INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w07 3/15 axa 3
  • Kristo Ƒe Vava​—Ðe Wòle Be Míavɔ̃ Nɛa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristo Ƒe Vava​—Ðe Wòle Be Míavɔ̃ Nɛa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Nye Kristo Ƒe Vava?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nu Si Kristo Ƒe Vava Ahe Avɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Yesu Va Kple Dzideƒonya
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Nyaɖeɖefia—Alesi Wòka Wòe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
w07 3/15 axa 3

Kristo Ƒe Vava​—Ðe Wòle Be Míavɔ̃ Nɛa?

ALEKE nèsusuna be Yesu Kristo ƒe vava anɔ? Ðe nèbuna be anye nudzɔdzɔ aɖe si ahe tsɔtsrɔ̃, aƒedoɖiɖi, kple tohehe ava ameƒomea dzia? Alo ɖe nèkpɔa mɔ be ava ɖe míaƒe kuxiwo katã ɖa? Ðe wòle be míavɔ̃ na Kristo ƒe vavaa? Alo ɖe wòle be míanɔ mɔ kpɔm nɛ veviea?

Biblia gblɔ le Kristo ƒe vava ŋu be: “Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, . . . eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti!” (Nyaɖeɖefia 1:7) Yesu ƒe vava sia nye eƒe dodo le etsɔme be yeaɖo eteƒe na ame dzɔdzɔewo, eye yeahe to na ame vɔ̃ɖiwo.

Le esi teƒe be apostolo Yohanes navɔ̃ na Kristo ƒe vava la, ɖe wòkpɔ mɔ nɛ vevie boŋ. Esi woɖe vava sia kple nu si wòahe ava anyigba dzi fia Yohanes vɔ la, edo gbe ɖa tso dzi me be: “Aƒetɔ Yesu va!” (Nyaɖeɖefia 22:20) Ekema nu ka tae “anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti” ɖo? Mɔ ka nue “ŋku sia ŋku lakpɔe” le? Nu kae Kristo ƒe vavaa ahe avɛ? Aleke edzixɔxɔse ate ŋu aɖe vi na míi fifia? Nyati si kplɔe ɖo aɖo nyabiase siawo ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe