INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ‘Satana ƒe Nu Goglowo’ Tsitsri
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 8. (a) Nya kae Yesu gblɔ ku ɖe “Isabel” si le Tiatira la ŋu? (b) Aleke nyɔnuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ dze le egbeŋkekewo mee?

      8 Yesu yi edzi gblɔ na hamemegã siwo le Tiatira la be: “Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me; gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o. Kpɔ ɖa, matsɔe aƒu aba dzi, eye amesiwo wɔ ahasi kpakplii la, ne wometrɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me o la, matsɔ wo aƒu xaxa gã aɖe me.” (Nyaɖeɖefia 2:21, 22) Alesi wòdze ƒã be Izebel gbãtɔa kpɔ ŋusẽ ɖe Axab dzi hetsi tre ɖe Mawu ƒe ametsrɔ̃la Yehu ŋue la, nenema kee nyɔnu kpɔŋusẽ siawo anɔ agbagba dzem be yewoazã srɔ̃ŋutsuwo kple hamemegãwo ayetɔe. Edze abe ɖe hamemegã siwo le Tiatira la le mɔ ɖem na Isabel ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi manyomanyo sia ene. Yesu na nuxlɔ̃me sesẽ aɖe woa kple Yehowa ƒe amewo ƒe xexeame katã ƒe hame si li egbea la le afisia. Le egbeŋkekewo me la, nyɔnu aɖewo siwo ƒe nɔnɔme sesẽ nenema ke na wo srɔ̃wo zu xɔsegbelawo eye wona wokplɔ Yehowa ƒe subɔla ɖianukwarewo yi ʋɔnui gɔ̃ hã.—Tsɔe sɔ kple Yuda 5-8.

  • ‘Satana ƒe Nu Goglowo’ Tsitsri
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 10. (a) Nukatae woadrɔ̃ ʋɔnu Isabel kple viawo? (b) Afɔku ƒe nɔnɔme ka mee amesiwo zua Isabel ƒe viwo la le, eye nukae wòle be ame mawo nawɔ?

      10 Esime Yesu nɔ nu ƒom tso “nyɔnu Isabel” ma ŋu la, eyi edzi be: “Eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo katã woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.” (Nyaɖeɖefia 2:23) Yesu na ɣeyiɣi Isabel kple viawo be woatrɔ dzime, gake wole woƒe agbegbegblẽnɔnɔa dzi kokoko, eyata ele be woadrɔ̃ ʋɔnu wo. Gbedasi sesẽ aɖe le esia me na Kristotɔwo egbea. Woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, amesiwo srɔ̃a Isabel eye wozua viawo to dada le Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe tanyenye kple agbenyuinɔnɔ ŋu la dzi alo to kɔlialia dzi ale be woŋea aɖaba ƒua teokrasi ƒe ɖoɖowo dzi la dze dɔ dziŋɔ le gbɔgbɔ me. Nyateƒee, ne ame ma yɔ hamemegãwo be woado gbe ɖa ɖe ye ta la, “xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ [Yehowa] afɔe ɖe tsitre”—ne enya wɔ nu ɖokuibɔbɔtɔe ɖe gbedodoɖa mawo nu ko. Gake ame aɖeke nagasusu be yeate ŋu aflu Mawu alo Kristo to agbagbadzedze be yeaɣla agbegbegblẽnuwɔnawo alo awɔ subɔsubɔdɔa veviedodotɔe le gota gome ko dzi o.—Yakobo 5:14, 15.

  • ‘Satana ƒe Nu Goglowo’ Tsitsri
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 13. Nukae adzɔ ɖe amesiwo ɖea mɔ nyɔnuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ ɖua wo dzi la dzi?

      13 Abe Yehowa ƒe Ame Dɔdɔ kple Ʋɔnudrɔ̃la ene la, Mawu ƒe Vi la wɔ nu wòsɔ esime wòkpɔ egbegbe Isabel la dze sii eye wòtsɔe ƒu dɔba dzi, elabena dɔléle si gbe vɔvɔe eƒe gbɔgbɔ me dɔlélea nye. (Maleaxi 3:1, 5) Amesiwo hã na nyɔnuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ sia ɖu wo dzi la akpɔ xaxa gã—esi nye wo ɖeɖe le Kristo-hamea me abe ɖe woku ene ƒe nuxaxa la. Ne amesiawo metrɔ dzime hegbugbɔ eye woxɔ wo ɖe hamea me ake o la, ku ŋutɔŋutɔ si ‘dɔvɔ̃ wuame’ hena vɛ ava wo dzi—ne etsi megbe ƒã la, le xaxa gã la me. Fifi laa la, woagate ŋu aɖɔ ɖo ne wotrɔ dzime le woƒe nuwɔna gbegblẽwo ŋu keŋkeŋ.—Mateo 24:21, 22; Korintotɔwo II, 7:10.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe