INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ame Kawoe Ayi Dziƒo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    • Ame nenie woafɔ ɖe tsitre woayi dziƒo?

      Biblia ɖee fia be ame 144,000 ye woafɔ ɖe tsitre woava nɔ agbe le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 7:4) Le ŋutega aɖe si apostolo Yohanes kpɔ, si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 14:1-3 me la, ekpɔ “Alẽvi la le tsitre ɖe Zion To la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene vɔ ene . . . le eŋu.” Le ŋutega sia me la, “Alẽvi la” le tsi tre ɖi na Yesu si wofɔ ɖe tsi tre. (Yohanes 1:29; 1 Petro 1:19) “Zion To” la tsi tsitre ɖi na ɖoƒe kɔkɔ si Yesu kple ame 144,000 siwo aɖu dzi kplii la le le dziƒo.​—Psalmo 2:6; Hebritɔwo 12:22.

      ‘Ame yɔyɔ kple ame tiatia’ siwo aɖu fia kple Kristo le Fiaɖuƒea me ye woyɔ be “alẽha sue” la. (Nyaɖeɖefia 17:14; Luka 12:32) Esia fia be woanye ameha sue aɖe ŋutɔ ne wotsɔ wo sɔ kple alẽ ƒe agbɔsɔsɔme si le Yesu si.​—Yohanes 10:16.

  • Ame Kawoe Ayi Dziƒo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    • Susu totro: Dzesi koe 144,000 si woyɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la nye, menye xexlẽme ŋutɔŋutɔe o.

      Nyateƒenya: Togbɔ be xexlẽme siwo nye kpɔɖeŋuwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me hã la, xexlẽme aɖewo nye xexlẽme ŋutɔŋutɔwo. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso “Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔ wuieveawo” ŋu. (Nyaɖeɖefia 21:14) Kpɔ kpeɖodzi siwo tae míate ŋu aƒo nya ta be xexlẽme ŋutɔŋutɔe 144,000 hã nye la ɖa.

      Nyaɖeɖefia 7:4 gblɔ be, “ame siwo nu wotre [alo ame siwo wotia be woanɔ agbe le dziƒo] la ƒe xexlẽme, wotre ame akpe alafa ɖeka blaene vɔ ene nu.” Esi wogblɔ nya siawo vɔ teti koe wogaƒo nu tso ame hatsotso evelia aɖe hã ŋu be, “ameha gã aɖe si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o.” “Ameha gã” la me tɔwo hã akpɔ ɖeɖe tso Mawu gbɔ. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Nenye be kpɔɖeŋudzesi koe 144,000, si nye ame hatsotso aɖe si ŋu xexlẽme mele o nye la, ke vovototo si le ame hatsotso eveawo dome la madze nyuie o.a

      Azɔ hã, wogblɔ tso ame 144,000-awo ŋu be ‘woƒle wo tso amegbetɔwo dome be woanye kutsetse gbãtɔ.’ (Nyaɖeɖefia 14:4) Nyagbɔgblɔ “kutsetse gbãtɔ” fia ametiatia sue aɖe. Esia ɖɔ ame siwo aɖu dzi kple Kristo ɖe wo tevi gbogbo siwo xexlẽme meli na o la dzi le anyigbaa dzi la nyuie.​—Nyaɖeɖefia 5:10.

      a Nenema kee Nufialagã Robert L. Thomas ŋlɔ nu tso xexlẽme 144,000 si woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:4 ŋu be: “Enye xexlẽme si le nyanya si to vovo na xexlẽme si woyɔ le 7:9 si mele nyanya o. Ne wobu xexlẽme sia be enye kpɔɖeŋu la, ke xexlẽme aɖeke manɔ agbalẽa me si anye xexlẽme ŋutɔŋutɔ o.”​—Revelation 1-7: An Exegetical Commentary, axa 474.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe