Kpɔ Nyuie le Fewuɖulawo Ŋu!
Nyagblɔɖiwo bɔ egbea, eye etsɔmegbɔgblɔɖi zu dɔ si le dzidzedze geɖe kpɔm. London nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Daily Telegraph, gblɔ be: “Esi míele ƒe 2000 lia gogom la, nuwɔnuku aɖe si menye nukpekeame boo o le dzɔdzɔm. Ame akpe geɖe le etsɔme ŋuti ŋutega trama siwo ɖia vɔvɔ̃ zi geɖe la kpɔm le xexeame godoo.” Nuŋubula geɖe tsɔa dzitsitsi alea gbegbe ɖe etsɔme ŋu sia be tɔtrɔ siwo wonɔ mɔ kpɔm na tsã siwo mete ŋu va o koe wònye amewo gale kpɔkpɔm.
ESI keke siwo sɔwo hena dzi ɖe dzi le ƒe alafa 19 lia me la, ŋutsu aɖe gblɔ ɖi be sɔwo ƒe mi gbɔna Europa-dugãwo me xɔ ge. Gake eƒe nyagblɔɖia meva eme ya o. Eyata esi London ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Times nɔ susu hem yi alesi nyagblɔɖiwo doa kpo emevava edziedzii dzi la, egblɔ be: “Sɔmi gbogbo aɖe koe etsɔme nye.”
Ame bubuwo ɖua fewu le amesiwo kpɔnɛ be afɔku gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, asitsatsaŋutinufiala aɖe si le United States ƒe yunivɛsiti aɖe me tɔ gbe amesiwo xlɔ̃ nu tso nutome ƒe gbegblẽ ŋuti la be woana yewoatso gbe ɖe nya ma dzi ne ava gblẽ ɖe edzi fĩi. Abe alesi woka nya ta le magazine si nye New Scientist me ene la, egblɔ be “míaƒe agbenɔnɔ le nyonyom ɖe dzi, eye ayi dzi anyo ɖe edzi tegbetegbe.”
Esi amewo ƒe nyagbɔgblɔ kple ame bubuwo ƒe gbetɔtɔ wo he tɔtɔ geɖe vɛ ta la, ame geɖe xɔe se be nusianu agayi edzi abe alesi ko wònɔ tsã ene. Esi woɖua fewu le nya sia nya si wogblɔ tso alesi Mawu ade nu amegbetɔwo ƒe nyawo mee ŋu la, wole ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me fewuɖulawo ƒe nɔnɔme ɖem fia.
Nusianu Gale Nenema Koa?
Kristotɔ apostolo Petro ƒe lɛta evelia si tso gbɔgbɔ me si wòŋlɔ le ƒe 64 M.Ŋ. me lɔƒo xlɔ̃ nu be: “Le ŋkeke mamlɛawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu.”—Petro II, 3:3.
Fewuɖulawo dina be yewona nusi ŋu yewole fewu ɖum le naɖi kokoe na amewo. Ate ŋu adzɔ be amesi fewuɖula ble la nage ɖe ɖokuitɔdidi ƒe mɔ̃ me, elabena zi geɖe la fewuɖula dina be amesiwo sea yeƒe nya nalɔ̃ ɖe yeƒe nukpɔsusu dzi. Ðewohĩ aleae fewuɖula siwo ŋu Petro xlɔ̃ nu amewo tsoe la nɔ, ‘wozɔna le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu.’ Nya siwo tea gbe ɖe nya dzie apostoloa zã tsɔ xlɔ̃ nu eƒe nuxlẽlawo. Exlɔ̃ nu tso ‘fewuɖulawo ƒe vava kple woƒe fewuɖuɖu ŋu.’
Ƒe alafa gbãtɔ me fewuɖula mawo tɔ gbe Kristo ƒe ‘vava ƒe ŋugbedodoa’ ƒe nyateƒenyenye. “Afika eƒe [anyinɔnɔ, NW] la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me.” (Petro II, 3:4) Nenemae wokpɔe nye ma. Gake tso keke ƒe 33 M.Ŋ. me ke la, Yesu gblɔ dzɔgbevɔ̃e si ava dzɔ ɖe Yerusalem-dua dzi la ɖi. Egblɔ be: “Elabena ŋkekewo ava dziwò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi, eye woaxlã wò kple viwò, siwo le mewò la, ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, le esi mèdze si wò kpɔkpɔɖaɣi o la ta.” Aleke gbegbe amesiwo ɖu fewu le nuxlɔ̃ame ma ŋu wɔ vodadae nye si! Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Roma-ʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem hetsrɔ̃ dua, eye emenɔla gbogbo aɖewo tsrɔ̃. Nukatae dua me nɔla akpa gãtɔ medzra ɖo ɖe afɔku sia ŋu o? Elabena womekpɔe dze sii be Mawu to Via Yesu dzi va kpɔ wo ɖa o.—Luka 19:43, 44.
Apostolo Petro ƒo nu tso alesi Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ade nu nyawo me le etsɔmee ŋu. Petro xlɔ̃ nu be: “[Yehowa, NW] ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene.” (Petro II, 3:10) Ɣemaɣi Mawu aɖe ame mavɔ̃mawuwo ɖa le xexeame katã eye akpɔ amesiwo wodrɔ̃ ʋɔnu na be wonye ame dzɔdzɔewo la ta. Abe alesi magazine sia ɖe eme edziedzii ene la, Kristo Yesu ƒe “anyinɔnɔ” la dze egɔme le ƒe 1914 me. Gake ɣeyiɣi si me wòatso anye Mawu ƒe Ametsrɔ̃la aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa la gale ŋgɔgbe. Eyata apostolo la ƒe nuxlɔ̃ame be míakpɔ nyuie le fewuɖulawo ŋu gahiã kpata fifia wu.
Ðewohĩ ɣeyiɣi didi aɖee nye sia nèle Mawu sinu kpɔm xoxo be wòade nu amegbetɔwo ƒe nyawo me. Nukae akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi akpɔ esinu dzigbɔɖitɔe fewuɖulawo ƒe mɔ̃ me madzemadzee? Taflatse yi nuxexlẽa dzi.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]
“Ŋkekewo ava dziwò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, . . . eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi, . . . eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o.” Menye nuxlɔ̃ame si ŋu woaɖu fewu lee nye ma o. Roma-ʋakɔwo tsrɔ̃ Yerusalem eye ame gbogbo aɖe tsrɔ̃.