“Susu Ŋudɔwɔwɔ Nyuie” Esime Nuwuwua le Aƒe Tum
“Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miwɔ susu ŋudɔ nyuie.” —PETRO I, 4:7, NW.
1. Nukae “susu ŋudɔwɔwɔ nyuie” bia?
ELE be apostolo Petro ƒe nya siwo dze le etame la nawɔ dɔ ɖe alesi Kristotɔwo zãa woƒe agbee dzi vevie. Gake Petro megblɔ na eƒe nya la xlẽlawo be woaɖe asi le woƒe ŋutilãmegbanɔamedziwo kple agbemedzimaɖitsitsiwo ŋu o; eye mede dzi ƒo na wo be woatsi klokloklo ɖe tsɔtsrɔ̃ si ɖo vɔ ŋu hã o. Exlɔ̃ nu wo boŋ be: “Miwɔ susu ŋudɔ nyuie.” “Susu ŋudɔwɔwɔ nyuie” bia be míabu nuwo ŋu nyuie, míawɔ nusi me susu le, míadze aɖaŋu, eye míabu nu ŋu le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo me. Efia be míana Mawu ƒe Nya nafia mɔ míaƒe tamebubu kple nuwɔnawo. (Romatɔwo 12:2) Esi wònye “dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina” ye míele ta la, ehiã be míawɔ susu ŋudɔ nyuie be míade axa na kuxiwo kple fuɖenamewo.—Filipitɔwo 2:15.
2. Aleke Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ ɖi blewu ɖea vi na Kristotɔwoe egbea?
2 “Susu ŋudɔwɔwɔ nyuie” gakpena ɖe mía ŋu be míada asɔ nyuie, abu mía ɖokui ŋu abe alesi dze ene. (Tito 2:12, NW; Romatɔwo 12:3) Esia hiã vevie le nya siwo woŋlɔ ɖe Petro II, 3:9 ta, be: “Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.” De dzesii be Yehowa gbɔ dzi ɖi blewu, menye na dzimaxɔsetɔwo ɖeɖeko o, ke “na mi”—Kristo-hamea me tɔwo hã. Nukatae? Elabena “melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o.” Ðewohĩ ehiã be ame aɖewo nagawɔ tɔtrɔ kple ɖɔɖɔɖowo hafi adze na agbe mavɔ nunana la xɔxɔ. Eyata mina míakpɔ afisiwo ɖɔɖɔɖo aɖewo ate ŋu ahiã le ɖa.
“Susu Ŋudɔwɔwɔ Nyuie” le Mía Kple Amewo Dome
3. Nya kawoe dzilawo ate ŋu abia wo ɖokui le wo viwo ŋu?
3 Ele be aƒeme nanye ŋutifafanɔƒe. Gake le ame aɖewo gome la, “aƒe, si me yɔ fũ . . . kple dzre” ye wònyena. (Lododowo 17:1) Ke wò ƒomea ɖe? Ðe “dziku kple ɣlidodo” mele wò aƒeme oa? (Efesotɔwo 4:31) Viwòwo hã ɖe? Wosenɛ le wo ɖokui me be wolɔ̃ yewo eye wokpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋua? (Tsɔe sɔ kple Luka 3:22.) Èdia ɣeyiɣi fiaa nu wo henaa hehe woa? ‘Èhea wo le dzɔdzɔenyenye me’ ke menye le dɔmedzoe kple dziku me oa? (Timoteo II, 3:16) Esi ɖeviwo nye “domenyinu tso Yehowa gbɔ” ta la, etsɔ ɖe le alesi wowɔa nu ɖe wo ŋui me.—Psalmo 127:3.
4. (a) Nukae ate ŋu adzɔ ne srɔ̃ŋutsu sẽa tagbɔ le srɔ̃a ŋu? (b) Aleke srɔ̃nyɔnuwo awɔ ŋutifafa nanɔ wo kple Mawu dome eye dzidzɔ nanɔ ƒome bliboa me?
4 Ke mía srɔ̃wo hã ɖe? “[Ele] na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui; elabena ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi, abe alesi Aƒetɔ la wɔna na hame la ene.” (Efesotɔwo 5:28, 29) Menye ɖeko ŋutsu si dzua ame, si ɖua aƒetɔ ɖe ame dzi, alo si mebua nu ŋu o gblẽa eya ŋutɔ ƒe aƒeme ƒe tomefafa me ko o ke egblẽa nu le wo kple Mawu dome ƒomedodo hã ŋu. (Petro I, 3:7) Srɔ̃nyɔnuwo hã ɖe? Ele be woawo hã ‘nabɔbɔ wo ɖokui na wo srɔ̃wo abe na Aƒetɔ la ene.’ (Efesotɔwo 5:22) Ne nyɔnu bua alesi eƒe nu nadze Mawu ŋu ŋuti la, akpe ɖe eŋu be wòaŋe aɖaba aƒu srɔ̃a ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi abɔbɔ eɖokui nɛ dziku manɔmee. Ɣeaɖewoɣi srɔ̃nyɔnu adi be yeagblɔ yeƒe susu. Lododowo 31:26 gblɔ le srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ ŋu be: “Ekea eƒe nu kple nunya, eye nufiame fafɛwo le eƒe aɖe dzi.” Ne nyɔnua bua srɔ̃a eye wòwɔa nu ɖe eŋu le dɔmefafa me la, ŋutifafa anɔ wo kple Mawu dome, eye wòana dzidzɔ nanɔ ƒome bliboa me.—Lododowo 14:1.
5. Nukatae wòle be sɔhɛwo nawɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amenya le alesi woawɔ nu ɖe wo dzilawo ŋui me dzi?
5 Ðeviwo, aleke miebua mia dzilawoe? Ðe miezãa nya veame kple amemabumabunya siwo ŋu woɖea mɔ ɖo zi geɖe le xexeamea? Alo ɖe miewɔna ɖe Biblia ƒe sededea dzi be, “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. ‘Bu fofowò kple dawò,’—esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la—‘bene wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie le anyigba dzi’ ”?—Efesotɔwo 6:1-3.
6. Aleke míate ŋu adi ŋutifafa kple mía hati subɔlawoe?
6 Míeɖea “susu ŋudɔwɔwɔ nyuie” fiana ne ‘míedia ŋutifafa eye míetia eyome’ kple hatisubɔlawo. (Petro I, 3:11) Masɔmasɔwo kple nyaʋiʋliwo doa mo ɖa ɣeaɖewoɣi. (Yakobo 3:2) Ne míeléa nya ɖe dɔme la, ate ŋu agblẽ nu le hame bliboa ƒe ŋutifafa ŋu. (Galatiatɔwo 5:15) Eyata mikpɔ nyaʋiʋliwo gbɔ kaba; midi alesi miakpɔ wo gbɔe le ŋutifafa me.—Mateo 5:23-25; Efesotɔwo 4:26; Kolosetɔwo 3:13, 14.
“Susu Ŋudɔwɔwɔ Nyuie” Kple Ƒomegbanɔamedziwo
7. (a) Aleke Paulo de “susu ŋudɔwɔwɔ nyuie” le ŋutilãmenuwo gome ƒe dzi ƒoe? (b) Nukae wòle be wòanye Kristotɔ srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ƒe nɔnɔme ɖe woƒe aƒemegbanɔamedziwo ŋu?
7 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be “[woanɔ] anyi le susu ŋudɔwɔwɔ nyuie me.” (Tito 2:12, NW) Enyo be míade dzesii be le nya siwo do ŋgɔ me la, Paulo xlɔ̃ nu nyɔnuwo be “woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo, woanye ɖokuidziɖulawo, ame dzadzɛwo, aƒe me dɔwɔlawo, dɔmenyotɔwo.” (Tito 2:4, 5) Ƒe 61-64 M.Ŋ. si nye ƒe ʋee aɖewo do ŋgɔ na Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwue Paulo ŋlɔ nya mawo. Gake ŋutilãmedɔwo, abe aƒemedɔwo ene, gahiã kokoko. Eyata ele be susu nyui nanɔ srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo si ɖe aƒemegbanɔamedziwo ŋu ale be “woagagblɔ busunya ɖe mawunya la ŋuti o.” Ƒometa aɖe do taflatse na amedzro aɖe le alesi eƒe aƒeme le nyamaae ta. Eɖe nusitae nuwo nɔ nyamaa me be “esi yenɔ mɔɖeɖedɔa wɔm tae.” Edzea kafukafu ne míetsɔ nuwo sa vɔe ɖe Fiaɖuƒea ta, gake ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míagatsɔ míaƒe ƒomea ƒe nyonyo ade afɔku me o.
8. Aleke ƒometawo awɔ akpɔ woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo le mɔ si da sɔ nu?
8 Biblia xlɔ̃ nu vifofowo be woada woƒe ƒomewo ɖe nɔƒe gbãtɔ esi wògblɔ be amesi mekpɔa eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ o la, “egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Alesi amewo nɔa agbee to vovo le xexeame ƒe akpa vovovowo, eye enyo be womagaka bo na ame ɖokui le ŋutilãmenuwo me wòakɔ wu alesi dze o. Lododowo 30:8 ŋlɔla la do gbe ɖa be: “Megana ahedada kple hotsuim o.” Gake mele be dzilawo nagbe ɖetsɔtsɔ le wo viwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo me o. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nunya anɔ eme be woaɖoe koŋ agblẽ ame ƒe ƒome ɖi agbemenuhiahiã veviwo madimadi na woe le teokrasi mɔnukpɔkpɔwo yometiti taa? Ðe esia mado dziku na amea ƒe viwo oa? Lododowo 24:27 gblɔ boŋ be: “Wɔ wò dɔwo le xexe, eye nade wò agble, emegbe hafi natu [wò ƒomea ɖo].” Nyateƒee, togbɔ be esɔ be woatsi dzi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu hã la, ‘ame ƒe ƒome tutuɖo’—le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome—hiã vevie.
9. Nukatae nunya le eme be ƒometawo nabu alesi wòate ŋu adzɔe be woaku alo adze dɔe ŋu?
9 Èwɔ ɖoɖo ɖe wò ƒomea ƒe dzikpɔkpɔ ŋu ne eva dzɔ be èku kpataa? Lododowo 13:22 gblɔ be: “Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome.” Tsɔ kpe ɖe sidzedze Yehowa kpakple ame kplii dome ƒomedodo si ƒe dome ɖeviwo anyi tso wo dzilawo gbɔ ŋu la, woadi be yewoana woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo hã wo. Le dukɔ geɖe me la, ƒometa siwo bua woƒe ƒomewo ŋu dzea agbagba dzraa ga ɖo, wowɔa domenyinumãgbalẽ si ŋu ŋusẽ le le se nu, kple kumegbega si nugblẽfexehawo xena na ame ƒe megbeviwo. Ne míebu eŋu kpɔ la, “azãgbe kple nuɖiɖeame” dzɔna ɖe Mawu ƒe amewo hã dzi. (Nyagblɔla 9:11) Ga nye ‘takpɔkpɔ,’ eye ɖoɖo nyui wɔwɔ ɖi ate ŋu ana hiã maka ame o. (Nyagblɔla 7:12) Le dukɔ siwo me dziɖuɖua mexea kɔdzife na ame o me la, ame aɖewo aɖoe be yewoaɖo ga aɖe ɖi ɖe yewoƒe kɔdzifewo xexe ŋu alo awɔ ɖoɖo aɖe tɔgbe ɖe eŋu.a
10. Aleke dzila Kristotɔwo ate ŋu ‘atu nuwo ɖo’ na wo viwoe?
10 Ŋɔŋlɔawo gagblɔ be: “Medze bena, viwo natu nuwo ɖo na wo dzilawo o, hafi dzilawo natu nuwo ɖo na viwo boŋ.” (Korintotɔwo II, 12:14) Ebɔ le xexeame be dzilawo nadzra ga ɖo ɖi na wo viwo ƒe sukudede kple srɔ̃ɖeɖe le etsɔme bene woatsɔ adze agbe gɔmee. Èbu dzadzraɖowɔwɔ ɖe viwò ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu le etsɔme ŋu kpɔa? Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ɖevi aɖe si tsi fifia le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm. Togbɔ be mele be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo nabia ame bubuwo ƒe gakpekpeɖeŋu o eye mele be woanɔ ŋu ɖom ɖe eŋu o hã la, ɖewohĩ dzila siwo lɔ̃a wo vi la adi be ‘yewoana nui le eƒe nuhiahiãwo nu’ bene yewoatsɔ akpe ɖe eŋu wòanɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.—Romatɔwo 12:13; Samuel I, 2:18, 19; Filipitɔwo 4:14-18.
11. Ðe ga ŋu bubu si sɔ fia xɔsemanɔamesia? Ðe eme.
11 Ðoɖo si sɔ wɔwɔ ɖe ga ŋu mefia be womexɔ edzi se be Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe nuwuwu gogo o. ‘Susu ŋudɔwɔwɔ’ kple nuŋububu nyuie koe wònye. (Lododowo 2:7; 3:21) Yesu gblɔ kpɔ be “xexe sia me viwo dze aɖaŋu wu kekeliviwo” le woƒe ga zazã me. (Luka 16:8) Eyata mewɔ nuku o be ame aɖewo kpɔe be ehiã be yewoatrɔ asi le alesi yewozãa yewoƒe nunɔamesiwoe ŋu, ale be yewoate ŋu akpɔ yewoƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie wu.
“Susu Ŋudɔwɔwɔ Nyuie” le Alesi Míebua Sukudedee Me
12. Aleke Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeyewo ŋui?
12 ‘Xexe sia me nuwo ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm,’ eye ganyawo ƒe tɔtrɔ gãwo kple mɔ̃ɖaŋununya ƒe ŋgɔyiyiwo le vavam kabakaba. (Korintotɔwo I, 7:31) Gake Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Zi gbãtɔ si wòɖo wo ɖe gbeƒãɖeƒe la, egblɔ na wo be: “Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o; migatsɔ mɔzɔkotoku alo awu eve, atokotawo alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu.” (Mateo 10:9, 10) Gake Yesu gblɔ na wo ɣebubuɣi be: “Amesi gakotoku le esi la, netsɔe, nenema ke mɔzɔkotoku hã.” (Luka 22:36) Nukae trɔ? Nɔnɔmeawoe. Subɔsubɔhawo ƒe fuléle nu va sẽ ɖe edzi, eye fifia ele be woadzra ɖo ɖe wo ɖokui ŋu.
13. Nukae nye sukudede ƒe taɖodzinu vevitɔ, eye aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu le esia mee?
13 Nenema ke egbea hã, ahiã be dzilawo nalé ŋku ɖe alesi ganyawo le fifia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèkpɔa egbɔ be viwòwo de suku ɖo afisi sɔa? Ele be sukudede ƒe taɖodzinu vevitɔ nanye be wòakpe ɖe ɖeviwo ŋu be woazu Yehowa subɔla nyuiwo. Eye hehexɔxɔ si ƒo ɖesiaɖe tae nye gbɔgbɔmehehe xɔxɔ. (Yesaya 54:13) Dzilawo tsɔ ɖe le alesi wo viwo ate ŋu akpɔ ga akpɔ wo ɖokui dzii me. Eyata mifia mɔ mia viwo, mikpe ɖe wo ŋu be woatia sukunusɔsrɔ̃ siwo sɔ, eye midzro eme kple wo ne anyo be woagayi suku akpee alo manyo o. Ƒomea ƒe agbanɔamedzie nyametsotso siawo nye, eye mele be ame bubuwo nahe nya ɖe afɔ si woɖe ŋu o. (Lododowo 22:6) Ke amesiwo tiae be yewoafia nu yewo viwo le aƒeme ɖe?b Togbɔ be ame geɖe dze agbagba siwo dze kafukafu hã la, ame aɖewo kpɔe be dɔa sesẽ wu alesi yewobui, eye esia gblẽ nu le wo viwo ŋu. Eyata ne èle nufiafia viwòwo le aƒeme ŋu bum la, kpɔ egbɔ be yebu nusiwo wòabia la ŋu nyuie, nàbu eŋu kpɔ ne ŋutetea le ŋuwò eye nàte ŋu amlã ɖokuiwò awɔe vaseɖe nuwuwu.—Luka 14:28.
‘Mègadi Nu Gãwo O’
14, 15. (a) Aleke Barux meva li ke le gbɔgbɔ mee o? (b) Nukatae wònye bometsitsi be ‘wòadi nu gãwo’?
14 Esi nuɖoanyi sia mewu enu haɖe o ta la, ame aɖewo adi be yewoadi xexeamenuwo—agbemedɔ siwo ŋu bubu le, dɔ siwo me ga le, kpakple kesinɔnuwo. Bu Yeremya ƒe agbalẽŋlɔla Barux ŋu kpɔ. Exa nu be: “Baba nam, elabena Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu, nye hũɖeɖe ti kɔ nam, eye nyemekpɔ gbɔdzɔe aɖeke o.” (Yeremya 45:3) Nu ti kɔ na Barux. Agbalẽŋlɔla nyenye na Yeremya nye dɔ sesẽ si me dzitsitsi le. (Yeremya 36:14-26) Eye ewɔ abe ɖe dzitsitsia nu matso o ene. Axɔ ƒe 18 sɔŋ hafi woatsrɔ̃ Yerusalem.
15 Yehowa gblɔ na Barux be: “Nusi nye ŋutɔ metu la, magbãe aƒu anyi, eye nusi medo la, mahoe ɖa, anyigba blibo la dzi wòava; hafi wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Megadi wo o.” Barux megali ke tututu o. Edze ‘nu gãwo didi na eɖokui’ gɔme, ɖewohĩ enɔ kesinɔnuwo, ŋkɔxɔxɔ, alo ŋutilãmededienɔnɔ dim. Esi Yehowa ‘le anyigba la ŋutɔ gɔ̃ hã ho ge ɖa’ la, vi kae wòaɖe be wòanɔ nusiawo dim? Eyata Yehowa gblɔ ŋkuɖodzinya siawo siwo ŋu bubu hiã vevie na Barux, be: “Mahe dzɔgbevɔ̃e ava ŋutilãwo katã dzi; ke mana wò agbe nazu aboyonu na wò le teƒe, siwo katã nayi.” Ŋutilãmenunɔamesiwo matsi anyi le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ me o! Eƒe ‘agbe’ dzi koe Yehowa ka ɖo nɛ be ‘azu aboyonu’ nɛ.—Yeremya 45:4, 5.
16. Nufiame kae le Barux ƒe nya la me na Yehowa ƒe amewo egbea?
16 Barux xɔ Yehowa ƒe ɖɔɖɔɖoa, eye abe alesi Yehowa do ŋugbe nɛ ene la, esi dzo heɖe eƒe agbe. (Yeremya 43:6, 7) Nufiame vevi kae nye si wònye na Yehowa ƒe amewo egbea! Menye fifiae nye ɣeyiɣi si me ‘míanɔ nu gãwo dim na mía ɖokui o.’ Nukatae? Elabena “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo.”—Yohanes I, 2:17.
Ɣeyiɣi si Susɔ la Zazã Nyuie
17, 18. (a) Aleke Yona wɔ nui esi Niniwetɔwo trɔ dzime? (b) Nufiame kae Yehowa na Yona?
17 Ke aleke míate ŋu azã ɣeyiɣi si susɔ la ɖe mɔ nyuitɔ kekeake nui? Srɔ̃ nu tso nusi dzɔ ɖe nyagblɔɖila Yona dzi me. “[Eyi] Niniwe . . . heɖe gbeƒã gblɔ bena: Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃!” Ewɔ nuku na Yona be Niniwetɔwo se yeƒe nya la hetrɔ dzime! Yehowa megatsrɔ̃ dua o. Aleke Yona wɔ nui? “Yehowa, xɔ nye agbe le asinye! Elabena enyo nam be, maku wu esi manɔ agbe.”—Yona 3:3, 4; 4:3.
18 Azɔ Yehowa fia nu vevi aɖe Yona. “[Edɔ] treklɔnu wòva mie ɖe Yona ta me, ne wòado vɔvɔli ɖe edzi . . . tete Yona kpɔ dzidzɔ le treklɔnu la ŋu ŋutɔ.” Gake Yona ƒe dzidzɔkpɔkpɔa menɔ anyi didi o, elabena mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi treklɔnua yrɔ o. Yona ‘do dɔmedzoe vevie’ ɖe alesi ŋdɔ va le eɖum ta. Yehowa na Eƒe nufiame la me kɔ nɛ kɔte esi wògblɔ nɛ be: “Treklɔnu . . . la ƒe nu vewòm,—ɖe du gã Niniwe, si me amewo le wu ame akpe alafa ɖeka blave, siwo menya nuka enye ɖusi kple mia hekpe ɖe lã geɖewo ŋu la ƒe nu mavem oa?”—Yona 4:6, 7, 9-11.
19. Ðokuiŋububu ƒe susu kae wòle be míatsri?
19 Aleke gbegbe Yona nye ɖokuiŋubulae le eƒe nuwo ŋu bubu mee nye si! Numiemie ƒe nu vee, gake nublanuikpɔkpɔ aɖeke menɔ eme na Niniwetɔwo o—amesiwo ne míagblɔe le gbɔgbɔ me gome la, ‘womenya nusi nye ɖusi kple mia o.’ Nenema ke míawo hã míadi xexe vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ ƒe vava vevie eye esɔ nenema hã! (Tesalonikatɔwo II, 1:8) Gake esime míele lalam la, dɔ le mía dzi be míakpe ɖe dzianukwaretɔ siwo ‘menya nusi nye woƒe ɖusi kple mia o’ le gbɔgbɔ me gome la ŋu. (Mateo 9:36; Romatɔwo 10:13-15) Àzã ɣeyiɣi kpui si susɔ la atsɔ akpe ɖe ame geɖe alesi nàte ŋui ŋu be Yehowa ŋuti sidzedze xɔasi la nasu wo sia? Dɔ kae agate ŋu asɔ kple dzidzɔ si tsoa kpekpe ɖe ame aɖe ŋu be wòakpɔ agbe me?
Yi Edzi ‘Nàwɔ Susu Ŋudɔ Nyuie’ le Wò Agbenɔnɔ Me
20, 21. (a) Mɔ siwo dzi míate ŋu aɖe “susu ŋudɔwɔwɔ nyuie” afia le le ŋkeke siwo gbɔna me ƒe ɖewo ɖe? (b) Yayra kawoe atso eme na mí ne míenɔ anyi le “susu ŋudɔwɔwɔ nyuie” me?
20 Esi Satana ƒe nuɖoanyia yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me la, míado go kuxi yeyewo godoo. Timoteo II, 3:13 gblɔ ɖi be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu.” Gake migana “ɖeɖi nate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le miaƒe luʋɔwo me” o. (Hebritɔwo 12:3) Miziɔ ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ mi. (Filipitɔwo 4:13) Misrɔ̃ alesi miatrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋui, alesi miatrɔ ɖe nɔnɔme siawo siwo le gbegblẽm ɖe edzi ŋui tsɔ wu be mianɔ ɣeyiɣi siwo va yi ŋu bum. (Nyagblɔla 7:10) Miwɔ nu nunyatɔe, eye miazɔ aduadu kple mɔfiame siwo nam “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la le.—Mateo 24:45-47.
21 Míenya ɣeyiɣi si gasusɔ o. Gake míate ŋu atsɔ kakaɖedzi agblɔe be “nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ.” Vaseɖe esime nuwuwu ma nava la, mina míanɔ anyi le “susu ŋudɔwɔwɔ nyui” me kple mía nɔewo, le alesi míeléa be na míaƒe ƒomewo me, kple le míaƒe ŋutilãmegbanɔamedziwo me. Ne míewɔe alea la, mí katã míate ŋu aka ɖe edzi be woakpɔ mí mlɔeba “le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui”!—Petro II, 3:14.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le kpɔɖeŋu me, atikewɔwɔ ƒe nugblẽfexexe ƒe ɖoɖo le ame geɖe si le United States, togbɔ be exɔ asi hã. Ðasefowo ƒe ƒome aɖewo kpɔe be enɔa bɔbɔe na ɖɔktawo be yewoada dɔ na ame ʋumazãmazãe ne atikewɔwɔ ƒe nugblẽfexeɖoɖo le ƒomea si. Ðɔkta geɖe alɔ̃ be yewoaxɔ ga home ɖesiaɖe si nugblẽfexeha la alo dziɖuɖua axe na yewo.
b Sukunu fiafia ame viwo le aƒeme nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. Kpɔ nyati si nye “Sukudede le Aƒeme—Ade Dziwòa?” si le April 8, 1993, Eŋlisigbe me Nyɔ! me.
Numetotonyatiwo
◻ Aleke míawɔ aɖe “susu ŋudɔwɔwɔ nyuie” afia le mía kple amewo dome ƒomedodo me?
◻ Aleke míawɔ ada asɔ le míaƒe ƒomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ me?
◻ Nukatae wòle be dzilawo natsɔ ɖe le wo viwo ƒe sukudede me?
◻ Nukawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Barux kple Yona gbɔ?
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu sẽa tagbɔ le wo nɔewo ŋu la, egblẽa nu le wo kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Ele be dzilawo natsɔ ɖe le wo viwo ƒe sukudede me