INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be axa 272-axa 281 mm. 4
  • Gbedasi Si Wòle Be Míaɖe Gbeƒãe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbedasi Si Wòle Be Míaɖe Gbeƒãe
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘VƆ̃ MAWU VAVÃ LA EYE NÀLÉ EƑE SEAWO ME ÐE ASI’
  • ‘ÐASEÐIÐI LE YESU ŊU’
  • ‘FIAÐUƑE ŊUTI NYANYUI SIA’
  • Nu Ka Tae Míadze “Kristo La” Yome?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Fiaɖuƒe “Si Matsrɔ̃ Gbeɖegbeɖe O”
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Mawu Ƒe Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be axa 272-axa 281 mm. 4

Gbedasi Si Wòle Be Míaɖe Gbeƒãe

Yehowa tsɔ agbanɔamedzi kple mɔnukpɔkpɔ gã aɖe de asi na mí esi wògblɔ be: “Miawoe nye nye ɖasefowo, eye nyee nye Mawu.” (Yes. 43:12) Menye xɔsetɔwo dzro koe míenye o. Ðasefo siwo ƒoa nu le gaglãgbe tso nyateƒenya xɔasi siwo le Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ŋu ƒe ɖaseɖilawoe míenye. Nya kae Yehowa de asi na mí be míaɖe gbeƒãe le míaƒe ŋkeke sia me? Eku ɖe Yehowa Mawu, Yesu Kristo, kpakple Mesia Fiaɖuƒea ŋu.

‘VƆ̃ MAWU VAVÃ LA EYE NÀLÉ EƑE SEAWO ME ÐE ASI’

ƔEYIƔI didi aɖe do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la, Yehowa gblɔ ɖoɖo aɖe si dzi wòato ana “anyigba dzi dukɔwo katã” nayra wo ɖokui ŋu nya na nuteƒewɔla Abraham. (Mose I, 22:18) Egato eƒe gbɔgbɔ dzi ʋã Salomo wòŋlɔ nu vevi aɖe si wodi tso amegbetɔwo katã si be woawɔ la hã ɖi, esi nye be: “Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!” (Nyagb. 12:13) Gake aleke amesiwo le dukɔwo katã me awɔ anya nu tso nusiawo ŋu?

Togbɔ be ɣeawokatãɣi ame aɖewo nɔ anyi siwo xɔ Mawu ƒe nya dzi se hã la, Biblia ɖee fia be “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi” koŋue anye ɣeyiɣi si woawɔ xexeame godoo ƒe ɖaseɖiɖidɔ bene nyanyuia nakpe dukɔwo katã ɖo etɔxɛe. Ɣeyiɣi sia dze egɔme tso ƒe 1914 me. (Nyaɖ. 1:10) Nyaɖeɖefia 14:6, 7 gblɔ ɖi le ɣeyiɣi sia ŋu be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ vevi aɖe le “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ” me le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te. Woaxlɔ̃ nu amewo be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.” Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be woagblɔ gbedasi sia. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míakpe asi ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu.

‘Mawu Vavã La.’ Ɣeyiɣi si me wonɔ nya ʋlim le Mawunyenye ŋue Yehowa gblɔ le be, “Miawoe nye nye ɖasefowo.” (Yes. 43:10) Gbedasi si wòle be woaɖe gbeƒãe la, menye eyae nye be woana amewo nava nɔ subɔsubɔha aɖe me alo woaxɔ mawu aɖe dzi se ko o. Ke boŋ ehiã be woana mɔnukpɔkpɔ amewo ne woasrɔ̃e be dziƒo kple anyigba Wɔla lae nye Mawu vavã ɖeka kolia la. (Yes. 45:5, 18, 21, 22; Yoh. 17:3) Mawu vavã la koe ate ŋu agblɔ etsɔme ɖi kakaɖedzi nanɔ eŋu. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míana amewo nanya be nya siwo Yehowa gblɔ va yi la me vava nye kpeɖodzi sẽŋu be míaka ɖe nusianu si ƒe ŋugbe wòdo be woadzɔ le etsɔme la dzi be woava eme godoo.—Yos. 23:14; Yes. 55:10, 11.

Nyateƒee wònye be amesiwo míeɖea gbeƒã na dometɔ geɖe subɔa mawu bubuwo alo wogblɔna be yewomele mawu aɖeke kura subɔm o. Eyata ahiã be míadze dzeɖoɖo gɔme kple nya aɖe si me wotsɔ ɖe le be wòana woaɖo to mí. Kpɔɖeŋu si dze le Dɔwɔwɔwo 17:22-31 ate ŋu aɖe vi na mí. De dzesii be togbɔ be apostolo Paulo ɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me hã la, egblɔe eme kɔ kɔte be amewo katã abu akɔnta na Mawu, amesi nye dziƒo kple anyigba Wɔla la.

Nana be Woanya Mawu ƒe Ŋkɔ. Mègagbe Mawu vavã la ƒe ŋkɔ yɔyɔ na amewo o. Yehowa lɔ̃ eƒe ŋkɔ la vevie. (Mose II, 3:15; Yes. 42:8) Edi be amewo nanya ŋkɔ sia. Ena wode eƒe ŋkɔ kɔkɔe la Biblia me wòwu zi gbɔ zi 7,000. Míaƒe agbanɔamedzie wònye be míana amewo nanya ŋkɔ sia.—Mose V, 4:35.

Amegbetɔƒomea katã ƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ nɔ te ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa nyanya kple eyɔyɔ le xɔse me dzi. (Yoel 3:5; Mal. 3:16; Tes. II, 1:8) Gake ame akpa gãtɔ menya Yehowa o. Amesiwo gblɔna be Biblia ƒe Mawu la subɔmee yewole gɔ̃ hã dometɔ gbogbo aɖewo menyae o. Ne Biblia le wo si eye woxlẽnɛ gɔ̃ hã la, anɔ eme kokoko be womenya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ o elabena woɖee ɖa le egbegbe gɔmeɖeɖe geɖe me. Nusi ame aɖewo nya tso ŋkɔ Yehowa ŋu koe nye be woƒe subɔsubɔhakplɔlawo gblɔ na wo be woagazã ŋkɔ sia o.

Aleke míawɔ ana amewo nanya Mawu ƒe ŋkɔa? Mɔnu nyuitɔ si wɔa dɔ wu ɖesiaɖe enye be míafiae wo le Biblia me—le woa ŋutɔwo tɔ me ne anya wɔ. Ŋkɔ ma dze zi gbɔ zi akpe geɖe le gɔmeɖeɖe aɖewo me. Le gɔmeɖeɖe bubuwo me la, ɖewohĩ Psalmo 83:18 (83:19 le Eʋegbe Biblia me) alo Mose II, 6:3-6 koe wòadze le, alo adze le Mose II, 3:14, 15, alo 6:3 ƒe etenuŋɔŋlɔ me. Le gɔmeɖeɖe geɖe me la, wozã dzesideŋkɔ siwo nye “Aƒetɔ” alo “Mawu” si woŋlɔ kple ŋɔŋlɔdzesi tɔxɛwo le teƒe siwo Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔ dze le le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me. Le esiwo me egbegbe gbegɔmeɖelawo ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa keŋkeŋ le la, ɖewohĩ ahiã be nàzã Biblia gɔmeɖeɖe xoxotɔ aɖe nàtsɔ afia nusi wowɔ la wo. Le dukɔ aɖewo me la, àte ŋu afia Mawu ƒe ŋkɔa le subɔsubɔhawo ƒe hadzigbalẽwo me alo le nuŋɔŋlɔ siwo le duxɔ xoxowo ŋu me.

Le amesiwo subɔa mawu bubuwo gome gɔ̃ hã la, àte ŋu azã Yeremya 10:10-13 si le New World Translation me wòasɔ. Menye Mawu ƒe ŋkɔ koe wòyɔ le teƒe ma o ke eɖe amesi wònye hã me eme kɔ nyuie.

Mègatsɔ dzesideŋkɔ siwo nye “Mawu” kple “Aƒetɔ” ɖɔ li Yehowa ƒe ŋkɔae abe alesi Kristodukɔa wɔnɛ ene o. Mefia be ele be míayɔ ŋkɔa le dzeɖoɖo ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze o. Ame aɖewo atsi dzeɖoɖoa nu le nazãbubu ta. Gake ne èɖo dzeɖoɖoa gɔme anyi wòle edzi yim nyuie la, mègahe ɖe megbe le Mawu ƒe ŋkɔa yɔyɔ me o.

Eɖe dzesi be Biblia zã Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ zi geɖe wu alesi wòzã eƒe dzesideŋkɔ siwo nye “Aƒetɔ” kple “Mawu” siaa ne wotsɔ evea ƒo ƒui. Ke hã Biblia-ŋlɔlawo mete kpɔ be yewoade Mawu ƒe ŋkɔa nyagbe ɖesiaɖe si yewoŋlɔ me o. Ke boŋ wozãe faa, alesi dze, eye wozãe bubutɔe. Woɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí be míasrɔ̃.

Amesi Tɔ Ŋkɔ Ma. Togbɔ be enye nyateƒe matrɔmatrɔ be ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le Mawu si hã la, ŋkɔ sia nyanya nye sidzedze eyama ƒe gɔmedzedze ko.

Bene amewo nalɔ̃ Yehowa ahayɔe le xɔse me la, ehiã be woanya Mawu si ƒomevi wònye. Esi Yehowa ɖe eƒe ŋkɔ fia Mose le Sinai-toa dzi la, Ewɔ nusi de ŋgɔ boo wu ŋkɔ “Yehowa” yɔyɔ ko. Ehe susu yi Eƒe nɔnɔme ɖedzesi aɖewo dzi. (Mose II, 34:6, 7) Esia nye kpɔɖeŋu na mí be míasrɔ̃ nu tso eme.

Ðase ɖim nèle na ame yeyewo alo nuƒo ƒom nèle le hamea me o, ne èle nu ƒom tso yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ ŋu la, fia asi nusi esiawo ɖe fia ku ɖe Mawu si do ŋugbe mawo ƒe nɔnɔme ŋu. Ne èle nu ƒom tso eƒe sededewo ŋu la, te gbe ɖe nunya kple lɔlɔ̃ si dze le wo me dzi. Na eme nakɔ ƒã be Mawu ƒe nudidiwo mekplɔa mí dea fukpekpe me o, ɖe woɖoe be wòaɖe vi na mí boŋ. (Yes. 48:17, 18; Mixa 6:8) Fia alesi Yehowa ƒe ŋusẽdɔwo dometɔ ɖesiaɖe ɖe nane fiae ku ɖe eƒe amenyenye, eƒe dzidzenuwo, kple eƒe tameɖoɖo ŋu. He susu yi alesi Yehowa da sɔe le eƒe nɔnɔmeawo ɖeɖefia me dzi. Gblɔ alesi nèsena le ɖokuiwò me tso Yehowa ŋu amewo nase. Lɔlɔ̃ si le mewò na Yehowa ate ŋu aʋã amewo be woawo hã nalɔ̃e.

Gbedasi vevi si le yiyim na amewo katã le míaƒe ŋkekea me enye be woavɔ̃ Mawu. Ele be míato nya si míegblɔna dzi atu mawuvɔvɔ̃ sia ɖo. Vɔvɔ̃ sia nye vɔvɔ̃ nyuitɔ, enye Yehowa sisiɖa, si nye bubu deto dede eŋu. (Ps. 89:8) Ebia be míanyae be Yehowae nye Ʋɔnudrɔ̃la si ƒo ɖesiaɖe ta eye be míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ nɔ te ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋu dzi. (Luka 12:5; Rom. 14:12) Eyata vɔvɔ̃ sia wɔ ɖeka kple lɔlɔ̃ deto si anɔ mía me na eyama, eye esia ana didi sẽŋu naɖo mía me be míawɔ nusi dzea eŋu. (Mose V, 10:12, 13) Mawuvɔvɔ̃ ʋãa mí hã be míalé fu vɔ̃, be míawɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi, eye be míatsɔ dzi blibo asubɔe. (Mose V, 5:29; Kron. I, 28:9; Lod. 8:13) Ekpɔa mía ta be míaganɔ agbagba dzem be míasubɔ Mawu aganɔ xexemenuwo hã lɔ̃m o.—Yoh. I, 2:15-17.

Mawu ƒe Ŋkɔ—“Enye Mɔ̃ Sesẽ.” Amesiwo va dze si Yehowa le nyateƒe me kpɔa eƒe ametakpɔkpɔ geɖe. Menye esi wozãa eƒe ŋkɔa alo te ŋu yɔa eƒe nɔnɔme aɖewo ko tae o. Esi woka ɖe Yehowa ŋutɔ dzi bliboe tae. Lododowo 18:10 gblɔ le amesiawo ŋu be: “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.”

Wɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi be nàxlɔ̃ nu amewo bene woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la ŋudɔ nyuie. (Ps. 37:3; Lod. 3:5, 6) Ŋuɖoɖeŋu sia fia Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔ se. (Heb. 11:6) Ne amewo ‘yɔ Yehowa ƒe ŋkɔa’ le esi wonyae be eyae nye Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã, wolɔ̃ eƒe mɔwo, eye woxɔe se bliboe be eya ko gbɔe ɖeɖekpɔkpɔ vavãtɔ atso ta la, ekema—abe alesi Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na míi ene la—woakpɔ xɔxɔ. (Rom. 10:13, 14) Ne èle nu fiam amewo la, kpe ɖe wo ŋu be woatu xɔse sia tɔgbe ɖo le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa.

Kuxi siwo wu tsɔtsɔ do agba ɖe ame geɖe dzi. Ðewohĩ womenya alesi woawɔ ado le wo me o. Xlɔ̃ nu wo be woasrɔ̃ Yehowa ƒe mɔwo, woaɖo ŋu ɖe eyama ŋu, eye woatsɔ nusiwo srɔ̃m wole ade dɔwɔwɔ me. (Ps. 25:5) De dzi ƒo na wo be woado gbe ɖa na Mawu vevie abia be wòakpe ɖe yewo ŋu eye woada akpe nɛ ɖe eƒe yayrawo ta. (Fil. 4:6, 7) Ne wova dze si Yehowa, menye to Biblia ƒe akpa aɖewo xexlẽ ko me o ke boŋ to alesi wole eƒe ŋugbedodowo me vava teƒe kpɔmee le woa ŋutɔwo ƒe agbe me la, ekema woase vivi le dedienɔnɔ si tsoa ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi Yehowa ƒe ŋkɔa fia ŋutɔŋutɔ ŋu me.—Ps. 34:9; Yer. 17:7, 8.

Zã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si asu asiwò nàtsɔ akpe ɖe amewo ŋu woava kpɔ alesi gbegbe nunya le emee be woavɔ̃ Yehowa, Mawu vavã la, ahalé eƒe seawo me ɖe asi la adze sii.

‘ÐASEÐIÐI LE YESU ŊU’

LE Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi megbe hafi wòatrɔ ayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mianye nye ɖaseɖilawo . . . vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Wogblɔ le Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo li egbea ŋu be ‘woƒe dɔe nye be woaɖi ɖase le Yesu ŋu.’ (Nyaɖ. 12:17) Aleke gbegbe nèdoa vevie nu le ɖaseɖiɖidɔ sia mee?

Ame geɖe siwo gblɔna kple kakaɖedzi be yewoxɔ Yesu dzi se la menya naneke tso eƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu ŋu o. Womenya be amegbetɔ ŋutɔŋutɔe wònye le eƒe anyigbadzinɔɣi o. Womese nusi wòfia be Mawu ƒe Vie wònye la gɔme o. Womenya nu boo aɖeke tso akpa si wɔm wòle le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me ŋu o. Womenya nusi wɔm wòle fifia o, eye womenya alesi nusi wɔm wòle ava kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzii le etsɔme o. Woabui vodadatɔe gɔ̃ hã be Yehowa Ðasefowo mexɔ Yesu dzi se o. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míana woanya nyateƒea le nya siawo ŋuti.

Ame bubuwo hã li siwo mexɔ edzi se be ame aɖe nɔ anyi ŋutɔŋutɔ kpɔ abe alesi woƒo nu tso Yesu ŋu le Biblia me ene o. Ame aɖewo bua Yesu be ame vevi aɖe ko wònye. Wo dometɔ geɖe gbe edzixɔxɔse be Mawu ƒe Vie wònye. ‘Ðaseɖiɖi le Yesu ŋu’ le amesiawo dome bia kutrikuku, dzigbɔgbɔɖi, kple ŋuɖɔɖɔɖo geɖe.

Nukpɔsusu ka ke ɖale wò nyaselawo si o, ehiã be Yesu Kristo ŋuti sidzedze nasu wo si hafi woate ŋu axɔ Mawu ƒe nunana si nye agbe mavɔ. (Yoh. 17:3) Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si wòɖe gblɔ eme kɔ ƒã enye be, amesiwo katã le agbe “naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la” eye ele be woabɔbɔ ɖe eƒe ŋusẽ te. (Fil. 2:9-11) Eyata míate ŋu agbe nuƒoƒo tso nya sia ŋu ne míedo go amesiwo lé nukpɔsusu masɔmasɔwo me ɖe asi kpaɖii alo amesiwo bua nazã la o. Togbɔ be míate ŋu aƒo nu tso Yesu Kristo ŋu faa le teƒe aɖewo—le míaƒe yiyi zi gbãtɔ me gɔ̃ hã—la, le teƒe bubuwo ya ahiã be míadze aɖaŋu bene míate ŋu agblɔ nya siwo akpe ɖe míaƒe nyaselawo ŋu be nukpɔsusu nyui nasu wo si le eŋu. Ðewohĩ ahiã be míabu mɔ siwo dzi míato ado nyaa ƒe akpa bubuwo ɖa le sasrãkpɔ bubu siwo míagawɔ me ŋu. Gake manya wɔ be míadzro nusiwo katã ku ɖe eŋu me o vaseɖe esime míedze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme kple amea hafi.—Tim. I, 2:3-7.

Akpa Vevi si Yesu Le le Mawu ƒe Tameɖoɖo Me. Ehiã be míakpe ɖe amewo ŋu woakpɔe adze sii be esi Yesue nye “mɔ la” eye be ‘ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to eyama dzi ko’ ta la, manya wɔ be ƒomedodo nanɔ mía kple Mawu dome Yesu Kristo dzimaxɔsee o. (Yoh. 14:6) Ne womedze si ɖoƒe vevi si Yehowa da eƒe Ŋgɔgbevia ɖo o la, womate ŋu ase Biblia gɔme o. Nukatae? Elabena Yehowa ɖo Via wònye amesi koŋ dzi wòato be Eƒe tameɖoɖowo nava eme. (Kol. 1:17-20) Biblia ƒe nyagblɔɖiwo nɔ te ɖe nyateƒenya sia dzi. (Nyaɖ. 19:10) Yesu Kristoe nye amesi dzi woato aɖe kuxi siwo katã Satana ƒe aglãdzedze kple Adam ƒe nuvɔ̃ he vɛ la ɖa.—Heb. 2:5-9, 14, 15.

Hafi amewo nase akpa si wɔm Kristo le gɔme la, ele be woadze sii be amegbetɔƒomea le nɔnɔme wɔnublanui aɖe si me woawo ŋutɔ mate ŋu ado le le wo ɖokui si o me. Wodzi mí katã ɖe nuvɔ̃ me. Esia akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le mɔ vovovowo nu le agbe me. Eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nusi ado tso emee nye ku. (Rom. 3:23; 5:12) Dzro nyateƒenya sia me kple amesiwo nèɖia ɖase na. Eye ɖee fia be Yehowa wɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe be to Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi la, amesiwo axɔ eƒe mɔnuɖoɖo sia dzi ase akpɔ ɖeɖe tso nuvɔ̃ kple ku me. (Mar. 10:45; Heb. 2:9) Esia aʋu mɔ na wo be woase vivi le agbe mavɔ nɔnɔ me le blibodede me. (Yoh. 3:16, 36) Mɔ bubu aɖeke megali míato be esia nasu wo si o. (Dɔw. 4:12) Ne èle nu fiam amewo, eɖanye ame ɖekaɖekawo alo hame bliboa o, wɔ nusi yi ŋgɔ wu nyateƒenya siawo gbɔgblɔ ko. Tsɔ tufafa kple dzigbɔgbɔɖi kpe ɖe wò nyaselawo ŋu ne woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe akpa si wɔm Kristo le abe mía Ðela ene ŋu. Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mɔnuɖoɖo sia ŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo ƒe nɔnɔme, agbenɔnɔ, kple taɖodzinuwo dzi le agbe me.—Kor. II, 5:14, 15.

Nyateƒee wònye be zi ɖeka koe Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔe ɖe mía ta. (Heb. 9:28) Gake ele Nunɔlagã dɔ wɔm na mí fifia. Kpe ɖe amewo ŋu woase nusi nusia fia la gɔme. Ðe wole nuteɖeamedzi, mɔkpɔkpɔbuɖeame, fukpekpe, alo kuxiwo me tom le amesiwo ƒo xlã wo ƒe tagbɔsesẽnuwɔwɔ taa? Esime Yesu nye amegbetɔ la, eto nɔnɔme siawo katã me. Enya alesi míesena le mía ɖokui me. Ðe míesenɛ le mía ɖokui me be míehiã Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ le míaƒe blibomademade taa? Ne míenɔ te ɖe Yesu ƒe vɔsa dzi do gbe ɖa na Mawu bia eƒe tsɔtsɔke la, Yesu va zua ‘nyaxɔɖakɔla na mí le Fofo la gbɔ.’ Nublanuikpɔkpɔtɔe la, “eɖea kuku ɖe mía nu.” (Yoh. I, 2:1, 2; Rom. 8:34, NW) To Yesu ƒe vɔsa dzi kpakple to Nunɔlagã dɔ si wɔm wòle dzi la, míete ŋu tena ɖe Yehowa ƒe “amenuvevezikpui la gbɔ” be míaxɔ eƒe kpekpeɖeŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Heb. 4:15, 16) Togbɔ be míede blibo o hã la, kpekpeɖeŋu si Yesu si nye Nunɔlagã nana wɔnɛ be míete ŋu subɔa Mawu kple dzitsinya dzadzɛ.—Heb. 9:13, 14.

Gakpe ɖe eŋu la, Yesu si nye amesi Mawu tia be wòanye Kristo-hamea ƒe Ta la le ŋusẽnɔƒe gã aɖe. (Mat. 28:18; Ef. 1:22, 23) Le esia ta enaa mɔfiame siwo hiã wòwɔa ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ne èle nu fiam amewo la, kpe ɖe wo ŋu woakpɔe adze sii be Yesu Kristoe nye hamea ƒe Ta, ke menye ame bubu aɖekee o. (Mat. 23:10) Tso esime nèdo go ɖetsɔlemetɔwo zi gbãtɔ ko la, kpe wo be woade hamea ƒe kpekpewo, afisi míezãa “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo tsɔ srɔ̃a Bibliae le. Ðe amesi “dɔla” la nye kple amesi Aƒetɔ la hã nye me na wo bene woanya nu tso Yesu ƒe tanyenyea ŋu. (Mat. 24:45-47) Ðe hamemegãwo fia wo, eye nàɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi siwo gbɔ wòle be amesiawo naɖo me na wo. (Tim. I, 3:1-7; Tito 1:5-9) Na woanya be menye hamemegãwo tɔe ha la nye o ke boŋ ɖe wokpena ɖe mía ŋu be míato Yesu Kristo ƒe afɔtoƒewo. (Dɔw. 20:28; Ef. 4:16; Pet. I, 5:2, 3) Kpe ɖe ɖetsɔlemetɔ siawo ŋu woakpɔe be xexeame katã ƒe habɔbɔ aɖe li si le ɖoɖo nu hele dɔ wɔm le Kristo ƒe tanyenye te.

Míesrɔ̃e tso Nyanyuigbalẽawo me be esi Yesu ge ɖe Yerusalem ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku la, eƒe nusrɔ̃lawo do dzaa nɛ be “woayra fia, si gbɔna le [Yehowa] ƒe ŋkɔa me.” (Luka 19:38) Ne amewo va le Biblia me nu goglowo srɔ̃m la, wova kpɔnɛ be fifia Yehowa tsɔ dziɖuŋusẽ si kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔwo me tɔwo katã dzi la de Yesu si. (Dan. 7:13, 14) Ne èle nuƒo ƒom le hamea me alo èle nusɔsrɔ̃wo wɔm la, na woakpɔ ŋudzedze ɖe nusi wòle be Yesu ƒe dziɖulanyenye nafia le mí katã míaƒe agbe me ŋu.

Te gbe ɖe edzi be míaƒe agbenɔnɔ ɖenɛ fiana nenye be míexɔ edzi se vavã be Yesu Kristo nye Fia eye be míelɔ̃ faa be míabɔbɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye te. Na woanya dɔ si Yesu de eyomedzelawo si be woawɔ tso esime wosi ami nɛ wòzu Fia. (Mat. 24:14; 28:18-20) Dzro nusi Yesu si nye Adaŋudela Wɔnuku gblɔ tso nusiwo wòle be woaxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me la me. (Yes. 9:5, 6; Mat. 6:19-34) He susu yi gbɔgbɔ si Ŋutifafafia la gblɔ be ye yomedzelawo aɖe afia dzi. (Mat. 20:25-27; Yoh. 13:35) Kpɔ nyuie be màgatsɔe aɖo ɖokuiwò dzi anɔ ʋɔnu drɔ̃m amewo be wole woƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔm loo alo womele ewɔm o, ke boŋ de dzi ƒo na wo be woabu nusi woƒe nuwɔnawo ɖe fia ku ɖe wo ɖokui bɔbɔ ɖe Kristo ƒe fianyenye te ŋu. Le esia wɔwɔ me la, lɔ̃ ɖe edzi be ehiã be ye hã yeabu yeƒe nuwɔnawo ŋu nenema ke.

Kristo Ðoɖo abe Gɔmeɖoanyi Ene. Biblia tsɔ Kristotɔwo ƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa sɔ kple xɔtutu si gɔme woɖo anyi ɖe Yesu Kristo si nye gɔmeɖoɖoanyi la dzi. (Kor. I, 3:10-15) Be nàte ŋu akpɔ dzidzedze la, kpe ɖe amewo ŋu woadze si Yesu abe alesi woƒo nu tso eŋu le Biblia me ene. Kpɔ nyuie be woagava nɔ ebum be wòe nye amesi yome dzem yewole o. (Kor. I, 3:4-7) He woƒe susu yi Yesu Kristo dzii.

Ne woɖo gɔmeɖoanyia wòli ke nyuie la, nusrɔ̃viawo ase egɔme be Kristo gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mí ‘bene míadze yeƒe afɔɖoƒewo yome’ pɛpɛpɛ. (Pet. I, 2:21) Be nàte ŋu atu ɖe gɔmeɖoanyi sia dzi la, de dzi ƒo na nusrɔ̃viawo be woaxlẽ Nyanyuigbalẽawo, menye abe ŋutinya si nye nyateƒe ko ene o, ke boŋ abe kpɔɖeŋu si yome wòle be woadze pɛpɛpɛ ene. Kpe ɖe wo ŋu be woaɖo ŋku nuwɔna kple nɔnɔme siwo ɖe dzesi le Yesu ŋu la dzi ne woasrɔ̃e. De dzi ƒo na wo woakpɔ alesi Yesu se le eɖokui me le Fofoa ŋu, alesi wòdo dzi le dodokpɔwo kple tetekpɔwo me, alesi wòbɔbɔ eɖokui ɖe Mawu te, kple alesi wòwɔ nu ɖe amewo ŋu le nɔnɔme vovovowo me. Te gbe ɖe dɔ si koŋ Yesu wɔ le eƒe agbenɔnɔ me dzi. Esia awɔe be ne nyametsotso kple tetekpɔwo dze ŋgɔ nusrɔ̃via le agbe me la, abia eɖokui be: ‘Nukae Yesu awɔ le nɔnɔme sia me? Ðe nye nuwɔna aɖee afia be mekpɔ ŋudzedze ɖe nusi wòwɔ nam ŋu vavãa?’

Ne èle nu ƒom na hamea la, mègatsɔe be esi nɔviwòwo xɔ Yesu dzi se xoxo ta megahiã be yeahe susu ayi eyama dzi etɔxɛe o. Nya si nàgblɔ aɖe vi geɖe ne ètu woƒe xɔse ɖo ɖe edzi. Ne èle nu ƒom tso kpekpeawo ŋu la, na esia nado ƒome kple akpa si wɔm Yesu le abe hamea ƒe Ta ene. Ne èle nu ƒom tso gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu la, he woƒe susu yi gbɔgbɔ si Yesu ɖe fia le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me dzi, eye nàƒo nu tso subɔsubɔdɔa ŋu le mɔ si awɔe be woase akpa si wɔm Fia Kristo le la gɔme, si nye amewo nuƒoƒoƒu na ɖeɖekpɔkpɔ ayi xexe yeyea me.

Edze ƒã be ebia nu geɖe wu nyateƒenyawo sɔsrɔ̃ tso Yesu ŋu ko. Hafi amewo nava zu Kristotɔ vavãwo la, ele be woaxɔ edzi ase eye woalɔ̃e. Lɔlɔ̃ sia ʋãa amewo woɖoa to nuteƒewɔwɔtɔe. (Yoh. 14:15, 21) Enaa amewo nɔa te sesĩe le xɔse me le nɔnɔme sesẽwo me, woyia edzi toa Kristo ƒe afɔɖoƒewo le woƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye woɖenɛ fiana be yewonye Kristotɔ tsitsi siwo ‘li ke, eye woɖo wo gɔme anyi sesĩe ɖe gɔmeɖoanyia dzi.’ (Ef. 3:18) Esia wɔwɔ nyea ŋutikɔkɔe na Yehowa, Yesu Kristo Fofo kple eƒe Mawu.

‘FIAÐUƑE ŊUTI NYANYUI SIA’

ESI Yesu nɔ asi fiam eƒe anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ƒe dzesiwo la, egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mat. 24:14.

Nuka tututue nye gbedasi sia si woaɖe gbeƒãe na amewo le afisiafi? Eku ɖe Fiaɖuƒe si Yesu fia mí be míado gbe ɖa na Mawu abia ŋu, agblɔ be: “Wò fiaɖuƒe nava!” (Mat. 6:10) Nyaɖeɖefia 11:15 yɔe be ‘mía Aƒetɔ Yehowa kple eƒe Kristo ƒe Fiaɖuƒe’ elabena dziɖuŋusẽa tso Yehowa gbɔ eye wòtsɔe de Kristo si be wòanye Fia. Gake de dzesii be gbedasi si Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒãe le míaƒe ŋkekea me la de ŋgɔ wu gbeƒã si eyomedzelawo ɖe le ƒe alafa gbãtɔ me. Wogblɔ na amewo be: “Mawufiaɖuƒe la gogo mi vɔ!” (Luka 10:9) Ɣemaɣi Yesu, amesi wosi ami na be wòanye Fia, nɔ wo dome. Gake abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 24:14 ene la, Yesu gblɔe ɖi be woaɖe gbeƒã nudzɔdzɔ vevi bubu aɖe le xexeame godoo wòanye Mawu ƒe tameɖoɖo me vava.

Woɖe nudzɔdzɔ sia ƒe ŋutega fia nyagblɔɖila Daniel. Ekpɔ ame aɖe ‘abe amegbetɔvi ene,’ si nye Yesu Kristo, eye Yehowa Mawu, ‘Amesi li tso keke gbaɖegbe ʋĩ ke,’ tsɔ “ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe.” (Dan. 7:13, 14) Nudzɔdzɔ ma si ka xexeame katã dzɔ le dziƒo le ƒe 1914 me. Eyome wotsɔ Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe ɖe anyigba dzi. (Nyaɖ. 12:7-10) Tso ɣemaɣie nuɖoanyi xoxo sia ge ɖe eƒe ŋkeke mamlɛawo me. Gake hafi woaɖee ɖa kura la, wole gbeƒã ɖem le xexeame godoo be Yehowa ƒe Mesia Fia la le dzi ɖum fifia tso eƒe dziƒo fiazikpui dzi. Wole esia ƒe nyanya nam amewo le afisiafi. Alesi woawɔ nui lae aɖe nɔnɔme si le wo si na Dziƒoʋĩtɔ, si nye Dziɖula ɖe “amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo” dzi, afia.—Dan. 4:29.

Nyateƒee, nudzɔdzɔ geɖe le ŋgɔ gbɔna—wonye nu geɖe ŋutɔ! Míekpɔtɔ doa gbe ɖa be, “Wò fiaɖuƒe nava,” gake esia mefia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi nye nusi gale ŋgɔgbe gbɔna o. Ke boŋ míedonɛ ɖa kple susu be Dziƒofiaɖuƒea naɖe afɔ vevi siwo ana nyagblɔɖiwo abe esiwo le Daniel 2:44 kple Nyaɖeɖefia 21:2-4 ene nava eme. Atrɔ anyigba la wòazu paradiso si me amesiwo lɔ̃a Mawu kple wo haviwo anɔ. Ne míele gbeƒã ɖem “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” la, míefiaa asi etsɔme mɔkpɔkpɔ siawo. Gake míegblɔnɛ kple kakaɖedzi hã be Yehowa tsɔ dziɖuŋusẽa de Via si me xoxo. Ðe nètea gbe ɖe nyanyui sia dzi ne èle ɖase ɖim tso Fiaɖuƒea ŋua?

Fiaɖuƒea me Ðeɖe. Aleke míawɔ míaƒe dɔdasi si nye be míaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe lae? Míate ŋu atsɔ nyati vovovowo anyɔ amewo ƒe ɖetsɔlemee le dzeɖoɖowo gɔmedzedze me, gake ele be wòadze ƒã le ema megbe teti be míaƒe gbedasia ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu.

Dɔ sia ƒe akpa vevi aɖee nye mawunyakpukpui siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu xexlẽ alo wo me nyawo yɔyɔ. Ne èle nu ƒom tso Fiaɖuƒea ŋu la, kpɔ egbɔ be amesiwo nèle nu ƒom na la se nusi wòfia gɔme. Ðewohĩ esia abia nu geɖe wu egbɔgblɔ ko be dziɖuɖue Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye. Asesẽ na ame aɖewo be woabu nane si womate ŋu akpɔ o la be enye dziɖuɖu. Àte ŋu akɔ nu me na wo le mɔ vovovo nu. Le kpɔɖeŋu me, nuheŋusẽ nye nu makpɔmakpɔ, gake ekpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi vevie. Míate ŋu akpɔ Amesi ɖo nuheŋusẽa ɖi o, gake edze ƒã be enye ŋusẽtɔ gã aɖe. Biblia yɔe be enye “Fia mavɔmavɔtɔ.” (Tim. I, 1:17) Alo àte ŋu abu nuwo ŋu kpli wo be le dukɔ gãwo me la, ame geɖe mede fiadua me kpɔ o alo womekpɔ woƒe dziɖula ŋutɔ kpɔ o. Nyadzɔdzɔwo me koe wosea wo ŋu nya le. Nenema ke Biblia, agbalẽ, si wota ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,200 me, la na míenya nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu; ena míenya amesi wotsɔ dziɖuŋusẽa na kple nusi wɔm Fiaɖuƒea le. Gbetakpɔxɔ si wotana ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me wu nyadzɔdzɔgbalẽ ɖesiaɖe ƒe taɖodzinu koŋ enye be wòanye agbalẽ si “Le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe,” abe alesi wòdze le eƒe akpa dzii ene.

Be nàkpe ɖe amewo ŋu woanya nusi Fiaɖuƒea nye la, àte ŋu ayɔ nusiwo amewo di be dziɖuɖuwo nawɔ na yewo la dometɔ aɖewo: abe woanɔ dedie le ganyawo me, woanɔ ŋutifafa me, woavo tso nuvlowɔwɔ me, woawɔ nu ɖe gbe ɖesiaɖe dolawo ŋu sɔsɔe, woakpɔ agbalẽsrɔ̃nyawo kple lãmesẽnyawo gbɔ ene. Na woakpɔe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea dzi koe woato akpɔ ameƒomea ƒe nudidi siwo sɔ katã gbɔ na wo bliboe.—Ps. 145:16.

Dze agbagba nànyɔ dzodzro ɖe amewo me be wòanye woƒe didi be yewoanɔ Fiaɖuƒe si me Yesu Kristo aɖu Fia le la te. Na woanya be nukunu siwo wòwɔ la nye nusiwo eya si nye Fia le dziƒo ava wɔ la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe ko. Ƒo nu tso nɔnɔme lédziname siwo wòɖe fia ŋu edziedzi. (Mat. 8:2, 3; 11:28-30) Ðe eme be etsɔ eƒe agbe sa vɔe ɖe mía ta eye eyome Mawu fɔe ɖe tsitre yi makumakugbenɔnɔ me le dziƒo. Afimae wòanye Fia aɖu dzi atsoe.—Dɔw. 2:29-35.

Te gbe ɖe edzi be Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum fifia tso dziƒo. Gake de dzesii be ame geɖe mele nɔnɔme siwo wobu be anɔ anyi le dziɖuɖu sia te la kpɔm o. Lɔ̃ ɖe esia dzi na wo eye nàbia wo be wonya nusi Yesu Kristo gblɔ be anye esia ƒe dzesi hã. Fia asi dzesi ƒokpli si dze le Mateo ta 24, Marko ta 13, alo Luka ta 21 la ƒe akpa aɖewo. Eyome bia nusita Kristo ɖoɖo zi dzi le dziƒo ana nɔnɔme siawo nayi edzi le anyigba dzi ɖo la wo. Azɔ he woƒe susu yi Nyaɖeɖefia 12:7-10, 12 dzii.

Bene woakpɔ nusi wɔm Mawu ƒe Fiaɖuƒea le ƒe kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ aɖe la, xlẽ Mateo 24:14 eye nàƒo nu tso Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si le edzi yim fifia le xexeame godoo ŋu. (Yes. 54:13) Ƒo nu tso suku vovovo siwo me Yehowa Ðasefowo le vi ɖem tsoe—siwo katã wotu ɖe Biblia dzi, eye woxɔa hehe siawo katã femaxee—ŋu na amewo. Ðe eme be hekpe ɖe míaƒe aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa ŋu la, míegafiaa Biblia ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo le woawo ŋutɔ ƒe aƒeme femaxee le dukɔ siwo wu 230 me. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu kae li si ate ŋu awɔ agbalẽsrɔ̃ɖoɖo si keke ta alea, menye na eƒe dukɔmeviwo ko o ke boŋ na amewo le xexeame godoo? Kpe amewo be woava Fiaɖuƒe Akpata me, be woade Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe suewo kple gãawo, be woakpɔ alesi hehexɔxɔ sia le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo ƒe agbenɔnɔ dzii la ƒe kpeɖodzi.—Yes. 2:2-4; 32:1, 17; Yoh. 13:35.

Gake ɖe aƒemenɔlaa akpɔ alesi esia ka eya ŋutɔ ƒe agbee la adze siia? Àte ŋu agblɔ ŋuɖɔɖɔɖotɔe be taɖodzinu si le wò sasrãkpɔa ŋu enye be miadzro mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi na amewo katã be woatia agbe anye Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwo la me. To mɔ ka dzi? To nusi Mawu di tso mía si la sɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ wòasɔ kple eƒe lɔlɔ̃nu fifia dzi.—Mose V, 30:19, 20; Nyaɖ. 22:17.

Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woatsɔ Fiaɖuƒea Aɖo Nɔƒe Gbãtɔ. Ne amewo xɔ Fiaɖuƒegbedasia vɔ gɔ̃ hã la, nyametsotsowo li wòle be woagawɔ. Akpa vevi kae woatsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖoe le woƒe agbe me? Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be ‘miyi edzi mianɔ fiaɖuƒea dim gbãgbiagbã.’ (Mat. 6:33) Aleke míawɔ akpe ɖe hati Kristotɔwo ŋu be woawɔ esia? To kpɔɖeŋu nyui si mía ŋutɔwo míaɖo kple to nuƒoƒo tso mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi na esia wɔwɔ ŋu me. Ɣeaɖewoɣi àte ŋu awɔ esia to amewo biabia nenye be wobu mɔnukpɔkpɔ aɖewo ŋu kpɔ, kpakple to nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ atsɔ afia nusi wɔm ame bubuwo le me. To Biblia me nudzɔdzɔwo me dzodzro le mɔ si ana amewo ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nasẽ ŋu ɖe edzi la me. To gbetete ɖe Fiaɖuƒea ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye dzi me. To gbetete ɖe alesi gbegbe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le vevie ŋutɔŋutɔe dzi me. Nusi hea viɖe gãtɔ vɛ zi geɖe enye be woaʋã amewo be didia naɖo wo me woawɔe, ke menye nusi hiã be woawɔ la gbɔgblɔ na wo ko o.

Ðikeke mele eme o be gbedasi vevitɔ kekeake si wòle be mí katã míaɖe gbeƒãe la ku ɖe Yehowa Mawu, Yesu Kristo, kple Fiaɖuƒea ŋu koŋ. Ele be míate gbe ɖe nyateƒenya vevi siawo dzi le míaƒe gaglãgbe ɖaseɖiɖidɔa me, le míaƒe hamea me, eye míana wòadze le mía ŋutɔwo míaƒe agbenɔnɔ me. Ne míewɔnɛ alea la, míeɖenɛ fiana be míaƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe hehexɔxɔa le vi ɖem na mí vavã.

ELE BE AMEWO KATÃ NASEE . . .

  • Be Yehowae nye dziƒo kple anyigba Wɔla.

  • Be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka kolia la.

  • Be Yehowae nye Mawu si ƒe lɔlɔ̃ ɖeke mesɔ kplii o, eƒe nunya ƒo ɖesiaɖe ta, eƒe dzɔdzɔenyenye de blibo, eye wònye ŋusẽkatãtɔ.

  • Be míabu akɔnta le míaƒe nuwɔnawo ŋu na Yehowa.

ELE BE MÍAƑE YEHOWA SUBƆSUBƆ . . .

  • Natso lɔlɔ̃ si le mía me na eyama me.

  • Natso dzi blibo me, menye dzi si galɔ̃a xexemenuwo me o.

  • Naɖe alesi gbegbe ƒomedodo nyui si anɔ mía kplii dome xɔ asi na míi afia.

KPE ÐE AMEWO ŊU WOASE EGƆME . . .

  • Be Yesu Kristo ko dzie míate ŋu ato be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Mawu dome.

  • Be Yesu Kristo dzixɔxɔse koe ana míakpɔ ɖeɖe tso nuvɔ̃ kple ku me.

  • Be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be amewo katã nalɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Aƒetɔ la, menye be woayɔe be Aƒetɔ ko o ke boŋ woawɔ ɖe eƒe sewo dzi.

  • Be nusi Biblia gblɔ tso Yesu Kristo ŋu nye nyateƒe gake nusi Kristodukɔa fiana tso eŋu ƒe akpa gã aɖe troa nyateƒeawo.

BIA ÐOKUIWÒ BE:

  • Ðe meɖenɛ fiana be mekpɔ akpa si wɔm Yesu Kristo le abe hamea ƒe Ta si wotia ene la dze siia?

  • Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Kristo ƒe vɔsa ŋu nye nusi kpɔa ŋusẽ ɖe dzinye le agbe me vevie abe alesi wòle be wòanɔ enea?

  • Aleke mawɔ ana nye nuwɔnawo kple nɔnɔmewo nawɔ ɖeka kple kpɔɖeŋu si Mawu ƒe Vi la ɖo pɛpɛpɛ?

NA AMEWO NASEE . . .

  • Be Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum fifia le dziƒo eye be eteƒe madidi o ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe.

  • Be Fiaɖuƒea atrɔ anyigba la wòazu paradiso si me amesiwo lɔ̃a Mawu kple wo haviwo la anɔ.

  • Be to Fiaɖuƒea dzi koe woakpɔ amegbetɔwo ƒe didi siwo katã sɔ la gbɔ bliboe.

  • Be to nusi míewɔna fifia dzi la, míeɖenɛ fiana nenye be míedi be míanye Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwo.

BIA ÐOKUIWÒ BE:

  • Ðe alesi menɔa agbee la ɖee fia be mele Fiaɖuƒea dim gbãgbiagbã?

  • Ðe tɔtrɔ aɖewo li wòle be mawɔ bene mate ŋu awɔ esia bliboe wua?

  • Nukae mate ŋu awɔ bene maʋã amewo wòanye woƒe didi be yewoadi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe