Gɔmeɖosea Gɔmesese Ðea Tsitsi Fiana
HADEDE vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo. Nusi nèƒã la, eyae nàŋe. (Korintotɔwo I, 15:33; Galatiatɔwo 6:7) Le ŋutilã me alo gbɔgbɔ me o, nyagbɔgblɔ ɖesiaɖe nyea kpɔɖeŋu na nyateƒenya vevi aɖe si dzi woanɔ te ɖo awɔ nu bubuwo—gɔmeɖose—eye woate ŋu anɔ te ɖe ɖesiaɖe dzi ade se. Gake sewo ate ŋu anɔ anyi sẽ ko wo nu nayi, eye wokuna ɖe nane koŋ ŋu. Gake gɔmeɖosewo ya kuna ɖe nu geɖe ŋu, eye woate ŋu anɔ anyi ɖaa. Eyata Mawu ƒe Nya de dzi ƒo na mí be ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, míabu gɔmeɖose siwo ŋu nuwo ku ɖo ŋu.
Webster’s Third New International Dictionary ɖe gɔmeɖose gɔme be enye “nyateƒenya gbadza alo esi le vevie si dzi wonɔa te ɖo wɔa nu bubuwo: se, alo nufiafia, vevi si ku ɖe nu vovovo ŋu si dzi wonɔa te ɖo wɔa nu bubuwo, nususukpɔ si dzi wotu nu bubuwo ɖo alo si me woɖea nu bubuwo tsonae.” Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu ade se na ɖevi be, “Mègaka asi gamlea ŋu o.” Gake asu be nàgblɔ na ame tsitsi be, “Gamlea xɔ dzo.” De dzesii be nyagbɔgblɔ evelia ku ɖe nu bubuwo ŋu wu. Nusitae nye be akpɔ ŋusẽ ɖe nusi míawɔ dzi—ne míele nu ɖam, míele abolo mem, alo míele dzo tsim le gamlea me—le mɔ aɖe nu la, ezu gɔmeɖose.
Gake gbɔgbɔmenuwo ŋue agbe me gɔmeɖose vevitɔwo kuna ɖo; wofiaa mɔ mí le míaƒe tadedeagu na Mawu kple míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. Gake ame aɖewo medina be yewoadze agbagba aɖeke be yewoatsɔ gɔmeɖosewo abu nuwo ŋui o. Woƒe dzi dzea eme be yewoatsɔ se awɔ dɔe ne wodi be yewoatso nya me. Nunya mele nuwɔna sia me o eye mewɔ ɖeka kple kpɔɖeŋu si nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ɖo ɖi o.—Romatɔwo 15:4.
Amesiwo Tsɔ Mawu me Gɔmeɖosewo Wɔ Dɔe
Le amegbetɔ madeblibowo dome la, míate ŋu ayɔ Abel be eyae nye ame gbãtɔ si tsɔ mawumegɔmeɖose wɔ dɔe. Anɔ eme be ebu ‘dzidzimevia’ ƒe ŋugbe si wodo ŋu vevie eye wòkpɔe be ahiã vɔsaʋu hafi woaɖe ame tso nuvɔ̃ me. (Mose I, 3:15) Eyata etsɔ ‘eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi aɖewo’ sa vɔe na Mawu. Esi wogblɔ be “woƒe amiteƒewo” (NW) la, efia be nu nyuitɔ kekeake si le Abel sie wòtsɔ na Yehowa. Gake ƒe akpe eve kple edzivɔ nɔ Abel ƒe ku megbe hafi Mawu gblɔ vɔsa ƒe nudidiwo tsitotsito zi gbãtɔ. Gake ɖeko Kain, amesi ƒe nuwɔna to vovo na nɔvia Abel si vɔ̃a Mawu eye wòtsɔa gɔmeɖose wɔa dɔe tɔ ya va sa vɔa na Mawu abe kɔnu ko ene. Gake eƒe nɔnɔme mesɔ kura o, eye nane dze le eƒe vɔsaa ŋu si fia be eƒe dzi mekpɔa ŋudzedze ɖe gɔmeɖose ŋu o.—Mose I, 4:3-5.
Noa hã nye amesi tsɔ mawumegɔmeɖose wɔ dɔe. Togbɔ be Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ na mí be Mawu de se nɛ tẽ be wòakpa aɖakaʋu hã la, míexlẽe le afi aɖeke be egblɔ nɛ be wòaɖe gbeƒã na ame bubuwo o. Ke hã woyɔ Noa be “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.” (Petro II, 2:5) Togbɔ be anɔ eme be Mawu agblɔ na Noa be wòaɖe gbeƒã hã la, ɖikekemanɔmee la, alesi wòtsɔa gɔmeɖose wɔa dɔe kple lɔlɔ̃ na ehavi hã ʋãe le esia wɔwɔ me. Esi míele ɣeyiɣi si ɖi Noa tɔ me ta la, mina míasrɔ̃ eƒe nɔnɔme kple kpɔɖeŋu nyui la.
Yesu ƒe nɔnɔme to vovo na eŋɔli me subɔsubɔhakplɔlawo, gɔmeɖose ŋudɔwɔwɔe wòtsɔ fia nu amewoe. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye eƒe Todzimawunya la. Nusi dze le eme katãe nye biabia tso amewo si be woatsɔ gɔmeɖose awɔ dɔe. (Mateo, ta 5-7) Nusita Yesu fia nu aleae nye be abe Abel kple Noa, amesiwo nɔ anyi do ŋgɔ nɛ ene la, enya Mawu le nyateƒe me. Esime wònye ɖevi gɔ̃ hã la, ede bubu gã aɖe nyateƒe vevi sia ŋu be: “Amegbetɔ mele abolo ƒe agbe ko o, ke boŋ . . . le nya, siwo katã do tso Yehowa nu la ta.” (Mose V, 8:3; Luka 2:41-47) Ẽ, nu vevi si akpe ɖe ame ŋu be wòanye amesi tsɔa mawumegɔmeɖose wɔa dɔe enye be wòanya Yehowa le nyateƒe me, nusiwo wòlɔ̃na, nusiwo melɔ̃na o, kple eƒe tameɖoɖowo. Ne Mawu ŋuti gɔmeɖose siawo fiaa mɔ míaƒe agbenɔnɔ la, wozuna na mí abe gɔmeɖose siwo wɔa dɔ ŋutɔŋutɔ ene.—Yeremya 22:16; Hebritɔwo 4:12.
Gɔmeɖosewo Kple Míaƒe Dzi
Woate ŋu awɔ ɖe se dzi togbɔ be ate ɖe ame dzi hã, ɖewohĩ le vɔvɔ̃ be woava he to na ye ne yemewɔ ɖe edzi o ta. Gake ne wowɔna ɖe gɔmeɖose dzi la, mana wòadzɔ nenema o, elabena nusi koŋ wɔwɔ ɖe gɔmeɖose dzi biae nye be woawɔ ɖe nya dzi tso ame ƒe dzi me. Bu Yosef, amesi hã nɔ anyi abe Abel kple Noa ene do ŋgɔ na Mose ƒe Se nubabla ɖoɖo anyi la ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Esi Potifar srɔ̃ dze agbagba be yeable Yosef la, egblɔ be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” Ẽ, Yosef nya gɔmeɖose si gblɔ be atsu kple asiwo nye “ŋutilã ɖeka.”—Mose I, 2:24; 39:9.
Gɔmeɖose dzɔdzɔewo megale xexeame egbea o. Ŋutasesẽ kple agbegbegblẽnɔnɔ nuwo ŋue wovuna ɖo. Nusi nye afɔkue nye be adzro Kristotɔwo hã be yewoaɖɔ nuɖuɖu manyomanyo ma ke akpɔ—sinimawo, videowo, alo agbalẽwo—ɖewohĩ be yewoabe dzaa aɖɔe kpɔ. Eyata ne abe Yosef ene míetsria vɔ̃ le esi míetsɔa gɔmeɖose wɔa dɔe ta, eye míeɖo ŋku edzi be nuteƒewɔlawo ko tae Mawu akpɔ ato “xaxa gã” si gbɔna me la, aleke gbegbe wòdze kafukafue nye si. (Mateo 24:21) Le nyateƒe me, alesi míewɔa nu le ɣaɣlaƒee, menye le dutoƒo o, ye ɖea amesi ƒomevi míenye le ememe ŋutɔŋutɔ fiana.—Psalmo 11:4; Lododowo 15:3.
Eyata ne Biblia ƒe gɔmeɖosewo fiaa mɔ mí la, míadi nusiwo míesusu be wonye gbagbãƒewo le Mawu ƒe sewo me o; eye míatee akpɔ be afikae míate ŋu awɔ nu asee si míada se aɖe dzi ŋutɔŋutɔ o. Tamebubu alea nye nugbegblẽ le ame ɖokui ŋu; nu ko wòava gblẽ le mía ŋu.
De Ŋugble le Nusi Sea Fia Ŋu
Gake sewo wɔa akpa vevi aɖe le Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me. Wole abe dzɔla siwo kpɔa mía ta ene eye gɔmeɖose vevi geɖewo dzie wotua wo ɖo. Ne míede dzesi gɔmeɖose siawo o la, ana míadi be míawɔ se siwo wotu ɖe wo dzi la dzi o. Esia ƒe kpɔɖeŋu dze le blema Israel-dukɔa ŋu.
Mawu tsɔ Se Ewoawo na Israel, eye eƒe gbãtɔ gbe na wo be womegade ta agu na mawu bubu aɖeke wu Yehowa o. Gɔmeɖose me nyateƒenya si dzi wotu se sia ɖoe nye be Yehowae wɔ nuwo katã. (Mose II, 20:3-5) Gake ɖe dukɔa nɔ agbe ɖe gɔmeɖose sia nua? Yehowa ŋutɔ ɖo eŋu be: “[Israel-viwo] le gbɔgblɔm na ati be: Wòe nye mía fofo, eye na kpe be: Wòe dzi mí. Elabena wotrɔ ʋume [de Yehowa], eye menye ŋku me o.” (Yeremya 2:27) Bometsitsi si nye dzimesesẽ kple gɔmeɖose dzi mawɔmawɔ ka gbegbee nye si! Eye aleke gbegbe wòve dzi na Yehowae nye si!—Psalmo 78:40, 41; Yesaya 63:9, 10.
Mawu de sewo na Kristotɔwo hã. Le kpɔɖeŋu me, ele be woatsri trɔ̃subɔsubɔ, gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, kple ʋuzazã. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Ne míebu eŋu la, míate ŋu akpɔ gɔmeɖose siwo dzi wotui ɖo abe esiawo ene: Mawu dze na míaƒe tadedeagu deblibo; ele be míawɔ nuteƒe na mía srɔ̃; eye Yehowae nye míaƒe Agbenala. (Mose I, 2:24; Mose II, 20:5; Psalmo 36:10) Ne míese gɔmeɖose siwo dzi wotu mɔfiame siawo ɖo gɔme eye míekpɔ ŋudzedze deto ɖe wo ŋu la, míakpɔ be mía ŋutɔwo míaƒe nyonyo tae wode wo ɖo. (Yesaya 48:17) Mawu ‘ƒe sewo masesẽ na mí o.’—Yohanes I, 5:3.
Togbɔ be tsã Israel-viwo gbe Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ hã la, le Yesu ƒe ɣeyiɣia me, woƒe ‘senyalawo,’ agbalẽfialawo, ya wɔ nugbɔme bubu kura. Wode se gbogbo aɖewo kpakple kɔnyinyiwo, esiwo vu tsyɔ tadedeagu dzadzɛtɔ dzi eye wòna mawu me gɔmeɖosewo bu kura. (Mateo 23:2) Ðeko ameawo sena le wo ɖokui me be yewomate ŋu awɔ wo dzi o, mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo, alo wowɔa alakpanuwo. (Mateo 15:3-9) Eye amewɔwɔ mele amegbetɔ ƒe sededewo dometɔ geɖe me o. Esi Yesu di be yeada gbe le ŋutsu aɖe si siti lé asi na ŋu la, ebia Farisitɔ siwo nɔ afima be: “Ðe woɖe mɔ bena, woawɔ nu nyui alo woawɔ nuvɔ̃ le Sabat dzi . . . mahã?” Woƒe nyaa ŋu maɖomaɖo ɖee fia kɔte be menyo o, eye esia na Yesu ‘xa nu vevie le woƒe dzimesesẽ ŋuti.’ (Marko 3:1-6) Farisitɔwo ate ŋu akpe ɖe aƒemelã si bu alo esi xɔ abi ŋu (enye nusi me ga atso na wo) le Sabat dzi gake menye ɖe ŋutsu alo nyɔnu ya ŋu gbeɖe o—negbe dzaa ɖe wòzu agbe kple ku ƒe nya hafi. Le nyateƒe me la, amegbetɔ ƒe sewo kple nya kukluiwo xɔ susu me na wo ale gbegbe be abe anyidi siwo le yiyim le gbɔgbɔm le nutata ŋu ene la, wodo kpo nu bliboa katã—Mawu ƒe gɔmeɖosewo—kpɔkpɔ.—Mateo 23:23, 24.
Ðeviwo gɔ̃ hã ate ŋu atsɔ woƒe Biblia ƒe gɔmeɖosewo gɔmesese ade bubu Yehowa ŋui, ne dzi ɖianukware le wo si. Rebecca si xɔ ƒe 13 ƒe nufiala bia woƒe klass la katã be amekawoe adi be yewoada tsyatsya hã. Wo dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be yewomadae o. Gake esi woyɔ nɔnɔme vovovowo la, wo katã lɔ̃ le mɔ vovovo nu be yewoadae, Rebecca koe gbe. Nufialaa bia Rebecca be ada loto si dzram wole cent 20 si ƒe ga wodi be woazã ɖe dɔ aɖe si wobe woatsɔ akpe ɖe amewo ŋui hã. Rebecca gbe eye wògblɔ Ŋɔŋlɔawo me susu siwo ta edada anye tsyatsyadada ƒomevi aɖe. Eƒe nufiala gblɔ na klass la katã be: ‘Le nye nukpɔkpɔ nu la, Rebecca koe nye amesi le afisia si si nusi meyɔna be “gɔmeɖosewo” le nya la ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ nu la le.’ Nyateƒee, Rebecca ate ŋu aɖo eŋu bɔbɔe ko be, “Womeɖe mɔ le eŋu le míaƒe subɔsubɔha me o,” gake ebu tame yi ŋgɔ boo wu ema; ete ŋu ɖo nusita tsyatsyadada menyo o kple nusita wògbe edada ŋu.
Kpɔɖeŋu siawo, abe Abel, Noa, Yosef, kple Yesu tɔ ene, fia alesi wòɖea vi na míi ne míezã míaƒe ‘tamebubu ŋutete’ kple míaƒe ‘susu ŋudɔwɔŋusẽ’ le Mawu subɔsubɔ me. (Lododowo 2:11; Romatɔwo 12:1) Anyo be Kristotɔ hamemegãwo nasrɔ̃ Yesu esime wole ‘Mawu ƒe alẽha, si le wo dome la nyim.’ (Petro I, 5:2) Abe alesi Yesu ɖo eƒe kpɔɖeŋu wòdze nyuie ene la, mawumegɔmeɖose lɔ̃lawoe nu dzea edzi na le Yehowa ƒe dziɖulanyenye te.—Yesaya 65:14.