INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 2/1 axa 25
  • Ðe Anyigba La Nu Ava Yia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Anyigba La Nu Ava Yia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Woatsrɔ̃ Anyigba La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ðe Anyigba Atsrɔ̃ le Dzo Mea?
    Nyɔ!—1997
  • Nu Si Yehowa Ƒe Ŋkeke La Aɖe Ðe Go
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyabiase Ene Le Nuwuwua Ŋu Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 2/1 axa 25

Exlẽlawo Bia Be . . .

Ðe Anyigba La Nu Ava Yia?

▪ Ame aɖewo xɔe se be anyigba la nu ayi le October 21, 2011 dzi. Gake esia medzɔ o. Esia fia be Harold Camping, si wɔa dɔ le United States radiodɔwɔƒe aɖe la, ƒe nyagblɔɖia meva eme o. Egblɔ ɖi be May 21, 2011 ye anye Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea, eye anyigbaʋuʋu gã aɖe adzɔ le xexea me godoo, eye le ɣleti atɔ̃ megbe la, anyigba atsrɔ̃ keŋkeŋ le October 21 lia dzi.

Gake anyigba la nu mayi gbeɖegbeɖe o. Anyigba sia Wɔla maɖe mɔ be anyigba natsrɔ̃ o. Eƒe Nya la gblɔ be: “Dzidzime nu yina, eye bubu vana; ke anyigba ya li tegbee.”—Nyagblɔla 1:4.

Gake Biblia xlẽla aɖewo malɔ̃ ɖe nya sia dzi o, elabena wogblɔna be woatsrɔ̃ anyigba kple dzo. Wohea susu yia 2 Petro 3:7, 10 dzi, afi si gblɔ be: “To nya ma ke dzi la, wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo ɖi na dzo, eye wole wo ɖom ɖi na ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la. . . . Ke hã, Yehowa ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene, si me dziƒowo nu ava yi kple gbeɖiɖi sesẽ, gake wo me nuawo, siwo xɔ dzo gbãgbãgbã la alolõ, eye anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa.” Ðe míase egɔme be dziƒo kple anyigba ŋutɔŋutɔ ŋue Petro nɔ nu ƒom tsoea?

Ao. Nu ka tae? Elabena ele be gɔmesese si le mawunyakpukpui siawo ŋu la nawɔ ɖeka kple nya bubu siwo do ƒome kplii le Petro ƒe agbalẽa kpakple Biblia bliboa hã me. Ne anyigba kple dziƒo ŋutɔŋutɔe wowɔnɛ le kpukpui mawo me la, ke afia be dziƒowo, si me ɣletivi biliɔn geɖe kple nu bubuwo hã le la atsrɔ̃ le esi anyigba, si le sue ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple xexe gbahooa, la dzi nɔla aɖewo vɔ̃ɖi ta ko. Ðe nàtsrɔ̃ ƒutanyigba gã aɖe le esi kekui ɖeka le ƒua ta menyo ŋuwò o ta koa? Susu manɔ eme be nàwɔ nu ma o! Eya ta Yehowa hã matsrɔ̃ xexe gbahooa le esi ame aɖewo dze aglã le eƒe nuwɔwɔwo dometɔ ɖeka pɛ, si nye anyigba la, dzi ta ko o.

Azɔ hã, susu ma mawɔ ɖeka kple nya aɖe si Yesu Kristo gblɔ o. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mateo 5:5; Psalmo 37:29) Ðe vifofo lɔ̃ame atu xɔ nyui aɖe na eƒe ƒomea vɔ ko agatɔ dzoea? (Psalmo 115:16) Gbeɖe! Nenema kee Yehowa nye Wɔla heganye Fofo lɔ̃ame hã.—Psalmo 103:13; 1 Yohanes 4:8.

Petro zã nya “anyigba” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Amegbetɔƒomea me tɔ siwo nye ame vɔ̃ɖiwo ŋu nya gblɔmee wòle. De dzesii be Petro tsɔ Noa ŋɔli me Tsiɖɔɖɔa wɔ kpɔɖeŋui. (2 Petro 3:5, 6) Ame vɔ̃ɖiwo koe tsrɔ̃ le Tsiɖɔɖɔa me; anyigba ŋutɔ kple ame dzɔdzɔe Noa kpakple eƒe ƒomea ya tsi agbe. Nenema kee nya “dziƒowo” si ŋu Petro ƒo nu tsoe la hã nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ. “Dziƒowo” le tsitre ɖi na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ɖe ame mavɔ̃mawuwo dzi. Eya ta ame vɔ̃ɖi sẽdzimewo kple dziɖuɖu gblẽkuwoe woalólo alo atsrɔ̃ ɖa, bene Mawu ƒe dziƒodziɖuɖu, alo Fiaɖuƒe la, naxɔ ɖe wo teƒe.—Daniel 2:44.

Eya ta ɖe anyigba la nu ava yia? Ao. Kpɔɖeŋunyigba, si le tsitre ɖi na ame vɔ̃ɖiwo, ye atsrɔ̃. Anyigba ŋutɔ, kple mawuvɔ̃la siwo asusɔ ɖe edzi la, anɔ anyi tegbee.—Lododowo 2:21, 22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe