INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • re ta 14 axa 74-82
  • Yehowa ƒe Dziƒofiazikpui la ƒe Gãnyenye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa ƒe Dziƒofiazikpui la ƒe Gãnyenye
  • Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Ŋkume si Le Dzo Dam
  • Amesiwo Amegã Xoxo 24 la Nye
  • Dzikedzowo, Gbeɖiɖiwo Kple Dziɖegbewo
  • Dzokakatiwo Kple Atsiaƒu si me Kɔ
  • Mikpɔ Ða—“Nu Gbagbe Ene”!
  • Yehowa ƒe Kafukafuhawo Ði
  • “Amekae Dze be, Wòaʋu Agbalẽ La?”
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Ame Kawoe Nye “Nu Gbagbe Siawo Siwo Mo Ene Li Na” La?
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
  • Ènya Yehowa ƒe Habɔbɔ La?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ðe Mawu Le Afi Sia Afia?
    Nyɔ!—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
re ta 14 axa 74-82

Ta 14

Yehowa ƒe Dziƒofiazikpui la ƒe Gãnyenye

Ŋutega 2—Nyaɖeɖefia 4:1–5:14

Nyati: Nu dziŋɔ siwo dzɔ le Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ

Emevaɣi: Nusiwo le ŋutega sia mee nye nusiwo adzɔ tso ƒe 1914 vaseɖe ƒe Akpe Ðeka la ƒe nuwuwu kple emegbe esime nuwɔwɔ ɖesiaɖe si le dziƒo kple anyigba dzi akafu Yehowa.—Nyaɖeɖefia 5:13

1. Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le ŋutega siwo me nyawo Yohanes gblɔ na mí la me vevie?

YOHANES dze ŋutega ʋãme bubuwo ŋuti nya gbɔgblɔ na mí gɔme. To gbɔgbɔa ƒe ameʋaʋã dzi la, ekpɔtɔ le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me. Eyata gɔmesese deto aɖe le nusiwo ŋuti wòƒo nu le la ŋu na mí amesiwo le ŋkeke ma me ŋutɔŋutɔ. Yehowa to ŋutega siawo dzi klo nu le dziƒonu makpɔmakpɔwo dzi eye wòna míenya eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusu le ʋɔnu siwo wòadrɔ̃ le anyigba dzi la ŋu. Gawu la, eɖanye dziƒomɔkpɔkpɔ alo anyigba dzi mɔkpɔkpɔe le mía si o, nyaɖeɖefia siawo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ afisi míele le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me. Eyata ele be mí katã míayi edzi atsɔ ɖe le Yohanes ƒe nyagbɔgblɔa me vevie, be: “Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo.”—Nyaɖeɖefia 1:3.

2. Nukae dzɔ ɖe Yohanes dzi azɔ?

2 Nusi Yohanes kpɔ azɔ la de ŋgɔ wu nusianu si woto video dzi ɖe fia ƒe alafa 20 lia sia me tɔwo! Eŋlɔe bena: “Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ, si mese la, ƒo nu kplim abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena: Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.” (Nyaɖeɖefia 4:1) Le ŋutega me la Yohanes yi Yehowa ŋkume le dziƒo afisi womekpɔna o, afisi le yamenutome si egbegbe yamenutomeyilawo yina la tame ʋĩ, eye wòle xexeame si míenya la ƒe ɣletivihatsotsoawo gɔ̃ hã tame ʋĩ la. Wokpe Yohanes, abe ʋɔtru si le ʋuʋu nue wòto ene, be wòakpɔ gbɔgbɔmedziƒo kɔkɔtɔ, afisi Yehowa ŋutɔ ƒe fiazikpui le la ƒe nukpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi si lɔ nu geɖe ɖe eme la. (Psalmo 11:4; Yesaya 66:1) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si!

3. Nuka dzie gbe si le “abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene” la ɖo ŋkui na mí, eye ɖikeke mele eme o be Ameka ƒe gbee wònye?

3 Biblia la megblɔ amesi ƒe gbee “gbe gbãtɔ” sia nye la na mí o. Abe Yesu ƒe gbe sesẽ si wose do ŋgɔ ene la, enye gbeɖeɖe si le abe kpẽ ene. (Nyaɖeɖefia 1:10, 11) Eɖoa ŋku kpẽ si ɖi sesĩe hefia be Yehowa va Sinai-toa dzi la dzi na mí. (Mose II, 19:18-20) Ðikeke mele eme o be Yehowae nye Amegã si yɔe la. (Nyaɖeɖefia 1:1) Eʋu ʋɔa be Yohanes nate ŋu age ɖe teƒe kɔkɔetɔ kekeake le Yehowa ƒe dziɖuƒe gã la katã me la le ŋutega me.

Yehowa Ŋkume si Le Dzo Dam

4. (a) Gɔmesese kae le Yohanes ƒe ŋutega la ŋu na Kristotɔ amesiaminawo? (b) Gɔmesese kae le ŋutega la ŋu na amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi?

4 Nukae Yohanes kpɔ? Ðo to nasee esi wòle nuteƒe gã si wòkpɔ la gblɔm na mí: “Eye enumake menɔ gbɔgbɔ la me, eye kpɔ ɖa, woɖo fiazikpui anyi ɖe dziƒo, eye ame aɖe bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi.” (Nyaɖeɖefia 4:2) Mawu ƒe ŋusẽ wɔdɔ kɔ Yohanes enumake le gbɔgbɔ me yi Yehowa ƒe fiazikpuia ŋutɔŋutɔ gbɔ. Aleke wòdo dzidzɔ na Yohanes enye si! Wona wòkpɔ dziƒo afisi wodzra “domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe” ɖo ɖi na wo kple Kristotɔ amesiamina bubuwo la do ŋgɔ wòwɔ dɔ ɖe edzi. (Petro I, 1:3-5; Filipitɔwo 3:20) Gɔmesese deto aɖe le Yohanes ƒe ŋutega la ŋu na amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la hã. Ekpena ɖe wo ŋu be woase Yehowa ƒe nɔnɔme kpakple dziƒodziɖuɖu ƒe ɖoɖo si ŋudɔ Yehowa wɔna le ʋɔnu dɔdrɔ̃ dukɔwo kple emegbe le amegbetɔ siwo le anyigba dzi dzi ɖuɖu me la ƒe ŋutikɔkɔe gɔme. Yehowae nye ɖoɖowɔwɔ nyuitɔ ƒe Mawu vavã!

5. Nu ŋutɔŋutɔ kae Yohanes kpɔ si ƒe kpɔɖeŋue nubablaɖaka la ƒe nutsyɔnu nye?

5 Nusiwo Yohanes kpɔ le dziƒo afima la ƒe akpa gã aɖe ɖi takpegbadɔa ƒe nɔnɔme aɖewo le gbeadzi. Wotu esia anɔ abe ƒe 1,600 ene do ŋgɔ be wòanye tadedeagu vavãtɔ ƒe kɔkɔeƒe na Israel-viwo. Nubablaɖaka la nɔ takpegbadɔ ma ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea, eye Nubablaɖaka ma ƒe nutunui si nye sika sɔŋ la tamee Yehowa ŋutɔ ƒo nu le. (Mose II, 25:17-22; Hebritɔwo 9:5) Eyata Nubablaɖaka la ƒe nutunuia va nye Yehowa ƒe fiazikpuia ƒe kpɔɖeŋu. Azɔ Yohanes kpɔ nu ŋutɔŋutɔ si nu ma nye kpɔɖeŋu na la: esi nye Aƒetɔ Fiagã Yehowa ŋutɔ si bɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe dziƒofiazikpui gã la dzi le gãnyenye nyuitɔ me!

6. Aleke Yohanes gblɔ na mí le Yehowa ŋu, eye nukatae esia sɔ?

6 Le nuwɔna si to vovo tso nyagblɔɖila siwo kpɔ Yehowa ƒe fiazikpuia ƒe ŋutega do ŋgɔ nɛ tɔ gbɔ me la, Yohanes meɖɔ Kɔkɔetɔ si le zikpuia dzi la tsitotsito o. (Xezekiel 1:26, 27; Daniel 7:9, 10) Gake Yohanes gblɔ alesi wòkpɔ Amesi le fiazikpuia dzie la na mí le nya siawo me be: “Eye amesi bɔbɔ nɔ edzi la ŋuti le abe yaspis-kpe kple sardis-kpe ene, eye anyieʋɔ, si ŋuti le abe smaragd-kpe ene la, ƒo xlã fiazikpui la.” (Nyaɖeɖefia 4:3) Atsyɔ̃ɖoɖo si ɖeke mesɔ kplii o kae nye si! Yohanes kpɔ atsyɔ̃ɖoɖo si me kɔ eye wòle keklẽm abe kpe xɔasi dzeani siwo le dzo dam ene. Aleke esia wɔ ɖeka kple alesi Yakobo ɖɔ Yehowa be enye “kekeliwo ƒe Fofo la” wòsɔe nye si! (Yakobo 1:17) Le Nyaɖeɖefia la ŋɔŋlɔ megbe kpuie la, Yohanes ŋutɔ gblɔ be: “Mawu enye kekeli, eye viviti aɖeke mele eme o.” (Yohanes I, 1:5) Ŋutikɔkɔeme deŋgɔ ŋutɔŋutɔ kae nye si Yehowa nye!

7. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nyateƒe si wònye be anyieʋɔ ƒo xlã Yehowa ƒe fiazikpuia godoo la me?

7 De dzesii be Yohanes kpɔ be anyieʋɔ si ƒe amadede le abe gbe mumu tɔ ene ƒo xlã fiazikpuia. Hela-nya si gɔme woɖe le afisia be anyieʋɔ (irʹis) la fia nɔnɔme si le nogoo keŋkeŋ. Zi gbãtɔ si woƒo nu tso anyieʋɔ ŋu le Biblia me la, eku ɖe Noa ŋɔli ŋu. Le Tsiɖɔɖɔa ƒe miemie megbe la, Yehowa na anyieʋɔ do ɖe alilikpowo ŋu, eye wòɖe nusi wòfia la me le nya siawo me be: “Meɖo nye anyieʋɔ ɖe alilikpowo ŋu, bena wòanye nubabla, si le mía kple anyigba dome la ƒe dzesi. Maɖo ŋku nye nubabla, si mebla kpli mi kpakple ŋutilã sia ŋutilã, siwo me agbegbɔgbɔ le la dzi, eye tsi magaɖɔ aɖe anyigba la bena, nu gbagbewo katã natsrɔ̃ o.” (Mose I, 9:13, 15) Ekema nuka dzie dziƒoŋutega la aɖo ŋkui na Yohanes? Anyieʋɔ si wòkpɔ la anya ɖo ŋku alesi wòhiã be woanɔ ŋutifafa ƒe ƒomedodo me kple Yehowa, abe esi me Yohanes habɔbɔa sea vivi le egbea ene, la dzi nɛ. Agana Yehowa ŋkume ƒe akɔdzeanyi kple ŋutifafa nawɔ dɔ ɖe edzi, esi nye akɔdzeanyi si ava na amegbetɔ toɖolawo katã ne Yehowa keke eƒe agbadɔ ɖe ameƒomea dzi le anyigba yeye habɔbɔa me.—Psalmo 119:165; Filipitɔwo 4:7; Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Amesiwo Amegã Xoxo 24 la Nye

8. Amekawoe Yohanes kpɔ be woƒo xlã fiazikpui la, eye amekawoe amesiawo tsi tre ɖi na?

8 Yohanes nya be wode dɔ asi na nunɔlawo be woasubɔ le blematakpegbadɔa me. Eyata anya wɔ nuku nɛ be wòkpɔ nusi ŋuti wòyi edzi ƒo nu le la be: “Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.” (Nyaɖeɖefia 4:4) Ðe nunɔlawo teƒe la, amegã xoxo 24 siwo bɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi eye woɖɔ fiakuku na wo abe fiawo ene lae li. Amekawoe nye amegã xoxo siawo? Womenye ame bubu aɖeke tsɔ wu Kristo-hamea me tɔ amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre eye wole dziƒonɔƒe si ŋugbe Yehowa do na wo la o. Aleke míewɔ nya?

9, 10. Aleke míewɔ nya be amegã xoxo 24 la tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe dziƒonɔƒea?

9 Gbã la, fiakukuwo le wo ta. Biblia ƒo nu tso Kristotɔ amesiaminawo ŋu be ‘dziɖuɖukuku magblẽmagblẽ’ kple agbe mavɔ—makumakunyenye—asu wo si. (Korintotɔwo I, 9:25; 15:53, 54) Gake esi wònye be amegã xoxo 24 siawo bɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi ta la, sikafiakukuawo atsi tre ɖi na fianyenye ƒe ŋusẽ le go sia me. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 6:2; 14:14.) Esia de nyataƒoƒo be amegã xoxo 24 la tsi tre ɖi na Yesu ƒe afɔɖoƒeyomedzela amesiaminawo le woƒe dziƒonɔƒe la dzi, elabena Yesu wɔ nubabla kpli wo be woanɔ fiazikpuiwo dzi le yeƒe Fiaɖuƒea me. (Luka 22:28-30) Yesu kple amegã xoxo 24 siawo ɖeɖeko ŋue woƒo nu le be wole dzi ɖum le dziƒo le Yehowa ŋkume—mawudɔlawo gɔ̃ hã mele eme o.

10 Esia wɔ ɖeka kple ŋugbe si Yesu do na Laodikea-hamea be: “Amesi ke ɖu dzi la, mana wòabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi” la. (Nyaɖeɖefia 3:21) Gake dɔ si wode asi na amegã xoxo 24 la le dziƒo menye dziɖuɖu ɖeɖeko o. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒe gɔmedzenya me la, Yohanes gblɔ le Yesu ŋu be: “[Ewɔ] mí fiawo kple nunɔlawo hena eƒe Mawu Fofo la.” (Nyaɖeɖefia 1:5, 6) Amesiawo nye fiawo kple nunɔlawo siaa. “Woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.”—Nyaɖeɖefia 20:6.

11. Nukatae wòsɔ be amegã xoxoawo ƒe xexlẽme nye 24, eye nukae xexlẽme ma fia?

11 Nukae ɖe dzesi le xexlẽme 24 la ŋu, esi wònye amegã xoxo 24 ye Yohanes kpɔ woƒo xlã fiazikpui la? Le go geɖe me la, blema Israel ƒe nunɔla ɖianukwareawo tsi tre ɖi na amesiawo. Apostolo Petro ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ amesiaminawo bena: “Miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ.” (Petro I, 2:9) Enye dzidzɔ na mí be míanya be wova mã blema Yudatɔwo ƒe nunɔlawo ɖe hatsotso 24 me. Wode ƒea me kwasiɖa aɖewo hatsotso ɖesiaɖe si be woasubɔ le Yehowa ŋkume, ale be wometso subɔsubɔ kɔkɔe me o. (Kronika I, 24:5-19) Ekema esɔ be amegã xoxo 24 ye le dziƒonunɔlawo ŋuti ŋutega si Yohanes kpɔ la me elabena nunɔla siawo subɔna Yehowa tsiãna ɖe nu madzudzɔmadzudzɔe. Ne wode la, woanye hatsotso 24 eye aʋadziɖula 6,000 anɔ ɖesiaɖe me, elabena Nyaɖeɖefia 14:1-4 gblɔ na mí be “woƒle” ame 144,000 (24 × 6,000) la ‘tso ameƒomea me’ be woa kple Alẽvi Yesu Kristo woatsi tre ɖe dziƒo Zion-to la dzi. Esi wònye xexlẽme 12 la fia habɔbɔ si Mawu na wòda sɔ nyuie ta la, 24 dzi ɖoɖo ma ɖe edzi teƒe eve—alo edo ŋusẽe.

Dzikedzowo, Gbeɖiɖiwo Kple Dziɖegbewo

12. Nukae Yohanes kpɔ hese azɔ, eye nuka dzie “dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo” ɖo ŋkui na mí?

12 Nukae Yohanes gakpɔ hese? “Eye dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo do tso fiazikpui la me.” (Nyaɖeɖefia 4:5a) Esia ɖi Yehowa ƒe dziƒoŋusẽ ƒe ɖeɖefia dziŋɔ bubuwo ale gbegbe! Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa “ɖi va” Sinai-toa dzi la, Mose ka nya ta be: “Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi kanya la dzi de asi gbeɖeɖe me, eye wòle dzo kem; alilikpo dodo aɖe va tsyɔ to la dzi, eye kpẽwo le ɖiɖim sesĩe ŋutɔ. . . . Kpẽawo nu le sesẽm ɖe dzi. Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo ŋu nɛ kple gbe sesẽ.”—Mose II, 19:16-19.

13. Nukae dzikedzo siwo tso Yehowa ƒe fiazikpuia me la tsi tre ɖi na?

13 Le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, Yehowa ɖea eƒe ŋusẽ kple anyinɔnɔ fiana le mɔ deŋgɔ aɖe nu. Ao, menye to dzikedzo ŋutɔŋutɔ dzi o, elabena dzesiwo kpɔm Yohanes le. Ekema nukae dzikedzoawo tsi tre ɖi na? Dzikedzo te ŋu nana teƒe aɖe kɔna, gake ete ŋu ƒoa ame wòkuna hã. Eyata dzikedzo siawo siwo tso Yehowa ƒe fiazikpuia me la tsi tre ɖi na numekɔkɔ si wòyi edzi le eƒe amewo nam, kple esi ɖe dzesi wu la, eƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasi sesẽwo.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 18:15; 144:5, 6; Mateo 4:14-17; 24:27.

14. Aleke gbewo ɖie egbea?

14 Ke gbeɖiɖiawo ya ɖe? Esi Yehowa ɖi va Sinai-toa dzi la, gbeɖiɖi aɖe ƒo nu kple Mose. (Mose II, 19:19) Gbe siwo ɖi tso dziƒoe gblɔ se kple nyagbɔgblɔ siwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la dometɔ geɖe. (Nyaɖeɖefia 4:1; 10:4, 8; 11:12; 12:10; 14:13; 16:1, 17; 18:4; 19:5; 21:3) Egbea hã Yehowa de sewo hegblɔ nyawo na eƒe amewo, esiwo na wose Biblia me nyagblɔɖiwo kple gɔmeɖosewo gɔme. Zi geɖe la woɖe numekɔnyawo ɖe go le dukɔwo dome takpekpewo me, eye tso ema dzi la woɖe gbe ƒã Biblia me nyateƒe mawo le xexeame katã. Apostolo Paulo gblɔ le nya nyui la ƒe gbeƒãɖela anukwareɖilawo ŋu be: “Ẽ, vavãe! Woƒe numegbe ɖi hoo le anyigba blibo la katã dzi, eye woƒe nyawo de xexeme ƒe seƒewo ke.”—Romatɔwo 10:18.

15. Gbeɖeɖe kawoe do tso fiazikpuia me le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe akpa sia me?

15 Zi geɖe la ne dzi ke dzo la, dzi ɖea gbe. Dawid ƒo nu tso dziɖegbe ŋutɔŋutɔ ŋu be enye “Yehowa ƒe gbe.” (Psalmo 29:3, 4) Esime Yehowa wɔ aʋa na Dawid ɖe eƒe futɔwo ŋu la, wogblɔ be dzi ɖe gbe tso Egbɔ. (Samuel II, 22:14; Psalmo 18:14) Elihu gblɔ na Hiob be Yehowa ƒe gbe ɖina abe dziɖegbe ene esime Wòle “nu gã” siwo “mele nyanya me o” la wɔm. (Hiob 37:4, 5) Le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe akpa sia me la, Yehowa ‘ɖe gbe’ tsɔ xlɔ̃ nu le nu gã siwo wòawɔ eƒe futɔwo la ŋu. Kpɔɖeŋu ƒe dziɖegbe siawo ɖi eye wogbugbɔ ɖi le anyigba katã dzi. Dzidzɔtɔe nenye ne èɖo to gbeɖeɖe ƒe nyagbɔgblɔ siawo eye nele wò aɖe ŋudɔ wɔm nunyatɔe tsɔ le gbeɖiɖia dzim ɖe edzi!—Yesaya 50:4, 5; 61:1, 2.

Dzokakatiwo Kple Atsiaƒu si me Kɔ

16. Nukae “dzokakati adre” la tsi tre ɖi na?

16 Nukae Yohanes gakpɔ? Esiae: “Eye dzokakati adre le bibim le fiazikpui la ŋgɔ, woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo; eye atsiaƒu, si me kɔ abe kristalo lãlɛ̃ ene la, le fiazikpui la ŋgɔ.” (Nyaɖeɖefia 4:5b, 6a) Yohanes ŋutɔ gblɔ nusi akaɖi adreawo fia la na mí be: “Woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.” Xexlẽme adre la tsi tre ɖi na blibonyenye le dziƒonuwo gome; eyata ele be akakati adreawo natsi tre ɖi na gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe numekɔkɔ ƒe ŋusẽ bliboa. Aleke Yohanes habɔbɔ si li egbea daa akpe enye si be wotsɔ numekɔkɔ sia kple etsɔtsɔ na anyigbadzitɔ siwo gbɔgbɔmedɔ le wuwum la ƒe agbanɔamedzia de asi na wo! Aleke míekpɔa dzidzɔe nye si be ƒe sia ƒe la Gbetakpɔxɔ magazine la ɖekaɖeka miliɔn 350 kple vɔ yia edzi naa kekeli sia dzena le gbegbɔgblɔ siwo wu alafa ɖeka me!—Psalmo 43:3.

17. Nuka ƒe kpɔɖeŋue “atsiaƒu, si me kɔ abe kristalo lãlɛ̃ ene” la nye?

17 Yohanes kpɔ “atsiaƒu, si me kɔ abe kristalo lãlɛ̃ ene” hã. Nukae esia afia ku ɖe amesiwo wokpe yi Yehowa ƒe dziƒofiasã me ŋu? Paulo ƒo nu tso alesi Yesu kɔ hamea ŋue “esime wòklɔ eŋuti to tsilele me le nya la me” ŋuti. (Efesotɔwo 5:26) Hafi Yesu naku la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mia ŋuti kɔ xoxo le nya, si megblɔ na mi la ta.” (Yohanes 15:3) Eyata atsiaƒu sia si me kɔ abe kristalo ene la atsi tre ɖi na Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi si kɔa ame ŋu la. Ele be fia nunɔla siwo ado ɖe Yehowa ŋkume la nanye amesiwo ŋu eƒe nya la kɔ nyuie.

Mikpɔ Ða—“Nu Gbagbe Ene”!

18. Nukawoe Yohanes kpɔ le fiazikpuia titina eye woƒo xlãe hã?

18 Azɔ Yohanes kpɔ nu bubu. Eŋlɔe bena: “Eye nu gbagbe ene, siwo ŋgɔgbe kple megbe yɔ fũ kple ŋkuwo la, le fiazikpui la titina, eye woƒo xlã fiazikpui la hã.”—Nyaɖeɖefia 4:6b.

19. Nukae nu gbagbe eneawo tsi tre ɖi na, eye aleke míewɔ nya esia?

19 Nukae nuwɔwɔ siawo tsi tre ɖi na? Ŋutega si ŋuti Xezekiel si nye nyagblɔɖila bubu ka nya ta le la kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ ŋuɖoɖoa. Xezekiel kpɔ Yehowa wònɔ fiazikpui dzi le dziƒotasiaɖam si ŋu nu gbagbe siwo si nɔnɔme siwo le abe esiwo ŋuti Yohanes ƒo nu le ene le la tame. (Xezekiel 1:5-11, 22-28) Xezekiel gakpɔ fiazikpui si nye tasiaɖam ma si ŋu nu gbagbeawo le la emegbe. Gake fifia ya la, eyɔ nu gbagbeawo be kerubiwo. (Xezekiel 10:9-15) Nu gbagbe ene siwo Yohanes kpɔ la atsi tre ɖi na Mawu ƒe kerubi gbogboawo—siwo nye nuwɔwɔ siwo si nɔƒe kɔkɔ le le Eƒe gbɔgbɔmehabɔbɔa me. Yohanes mabui be ewɔ nuku be kerubiwo nanɔ Yehowa gbɔ tututu nenema o elabena le blematakpegbadɔ ƒe ɖoɖoa me la, sikakerubi eve nɔ nubablaɖaka si tsi tre ɖi na Yehowa ƒe fiazikpui la ƒe nutsyɔnua dzi. Yehowa ƒe gbe de se na dukɔa tso kerubi siawo dome.—Mose II, 25:22; Psalmo 80:1.

20. Mɔ ka nue woagblɔe le be nu gbagbe eneawo “le fiazikpui la titina, eye woƒo xlã fiazikpui la hã”?

20 Nu gbagbe ene siawo “le fiazikpui la titina, eye woƒo xlã fiazikpui la.” Nuka tututue esia fia? Ate ŋu afia be woƒo xlã fiazikpuia le mɔ aɖe nu be wo dometɔ ɖesiaɖe le akpa ɖesiaɖe titina. Eyata Today’s English Version la gɔmeɖelawo gbugbɔ Helagbe me nyagbɔgblɔ gbãtɔa gblɔ kpuie ale: “woƒo xlã fiazikpuia le eƒe akpa ɖesiaɖe dzi.” Nyagbɔgblɔa ate ŋu afia hã be nu gbagbe eneawo le dziƒo titina, afisi fiazikpuia le. Anye be ema tae The Jerusalem Bible ɖe nyagbɔgblɔa gɔme be: “le titina, woƒo xlã fiazikpui la ŋutɔ.” Nu vevitɔe nye alesi kerubiawo le Yehowa ƒe fiazikpuia ŋu kplikplikplie, esi sɔ kple kerubi siwo Xezekiel kpɔ wole Yehowa ƒe habɔbɔ ƒe tasiaɖam la ƒe dzogoe ɖesiaɖe dzi la tɔ. (Xezekiel 1:15-22) Esia katã wɔ ɖeka kple Psalmo 99:1 ƒe nyawo be: “Yehowa enye fia, . . . Ebɔbɔ nɔ kerubiwo dzi.”

21, 22. (a) Aleke Yohanes ɖɔ nu gbagbe eneawoe? (b) Nukae nu gbagbe eneawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe dzedzeme la tsi tre ɖi na?

21 Yohanes yi edzi be: “Eye nu gbagbe gbãtɔ le abe dzata ene, eye nu gbagbe evelia le abe nyitsu ene, eye nu gbagbe etɔ̃lia ƒe mo le abe ame ƒe mo ene, eye nu gbagbe enelia le abe hɔ̃, si le dzodzom ene.” (Nyaɖeɖefia 4:7) Nukatae nu gbagbe ene siawo to vovo tso wo nɔewo gbɔ nenema? Edze ƒã be nu gbagbe ɖedzesi siawo ɖe mawumenɔnɔme tɔxɛwo fia. Gbãtɔe nye dzata la. Wozãna dzata abe kalẽwɔwɔ ƒe dzesi ene le Biblia me, vevietɔ le ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye me. (Samuel II, 17:10; Lododowo 28:1) Eyata dzata tsi tre ɖi na mawumenɔnɔme si nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ kalẽtɔe. (Mose V, 32:4; Psalmo 89:15) Nu gbagbe evelia ɖi nyitsu. Nɔnɔme ka dzie nyitsu ɖoa ŋkui na wò? Nyitsu nye nu xɔasi na Israel-viwo le eƒe ŋusẽ ta. (Lododowo 14:4; kpɔ Hiob 39:9-11 hã.) Eyata nyitsu la tsi tre ɖi na ŋusẽ, si nye ŋusẽ triakɔ si Yehowa nana.—Psalmo 62:11; Yesaya 40:26.

22 Nu gbagbe etɔ̃lia ƒe mo le abe amegbetɔ tɔ ene. Ele be esia natsi tre ɖi na mawumelɔlɔ̃ elabena amegbetɔ ɖeɖekoe wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu le anyigba dzi hetsɔ lɔlɔ̃ si nye nɔnɔme si ƒo ɖesiaɖe ta la nɛ. (Mose I, 1:26-28; Mateo 22:36-40; Yohanes I, 4:8, 16) Ðikeke mele eme o be kerubiwo ɖea nɔnɔme sia fiana esime wole subɔsubɔm le Yehowa ƒe fiazikpui la ŋu. Ke nu gbagbe enelia ya ɖe? Esia le abe hɔ̃ si le dzodzom ene. Yehowa ŋutɔ he susu yi alesi hɔ̃ te ŋu kpɔa nu le didiƒe la dzi be: “Eƒe ŋku kpɔa keke didiƒe ke.” (Hiob 39:29) Eyata hɔ̃ nye nunya si kpɔa nu le adzɔge ƒe kpɔɖeŋu wòsɔ. Yehowae nye nunya ƒe Dzɔtsoƒe. Eƒe kerubiwo wɔa dziƒonunya ŋudɔ esime wole wɔwɔm ɖe eƒe sededewo dzi.—Lododowo 2:6; Yakobo 3:17.

Yehowa ƒe Kafukafuhawo Ði

23. Nukae nyateƒe si wònye be nu gbagbe eneawo “yɔ fũ kple ŋkuwo” la fia, eye nuka dzie aʋala eveveve etɔ̃ si le wo si la te gbe ɖo?

23 Yohanes yi eƒe nyaa dzi be: “Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dome ɖesiaɖe, eye ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũ, eye womekpɔ dzudzɔ zã kple keli o hele gbɔgblɔm bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye wòli, eye wòle vava ge la!” (Nyaɖeɖefia 4:8) Ŋkuwo ƒe agbɔsɔsɔ sia fia be wokpɔa nusianu eye wokpɔa nu le adzɔge hã. Nu gbagbe eneawo wɔa esiawo ŋudɔ madzudzɔmadzudzɔe elabena mehiã be woadɔ alɔ̃ o. Wosrɔ̃a Amesi ŋuti woŋlɔe le be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (Kronika II, 16:9) Esi ŋku gbogbo mawo le kerubiawo si ta la, woate ŋu akpɔ afisiafi. Naneke meli si womekpɔna o. Eyata wosu te nyuie be woasubɔ Mawu le eƒe ʋɔnudrɔ̃dɔa me. Wogblɔ le eyama ŋu be: “Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.” (Lododowo 15:3) Eye esi aʋala eve teƒe etɔ̃—wozãna xexlẽme etɔ̃ hena gbeteɖedzi le Biblia me—le wo si ta la, kerubiawo ate ŋu aɖe abla kaba abe dzikedzo ene be woaɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo eye woahe wo vɛ.

24. Aleke kerubiawo kafua Yehowae, eye nukae wòfia?

24 Miɖo to! Kafukafuha si dzim kerubiawo le na Yehowa la vivi eye wòʋãa luʋɔ ŋutɔ: “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ [Yehowa], Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye wòli, eye wòle vava ge la!” Egbɔgblɔ zi etɔ̃ la gafia gbeteɖedzi. Kerubiawo le kpe ɖom Yehowa Mawu ƒe kɔkɔenyenye dzi vevie. Eyae nye kɔkɔenyenye ƒe Dzɔtsoƒe kple eƒe Kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake. Eya hãe nye “Fia mavɔmavɔtɔ” la, amesi nye “Alfa kple Omega, gbãtɔ kple mlɔetɔ, gɔmedzedze kple nuwuwu” la ɣesiaɣi. (Timoteo I, 1:17; Nyaɖeɖefia 22:13) Kerubiawo megbɔna ɖe eme esime wole gbe ƒã ɖem Yehowa ƒe nɔnɔme siwo ɖeke mesɔ kpli wo o la na nuwɔwɔwo katã o.

25. Aleke nu gbagbeawo kple amegã xoxo 24 la wɔ ɖeka le ta dede agu na Yehowa mee?

25 Yehowa ƒe kafukafuhawo le ɖiɖim sesĩe le dziƒowo ƒe dziƒo! Yohanes yi nya la dzi be: “Eye ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe kple bubu kple akpedada tsɔm na amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye wodea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena: Mía Aƒetɔ [Yehowa] kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” (Nyaɖeɖefia 4:9-11) Le Ŋɔŋlɔa katã me la, bubu tsɔtsɔ na Yehowa, mía Mawu kple Aƒetɔ Fiagã la ƒe gbeƒãɖeɖe vevitɔwo dometɔ ɖekae nye sia!

26. Nukatae amegã xoxo 24 la tsɔ woƒe fiakukuwo da ɖe Yehowa ŋkume?

26 Susu si le Yesu si la kee le amegã xoxo 24 la si, eye wotsɔa woƒe fiakukuwo dana ɖe Yehowa ŋkume gɔ̃ hã. Mele susu me na wo kura be woado wo ɖokui ɖe dzi le Mawu ŋkume o. Wokpɔnɛ dzea sii ɖokuibɔbɔtɔe be tameɖoɖo si le yewoƒe fianyenyea ŋu koe nye be yewoatsɔ kafukafu kple ŋutikɔkɔe nɛ, abe alesi Yesu wɔnɛ ɣesiaɣi ene. (Filipitɔwo 2:5, 6, 9-11) Ðokuibɔbɔtɔe la, wolɔ̃na ɖe edzi be yewomede Yehowa nu o, eye woʋua eme be yewoƒe dziɖuɖua nɔ te ɖe eƒe fianyenye dzi. Eyata wowɔ ɖeka le dzi me kple kerubiawo kple nuwɔwɔ ɖianukware susɔeawo le kafukafu kple bubu tsɔtsɔ na Mawu, amesi wɔ nuwo katã la me.—Psalmo 150:1-6.

27, 28. (a) Aleke wòle be alesi Yohanes ɖɔ ŋutega siae la nawɔ dɔ ɖe mía dzie? (b) Nyabiabia kawoe do mo ɖa ku ɖe nusi Yohanes gakpɔ hese la ŋu?

27 Amekae Yohanes ƒe nuŋlɔɖi si ku ɖe ŋutega sia ŋu la xexlẽ maʋã o? Enya kpɔ nyuie ŋutɔ! Gake aleke wòle ŋutɔŋutɔ? Ele be Yehowa ƒe gãnyenye naʋã amesiame si ƒe dzi kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la be wòawɔ ɖeka kple nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo 24 la le Eyama kafukafu me, le gbedodoɖa kple gbeƒãɖeɖe Eƒe ŋkɔ le dutoƒo siaa me. Mawu sia ƒe ɖasefowoe mɔnukpɔkpɔ su Kristotɔwo si be woanye egbea. (Yesaya 43:10) Ðo ŋku edzi be Yohanes ƒe ŋutega la ku ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkekea si me míele fifia la ŋu. “Gbɔgbɔ adreawo” le klalo ɣesiaɣi be woafia mɔ mí ahado ŋusẽ mí. (Galatiatɔwo 5:16-18) Mawu ƒe Nya la li egbea be wòakpe ɖe mía ŋu be míanɔ kɔkɔe le Mawu kɔkɔetɔ subɔsubɔ me. (Petro I, 1:14-16) Kakaɖedzitɔe la, dzi dzɔa mí be míaxlẽ nyagblɔɖi sia me nyawo sesĩe. (Nyaɖeɖefia 1:3) Ameʋãnu kae nye si wònye na mí be míaɖi anukware na Yehowa eye míagaɖe mɔ xexeame nahe mí ɖa le eƒe kafukafuhawo dzidzi vevie ŋu o!—Yohanes I, 2:15-17.

28 Vaseɖe afisia la, Yohanes gblɔ nusiwo wòkpɔ esime wokpee be wòato ʋɔtru si le ʋuʋu le dziƒo la nu ava la. Nusi ɖe dzesi wu enye be eka nya ta be Yehowa nɔ anyi ɖe Eƒe dziƒofiazikpuia dzi le Eƒe fianyenye kple bubu ƒe gãnyenye blibo me. Habɔbɔ si sẽ ŋu wu ɖesiaɖe la ƒo xlãe—le atsyɔ̃ɖoɖo kple nuteƒewɔwɔ si nya kpɔ me. Woɖi Dziƒoʋɔnu la. (Daniel 7:9, 10, 18) Nɔnɔmea sɔ be nu wɔnuku aɖe nadzɔ. Nukae wònye, eye aleke wòwɔa dɔ ɖe mía dzie egbea? Mina míakpɔe ɖa esime wòle dzɔdzɔm!

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 75]

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 78]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe