-
Ame Ka Tututue Yehowa Nye?Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
3. Aleke Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ mí?
Yehowa ƒe nɔnɔme si ɖe dzesi wue nye lɔlɔ̃. Le nyateƒe me la, “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Yehowa to Biblia dzi ɖee fia be yelɔ̃ mí, gake menye ema ɖeɖe ko o, eto eƒe nuwɔwɔwo hã dzi ɖee fia be yelɔ̃ mí. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 14:17) Le kpɔɖeŋu me, bu ale si wòwɔ míi ŋu kpɔ. Ewɔ mí kple ŋutetea be míakpɔ amadede dzeaniwo, míase ha viviwo, eye míaɖu nu viviwo. Edi be míase vivi na agbea.
-
-
Ale Si Alakpasubɔsubɔhawo Ƒo Ði Mawu Ƒe ŊkɔeKpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
2. Aleke alakpasubɔsubɔhawo toa woƒe nuwɔnawo dzi ƒoa ɖi Mawu ƒe ŋkɔ?
Alakpasubɔsubɔhawo mewɔa nu ɖe amewo ŋu abe ale si Yehowa wɔa nu ɖe amewo ŋu ene o. Biblia gblɔ be alakpasubɔsubɔhawo ƒe “nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖatɔ keke dziƒo ke.” (Nyaɖeɖefia 18:5) Ƒe alafa geɖewoe nye esia la, subɔsubɔhawo de nu dunyahehe me, wokpe asi ɖe aʋawɔwɔwo ŋu, eye woƒe nuwɔnawo na ame gbogbo manyaxlẽwo ku. Subɔsubɔhakplɔla aɖewo dzɔa ga le woƒe hameviwo si tsɔ ɖua agbe, alo zua kesinɔtɔwo. Woƒe nuwɔna mawo ɖenɛ fiana be womedze si Mawu o, eye womedze anye eteƒenɔlawo o.—Xlẽ 1 Yohanes 4:8.
-