NUSƆSRƆ̃ 28
Ale Si Nàɖee Afia Be Yekpɔ Ŋudzedze Ðe Nu Si Yehowa Kple Yesu Wɔ Na Wò La Ŋu
Ne xɔ̃wò aɖe na nu nyui aɖe wò la, aleke nèsena le ɖokuiwò me? Ðikeke mele eme o be edzɔa dzi na wò ŋutɔ, eye èdina be yeaɖee afia xɔ̃wòa be yekpɔ ŋudzedze ɖe nunanaa ŋu. Yehowa kple Yesue na nunana nyuitɔ kekeake mí; nunana mae nye tafe la. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu?
1. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Mawu kple Kristo wɔ na mí la ŋu?
Biblia gblɔ be “ame sia ame si xɔa [Yesu dzi] sena la” ate ŋu akpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 3:16) Aleke míaɖee afia be míexɔ Yesu dzi se? Ale si míenɔa agbee kple nyametsotso siwo míewɔna ye aɖee afia be míexɔ Yesu dzi se. (Yakobo 2:17) Ne míetoa míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dzi ɖenɛ fiana be míexɔ Yesu dzi se la, ƒomedodo kplikplikpli va nɔa mía kple Yesu kpakple Fofoa, Yehowa, dome.—Xlẽ Yohanes 14:21.
2. Wɔna tɔxɛ ka mee míeɖenɛ fiana le be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí la ŋu?
Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, ena eyomedzelawo nya mɔ bubu aɖe si dzi woagate ŋu ato aɖee afia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe eƒe vɔsakua ŋu. Eɖo wɔna tɔxɛ aɖe si Biblia yɔ be “Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu,” si wogayɔna be Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi la anyi. (1 Korintotɔwo 11:20) Yesu ɖo wɔna sia anyi ale be yeƒe apostolowo, kple Kristotɔ vavã siwo katã ava ɖe wo yome la, nanɔ ŋku ɖom edzi be yetsɔ yeƒe agbe na ɖe mía ta. Eya ta, Yesu de se na mí be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Ne ède Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia la, àɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ gã si Yehowa kple Yesu ɖe fia mí la ŋu.
SRƆ̃ NU BUBUWO
Àkpɔ nu bubu siwo nàgate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ gã si Yehowa kple Yesu ɖe fia wò la ŋu. Azɔ hã, àkpɔ nu si tae Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia nye wɔna vevi aɖe ŋutɔ.
3. Aleke míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu?
Tsɔe be tsi lé wò nèle nyɔnyrɔm eye ame aɖe va ɖe wò. Ðe nàŋlɔ nu si amea wɔ na wò la bea? Alo àdi mɔ siwo dzi nàto aɖee afia amea be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòwɔ na ye la ŋu?
Yehowa ƒe amenuvevee wɔe be míate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Mixlẽ 1 Yohanes 4:8-10, eye miadzro biabia siawo me:
Nu ka tae Yesu ƒe vɔsakua nye nunana tɔxɛ?
Aleke nèse le ɖokuiwò me tso nu si Yehowa kple Yesu wɔ na wò la ŋu?
Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí la ŋu? Mixlẽ 2 Korintotɔwo 5:15 kple 1 Yohanes 4:11; 5:3. Ne miexlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe vɔ la, midzro biabia sia me:
Le kpukpui sia ƒe nya nu la, aleke míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí la ŋu?
4. Srɔ̃ Yesu
Mɔ bubu si dzi míate ŋu ato aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ye nye be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Mixlẽ 1 Petro 2:21, eye miadzro biabia sia me:
Aleke nàte ŋu adze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ?
Yesu lɔ̃ Mawu ƒe Nya la, eɖe gbeƒã nya nyuia, eye wòkpe ɖe amewo ŋu
5. Dze gbagba nàyi Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi wɔnaa teƒe
Mixlẽ Luka 22:14, 19, 20 be miakpɔ nu siwo yi edzi le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu gbãtɔa me. Eyome midzro biabia siawo me:
Nu kawoe yi edzi le Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua me?
Nu kawoe aboloa kple wain la le tsitre ɖi na?—Kpɔ kpukpui 19 kple 20 lia.
Yesu di be yeƒe nusrɔ̃lawo nawɔ yeƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe le ɣletiŋkeke si dzi yeku la dzi. Eya ta, Yehowa Ðasefowo kpea ta ƒe sia ƒe heɖoa ŋku Kristo ƒe kua dzi abe ale si Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔe ene. Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ ale si nuwo yia edzi le wɔna vevi sia me. Eyome midzro biabia si gbɔna me.
Nu kawoe yia edzi le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia wɔɣi?
Kpɔɖeŋunuwoe aboloa kple wain la nye. Aboloa le tsitre ɖi na Yesu ƒe ŋutilã deblibo si wòtsɔ sa vɔ ɖe mía ta. Wain la le tsitre ɖi na eƒe ʋu
AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ne èxɔ Yesu dzi se ko la, àkpɔ ɖeɖe.”
Aleke nàte ŋu azã Yohanes 3:16 kple Yakobo 2:17 atsɔ aɖe eme be Yesu dzi xɔxɔ se ɖeɖe mesu o?
NU SIWO MÍESRƆ̃
Míeɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu wɔ na mí la ŋu ne míexɔ edzi se eye míedea eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia.
Numetoto
Nu kae wòfia be míaxɔ Yesu dzi se?
Aleke nàdi be yeaɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa kple Yesu wɔ na wò la ŋu?
Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be míade Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia?
KU NU ME TSO NYATIA ŊU
Nu kae Kristo ƒe kua ʋãa mí be míawɔ?
Xlẽ nu geɖe tso xɔse kple ale si míate ŋu aɖe xɔse afia ŋu le nyati sia me.
“Xɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se” (Gbetakpɔxɔ, October 2016)
Ne èxlẽ agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Mele Dzadzɛ, Mele Blibo, Eye Megbɔ Agbe” la, àkpɔ ale si gbegbe nusɔsrɔ̃ tso Kristo ƒe vɔsaa ŋu ɖe vi na nyɔnu aɖe.
“Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, August 1, 2011)
Le nyati sia me la, àkpɔ nu si tae ame ʋɛ aɖewo koe ɖua aboloa henoa wain la le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia wɔɣi.