INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 12/1 axa 9-14
  • ‘Dzidzɔnya’ Siwo Tso Apokalips Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Dzidzɔnya’ Siwo Tso Apokalips Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzidzɔnyagblɔlawo
  • Nusi Le Nyaɖeɖefia Me na Mí
  • Alẽvi si Dze na Bubu
  • ‘Eƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo Le Eteƒe Hele Dzɔdzɔe’
  • Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu Nyui La
  • Minye Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Xlẽla Kpɔdzidzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Aleke Nàwɔ Ase Egɔme?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo si Nye Dzidzɔ!
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Nyaɖeɖefia—Alesi Wòka Wòe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 12/1 axa 9-14

‘Dzidzɔnya’ Siwo Tso Apokalips Me

“Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo.”—NYAÐEÐEFIA 14:6.

1. Togbɔ be Yehowa Ðasefowo xɔe se be Mawue na woŋlɔ Apokalips la hã la, nukatae womenye “dzɔgbevɔ̃e kɔmama” o?

YEHOWA ÐASEFOWO menye “dzɔgbevɔ̃e kɔmama” alo “tsɔtsrɔ̃ŋkeke ƒe vivimeha” o. Gake woda asi ɖe Apokalips, alo Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa dzi be enye Mawu ƒe Nya siwo wòna woŋlɔ dometɔ ɖeka. Ele eme baa be ʋɔnu si woadrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ŋu nyawo le Nyaɖeɖefia me ya. Gake le Mawu subɔlawo ƒe gaglãgbeɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ me la, mɔkpɔkpɔ nyui siwo le Biblia me, siwo dome Apokalips, alo Nyaɖeɖefia me nyawo hã le, dzi koŋue wohea susu yinae. Eyata wometsɔa naneke kpea nyagblɔɖinya siwo le eme alo ɖea ɖeke le eme o.—Nyaɖeɖefia 22:18, 19.

Dzidzɔnyagblɔlawo

2. Ŋɔŋlɔ kawoe Yehowa Ðasefowo zãna zi geɖe le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me?

2 Ŋɔŋlɔ si dzi Yehowa Ðasefowo ƒe gaglãgbesubɔsubɔdɔa nɔ te ɖo si woyɔna zi geɖe ye nye Yesu ƒe nya siwo wògblɔ, be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Eye nukae nye “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia”? Le eŋuɖoɖo me la, Ðasefo geɖe ayɔ Nyaɖeɖefia ta 20 kple 21 ƒe kpukpui siwo ƒo nu tso Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua kple eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua kpakple amegbetɔwo ƒe ƒuƒoƒo, siwo dome ku, konyifafa, kple veve aɖeke ‘maganɔ o’ ŋu.—Nyaɖeɖefia 20:6; 21:1, 4.

3. Dɔ kae Yehowa Ðasefowo ƒe gaglãgbesubɔsubɔdɔa sɔ kple?

3 Esi Yehowa Ðasefowo nye dzidzɔnya siawo ƒe gbeƒãɖelawo ta la, le nyateƒe me wonye nyanuɖelawo na kpɔɖeŋudziƒodɔla si hã ƒe dɔ woɖɔ le Nyaɖeɖefia me. “Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.” (Nyaɖeɖefia 14:6) Gbeƒã si woɖe be “xexemefiaɖuƒe [alo dziɖuŋusẽ] la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ” kple be Yehowa ƒe “ɣeyiɣi la ɖo” be ‘wòatsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la’ hã kpe ɖe “nyanyui mavɔ” la ŋu. (Nyaɖeɖefia 11:15, 17, 18) Menye nyanyui wònye nyateƒe oa?

Nusi Le Nyaɖeɖefia Me na Mí

4. (a) Nyateƒenya vevi kawoe wogblɔ le Nyaɖeɖefia ta 1 me? (b) Nukae wobia tso amesiwo di be dzidzɔnyaawo naɖe vi na yewo la si?

4 Nyaɖeɖefia-gbalẽa ƒe ta gbãtɔ yɔ Yehowa be enye “Alfa kple Omega, . . . amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge, amesi nye ŋusẽkatãtɔ.” Eye eyɔ Via, Yesu Kristo be “ɖaseɖila nyateƒetɔ,” “ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ,” kple “anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula.” Egagblɔ le Yesu ŋu be enye “amesi lɔ̃a mi, eye wòtsɔ eƒe ʋu klɔ míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti.” (Nyaɖeɖefia 1:5, 8) Eyata Nyaɖeɖefia ɖe nyateƒenya vevi siwo naa agbe la me tso agbalẽa ƒe gɔmedzedze ke. Dzidzɔnya siwo wotsɔ yina na “anyigbadzinɔlawo” la maɖe vi na wo o negbe ɖe wodze si Yehowa ƒe dziɖulanyenye, xɔ Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la dzi se, hexɔe se be Yehowa fɔe ɖe tsitre eye be Kristoe nye anyigba Dziɖula si Mawu tia fifia.—Psalmo 2:6-8.

5. Ðoƒe kae Nyaɖeɖefia ta 2 kple 3 ɖe fia be ele Kristo si?

5 Ta eve siwo kplɔe ɖo fia be Kristo Yesu nye eƒe nusrɔ̃la siwo le anyigba dzi la Dzikpɔla lɔlɔ̃tɔ si le dziƒo. Dzideƒonyawo kple aɖaŋuɖoɖo sẽŋu siwo gawɔa dɔ egbeae le agbalẽ si woɖo ɖe Kristo-hame tiatia adre siwo nɔ Asia Sue le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la me. Zi geɖe la, nya siwo wotsɔ dzea gbedasi siwo woɖo ɖe hameawo gɔme nyea “menya wò dɔwɔwɔwo” alo ‘menya wò xaxa.’ (Nyaɖeɖefia 2:2, 9) Ẽ, Kristo nya nusi tututu nɔ edzi yim le eƒe nusrɔ̃lawo ƒe hamewo me. Ekafu wo dometɔ aɖewo ɖe woƒe lɔlɔ̃, xɔse, agbagbadzedze le subɔsubɔdɔa me, woƒe dzidodo, kple nuteƒewɔwɔ le eƒe ŋkɔ kple nya la ŋuti ta. Eka mo na bubuwo le esi woɖe mɔ lɔlɔ̃ si nɔ wo si na Yehowa kple Via nu tsi, alo woƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, trɔ̃subɔsubɔ, alo kɔmama siwo hea megbedede vɛ me ta.

6. Nuka gɔmee ŋutega si le ta 4 lia me na amewo se?

6 Ta 4 lia me nyawo ɖe Yehowa Mawu ƒe dziƒofiazikpuia ŋuti ŋutega wɔdɔɖeamedzi aɖe fia. Ena míekpɔ ŋutikɔkɔe si ƒo xlã Yehowa kple dziƒodziɖuɖu ƒe ɖoɖo si wòazã. Dziɖula siwo woɖɔ fiakuku na, amesiwo ƒe fiazikpuiwo ƒo xlã xexeame katã ƒe fiazikpui si le titina la, dze klo ɖe Yehowa ŋgɔ hegblɔ be: “[Yehowa] mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”—Nyaɖeɖefia 4:11.

7. (a) Nukae mawudɔla la bia tso anyigbadzinɔlawo si be woawɔ? (b) Míaƒe nufiafiadɔa ƒe akpa vevi aɖee nye ka?

7 Ðe gɔmesese aɖe le nya sia ŋu na amesiwo li egbea? Gɔmesese le eŋu godoo. Ne wodi be yewoanɔ agbe le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, ke ele be woawɔ ɖe nya si ‘mawudɔla si le dzodzom le dziƒo titina’ ɖe gbeƒãe la dzi, be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo.” (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Taɖodzinu vevi siwo le Biblia-fiafiadɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le ŋu dometɔ ɖekae nye be woakpe ɖe “anyigbadzinɔlawo” ŋu be woadze si Yehowa ahade ta agu nɛ, woanyae be eyae nye Wɔla, eye woalɔ̃ faa abɔbɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye dzɔdzɔea te.

Alẽvi si Dze na Bubu

8. (a) Aleke woƒo nu tso Kristo ŋu le ta 5 kple 6 mee? (b) Nukae amesiwo katã sea dzidzɔnya siawo ate ŋu asrɔ̃ tso ŋutega sia me?

8 Ta eve siwo gakplɔe ɖo, ta 5 kple 6, ɖe Yesu Kristo fia be enye Alẽvi si wokpɔ be edze aʋu agbalẽxatsaxatsa aɖe si ŋu nutrenu adre le, ale be wòaʋu go nusiwo le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkekeawo me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo me. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 1:29.) Gbe aɖewo ɖi le dziƒo gblɔ na kpɔɖeŋu ƒe Alẽvi la be: “Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu, eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na mía Mawu, eye woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Ŋutega sia fia be le Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi ta la, woyɔ amegbetɔ aɖewo siwo tso teƒe vovovo be woanɔ eŋu le dziƒo eye “woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.” (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 1:5, 6.) Emegbe woyɔ woƒe xexlẽme si seɖoƒe li na le Nyaɖeɖefia me.

9. Alekee woƒo nu tso Kristo ŋui le ta 6 lia me?

9 Woɖe Kristo fia le ŋutega sia ke me be fiakuku le eta wòle sɔ ɣi aɖe dom, eye wòle yiyim ‘hele aʋa dzi ɖum eye be yeawu aʋadziɖuɖua nu.’ Dzidzɔtɔe la, aɖe nu vɔ̃ɖi siwo Apokalips sɔdola etɔ̃ bubuawo tsi tre ɖi na la ɖa; amesiawo ƒe sɔdodo dzikutɔe he aʋawɔwɔ, dɔwuame, kple ku vɛ na ameƒomea tso ƒe vevi si nye ƒe 1914 me ke. (Nyaɖeɖefia 6:1-8) Akpa tɔxɛ si Kristo, Mawu ƒe Alẽvi la, wɔna le ameƒomea ƒe agbekpɔkpɔ me kpakple le Yehowa ƒe tameɖoɖo nyuiawo me vava me nye nyati vevi aɖe le Biblia-fiafiadɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le la me.

10. (a) Nyatakaka vevi kae wona le ta 7 lia me? (b) Nukae Kristo gblɔ le amesiwo wona Fiaɖuƒee la ŋu?

10 Dzidzɔnyawo le ta 7 lia me vavã. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ko mee míekpɔ amesiwo Yesu yɔ be ‘alẽha sue’ si me tɔwo Alẽvia Fofo atsɔ Fiaɖuƒea ana la ƒe xexlẽme le. (Luka 12:32; 22:28-30) Yehowa Mawu toa eƒe gbɔgbɔa dzi dea dzesi amesiawo. (Korintotɔwo II, 1:21, 22) Apostolo Yohanes si xɔ Nyaɖeɖefia la ɖi ɖase be: “Mese amesiwo nu wotre la ƒe xexlẽme—wotre ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene nu.” (Nyaɖeɖefia 7:4) Woɖo kpe xexlẽme sia tututu dzi le ta bubu me emegbe be wonye amesiwo katã “woƒle tso anyigba dzi” be woaɖu fia kple Alẽvi la le dziƒo Zion-to la dzi. (Nyaɖeɖefia 14:1-4) Togbɔ be alesi Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ɖea xexlẽme sia me la me mekɔna o eye egɔme menya sena o hã la, enyo be míanya be Biblia-nyala E. W. Bullinger gblɔ le eŋu be: “Nyateƒenya si wogblɔ eme kɔ nyuie wònye: enye xexlẽme si le nyanya si to vovo na esi wogblɔ si mele nyanya o le ta sia ke me.”

11. (a) Dzidzɔnya kawoe le ta 7 lia me? (b) Mɔnukpɔkpɔ kawoe ʋu ɖi na “ameha gã” la me tɔwo?

11 Xexlẽme si mele nyanya o ka ƒe nya gblɔm Bullinger le? Apostolo Yohanes gblɔ le kpukpui 9 be: “Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖeɖefia 7:9) Amekawoe nye ameha gã sia me tɔwo, tenɔnɔ kae le wo si le Mawu gbɔ, eye etsɔme kae li na wo? Ŋuɖoɖo si le Apokalips me nye nyanyui na anyigbadzinɔlawo. Míexlẽ be: “Amesiawo nye amesiwo do go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.” Le Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzixɔxɔse ta la, woakpɔ wo ta le “xaxa gã la” me. Kristo “[akplɔ] wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.” (Nyaɖeɖefia 7:14-17) Ẽ, amesiwo li egbea dometɔ miliɔn geɖe ate ŋu ava nye ameha manyaxlẽ si atsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu me la ƒe akpa aɖe. Ne wova zu Fia Yesu Kristo teviwo le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, akplɔ wo ayi agbe mavɔ gbɔe le anyigba dzi. Ðe menye nyanyui oa?

‘Eƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo Le Eteƒe Hele Dzɔdzɔe’

12, 13. (a) Nya kawoe le ta 8 vaseɖe 19 lia me? (b) Nukata mele be nyagblɔɖi siawo naɖe fu na dzianukwaretɔwo o?

12 Ta 8 vaseɖe 19 me nyawo koŋ gbɔe wòtso tae wogblɔna be Apokalips, alo Nyaɖeɖefia-gbalẽa nye agbalẽ si gblɔa dzɔgbevɔ̃enya ɖivɔvɔ̃wo ɖi. Ʋɔnudrɔ̃gbedasi sesẽ (siwo wotsɔ kpẽkuku, fuwɔamewo, kple Mawu ƒe dɔmedzoekpluwo wɔ kpɔɖeŋu na) siwo wogblɔ ɖe Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa vovovo ŋue le wo me. Gbã la, woadrɔ̃ ʋɔnu alakpasubɔsubɔha (‘Babilon Gã la’), emegbe dunyahenuɖoanyi mavɔ̃mawuawo, siwo lã wɔadãwo tsi tre ɖi na la tɔ akplɔe ɖo.—Nyaɖeɖefia 13:1, 2; 17:5-7, 15, 16.a

13 Ta siawo fia alesi wokɔ dziƒowo ŋu, eye wonya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo ɖe anyigbadzinutowo me. Esia koe nye numeɖeɖe si me susu le na xaxa si teƒe míekpɔ kpɔ o si me xexeame ge ɖo tso ƒe 1914 me. (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Wozã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo tsɔ ɖɔ alesi woatsrɔ̃ Satana ƒe anyigba dzi nuɖoanyi vɔ̃ɖia hã. (Nyaɖeɖefia 19:19-21) Ðe wòle be nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi siawo nana vɔvɔ̃ naɖo dzianukwaretɔwoa? Ao, elabena esi wowɔ nusi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ bia vɔ la, dziƒodɔlawo ƒe ha aɖe do ɣli be: “Mikafu Yehowa! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye mía Mawu la tɔ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ.”—Nyaɖeɖefia 19:1, 2.

14, 15. (a) Aleke woaɖe fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia ɖa le dzɔdzɔenyenye mee? (b) Nukatae wòle be Apokalips ƒe akpa sia nana dzi nadzɔ dzianukwaretɔwo?

14 Yehowa mana nuɖoanyi yeyea nava eye wòagbe amesiwo le anyigbaa gblẽm la tsɔtsrɔ̃ ɖa le edzi o. (Nyaɖeɖefia 11:17, 18; 19:11-16; 20:1, 2) Gake ŋusẽ alo ŋutete mele amegbetɔ alo dunyahedukɔ aɖeke si be wòawɔ nusia o. Yehowa kple eƒe Fia kpakple Ʋɔnudrɔ̃la tiatia si nye Kristo Yesu koe ate ŋu awɔ nusia le dzɔdzɔenyenye me.—Tesalonikatɔwo II, 1:6-9.

15 Abe alesi Apokalips ɖee fia kɔte ene la, Yehowa ɖoe be yeahe fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia ava nuwuwui. Ele be nyateƒenya sia ɖeɖe dzaa nana dzi nadzɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo “le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm . . . ŋuti.” (Xezekiel 9:4) Nusia nena woakpɔe be ehiã kpata be yewoawɔ ɖe nya si mawudɔla si lé dzidzɔnyawo ɖe asi la le gbɔgblɔm dzi be: “Mivɔ̃ Mawu, . . . elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba.” (Nyaɖeɖefia 14:7) Neva eme be amesiawo nade ta agu na Yehowa ahasubɔe ɖe eƒe Ðasefo “[siwo] léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la” ti.—Nyaɖeɖefia 12:17.

Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu Nyui La

16. (a) Nukatae Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo gbe Ƒe Akpe Ðeka mɔkpɔkpɔa? (b) Nukatae Yehowa Ðasefowo xɔ se be woaɖo kpɔɖeŋugbedodoɖa la ŋu?

16 Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi si dzi Ƒe Akpe Ðeka ƒe mɔkpɔkpɔa nɔ te ɖo dze le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe ta 20 vaseɖe 22 me. Biblia ƒe akpa sia koe wogblɔ ƒe akpe ɖeka ƒe ɣeyiɣi si ado ŋgɔ na dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ si ava nɔ dziƒo kple anyigba ŋu nya le. Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo gbe Ƒe Akpe Ðeka mɔkpɔkpɔa. Esi sɔlemeha la ƒe nufiafiae nye be ame dzɔdzɔewo ayi dziƒo eye ame vɔ̃ɖiwo ayi dzomavɔ me ta la, paradisonyigba dzi nɔnɔ aɖeke megale woƒe nya me o. Gɔmesese aɖeke megale kpɔɖeŋugbedodoɖa si me wobiana le be ‘woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wole ewɔm le dziƒo ene’ la ŋu na Kristodukɔa ƒe sɔlemevi akpa gãtɔ o. (Mateo 6:10) Gake mele nenema le Yehowa Ðasefowo ya gome o. Woxɔe se vevie be Yehowa Mawu mewɔ anyigba be “wòatsi ƒuƒlu o,” ke boŋ be “woanɔ edzi.” (Yesaya 45:12, 18) Eyata nya ɖeka ko gblɔm blema nyagblɔɖia, kpɔɖeŋugbedodoɖa la, kple Ƒe Akpe Ðeka mɔkpɔkpɔ si le Apokalips me la le. Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, akpɔ egbɔ be wowɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wole ewɔm le dziƒo ene.

17. Nukae fia be ele be míabu “ƒe akpe ɖeka la” nu ŋutɔŋutɔe?

17 Nyagbɔgblɔ si nye “ƒe akpe ɖeka” dze zi gbɔ zi ade sɔŋ le Nyaɖeɖefia ta 20 lia ƒe kpukpui adre gbãtɔawo me. Nusi ɖe dzesi enye be woyɔ asitɔnudzinyakui, “la,” kpe ɖe eŋu zi gbɔ zi etɔ sɔŋ, si fia be eku ɖe ƒe akpe ɖeka ŋutɔŋutɔ ŋu, ke menye ɣeyiɣi ƒe didime si mele nyanya abe alesi Kristodukɔa ƒe numeɖela geɖe dina be míase egɔme ene o. Nukae adzɔ le Ƒe Akpe Ðeka la me? Gbã la, woaxɔ ŋusẽ le Satana si ɣemaɣi katã. (Nyaɖeɖefia 20:1-3; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 2:14.) Nyanyui ka gbegbee nye esi!

18. (a) Nukatae woate ŋu ayɔ Ƒe Akpe Ðeka la be ‘ʋɔnudrɔ̃ŋkeke’? (b) Nukae adzɔ le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu?

18 Le esi wotsɔ “ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi” na amesiwo ‘aɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka la’ ta la, le nyateƒe me ɣeyiɣi sia nye ƒe akpe ɖeka ƒe ‘ʋɔnudrɔ̃ŋkeke.’ (Nyaɖeɖefia 20:4, 6; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 17:31; Petro II, 3:8.) Woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye woadrɔ̃ ʋɔnu woawo kple amesiwo atsi agbe le “xaxa gã la” me sɔsɔe ɖe woƒe dɔwɔwɔwo, alo ɖe woƒe nuwɔnawo nu, le ɣeyiɣi ma me. (Nyaɖeɖefia 20:12, 13) Le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu la, woaɖe ga Satana ɣeyiɣi kpui aɖe be wòado ameƒomea akpɔ zi mamlɛtɔ eye emegbe la, woatsrɔ̃ eya, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple aglãdzela ɖesiaɖe siwo aganɔ anyigba dzi anɔ eyome la tegbee. (Nyaɖeɖefia 20:7-10) Woaŋlɔ amesiwo ato dodokpɔa me dedie la ƒe ŋkɔwo ɖe “agbegbalẽa” me si womagatutu akpɔ gbeɖe o eye woaʋu dzidzɔgbenɔnɔ mavɔ ƒe mɔ na wo, eye woanɔ Yehowa subɔsubɔ kple tadedeagu nɛ dzi le paradisonyigbaa dzi.—Nyaɖeɖefia 20:14, 15; Psalmo 37:9, 29; Yesaya 66:22, 23.

19. (a) Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be ŋugbedodo nyui siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ava eme godoo? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Nya siawoe nye dzidzɔnya siwo wogblɔ le Apokalips me. Womenye amegbetɔ ƒe ŋugbedodo gbɔlowo o. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.” (Nyaɖeɖefia 21:5) Nukae wòle be míawɔ bene míakpɔ gome le dzidzɔnya siawo ƒe emevava me? Aɖaŋuɖoɖo geɖe le Nyaɖeɖefia-gbalẽa me na amesiwo di be yewoadze Mawu ŋu. Aɖaŋuɖoɖo siawo dzi wɔwɔ ana míakpɔ dzidzɔ manyagblɔ tso fifia yi ɖe mavɔ me, abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee fia ene.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èdi Nyaɖeɖefia-gbalẽa me ɖeɖe tsitotsito la, ke kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le ƒe 1991 me.

Numetoto

◻ Nyateƒenya vevi kawoe le Nyaɖeɖefia ta 4 vaseɖe 6 me siwo nye dzidzɔnyawo?

◻ Dzidzɔnya kawoe le Nyaɖeɖefia ta 7 lia me?

◻ Nukatae mele be ʋɔnudrɔ̃nya siwo le Nyaɖeɖefia me naɖe fu na dzianukwaretɔwo o?

◻ Mɔ kawo nue Ƒe Akpe Ðeka la anye ‘ʋɔnudrɔ̃ŋkeke’ le?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Fia Yesu Kristo aɖe aʋawɔwɔ, dɔwuame, kple ku ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe