INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • re ta 4 axa 18-21
  • Yesu Va Kple Dzideƒonya

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Va Kple Dzideƒonya
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ðaseɖila Nyateƒetɔ” La
  • “Egbɔna Kple Alilikpowo”
  • “Alfa Kple Omega” La
  • Nyaɖeɖefia—Alesi Wòka Wòe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Minye Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa Xlẽla Kpɔdzidzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nusiwo Gbɔna Dzɔdzɔ Ge Kpuie
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Aleke Nàwɔ Ase Egɔme?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
re ta 4 axa 18-21

Ta 4

Yesu Va Kple Dzideƒonya

1. Amekawoe Yohanes ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖo azɔ, eye amekawoe wòle be woatsɔ ɖe le eƒe gbedasia me vevie egbea?

ELE be amesiame si le ha bɔm kple Mawu ƒe amewo ƒe hamewo egbea la natsɔ ɖe vevie le nusi va ɖe eyome la me. Gbedasi siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu enye si. Esime ‘ɣeyiɣi ɖoɖia’ le aƒe tum ŋue woku ɖo koŋ. (Nyaɖeɖefia 1:3) Anye viɖe mavɔ na mí ne míewɔ ɖe nyagbɔgblɔ mawo dzi. Nuŋlɔɖia xlẽ be: “Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hame adre, siwo le Asia la bena: Amenuveve kple ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi tso amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge la gbɔ, eye tso gbɔgbɔ adre, siwo le eƒe fiazikpui ŋgɔ la gbɔ, eye tso Yesu Kristo [gbɔ].”—Nyaɖeɖefia 1:4, 5a.

2. (a) Nukae xexlẽdzesi “adre” la fia? (b) Le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, amekawo ŋue gbedasi si woɖo ɖe ‘hame adreawo’ ku ɖo?

2 Le afisia la, Yohanes ŋlɔ nya la na “hame adre,” eye woyɔ esiawo ƒe ŋkɔwo na mí emegbe le nyagblɔɖia me. Woyɔ xexlẽdzesi “adre” ma ake zi geɖe le Nyaɖeɖefia me. Efia blibonyenye, vevietɔ le Mawu kple eƒe amesiaminawo ƒe hame la ƒe nuwo gome. Esi wònye Mawu ƒe amewo ƒe hame siwo le xexeame katã ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va zu akpe geɖe le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be nusi wogblɔ na amesiaminawo ƒe ‘hame adreawo’ gbã la ku ɖe Mawu ƒe amewo katã ŋu egbea. (Nyaɖeɖefia 1:10) Ẽ, gbedasi vevi aɖe le Yohanes si na Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo katã kple amesiwo katã bɔa ha kpli wo le anyigba sia dzi afisiafi la.

3. (a) Le Yohanes ƒe gbedonamea ƒe nya nu la, afikae “amenuveve kple ŋutifafa” tsona? (b) Apostolo Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kae ɖi Yohanes ƒe gbedonamea?

3 “Amenuveve kple ŋutifafa”—aleke nusiawo hedzroa ame enye si, vevietɔ ne míenya wo tsoƒe! “Amesi” gbɔ wotsoe nye Aƒetɔ Fiagã Yehowa ŋutɔ, “fia mavɔmavɔtɔ” la, amesi li “tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Timoteo I, 1:17; Psalmo 90:2) “Gbɔgbɔ adre,” si nye nyagbɔgblɔ si fia Mawu ƒe ŋusẽ wɔdɔ alo gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ bliboe esime wòle gɔmesese kple yayra nam amesiwo katã léa to ɖe nyagblɔɖia ŋu la hã kpɔ gome le eme le afisia. Amesi hã wɔ akpa vevi aɖe ye nye “Yesu Kristo,” amesi ŋu Yohanes ŋlɔ le emegbe be: “Amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.” (Yohanes 1:14) Eyata Yohanes ƒe gbedoname la lɔ nusiwo apostolo Paulo yɔ tsɔ ƒo eƒe agbalẽ evelia si wòŋlɔ ɖo ɖe Korinto-hamea tae la ke ɖe eme: “Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe hamenɔnɔ nanɔ anyi kpli mi katã.” (Korintotɔwo II, 13:13) Nya mawo naku ɖe mí amesiwo lɔ̃a nyateƒea egbea la dometɔ ɖesiaɖe hã ŋu!—Psalmo 119:97.

“Ðaseɖila Nyateƒetɔ” La

4. Aleke Yohanes yi edzi ƒo nu tso Yesu Kristo ŋue, eye nukatae nyagbɔgblɔ siawo sɔ?

4 Le Yehowa megbe la, Yesu Kristoe nye amesi ŋu ŋutikɔkɔe le wu amesiame le xexeame katã abe alesi Yohanes kpɔe dze sii ene eye wòƒo nu tso eŋu be enye “ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula.” (Nyaɖeɖefia 1:5b) Abe ɣleti si le dziƒo ene la, eli ke abe Yehowa ƒe Mawunyenye ŋuti Ðasefo gãtɔ ene. (Psalmo 89:38) Esi wòwɔ nuteƒe vaseɖe vɔsaku me la megbe la, eva zu ameƒomea me tɔ gbãtɔ si wofɔ ɖe tsitre yi gbɔgbɔ makumaku ƒe agbenɔnɔ me. (Kolosetɔwo 1:18) Azɔ le Yehowa ŋkume la, wodoe ɖe dzi wu anyigba dzi fiawo katã, eye wotsɔ “ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la” de asi nɛ. (Mateo 28:18; Psalmo 89:28; Timoteo I, 6:15) Le ƒe 1914 me la woɖo Fiae be wòaɖu dzi le anyigba dzi dukɔwo dome.—Psalmo 2:6-9; Mateo 25:31-33.

5. (a) Aleke Yohanes yi edzi ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu gblɔe? (b) Amekawoe kpɔa viɖe tso Yesu ƒe nunana si nye eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo la me, eye aleke Kristotɔ amesiaminawo kpɔ gome le yayra tɔxɛ aɖe mee?

5 Yohanes yi edzi ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu gblɔ le dzidzɔnya siawo me be: “Amesi lɔ̃a mí, eye wòtsɔ eƒe ʋu klɔ míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti, eye wòwɔ mí fiawo kple nunɔlawo hena eƒe Mawu Fofo la, eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.” (Nyaɖeɖefia 1:5d, 6) Yesu tsɔ eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe na be ameƒomea me tɔ siwo xɔ eyama dzi se la nagakpɔ agbe deblibo. Nuxlẽla lɔlɔ̃tɔ, wò hã àte ŋu akpɔ gome le esia me! (Yohanes 3:16) Gake Yesu ƒe vɔsakua ʋu mɔ be amesiwo va zua Kristotɔ amesiaminawo abe Yohanes ene la nakpɔ yayra tɔxɛ aɖe. Wonɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsa la dzi tso dzɔdzɔenyenye ƒe afia na amesiawo. Esi ha sue la me tɔwo gbe nu le agbe nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔwo katã gbɔ abe alesi Yesu wɔe ene ta la, wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ dzi wo kple mɔkpɔkpɔ be woafɔ wo ɖe tsitre be woasubɔ kple Kristo abe fiawo kple nunɔlawo ene le eƒe Fiaɖuƒea me. (Luka 12:32; Romatɔwo 8:18; Petro I, 2:5; Nyaɖeɖefia 20:6) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si! Ekema mewɔ nuku o be Yohanes gblɔe kakaɖedzitɔe alea be ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye Yesu tɔ!

“Egbɔna Kple Alilikpowo”

6. (a) Nuka ƒe gbe ƒãe Yohanes ɖe le Yesu ƒe ‘vava kple alilikpowo’ la ŋuti, eye Yesu ƒe nyagblɔɖi ka dzie Yohanes anya ɖo ŋkui? (b) Aleke Yesu ‘avae,’ eye amekawoe axa nu ŋutɔ le anyigba dzi?

6 Azɔ Yohanes ɖe gbe ƒãe aseyetsotsotɔe be: “Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo nú ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, Amen.” (Nyaɖeɖefia 1:7) Ðikeke mele eme o be Yohanes ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ ɖi do ŋgɔ ku ɖe nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ŋuti la dzi. Yesu gblɔ le afima be: “Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã woado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.” (Mateo 24:3, 30) Eyata Yesu ƒe ‘vava’ la nye eƒe susu tɔtrɔ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnu si wòadrɔ̃ dukɔwo la ŋu. Esia ahe tɔtrɔ gãwo va anyigba dzi, eye esi wònye “anyigba dzi ƒomeawo katã” ŋe aɖaba ƒu Yesu ƒe fianyenyea ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye dzi ta la, “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku” ava wo dzi vavã.—Nyaɖeɖefia 19:11-21; Psalmo 2:2, 3, 8, 9.

7. Aleke “ŋku sia ŋku” kple ame maɖotowo hã tɔ ‘akpɔ’ Yesue?

7 Le fiẽ mamlea si Yesu nɔ eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ me la, egblɔ na wo be: “Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o.” (Yohanes 14:19) Ekema aleke wòanye be “ŋku sia ŋku lakpɔe”? Mele be míakpɔ mɔ be Yesu ƒe futɔwo atsɔ woƒe ŋku ŋutɔŋutɔ akpɔe o elabena apostolo Paulo gblɔ le Yesu ƒe dziƒoyiyi megbe be fifia Yesu “le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me,” eye “ame aɖeke [mekpɔe] kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o.” (Timoteo I, 6:16) Edze ƒã be ‘woakpɔe’ le ‘nugɔmesese’ ƒe susu nu gblɔm Yohanes le, abe alesi míate ŋu akpɔ alo anya Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna o la to eƒe nuwɔwɔwo dzi ene. (Romatɔwo 1:20) Yesu ‘gbɔna kple alilikpowo’ le gɔmesese sia nu be womatsɔ ŋku akpɔe o abe alesi ne ɣe le alilikpowo godo la womekpɔnɛ o ene. Ne alilikpowo xe ɣea ŋku me le ŋkeke me gɔ̃ hã la, míenyana be eli le kekeli si ƒo xlã mí ta. Nenema kee togbɔ be womakpɔ Aƒetɔ Yesu o hã la, adze abe ‘dzobibi ene esime wòle hlɔ̃ biam amesiwo meɖoa to eƒe nya nyui la o.’ Woaƒoe ɖe amesiawo hã nu be ‘woakpɔe.’—Tesalonikatɔwo II, 1:6-8; 2:8.

8. (a) Amekawoe nye “amesiwo ƒo nú ɖee” le ƒe 33 M.Ŋ. me, eye amekawoe nye ame mawo egbea? (b) Esi Yesu megale anyigba dzi afisia o la, aleke amewo ate ŋu ‘aƒo nu ɖee’?

8 Amesiwo hã ‘akpɔ’ Yesue nye “amesiwo ƒo nú ɖee.” Amekawoe nye amesiawo? Esime wowu Yesu le ƒe 33 M.Ŋ. me la, Roma-srafowoe ƒo nu ɖee ŋutɔŋutɔ. Amewuwu ƒe fɔɖiɖia ƒe akpa aɖe nɔ Yudatɔwo hã dzi elabena Petro gblɔ na amesiawo dometɔ aɖewo le Pentekoste dzi bena: “Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.” (Dɔwɔwɔwo 2:5-11, 36; tsɔe sɔ kple Zaxarya 12:10; Yohanes 19:37.) Romatɔ kple Yudatɔ mawo ku ƒe 2,000 kloe nye sia. Eyata ele be amesiwo ‘ƒoa nu ɖee’ egbea natsi tre ɖi na dukɔ kple ame siwo ɖea fuléle ƒe nɔnɔme si woɖe fia esime woklã Yesu ɖe ati ŋu la ke fiana. Yesu megale anyigba dzi afisia o. Gake ne tsitretsiɖeŋulawo ti Yehowa Ðasefo siwo ɖia ɖase le Yesu ŋu la yome, alo wotsɔ ɖekematsɔleme lɔ̃ be woawɔ nu ma ɖe wo ŋu la, ɖeko wòle abe ɖe tsitretsiɖeŋula mawo le ‘nu ƒom ɖe’ Yesu ŋutɔŋutɔ ene.—Mateo 25:33, 41-46.

“Alfa Kple Omega” La

9. (a) Amekae ƒo nu azɔ, eye zi nenie wòwɔ esia le Nyaɖeɖefia me? (b) Esi Yehowa yɔ eɖokui be “Alfa kple Omega” kple “ŋusẽkatãtɔ” la, nukae wòfia?

9 Azɔ, nukunuwo ƒe nukunu! Aƒetɔ Fiagã Yehowa ŋutɔ ƒo nu. Aleke esia hesɔe nye si abe ŋgɔdonya na ŋutega siwo gbɔna dzedze ge la ene, elabena eyae nye míaƒe Nufiala Gãtɔ kple Amesi koŋ gbɔ Nyaɖeɖefia tso! (Yesaya 30:20) Mía Mawu la gblɔ be: “Nyee nye Alfa kple Omega, . . . Amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge, amesi nye ŋusẽkatãtɔ la.” (Nyaɖeɖefia 1:8) Esiae nye zi etɔ̃ si Yehowa ŋutɔ ƒo nu tso dziƒo le Nyaɖeɖefia me la ƒe gbãtɔ. (Kpɔ Nyaɖeɖefia 21:5-8; 22:12-15 hã.) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo adze si alfa kple omega enumake be woawoe nye Helagbe me alfabeta alo nuŋlɔdzesiwo ƒe gbãtɔ kple mamletɔ. Ŋɔŋlɔdzesi eve mawo siwo Yehowa yɔ ɖe eɖokui ŋu la te gbe ɖe edzi be Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖeke menɔ anyi do ŋgɔ nɛ o, eye ɖeke manɔ anyi le emegbe o. Ahe Mawunyenye ƒe nya la ava nuwuwu dzidzedzetɔe tegbee. Woakɔ eŋu yi ɖe mavɔmavɔ me be eyae nye Mawu ŋusẽkatãtɔ ɖeka kolia la, amesi nye Fia Gãtɔ ɖe eƒe nuwɔwɔwo katã dzi.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 46:10; 55:10, 11.

10. (a) Aleke Yohanes yi edzi ƒo nu tso eɖokui ŋue, eye afikae wònɔ gaxɔ me le? (b) Amekawo ƒe kpekpeɖeŋu dzie woanya to be agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ si Yohanes ŋlɔ la ɖo hameawo gbɔ? (d) Zi geɖe la, aleke wonana gbɔgbɔ me nuɖuɖu egbea?

10 Esi Yohanes ka ɖe edzi be Yehowa akpɔ alesi nyawo awu nui gbɔ la, egblɔ na ehati dɔlawo be: “Nye Yohanes, mia nɔvi kple miaƒe hagomekpɔla le Yesu Kristo ƒe fukpekpe kple fiaɖuƒe kple dzidodo me la, menɔ ƒukpo, si woyɔna be Patmo la dzi le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.” (Nyaɖeɖefia 1:9) Amegã ɖeɖi Yohanes si nye gamenɔla le Patmo le nya nyui la ta eye wòle dzi dom kple nɔviawo le fukpekpewo me hele mɔ kpɔm vevie be yeakpɔ gome le Fiaɖuƒe si gbɔna me la kpɔ Nyaɖeɖefia ƒe ŋutega gbãtɔ azɔ. Ðikeke mele eme o be ŋutega siawo de dzi ƒo nɛ ŋutɔ, abe alesi woƒe emevava kpɔkpɔ tua Yohanes habɔbɔa ɖo egbeae ene. Míenya alesi Yohanes wɔ ɖo agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la ɖe hameawo o elabena enɔ gaxɔ me ɣemaɣi. (Nyaɖeɖefia 1:11; 22:18, 19) Yehowa ƒe dziƒodɔlawo anya kpe asi ɖe esia wɔwɔ ŋu abe alesi wokpɔ Yehowa ƒe ɖasefo anukwareɖila siwo subɔna le asi ɖoɖo dɔa dzi kple mɔxeɖenuwo te egbea la ta zi geɖe be wote ŋu tsɔ gbɔgbɔ me nuɖuɖu yi na wo nɔvi siwo nyateƒea ƒe dɔ le wuwum la ɖe game dzi la ene.—Psalmo 34:7, 8.

11. Mɔnukpɔkpɔ si le abe esi ŋu Yohanes kpɔ ŋudzedze ɖo ene kae Yohanes habɔbɔa buna nu xɔasii egbea?

11 Aleke gbegbe Yohanes anya kpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su esi be Yehowa nɔ eŋudɔ wɔm abe mɔ si dzi wòato aƒo nu na hameawo ene la ŋu enye si! Nenema kee Yohanes habɔbɔ si li egbea la bua mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòana gbɔgbɔ me “nuɖuɖu” Mawu ƒe aƒemetɔwo “le ɣeyiɣi nyui dzi” la be enye nu gã aɖe. (Mateo 24:45) Nɔ amesiwo wotsɔa gbɔgbɔmenu sia doa ŋusẽe la dome be ŋutikɔkɔe ƒe taɖodzinu si nye agbe mavɔ la nasu asiwò!—Lododowo 3:13-18; Yohanes 17:3.

[Aɖaka si le axa 21]

Gbɔgbɔ me Nuɖuɖu Kpɔkpɔ le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Le ŋkeke mamle siawo me la, ne Yehowa Ðasefowo le fu kpem le yometiti kple xaxa geɖe me la, enɔa vevie be gbɔgbɔ me nuɖuɖu nasu wo si be woakpɔtɔ anɔ te sesĩe le xɔse me. To Yehowa ƒe ŋusẽ ƒe ɖeɖefia wɔnuku aɖewo dzi la zi geɖe la wonaa nunyiame si sɔ la wo.

Le kpɔɖeŋu me, esime Germania nɔ Hitler te la, Ðasefowo tsɔ nuŋlɔmɔ̃ ŋlɔ Gbetakpɔxɔ si ŋu Nazi-ŋusẽtɔ sẽŋutawo de se ɖo la ɖe agbalẽ tɔxɛ aɖe dzi eye wowɔ eƒe tata geɖe hemã. Adzamekpovitɔwo yi aƒe aɖe si me wonɔ magazineawo tam le le Hamburg la me le vo me. Aƒea nɔ sue, eye teƒe aɖeke menɔ anyi si woaɣla nu ɖo nyuie o. Wogblẽ nuŋlɔmɔ̃a ɖe tsitrenuɖaka aɖe me, eye woda mɔ̃ gã si wotsɔna wɔa tatawo la ɖe yevutegago aɖe me le xɔ etetɔa me. Gawu la, mɔzɔɖaka si magazinewo yɔ taŋ la nɔ gago la megbe! Edze abe ɖe woakpɔ wo godoo ene. Gake nukae dzɔ? Alesi kpovitɔ si ʋu tsitrenuɖaka la ʋui la na mekpɔ nuŋlɔmɔ̃ la o. Le xɔ etetɔa gome la, aƒeatɔ ka nya ta be: “Kpovitɔ etɔ̃awo tsi tre ɖe xɔa titina, afisi gagoa le eye mɔzɔɖaka si Gbetakpɔxɔwo yɔ taŋ nɔ emegbe la. Gake edze abe ɖe wo dometɔ aɖeke mekpɔe o ene; enɔ abe ɖe wogbã ŋku na wo ene.” Le takpɔkpɔ wɔnuku sia ta la, aƒea me tɔwo te ŋu yi edzi tsɔ gbɔgbɔ me nuɖuɖu na le ɣeyiɣi sesẽ siwo me afɔku nɔ la me.

Le ƒe 1960 ƒe ƒeawo me la, dukɔmeʋa dzɔ ɖe Nigeria kple Biafra-nuto si ɖe ɖa le wo ŋu la dome. Esi wònye Nigeria-nyigba ƒo xlã Biafra keŋkeŋ ta la, nu ɖeka pɛ si na kadodo le woa kple teƒe bubuwo domee nye yameʋudzeƒe sue aɖe. Esia fia be afɔku nɔ anyi be Ðasefo siwo le Biafra makpɔ woƒe gbɔgbɔ me nuɖuɖu o. Ke le ƒe 1968 ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, Biafra-dziɖulawo de dɔ asi na woƒe dɔwɔla siwo menye asrafowo o la dometɔ ɖeka be wòanɔ nɔƒe vevi aɖe le Europa eye wode dɔ asi na bubu be wòawɔ dɔ le Biafra-yameʋudzeƒe suea. Yehowa Ðasefowoe ame eve siawo nye, eye azɔ wole kadodo ƒe mɔ ɖeka hɔ̃ si le Biafra kple teƒe bubuwo dome la ƒe akpa si kple akpa keme. Wo ame evea wokpɔe dze sii be Yehowa gbɔe ɖoɖoa tso. Eyata wotsɔ wo ɖokui na faa be yewoawɔ gbɔgbɔ me nuɖuɖu ɖoɖo ɖe Biafra ƒe afɔkudɔ dziŋɔ la. Eye wote ŋu wɔ esia le aʋawɔɣia katã me. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ðoɖoa menye nane si ŋu amegbetɔwo ate ŋu awɔ ɖoɖo le o.”

[Nyaɖoɖo si le 19]

Kpɔɖeŋuxexlẽme Siwo le Nyaɖeɖefia Me

Xexlẽme Kpɔɖeŋu ƒe Gɔmesese

2 Efia kpe ɖoɖo nya dzi vevie. (Nyaɖeɖefia 11:3, 4; tsɔe sɔ

kple Mose V, 17:6.)

3 Efia gbeteɖedzi. Efia hã be nua sẽ ŋu. (Nyaɖeɖefia 4:8; 8:13;

16:13, 19)

4 Efia xexeame katã tɔ alo sɔsɔ tututu le dzogoe eneawo dzi.

(Nyaɖeɖefia 4:6; 7:1, 2; 9:14; 20:8; 21:16)

6 Efia blibomademade, nane si mele ɖoɖo nu o, nu gã nyadri.

(Nyaɖeɖefia 13:18; tsɔe sɔ kple Samuel II, 21:20.)

7 Efia blibonyenye si Mawu ɖo ɖi, le Yehowa ƒe tameɖoɖowo alo

Satana tɔ gome. (Nyaɖeɖefia 1:4, 12, 16; 4:5; 5:1, 6; 10:3, 4; 12:3)

10 Efia ŋutilã me blibonyenye, le anyigba dzi nuwo gome.

(Nyaɖeɖefia 2:10; 12:3; 13:1; 17:3, 12, 16)

12 Efia habɔbɔ si Mawu ɖo le dziƒo alo le anyigba dzi.

(Nyaɖeɖefia 7:5-8; 12:1; 21:12, 16; 22:2)

24 Efia Yehowa ƒe habɔbɔ ƒe ɖoɖo gbago (teƒe eve) la.

(Nyaɖeɖefia 4:4)

Ele be woase egɔme be xexlẽdzesi aɖewo siwo woyɔ le Nyaɖeɖefia me la menye kpɔɖeŋuwo o. Zi geɖe la nya siwo ƒo xlãe kpena ɖe ame ŋu be woakpɔ esia. (Kpɔ Nyaɖeɖefia 7:4, 9; 11:2, 3; 12:6, 14; 17:3, 9-11; 20:3-5.)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe