INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 3/1 axa 14-19
  • Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Nɔa Ŋudzɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Nɔa Ŋudzɔ!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vava abe Fiafitɔ Ene
  • Alesi Míate Ŋu Anɔ Ŋudzɔe
  • Ɣeyiɣia De Vɔ
  • Ele be Míanɔ Ŋudzɔ Godoo!
  • “Minɔ Ŋudzɔ!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nɔ Dzadzraɖoɖi Hena Yehowa Ƒe Ŋkeke la
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • “Minɔ Ŋudzɔ”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nɔ Ŋudzɔ, Nɔ Tsitre Sesĩe, Nàsẽ Ŋu
    Midzi Ha Na Yehowa
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 3/1 axa 14-19

Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Nɔa Ŋudzɔ!

“Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo.”—NYAÐEÐEFIA 16:15.

1. Esi Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒe la, nukae míate ŋu akpɔ mɔ na?

YEHOWA ƒe ŋkeke gã la ɖo vɔ, eye aʋawɔwɔe wòanye! Apostolo Yohanes kpɔe le ŋutega me ‘gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nyagbɔgblɔ’ siwo le abe akpɔkplɔwo ene le anyigba dzi “fiawo” alo dziɖulawo katã gbɔ yim. Be woawɔ nuka? “Bena woaƒo wo nu ƒu hena Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” Yohanes gagblɔ be: “Woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe, si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.”—Nyaɖeɖefia 16:13-16.

2. Amekae nye Gog si tso Magog, eye nukae adzɔ ne edze Yehowa ƒe amewo dzi?

2 Eteƒe madidi o Yehowa aʋã nuɖoanyi sia ƒe dunyahenuɖoanyia be wòatsrɔ̃ Babilon Gã, alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea. (Nyaɖeɖefia 17:1-5, 15-17) Ɣemaɣi Satana Abosam si nye Gog tso Magog, amesi woɖi gbɔ ɖo ɖe anyigba dzi nutowo me la aho kple eƒe aʋakɔwo aɖadze Yehowa ƒe amesiwo le ŋutifafa me eye wòwɔ abe ɖe wɔna aɖeke mele wo ŋu o ene la dzi kple ŋusẽ katã. (Xezekiel 38:1-12) Gake Mawu atso axɔ na eƒe amewo. Emae ade dzesi “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” ƒe gɔmedzedze.—Yoel 3:4; Xezekiel 38:18-20.

3. Aleke nàƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo wogblɔ ɖi le Xezekiel 38:21-23 ŋui?

3 Ẽ, ne míeɖo xexeame ƒe nɔnɔme si woyɔna be Harmagedon alo Armagedon la, Yehowa axɔ na eƒe amewo eye wòatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyia ƒiaƒiaƒia. Xlẽ nyagblɔɖinya si le Xezekiel 38:21-23 eye nàkpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me. Yehowa zã eƒe ŋusẽ tsɔ he tsidzadza gãwo, tsikpe gblẽnuwo, dzo binu, kple dɔvɔ̃ wuame vɛ. Vɔvɔ̃ lé amewo le xexeame katã esi wode tɔtɔ Gog ƒe aʋakɔwo dome eye wokpe dzre kple wo nɔewo. Yehowa zã ŋusẽ triakɔwo tsɔ kpɔ esubɔlawo tae eye wòtsrɔ̃ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe futɔ ɖesiaɖe si gale agbe. Ne “xaxa gã” si wogblɔ ɖi wu enu la, Satana ƒe nuɖoanyi mavɔ̃mawua ƒe akpa aɖeke masusɔ o. (Mateo 24:21) Gake ne ame vɔ̃ɖiwo le kudɔ ƒom vevesesetɔe gɔ̃ hã la, woanya amesi he fukpekpea va wo dzi. Mía Mawu aʋadziɖula la ŋutɔ gblɔ be: “Ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.” Míaƒe ŋkekea mee nudzɔdzɔ ɖedzesi siawo adzɔ le Yesu ƒe anyinɔnɔ me.

Vava abe Fiafitɔ Ene

4. Nɔnɔme ka mee Yesu ava tsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia le?

4 Aƒetɔ Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la gblɔ be: “Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene.” Vava abe fiafitɔ ene adzɔ kpoyi, le gaƒoƒo si womele mɔ kpɔm nɛ o esime ame akpa gãtɔ dɔ alɔ̃. Ne Yesu va abe fiafitɔ ene be yeatsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia la, akpɔ amesiwo le ŋudzɔ ŋutɔŋutɔ la ta. Egblɔ na Yohanes be: “Woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpeƒe o.” (Nyaɖeɖefia 16:15) Nya mawo gɔme ɖe? Eye aleke míawɔ anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ mee?

5. Gbedoxɔ me subɔsubɔdɔ ŋuti ɖoɖo kae nɔ anyi esime Yesu nɔ anyigba dzi?

5 Zi geɖe la, womaɖe awu le zãdzɔla ŋu wòatsi amama ne edɔ alɔ̃ le dɔ gbɔ o. Gake nu ma dzɔ le gbedoxɔ me le Yerusalem esime Yesu nɔ anyigba dzi eye nunɔlawo kple Lewitɔwo ƒe hawo nɔ subɔsubɔm le gbedoxɔ me le Yerusalem. Ƒe alafa 11 D.M.Ŋ. mee Fia Dawid ɖo Israel-nunɔla alafawo kple wo subɔvi Lewitɔ akpe geɖeawo ɖe ƒuƒoƒo si me hatsotso 24 le me. (Kronika I, 24:1-18) Hatsotso ɖesiaɖe si me dɔwɔla akpe ɖeka kple edzivɔ siwo wona hehee nɔ la wɔa gbedoxɔ me subɔsubɔdɔwo kwasiɖa ɖekaɖeka ɖe wo nɔewo yome zi eve teti le ƒe me. Gake le Agbadɔmeŋkekenyuiwo dzi la, hatsotso 24 la katã wɔa dɔ. Kpekpeɖeŋu hiãna le Ŋutitotoŋkekewo hã dzi.

6. Anye nukae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be, “Woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo”?

6 Esi Yesu gblɔ be, “Woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo” la, anye be ɖoɖo aɖe si dzi wozɔna ɖo ɣemaɣi le zãdzɔdzɔ me le gbedoxɔa me ye wòwɔnɛ. Yudatɔwo ƒe Mishnah gblɔ be: “Teƒe etɔ̃e nunɔlawo dzɔna le Gbedoxɔa me: Abtinas ƒe Akpata me, Dzobibi ƒe Akpata me, kple Mlekpui ƒe Akpata me; ke Lewitɔwo dzɔa teƒe blave vɔ ɖekɛ: atɔ̃ nɔ Gbedoxɔ Toa ƒe agbo atɔ̃awo nu, ene nɔ eƒe dzogoe eneawo dzi le eme, atɔ̃ nɔ Gbedoxɔa ƒe Xɔxɔnugboawo dometɔ atɔ̃ nu, ene nɔ eƒe dzogoe eneawo dzi le gota, kple ɖeka nɔ Vɔsaxɔa me, ɖeka hã nɔ Xɔmetsovɔ ƒe Akpata me, azɔ ɖeka nɔ Nublanuizikpuia godo [le kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe glia godo]. Gbedoxɔ Toa dzikpɔla tsɔa akaɖi tsana le zãdzɔla ɖesiaɖe dzi, eye ne zãdzɔla aɖe metso gblɔ nɛ be, ‘Oo, ŋutifafa na wò Gbedoxɔ Toa dzikpɔla!’ o eye wòkpɔe be alɔ̃e wòdɔ la, atsɔ eƒe atizɔti aƒoe, eye ekpɔ mɔ atɔ dzo eƒe awu.”—Mishnah, Middoth (“Nudzidzewo”), 1, memamã 1-2, si gɔme Herbert Danby ɖe.

7. Nukata wòhiã be nunɔlawo kple Lewitɔ siwo dzɔa zã le gbedoxɔa me nanɔ ŋudzɔ?

7 Lewitɔwo kple nunɔla geɖe siwo ƒe hatsotsoe le subɔsubɔm la nɔa ŋu zã bliboa katã hedzɔa teƒea ale be womeɖea mɔ ame makɔmakɔ aɖeke gena ɖe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu o. Esi “Gbedoxɔ Toa dzikpɔla” alo “mawuxɔdzikpɔla” tsana le teƒe 24 la katã le ŋudzɔɣia ta la, ne zãdzɔla aɖe medi be woalé ye le alɔ̃ me o la, ke ele be wòanɔ ŋu le enɔƒe.—Dɔwɔwɔwo 4:1.

8. Nukawoe nye Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋuwuawo?

8 Ehiã be Kristotɔ amesiaminawo kple wo hati subɔlawo nanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me eye woado woƒe kpɔɖeŋuwuwo. Woawoe nye kpeɖodzi siwo dzena be woɖo mí be míawɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa ƒe gbɔgbɔ me gbedoxɔ me. Esia ta Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe alo dɔwɔŋusẽ le mía dzi be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔwo ahawɔ Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo nyenye ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo le mía si ŋudɔ. Ne mí Mawu ƒe dɔtsɔlawo míedɔ alɔ̃ le dɔ gbɔ la, ade mí afɔku me be Yesu Kristo si nye gbɔgbɔ me gbedoxɔ gã la Dzikpɔla la nalé mí. Ne míedɔ alɔ̃ le gbɔgbɔ me ɣemaɣi la, woaɖe awu le mía ŋu le kpɔɖeŋumɔnu míatsi amama eye woatɔ dzo míaƒe kpɔɖeŋuwuawo. Ekema aleke míate ŋu anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ mee?

Alesi Míate Ŋu Anɔ Ŋudzɔe

9. Nukata Kristotɔwo ƒe agbalẽwo tsɔtsɔ srɔ̃ Biblia la le vevie nenema gbegbe?

9 Kristotɔwo ƒe agbalẽwo tsɔtsɔ srɔ̃ Ŋɔŋlɔawoe vevie na wonɔa ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Nusɔsrɔ̃ nenema adzra mí ɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nya sesẽwo nu, eye wòakplɔ mí ayi dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ me. (Lododowo 8:34, 35; Yakobo 1:5-8) Ele be míasrɔ̃ nua wòade to eye wòayi ŋgɔ. (Hebritɔwo 5:14–6:3) Nu nyui ɖuɖu edziedzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ moxexi ahanɔ ŋudzɔ. Ate ŋu axe mɔ na akɔlɔ̃edɔdɔ si ɖewohĩ anye nunyuimaɖumaɖu ƒe dzesi. Susu aɖeke meli si ta míaɖu nu manyomanyo ahadɔ akɔlɔ̃e le gbɔgbɔ me o, elabena Mawu le gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe nam mí to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si wosi ami na la dzi. (Mateo 24:45-47) Gbɔgbɔmenuɖuɖua ɖuɖu edziedzi to ɖokuisi kple ƒome nusɔsrɔ̃ dzi nye mɔ siwo dzi míato anɔ ŋudzɔ ahanɔ “blibo le xɔse me” dometɔ ɖeka.—Tito 1:13.

10. Aleke Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo kpena ɖe mía ŋu míenɔa ŋudzɔ le gbɔgbɔ mee?

10 Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo kpena ɖe mía ŋu míenɔa ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Wodea dzi ƒo henaa mɔnukpɔkpɔ mí be ‘míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.’ Vevietɔ ele be míakpe ta edziedzi esi “[míekpɔ] bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” Ŋkeke ma ɖo vɔ keŋkeŋ. ‘Yehowa ƒe ŋkekee,’ esime wòaʋli eƒe dziɖulanyenye ta. Ne ŋkeke ma le vevie na mí nyateƒe la—ele be wòanɔ vevie hã—‘míagblẽ míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o.’—Hebritɔwo 10:24, 25; Petro II, 3:10.

11. Nukata míate ŋu agblɔ be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa le vevie hena ŋudzɔnɔnɔ le gbɔgbɔ me?

11 Dzi blibo tsɔtsɔ wɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ lae le vevie hena míaƒe ŋudzɔnɔnɔ le gbɔgbɔ me. Gbeƒãɖeɖe nyanyuia edziedzi dzonɔamemetɔe na míenɔa moxexi. Míaƒe subɔsubɔdɔa naa mɔnukpɔkpɔ geɖe mí be míagblɔ Mawu ƒe Nya la, eƒe Fiaɖuƒea, kple eƒe tameɖoɖowo na amewo. Enye dzidzɔ blibo be míaɖi ɖase tso aƒeme yi aƒeme, awɔ tɔtrɔyiwo, kple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo le agbalẽwo abe Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ene me. Hamemegã siwo nɔ blema Efeso alɔ̃ ɖe edzi be Paulo fia nu yewo “le gaglãgbe kple tso aƒeme yi aƒeme.” (Dɔwɔwɔwo 20:20, 21) Nyateƒee, dɔlénya sesẽwo ɖea fu na Yehowa ƒe Ðasefo nuteƒewɔla aɖewo si na womete ŋu wɔa subɔsubɔdɔa tututu o, gake wodia mɔnuwo ƒoa nu tso Yehowa kple eƒe fianyenye ŋu na ame bubuwo eye ena wokpɔa dzidzɔ geɖe.—Psalmo 145:10-14.

12, 13. Susu kawo tae wòle be míatsri nutsuɖuɖu kple ahatsunono?

12 Ne míetsri nuwɔwɔ wòagbɔ eme la, ana míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Esi Yesu nɔ nu ƒom tso eƒe anyinɔnɔ ŋu la, exlɔ̃ nu eƒe apostolowo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o; elabena adze amesiwo katã [le] anyigba blibo la ƒe ŋku me la dzi.” (Luka 21:7, 34, 35) Nutsuɖuɖu kple ahamumu da le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi kura. (Mose V, 21:18-21) Lododowo 23:20, 21 gblɔ be: “Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o. Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe, eye alɔ̃tsudɔla ɖe wònɔa ɖovu me.”—Lododowo 28:7.

13 Gake ne nutsuɖuɖu kple ahatsunono meɖo afima ke o gɔ̃ hã la, woate ŋu ana alɔ̃ natsɔ ame, alo kuvia naɖoe gɔ̃ hã ale be malé fɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu o. Godoo la, míatsi dzi ɖe ƒomegbenɔnɔ, lãmesẽ, kple nu bubuwo ŋu. Gake ne míetsɔ Fiaɖuƒenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me heka ɖe edzi be mía Dziƒofofo la anyi mí la, míakpɔ dzidzɔ. (Mateo 6:25-34) Ne menye nenema o la, “ŋkeke ma” alili mí abe “mɔ̃” ene, ɖewohĩ abe ayemɔ̃ si aɖe mí le manyamanya me alo mɔ̃ si nu woda mɔgbɔɖonu ɖo ene, abe esiwo blea lã siwo mele ɖeke nyam o eye wòɖea wo ene. Ne míele ŋudzɔ henya nyuie be “nuwuɣi” mee míele la, nusia madzɔ ɖe mía dzi o.—Daniel 12:4.

14. Nukata wòle be míado gbe ɖa vevie?

14 Gbedodoɖa vevie hã nye nu bubu si akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Yesu gaxlɔ̃ nu le eƒe nyagblɔɖi vevi la me be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.” (Luka 21:36) Ẽ, mina míado gbe ɖa be míanɔ Yehowa ƒe akpa dzi ɣesiaɣi ale be ne Yesu si nye Amegbetɔvi la va nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia tsrɔ̃ ge la, woakpɔ ŋudzedze nyui ɖe mía ŋu. Bene eme nanyo na mía ŋutɔwo kple haxɔsetɔ siwo ta míedoa gbe ɖa la, ele be ‘míanɔ ŋudzɔ le gbedodoɖa me ɖaa.’—Kolosetɔwo 4:2; Efesotɔwo 6:18-20.

Ɣeyiɣia De Vɔ

15. Dɔ kae míaƒe dzɔdzɔenyenye gbeƒãɖelawo nyenye wɔna?

15 Ðikeke mele eme o be esi míele Yehowa ƒe ŋkeke gã la lalam la, míedina be míawɔ nusianu si míate ŋui le eƒe subɔsubɔdɔa me. Ne míedo gbe ɖa nɛ vevie tso eŋu la, woate ŋu “[aʋu] ʋɔtru gã, si na dɔ geɖe” la na mí. (Korintotɔwo I, 16:8, 9) Le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, Yesu adrɔ̃ ʋɔnu eye woamã “alẽ” dzɔdzɔe siwo dze na agbe mavɔ kpɔkpɔ ɖa tso “gbɔ̃” mavɔ̃mawu siwo dze na tsɔtsrɔ̃ mavɔ la gbɔ. (Yohanes 5:22) Menye míawoe amã alẽawo me tso gbɔ̃awo gbɔ o. Gake dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele fifia la le mɔnukpɔkpɔ nam amewo be woatiae be woasubɔ Mawu ale be mɔkpɔkpɔ nanɔ wo si be woaɖe wo ayi agbe me ne Yesu “[va] le eƒe ŋutikɔkɔe me.” Ɣeyiɣi kpui si susɔ na nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia na wòhiã vevie be míatsɔ dzi blibo awɔ dɔe le ‘amesiwo ƒe nɔnɔme dze na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ la didi me.—Mateo 25:31-46; Dɔwɔwɔwo 13:48.

16. Nukata wòle be míanye Fiaɖuƒe gbeƒãɖela veviedonulawo?

16 Ɣeyiɣia de va yi na xexe si nɔ anyi le Noa ƒe ŋkekea me, eye eteƒe madidi o ɣeyiɣia ade na nuɖoanyi sia hã. Eyaŋuti mina míanye Fiaɖuƒe gbeƒãɖela veviedonulawo. Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le afɔ tsɔm nyuie, elabena míenaa nyɔnyrɔ ame akpe alafa geɖe ƒe sia ƒe wònyea adzɔgbe si woɖe na Mawu ƒe dzesi. Wole Yehowa ƒe habɔbɔ si wòyra la me tɔwo zum—“eƒe dukɔ kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe.” (Psalmo 100:3) Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be míakpɔ gome le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ si le mɔkpɔkpɔ nam ame geɖe la me hafi “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” nava!

17, 18. (a) Esi míele gbeƒã ɖem la, nukae míakpɔ mɔ be ame aɖewo awɔ? (b) Nukae alili fewuɖulawo godoo?

17 Mawu le megbe na mí eye wòkpɔa mía ta abe alesi wòwɔe na Noa ene. Ẽ, anye be ameawo, kple mawudɔla siwo do amegbetɔŋutilã, kpakple Nefilimawo ɖe alɔme le Noa ƒe gbedasia ŋu, gake ema mena wòdzudzɔ o. Egbea ne míegblɔ kpeɖodzi gbogbo siwo li be míele “ŋkeke mamleawo” me la, ame aɖewo ɖea alɔme. (Timoteo II, 3:1-5) Fewuɖuɖu ma nye Biblia ƒe nyagblɔɖi ku ɖe Kristo ƒe anyinɔnɔ ŋu me vava, elabena Petro ŋlɔe be: “Le ŋkeke mamleawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu, eye woagblɔ bena: Afika eƒe [anyinɔnɔ, NW] ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze.”—Petro II, 1:16; 3:3, 4, míawoe te gbe ɖe edzi.

18 Ðewohĩ fewuɖula siwo li egbea asusu be: ‘Naneke metrɔ tso esime wowɔ nuwo o. Míele agbe, eye amewo le nu ɖum, wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, hele viwo dzim. Ne Yesu li gɔ̃ hã la, mahe ʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ le nye agbenɔɣi o.’ Woda ƒu ŋutɔ! Ne nu bubu aɖeke meva wu wo do ŋgɔ o la, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la alili wo godoo ahatsrɔ̃ wo abe alesi tsɔtsrɔ̃ gã si va le Tɔɖɔɖɔa me he dzidzime vɔ̃ɖi aɖe va nuwuwui le Noa ƒe ŋkekea me ene.—Mateo 24:34.

Ele be Míanɔ Ŋudzɔ Godoo!

19. Aleke wòle be míabu míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔwoe?

19 Ne míeɖe adzɔgbe na Yehowa la, megadzɔ gbeɖe be tamesusu manyomanyowo nana míadɔ alɔ̃ o. Fifiae wòle be míanɔ ŋudzɔ, míaxɔ Mawu ƒe nyagblɔɖiwo dzi ase ahawɔ dɔ si wode asi na mí be ‘míawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo’ la. (Mateo 28:19, 20) Esi nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ keŋkeŋ ɖo vɔ la, mɔnukpɔkpɔ bubu aɖeke melolo wu esia be míasubɔ Yehowa Mawu le Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te ahakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” me le xexeame katã hafi nuwuwua nava o.—Mateo 24:14; Marko 13:10.

20. Kpɔɖeŋu kae Kaleb kple Yosua ɖo ɖi, eye nukae afɔ si woɖe la fia mí?

20 Yehowa ƒe ame aɖewo le esubɔm ƒe geɖe, ɖewohĩ le woƒe agbenɔɣi. Ne nyitsɔ koe míexɔ tadedeagu vavãtɔ gɔ̃ hã la, mina míanɔ abe Israel-vi Kaleb, amesi ‘dze Yehowa yome bliboe’ ene. (Mose V, 1:34-36) Eya kple Yosua wonɔ dzadzraɖoɖi nyuie hena gege ɖe Ŋugbedodonyigba dzi le Israel ɖeɖe tso kluvinyenye me le Egipte megbe kpuie. Gake xɔse menɔ Israel-vi tsitsiwo katã si o, esia ta wonɔ gbeadzi ƒe 40 sɔŋ heku tsi afima. Kaleb kple Yosua nɔ wo dome do dzi to nɔnɔme sesẽwo me le ɣeyiɣi mawo katã me, ke mlɔeba la, ŋutsu eve mawo ge ɖe anyigba si ŋugbe wodo na wo la dzi. (Mose IV, 14:30-34; Yosua 14:6-15) Ne ‘míedze Yehowa yome bliboe’ hele ŋudzɔ le gbɔgbɔ me la, dzi adzɔ mí be míayi xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me.

21. Nukae míakpɔ ne míele ŋudzɔ le gbɔgbɔ me?

21 Ðaseɖiɖiwo fia ƒã be nuwuɣia mee míele eye be Yehowa ƒe ŋkeke gã la ɖo vɔ. Menye alɔ̃dɔɣi kple kuviawɔɣi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me enye sia o. Ne míele ŋudzɔ le gbɔgbɔ me hedzra míaƒe Kristotɔ gbeƒãɖelawo kple Yehowa subɔlawo nyenye ƒe dzesidewuwo ɖo ko hafi woayra mí. Mina míaɖoe kplikpaa ‘anɔ ŋudzɔ, anɔ tsitre le xɔse me, awɔ ŋutsu, ahasẽ ŋu!’ (Korintotɔwo I, 16:13) Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, mina mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ te sesĩe ahalé dzi ɖe ƒo. Ekema míanɔ amesiwo anɔ dzadzraɖoɖi ne Yehowa ƒe ŋkeke gã la va la dome ahanye dzidzɔkpɔla siwo le ŋudzɔ hele subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Aleke nàɖe nusi míaƒe kpɔɖeŋuwuawo nye la mee, eye aleke míate ŋu adzra wo ɖoe?

◻ Mɔ siwo dzi míato anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me dometɔ aɖewo ɖe?

◻ Nukata wòle be míakpɔ mɔ na fewuɖulawo, eye aleke wòle be míabu woe?

◻ Aleke wòle be míabu míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔ lae le ŋkeke mamlɛ siawo me?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]

Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la le Kristotɔwo dzi be wòakpe ɖe wo ŋu woanɔ ŋudzɔ ahayi woƒe dɔwo wɔwɔ dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Èɖoe kplikpaa be yeanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me ahado yeƒe kpɔɖeŋuwuwoa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe