƒe na yewo godoo. Mawu maɖe mɔ woate esubɔlawo kpɔ wu esi nu woate ŋu anɔ te ɖo o. (1 Korintotɔwo 10:13) Gake ne woyia edzi wɔa nu si nyoa, Mawu aɖo eteƒe na wo godoo “le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.”—Galatiatɔwo 6:9.
“Esime miedro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.” Kristotɔwo droa woƒe dzimaɖitsitsiwo ɖe Mawu dzi, alo danɛ ɖe edzi, ne wobɔbɔa wo ɖokuiwo doa gbe ɖa nɛ. Numekugbalẽ aɖe ɖe eme be: “Nya, da ɖe edzi si wozã le kpukpui sia mea fia be ame natsɔ nane aƒu gbe ɖa le eɖokui gbɔ. Enye nu si ame ŋutɔ aɖo koŋ awɔ.” Ne Kristotɔ aɖe nya da eƒe dzimaɖitsitsiwo ɖe Mawu dzi koa, eƒe dzi dzea eme eye wòkpɔa nu si Biblia yɔ be “Mawu ƒe ŋutifafa.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu di be yeakpe ɖe ye ŋu elabena enya be Mawu tsɔ ɖe le eme na ye eye azã Eƒe ŋusẽ triakɔa atsɔ alé ye ɖe te.—Psalmo 37:5; 55:22.
Nya siwo ƒo xlã 1 Petro 5:6, 7
Petro Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 5 liae ƒo Biblia gbalẽ sia si Petro ŋlɔ na Kristotɔwoa ta. (1 Petro 1:1) Kristo yomedzela siwo nɔ anyi ɣemaɣia to dodokpɔ geɖe siwo ate ŋu ado woƒe xɔse kpɔ eye wòana woatsi dzimaɖia me, abe ale si wòle egbea ene. (1 Petro 1:6, 7) Esi Petro nya xaxa siwo me tom wole taa, eŋlɔ lɛta dedziƒoname aɖe si afa akɔ na wo la ɖo ɖe wo le ƒe 62-64 Kristotɔwo Ŋɔli me lɔƒo.—1 Petro 5:12.
Petro gblɔ ŋkuɖodzinya siwo ade dzi ƒo na ame siwo nɔ xaxawo me tom le woƒe xɔse ta tsɔ ƒo eƒe lɛtaa ta. Ne woyi edzi bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu te eye woɖo ŋu ɖe eŋua, woate ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpe ɖe wo ŋu woanɔ te sesĩe. (1 Petro 5:5-10) Petro ƒe nyawo ate ŋu ade dzi ƒo na Kristotɔ siwo yome tim wole egbea hã.
Kpɔ video kpui sia be nàkpɔ nu si ŋu 1 Petro ku ɖo.