INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ip-1 ta 17 axa 215-229
  • “Babel Mu!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Babel Mu!”
  • Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ŋutega Sesẽ Aɖe”
  • “Emu”
  • Nya Biabia Dzɔla La
  • Zã Do le Dzogbe Gbadzaƒe La
  • Subɔsubɔ Kple Dzɔla La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Yehowa Bɔbɔ Dadalawo ƒe Du aɖe Ðe Anyi
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Alakpasubɔsubɔ—Wokpɔ Eƒe Nuwuwu Ðedzesi la Do Ŋgɔ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
  • Wowɔ Dugã la Aƒedoe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
Kpɔ Bubuwo
Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
ip-1 ta 17 axa 215-229

Ta Wuiadrelia

“Babel Mu!”

Yesaya 21:1-17

1, 2. (a) Tanya vevi kae le Biblia bliboa si, gake nyati vevi bubu kae dze le Yesaya ƒe agbalẽa me? (b) Aleke woƒo nu tso Babilon ƒe mumu ƒe nyatia ŋu le Biblia mee?

MÍATE ŋu atsɔ Biblia asɔ kple hadzidzi nyui aɖe si me hagbe aɖe koŋ dze le, eye hagbe suesue bubuwo gena ɖe eme be wòana hadzidzi bliboa nanɔ etɔxɛ. Tanya vevi ɖeka aɖe le Biblia hã si nenema ke—eyae nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli to Mesia Fiaɖuƒedziɖuɖua dzi. Nyati vevi bubu aɖewo hã le eme siwo dzena enuenu. Wo dometɔ ɖekae nye Babilon ƒe mumu.

2 Woƒo nu tso nya ma ŋu le Yesaya ta 13 kple 14 lia me. Egadze le ta 21 lia kple ta 44 kpakple 45 lia hã me. Ƒe alafa ɖeka megbe la, Yeremya ƒo nu geɖe tso nya ma ke ŋu, eye Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa va ƒo eta le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. (Yeremya 51:60-64; Nyaɖeɖefia 18:1–19:4) Ele be Biblia-srɔ̃la veviedola ɖesiaɖe natsɔ ɖe le Mawu ƒe Nya la me nya vevi bubu sia me vevie. Yesaya ta 21 lia kpe ɖe mía ŋu le go sia me, elabena ena numeɖeɖe ʋãme geɖe mí le xexemefiaɖuƒe gã ma ƒe mumu si wogblɔ ɖi ŋu. Emegbe míava kpɔe be Yesaya ta 21 gate gbe ɖe Biblia me nyati vevi bubu dzi—esi kpena ɖe mí Kristotɔ siwo li egbea ŋu be míalé ŋku ɖe míaƒe ŋudzɔnɔnɔ ŋu.

“Ŋutega Sesẽ Aɖe”

3. Nukata woyɔ Babilon be “atsiaƒugbedzi,” eye nukae dzesideŋkɔ ma ɖe fia le eƒe etsɔme ŋu?

3 Woƒo nu tso dzɔgbevɔ̃e aɖe ŋu tsɔ dze Yesaya ta 21 lia gɔmee be: “Nya ɖe [atsiaƒugbedzi, “NW”] ŋu: Egbɔna tso anyigba dziŋɔ dzi abe ahom le [anyiehe], si le tutum tso gbe dzi ene.” (Yesaya 21:1) Frat Tɔsisia ƒe go eveawo dzie Babilon le, eye eƒe ɣedzeƒe gome le nuto si le Frat kple Tigris tɔsisi gã eveawo dome la me. Egbɔ didi tso atsiaƒua ŋutɔ gbɔ vie. Ekema nukata woyɔe be ‘atsiaƒugbedzi’? Elabena tɔ ɖɔna le Babilon-nutoa me ƒe sia ƒe wòzua tagba ƒe ‘atsiaƒu.’ Gake Babilontɔwo trɔ asi le tagba sia ŋu esi woɖe tsiʋe, tsixaɖoƒe, kple tsitoƒe gbogbo aɖewo. Wozãa tsi siawo aɖaŋutɔe wònye dua ta kpɔnuwo ƒe akpa aɖe. Ke hã amegbetɔ ƒe agbagbadzedze aɖeke mate ŋu akpɔ Babilon ta tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si me o. Gbedadaƒoe wònye—gbedadaƒoe wòagazu. Afɔku nɔ ŋgɔ gbɔna ɖe edzi, eye egbɔna abe ahom sesẽ siwo tuna tsoa gbedadaƒo dziŋɔ si le anyiehe gome vaa Israel ɣeaɖewoɣi la ene.—Tsɔe sɔ kple Zaxarya 9:14.

4. Aleke woƒo nu tso “tsi” kple “gbedzi” ŋui le Nyaɖeɖefia me ŋutega si ku ɖe “Babilon gã” ŋu me, eye nukae ‘tsiawo’ fia?

4 Abe alesi míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 14 lia me ene la, blema Babilon ƒe egbegbe kpɔɖeŋu aɖe li—eyae nye “Babilon gã,” alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea. Le Nyaɖeɖefia me la, woyɔ “gbedzi” kple “tsi” tsɔ ku ɖe Babilon Gã la ŋu. Wokplɔ apostolo Yohanes yi gbedzi be woafia Babilon Gã la eyama. Wogblɔ nɛ be ‘ebɔbɔ nɔ tsi geɖe’ siwo tsi tre ɖi na “dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo” la dzi. (Nyaɖeɖefia 17:1-3, 5, 15) Alesi ame gbogbowo nɔa alakpasubɔsubɔ yome ɣesiaɣie na be wòkpɔtɔ li, gake “tsi” siawo makpɔ eta le eƒe nuwuwu o. Atsi ƒuƒlu, woagblẽe ɖi, eye wòazu aƒedo abe etɔgbe si nɔ anyi le blema la ke ene.

5. Aleke wòdzɔe be wova nya Babilon be enye “amegɔmezɔla” kple “adzoblasu”?

5 Le Yesaya ƒe ŋkekea me la, Babilon mekpɔ zu xexemefiaɖuƒe si kpɔ ŋusẽ wu haɖe o, gake Yehowa kpɔe do ŋgɔ xoxo be ne ŋusẽ ma va su esi la, awɔ eŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu. Yesaya yi edzi be: “Ŋutega sesẽ aɖe woɖe fiam be: Amegɔmezɔla, zɔ ame gɔme; adzoblasu, ha nu!” (Yesaya 21:2a) Nyateƒee, Babilon aha dukɔ siwo dzi wòaɖu, siwo dome Yuda hã le, eye wòazɔ wo gɔme. Babilontɔwo aha Yerusalem, woalɔ eƒe gbedoxɔmenuwo, eye woaɖe dua me tɔwo aboyoe ayi Babilon. Ne woɖo afima la, woawɔ nu vlo ɖe aboyome wɔnamanɔŋutɔ siawo ŋu, woaɖu fewu le woƒe xɔse ŋu, eye womana mɔkpɔkpɔ aɖeke wo be woagatrɔ ayi wo denyigba dzi o.—Kronika II, 36:17-21; Psalmo 137:1-4.

6. (a) Hũɖeɖe ka nue Yehowa atsi? (b) Dukɔ kawoe wogblɔ ɖi be woava dze Babilon dzi, eye aleke esia va emee?

6 Ẽ, Babilon dze na “ŋutega sesẽ” sia si fia be ava kpe fu la nyuie. Yesaya yi edzi be: “Elam, ho va; Media, ɖe to ɖe ŋu! Matsi eƒe hũɖeɖewo katã nu.” (Yesaya 21:2b) Amesiwo fiaɖuƒe vɔ̃ɖi sia te ɖe anyi la akpɔ gbɔdzɔe. Woatsi woƒe hũɖeɖewo katã nu mlɔeba! (Psalmo 79:11, 12) Aleke woawɔ akpɔ gbɔdzɔe sia? Yesaya yɔ dukɔ eve siwo adze Babilon dzi la ƒe ŋkɔ: Elam kple Media. Le ƒe alafa eve megbe le ƒe 539 D.M.Ŋ. me la, Persiatɔ Kores anɔ Persia kple Media tɔwo ƒe aʋakɔ siwo wɔ ɖeka la nu aho aʋa ɖe Babilon ŋu. Elam-nyigba ƒe akpa aɖe ya teti anye Persia-fiagãwo tɔ do ŋgɔ na ƒe 539 D.M.Ŋ. me.a Eyata Elamtɔwo anɔ Persia-ʋakɔwo dome.

7. Dɔ kae Yesaya ƒe ŋutega la wɔ ɖe edzi, eye nuka ƒe dzesie wònye?

7 De dzesi alesi Yesaya ƒo nu tso dɔ si ŋutega sia wɔ ɖe edzii ŋu: “Eyata nye ali tsom, eye veve ƒo ɖe dzinye abe nyɔnu dzivi ƒe vevesese ene. Nye ta me tɔtɔ, ale be nyemele nu sem o, eye dzidzi ƒom, ale be nyemele nu kpɔm o. Nye dzi le ya mum sagasaga, dzidziƒoame ble fu lã me nam, wona fiẽ, si ŋu mele ŋu ɖom ɖo la, zu ŋɔdzi nam.” (Yesaya 21:3, 4) Edze abe fiẽsi me gaƒoƒoawo, si nye ɣeyiɣi si sɔ nyuie na ŋugbledede le ɖoɖoezizi me la, doa dzidzɔ na nyagblɔɖila la ene. Gake dzidzɔ si wòkpɔna le fiẽsiwo me la bu, ale be vɔvɔ̃, vevesese, kple dzidziƒoame boŋue va xɔ ɖe eteƒe. Ese veve abe nyɔnu si le ku lém ene, eye eƒe dzi nɔ “ya mum sagasaga.” Agbalẽnyala aɖe gbugbɔ nya sia gblɔ be “nye dzi nɔ tsotsom sesĩe,” eye egblɔ be nyagbɔgblɔ sia fia “vuvɔƒoɖeamedzi kple dzia ƒe matsomatso ɖe ɖoɖo nu.” Nukata wònɔ fu kpem alea? Edze abe Yesaya ƒe seselelãmea nye nyagblɔɖi ene. Le October 5/6, 539 D.M.Ŋ. ƒe zã me la, ŋɔdzi sia tɔgbe alé Babilontɔwo.

8. Abe alesi wogblɔe ɖi ene la, aleke Babilontɔwo wɔ nui togbɔ be woƒe futɔwo le glia godo hã?

8 Esi viviti nɔ dodom le zã si me afɔkua dzɔ me la, ŋɔdziléame ƒe nya aɖeke meva susu me na Babilontɔwo o. Yesaya gblɔe ɖi anɔ ƒe alafa eve do ŋgɔ be: “Miɖo kplɔ̃, eye mikeke kuntruwo, miɖu nu, mino nu!” (Yesaya 21:5a) Ẽ, Fia Belsazar dadala la ɖo kplɔ̃. Woɖo zikpui na eƒe amegã akpewo, kpakple srɔ̃awo kple eƒe ahiãvi gbogboawo. (Daniel 5:1, 2) Aglotulaawo nya be aʋakɔ aɖe le glia godo, gake woxɔe se be womate ŋu aɖu yewoƒe du la dzi o. Dua ƒe gli gãwo kple tsiʋe gã si woɖe ɖe eŋu na wòdze abe ɖe womate ŋu axɔe o ene; mawu gbogbo siwo le dua me na wòdze abe ɖe esia mate ŋu adzɔ o ene. Eyata wole ‘nu ɖum hele nu nom!’ Belsazar mu aha, eye ɖewohĩ menye eya ɖeka koe mu o. Alesi wòhiã be woanyɔ amegãawo be woatso, abe alesi nyagblɔɖinya si Yesaya gagblɔ ɖee fia ene la na wòdze be womu aha.

9. Nukata wòva hiã be ‘woasi ami na akpoxɔnu’?

9 “Mi amegãwo, mitso, ne miasi ami na akpoxɔnu!” (Yesaya 21:5b) Kplɔ̃ɖoɖoa wu enu zi ɖeka. Ele be amegãawo natso! Woyɔ nyagblɔɖila Daniel si ku amegã la wòva teƒea, eye ekpɔ alesi Yehowa na ŋɔdzi si tɔgbe ŋu Yesaya ƒo nu tsoe la lé Babilon Fia Belsazar. Fia la ƒe amegãawo tɔtɔ esi Media, Persia, kple Elam ʋakɔ siwo wɔ ɖeka la gblẽ dua ƒe takpɔnuwo me. Babilon mu enumake! Gake nukae ‘amisisi na akpoxɔnu’ la fia? Ɣeaɖewoɣi Biblia yɔa dukɔ ƒe fia be enye woƒe akpoxɔnu elabena eyae nye dukɔa taʋlila kple wo takpɔla.b (Psalmo 89:19) Eyata anye be Yesaya ƒe kpukpui sia le egblɔm ɖi be woahiã fia yeye. Nukatae? Elabena “zã ma me ke” wowu Belsazar. Eyata ehiã be ‘woasi ami na akpoxɔnu,’ alo woaɖo fia yeye.—Daniel 5:1-9, 30.

10. Akɔfafa kae Yehowa subɔlawo ate ŋu akpɔ tso Yesaya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe amegɔmezɔla la ŋu me?

10 Nya sia faa akɔ na tadedeagu vavãtɔ lɔ̃lawo katã. Egbeŋkekea me Babilon, si nye Babilon Gã la, vɔ̃ɖi henye adzoblasu abe etɔgbe si nɔ anyi le blema la ke ene. Vaseɖe egbegbe la, subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ɖoa nugbe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu be woaxe mɔ ɖe woƒe dɔwɔnawo nu, woati wo yome, alo axɔ adzɔ gãwo le wo si be wòagblẽ nu le wo ŋu. Gake abe alesi nyagblɔɖi sia ɖo ŋku edzi na míi ene la, Yehowa kpɔa amegɔmezɔzɔ siawo katã, eye womatsi tomahemahe o. Aɖe subɔsubɔha siwo katã meƒoa nu nyui tso eyama ŋu o hewɔa ŋlɔmi le eƒe amewo ŋu la ɖa. (Nyaɖeɖefia 18:8) Ðe wòanya wɔ nenemaa? Ne míelé ŋku ɖe alesi nuxlɔ̃ame siwo wòna le blema Babilon kple etɔgbe si li egbegbe ƒe mumu ŋu va eme xoxoe ŋu la, ado ŋusẽ míaƒe xɔse.

“Emu”

11. (a) Nukae nye dzɔla ƒe dɔ, eye amekae gakpɔtɔ le dzɔla ƒe dɔ wɔm vaseɖe egbea? (b) Nukae tasiaɖam siwo le tedzi kple kposɔwo ŋu la tsi tre ɖi na?

11 Fifia Yehowa ƒo nu na nyagblɔɖila la. Yesaya ka nya ta be: “Ale Aƒetɔ la gblɔ nam enye si: Yi naɖo gbetakpɔla, ne wòato nusi wòkpɔ.” (Yesaya 21:6) Wotsɔ nya siawo dze nya vevi bubu aɖe gɔme le ta sia me—eyae nye esi ku ɖe gbetakpɔla, alo dzɔla, ŋu. Nya sia le vevie na Kristotɔ vavãwo katã egbea, elabena Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be ‘woanɔ ŋudzɔ.’ “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la medzudzɔ nusi wòkpɔna le Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea ƒe aƒetutu kple afɔku siwo le xexe gblẽku sia me ŋu la gbɔgblɔ kpɔ gbeɖe o. (Mateo 24:42, 45-47) Nukae gbetakpɔla si Yesaya kpɔ le ŋutega me la kpɔ? “Ne ekpɔ sɔdolawo ƒe ha le eveve, tedzidolawo kple kposɔdolawo la, wòaƒu to anyi vevie.” (Yesaya 21:7) Anye be fli legbewo mee tasiaɖam ɖekaɖeka siawo le eye wole ɖoɖo si nu wonɔna wɔa aʋae la nu hele du dzi abe sɔ siwo wona hehee ene. Tasiaɖam siwo le tedziwo ŋu kple esiwo le kposɔwo ŋu tsi tre ɖi na fiaɖuƒe eve siwo nye Media kple Persia, siwo awɔ ɖeka aho aʋa sia. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ŋutinya ɖee fia be Persia-ʋakɔa zãa tedzi kple kposɔ siaa tsɔ wɔa aʋae.

12. Nɔnɔme kawoe dzɔla la ɖe fia le Yesaya ƒe ŋutega la me, eye amekawoe hiã na nɔnɔme mawo egbea?

12 Eyata ɖeko wòle be dzɔla la naɖe gbeƒã nusi wòkpɔ. “[Eɖe] gbe abe dzata ene be: Aƒetɔ, metsi tre ɖe nye dzɔƒe la ɖaa le ŋkeke me, eye metsi dzɔƒe la le zã blibo la me, tete ŋutsu sɔdolawo gbɔna.” (Yesaya 21:8, 9a) Ŋutega me dzɔla la ɖe gbe dzinɔameƒotɔe “abe dzata ene.” Ebia be dzi nanɔ ame ƒo hafi woate ŋu agblɔ ʋɔnudrɔ̃gbedasi ɖe dukɔ sesẽ abe Babilon ene ŋu. Nu bubu aɖe hã hiã nenema ke—eyae nye dzidodo. Dzɔla la nɔa enɔƒe zã kple keli, eye meɖea ŋu ɖi ɣeaɖekeɣi o. Dzɔla ƒe ha la hã hiã na dzinɔameƒo kple dzidodo nenema ke le ŋkeke mamlɛ siawo me. (Nyaɖeɖefia 14:12) Ele be nɔnɔme siawo nanɔ Kristotɔ vavãwo katã si.

13, 14. (a) Nukae dzɔ ɖe blema Babilon dzi, eye gɔmesese ka nue wogbã eƒe trɔ̃wo le? (b) Aleke Babilon Gã la mu le mɔ ma tɔgbe nu eye ɣekaɣie?

13 Dzɔla si Yesaya kpɔ le ŋutega me la kpɔ tasiaɖam wògbɔna. Nya kae wòtsɔ gbɔnae? “[Enɔ] gbɔgblɔm be: Babel mu, emu, eye wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.” (Yesaya 21:9b) Nya dodzidzɔname ka gbegbee nye si! Mawu ƒe dukɔa hala vɔ̃ɖi sia mu mlɔeba!c Gake gɔmesese ka nue wogbã Babilon ƒe legba kple trɔ̃wo ƒu anyi le? Ðe Medo-Persia si va dze wo dzi la ayi Babilon gbedoxɔwo me agbã woƒe trɔ̃ gbogboawoa? Ao, nusia tɔgbe wɔwɔ aɖeke mehiã o. Woagbã Babilon-trɔ̃wo le gɔmesese sia nu be woaklo nu le wo ŋu be ŋusẽ mele wo si woatsɔ akpɔ dua tae o. Eye Babilon amu ne megate ŋu le Mawu ƒe dukɔa tem ɖe anyi o.

14 Ke Babilon Gã la ya ɖe? Esi wònɔ megbe na Mawu ƒe amewo teteɖeanyi le Xexemeʋa I wɔɣi la, ete ŋu lé wo aboyoe vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Wotɔ te woƒe gbeƒãɖeɖedɔa keŋkeŋ kloe. Woda alakpa ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla kple ŋgɔnɔla bubuwo si hede wo gaxɔ me. Gake nuwo trɔ bubui le ƒe 1919 me wòɖe dzesi. Woɖe amegãawo le gaxɔ me, wogaʋu dɔwɔƒegã la nu, eye wogadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme ake. Ale wòdzɔe be Babilon Gã la mu elabena megava kpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi o.d Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, mawudɔla aɖe ɖe gbeƒã eƒe mumu sia zi eve eye gbeƒãɖeɖe si le Yesaya 21:9 la me nyawoe wòzã.—Nyaɖeɖefia 14:8; 18:2.

15, 16. Gɔmesese ka nue Yesaya ƒe dukɔmeviwo nye “lugbɔƒeviwo” le, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesaya ƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu me?

15 Yesaya ɖe dɔmetɔtrɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe dukɔ ŋu tsɔ wu nyagblɔɖinya sia nui. Egblɔ be: “Nye amesiwo wogbã gudugudu, nye lugbɔƒeviwo, nya, si mese tso Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la gbɔ la, meto na mi.” (Yesaya 21:10) Le Biblia me la, wozãa lugbɔgbɔ tsɔ tsia tre ɖi na tohehe na Mawu ƒe amewo kple wo ŋu kɔkɔ. Mawu ƒe dukɔ si wòbla nu kpli la ava zu “lugbɔƒeviwo,” eye lugbɔƒe nye afisi woƒoa lu le ɖea tsro le eŋu wòsusɔa nuku nyui si ŋu kɔ. Menye ɖe wòvivi na Yesaya be woahe to na wo alea o. Ke boŋ eƒe dɔme trɔ ɖe amesiawo siwo ava zu “lugbɔƒeviwo” le etsɔme la ŋu, amesiwo dometɔ aɖewo anɔ aboyo me le dzronyigba dzi le woƒe agbenɔɣi katã.

16 Esia ate ŋu anye ŋkuɖodzinya nyui aɖe na mí katã. Le Kristo-hamea me egbea la, awɔ na ame aɖewo be woagbe nublanuikpɔkpɔ na nuvɔ̃wɔlawo. Eye awɔ na amesiwo wohea to na hã be yewoagbee. Gake ne míena wònɔ susu me na mí be Yehowa hea to na eƒe amewo be yeatsɔ akɔ wo ŋui la, míabu tohehe nu tsɛe ahada amesiwo tsɔa ɖokuibɔbɔ xɔnɛ la ɖe anyi o eye ne wohe to na mía ŋutɔwo la, míagbe exɔxɔ o. Mina míaxɔ mawumetohehe si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia.—Hebritɔwo 12:6.

Nya Biabia Dzɔla La

17. Nukata woyɔ Edom be “Duma” wòsɔ?

17 Nyagblɔɖinya evelia si le Yesaya ƒe ta 21 lia ƒo nu tso dzɔla la ŋu. Edze egɔme be: “Nya ɖe Duma ŋu: Woyɔm tso Seir be: Dzɔla, zã gbɔ tsɔa? Dzɔla, zã gbɔ tsɔa?” (Yesaya 21:11) Afikae Duma sia le? Edze ƒã be wotsɔ ŋkɔ ma na du geɖe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me, gake menye wo dometɔ aɖekee wowɔnɛ le afisia o. Duma mele Seir, si nye Edom ƒe ŋkɔ bubu la o. Gake “Duma” gɔmee nye “Ðoɖoezizi.” Eyata edze abe wotsɔ ŋkɔ na nuto ma tsɔ fia alesi eƒe etsɔme ava nɔ ene, abe alesi wònɔ le gbedasi si do ŋgɔ la me ene. Edom si nye Mawu ƒe dukɔa ƒe futɔ vɔ̃ɖi ɣeyiɣi didi aɖe la ava zi ɖoɖoe mlɔeba—anye ɖoɖoezizi le ku me. Gake hafi ema nadzɔ la, ame aɖewo atsɔ didi vevie abia nya le alesi etsɔme anɔ ŋu.

18. Aleke nya si nye “Ŋkeke kple zã siaa gbɔna” la va eme ɖe blema Edom dzii?

18 Esime wonɔ Yesaya ƒe Agbalẽa ŋlɔm la, Edom nɔ Asiria-dukɔ sẽŋua ƒe asrafowo te. Edomtɔ aɖewo di vevie be yewoanya ɣeyiɣi si me ameteteɖeanyi ƒe zã la nu ava yi na yewo. Aleke woɖo eŋu na woe? “Dzɔla be: Ŋkeke kple zã [siaa] gbɔna.” (Yesaya 21:12a) Nɔnɔmea made Edom dzi o. Adze abe ɖe ŋu le kekem ene, gake ɖe woakpɔe flui ko eye mava eme o. Zã—si nye ameteteɖeanyi ƒe ɣeyiɣi sesẽ bubu—akplɔ ŋdia ɖo enumake. Aleke gbegbe woɖɔ Edom ƒe etsɔme wòsɔ nyuie enye si! Asiriatɔwo ƒe ameteteɖeanyia awu enu, gake Babilon ava xɔ ɖe Asiria teƒe anye xexemefiaɖuƒe eye woatsrɔ̃ Edomtɔ geɖe. (Yeremya 25:17, 21; 27:2-8) Woagato nɔnɔme sia tɔgbe me zi geɖe. Persia kple Hela tɔwo ava te wo ɖe anyi le Babilontɔwo ƒe ameteteɖeanyia megbe. Ekema ‘ŋu ake’ vie le Romatɔwo ƒe ɣeyiɣiwo me ne Herodeswo—siwo dzɔ tso Edom—va kpɔ ŋusẽ le Yerusalem. Gake ‘ŋdi’ ma manɔ anyi adidi o. Mlɔeba la, Edom azi ɖoɖoe klenee eye wòabu le ŋutinya me. Ŋkɔ Duma ava sɔ nɛ mlɔeba.

19. Anye be nukae dzɔla la wɔnɛ esi wògblɔ be, “ne miebe, yewoabia la, migava ne miabia”?

19 Dzɔla la tsɔ nya siawo ƒo eƒe gbedasi kpui la ta be: “Ne miebe, yewoabia la, migava ne miabia!” (Yesaya 21:12b) Nyagbɔgblɔ “migava” la ate ŋu aku ɖe “zã” geɖe siwo gale Edom ŋgɔ ŋu. Alo esi woagate ŋu aɖe nyagbɔgblɔa gɔme hã be “mitrɔ va” ta la, ɖewohĩ nyagblɔɖila la le gbɔgblɔm be ele be Edomtɔ siwo di be yeawoasi le dukɔa ƒe tsɔtsrɔ̃ nu la natrɔ dzime eye ‘woatrɔ ava’ Yehowa gbɔ. Nuka ke wòɖanye o, dzɔla la gblɔ be woagava bia ake.

20. Nukata gɔmesese vevi aɖe le nya si woŋlɔ ɖe Yesaya 21:11, 12 ŋu na Yehowa ƒe amewo egbea?

20 Gɔmesese geɖe le nya kpui sia ŋu na Yehowa ƒe amewo le egbeɣeyiɣiawo me.e Míenya be ameƒomea le gbɔgbɔmeŋkugbagba kple tatra tso Mawu gbɔ ƒe zã doviviti aɖe si ahe nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ vɛ la me. (Romatɔwo 13:12; Korintotɔwo II, 4:4) Le zã ƒe ɣeyiɣi sia me la, mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe si li be ameƒomea ate ŋu ato mɔ aɖe nu ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vɛ la le abe ŋdi kpui mawo siwo yome ɣeyiɣi siwo gado viviti wu nɔna la ene. Eteƒe madidi o ŋu vavã aɖe ava ke—eyae nye Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu ɖe anyigba sia dzi. Gake zi alesi zã la kpɔtɔ li la, ele be míanɔ dzɔla ƒe ha la ƒe mɔfiafia yome to ŋudzɔnɔnɔ le gbɔgbɔ me kple dzinɔameƒo tsɔtsɔ ɖe gbeƒã nuɖoanyi gbegblẽ sia ƒe nuwuwu me.—Tesalonikatɔwo I, 5:6.

Zã Do le Dzogbe Gbadzaƒe La

21. (a) Nya siwo ƒe gɔmesese ɖi wo nɔewo kawoe anye be wozã le nyagbɔgblɔ si nye “nya ɖe dzogbe gbadzaƒe la ŋu” me? (b) Amekawoe nye Dedantɔwo ƒe asihawo?

21 Gbedasi mamlɛtɔ si le Yesaya ta 21 lia ku ɖe ‘dzogbe gbadzaƒe’ la ŋu. Edze egɔme be: “Nya ɖe dzogbe gbadzaƒe la ŋu: Mi Dedantɔwo ƒe asihawo, miatsi ave me adɔ le dzogbe gbadzaƒe la.” (Yesaya 21:13, “NW”) Edze ƒã be dzogbe gbadzaƒe si wowɔnɛ lae nye Arabia, elabena Arab-to geɖe me tɔwo ŋue gbedasia ku ɖo. Ɣeaɖewoɣi woɖea nya si fia “dzogbe gbadzaƒe” la gɔme be “fiẽ,” si nye nya si ɖii le Hebrigbe me. Ame aɖewo gblɔ be enye nya siwo ƒe gɔmesese ɖi wo nɔewo zazã, abe ɖe fiẽ doviviti aɖe—si nye xaxaɣi—le nuto sia dzi va ge kpuie ene. Wotsɔ nane si Dedantɔ siwo nye Arab-to xɔŋkɔ aɖe la ƒe asihawo awɔ le zã me la dze gbedasia gɔmee. Asiha siawo toa asitsamɔ siwo tsoa gbedamateƒe ɖeka gbɔ yia bubuwo gbɔe le dzogbea dzi la dzi, eye wotsɔa nuɖuɖuvivinuwo, adzagbawo, kple nu xɔasi bubuwo yinae. Gake míekpɔe le afisia be wozi wo dzi be woadzo le mɔ siwo dzi wotona ɖaa la dzi ava tsi teƒe ɣaɣlawo adɔ. Nukatae?

22, 23. (a) Agba gã kae ava nɔ Arabia-towo dzi kpuie, eye nukae wòagblẽ le wo ŋu? (b) Ɣekaɣie afɔku sia ava, eye amekawo dzie wòato ava?

22 Yesaya ɖe eme be: “Mi Tema-nyigbadzitɔwo, mitsɔ tsi yi ɖakpe ame tsikɔwuwo, mitsɔ nuɖuɖu ɖakpe ame sisiwoe! Elabena yi nu wosi le; yi, si wodi, kple da, si me wovu, kpakple aʋa ƒe nyanyrã nu wosi le.” (Yesaya 21:14, 15) Ẽ, aʋawɔwɔ ƒe agba gã aɖe anɔ Arab ƒe to siawo me tɔwo dzi. Woazi Tema si nye gbedamateƒe siwo tsi le wu ɖesiaɖe la dometɔ ɖeka le nutoa me la dzi be wòatsɔ tsi kple nuɖuɖu ayi na aʋasila siwo dzi nu mede o. Ɣekaɣie xaxa sia ava?

23 Yesaya yi edzi be: “Ale Aƒetɔ la gblɔ nam enye si: Le ƒe ɖeka me tututu abe agbatedɔwɔla ƒe ƒe ene la Kedar ƒe ŋusẽwo katã nu ayi, eye Kedar-viwo ƒe aʋawɔlawo ƒe dati susɔeawo ƒe xexlẽme azu ʋɛ; elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ye gblɔe!” (Yesaya 21:16, 17) Kedar nye to si xɔ ŋkɔ ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi wozãnɛ tsɔ tsia tre ɖi na Arabia katã. Yehowa ɖoe be to sia ƒe datidalawo kple ame sesẽwo avɔ wòasusɔ ame ʋɛ aɖewo ko. Ɣekaɣi? “Le ƒe ɖeka me tututu,” magbɔ edzi o, abe alesi agbatedɔwɔla mewɔa dɔ wògbɔa ɣeyiɣi si ƒe ga woxena nɛ dzi o ene. Kakaɖedzi mele alesi tututu nya siawo katã va emee ŋu o. Asiria-dziɖula eve—Sargon II kple Sanxerib—gblɔe be yewoɖu Arabia dzi. Anye be wo dometɔ aɖe tsrɔ̃ Arabia-to siawo siwo me tɔwo nye dadalawo ƒe akpa gã aɖe abe alesi wogblɔe ɖi ene.

24. Aleke míate ŋu aka ɖe edzi be Yesaya ƒe nyagblɔɖi ku ɖe Arabia ŋu va eme?

24 Gake míate ŋu aka ɖe edzi be nyagblɔɖi sia va eme pɛpɛpɛ. Naneke mate ŋu ate gbe ɖe nya ma dzi vevie wu nya siwo wotsɔ wu gbedasia nui la o, si nye be: “Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ye gblɔe!” Awɔ na Yesaya ƒe ɣeyiɣia me tɔwo be mate ŋu adzɔ be Babilon nava kpɔ ŋusẽ wu Asiria eye emegbe woava mu eya hã le fiẽ ɖeka ƒe aglotutu ɖigbɔ aɖe me o. Agawɔ na wo hã be mate ŋu adzɔ be Edom-dukɔ sẽŋu la nava zi ɖoɖoe le ku me alo be zã si me xaxa kple hiã anɔ la nado ɖe Arabia-to siwo si kesinɔnuwo le la o. Gake Yehowa gblɔ be adzɔ nenema, eye nenemae wòva emee hã. Egbea Yehowa gblɔ na mí be alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la nu ayi. Esia menye nusi ate ŋu adzɔ dzro ko o; enye nusi gbɔna dzɔdzɔ ge godoo. Yehowa ŋutɔe gblɔe!

25. Aleke míasrɔ̃ dzɔla la ƒe kpɔɖeŋui?

25 Eyata mina míanɔ abe dzɔla la ene. Mina míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi, abe ɖe míele gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe dzi ene, míatsa ŋku afisiafi adi dzesi ɖesiaɖe si afia be afɔku gbɔna. Mina míanɔ dzɔla nuteƒewɔla ƒe ha si nye Kristotɔ amesiamina susɔe siwo le anyigba dzi egbea la ŋu kplikplikpli. Mina míawɔ ɖeka kpli wo atsɔ dzinɔameƒo aɖe gbeƒã nusi míekpɔna—si nye kpeɖodzi gbogbo siwo li be Kristo le fia ɖum le dziƒo; be eteƒe madidi o ahe ameƒomea ƒe teteɖa tso Mawu gbɔ ƒe vivitimenɔnɔ ɣeyiɣi didi la ava nuwuwui; eye be le ema megbe la, ana ŋu vavãtɔ nake, si nye Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu ɖe paradisonyigba dzi!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Woyɔa Persia Fia Kores ɣeɖewoɣi be “Anshan Fia”—Anshan nye nuto alo du aɖe si nɔ Elam. Ðewohĩ Israel-vi siwo nɔ anyi le Yesaya ƒe ŋkekea me—le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me—menya nu tso Persia ŋu o, gake wonya Elam ya. Anye be esia tae Yesaya yɔ Elam ɖe Persia teƒe le afisia.

b Biblia me ɖela geɖe bui be nya siwo nye “miasi ami na akpoxɔnu” la fia blemasrafowo ƒe nuwɔna si nye amisisi ɖe akpoxɔnu siwo nye lãgbalẽ ŋu do ŋgɔ na aʋawɔwɔ ale be nusiwo alɔ wo la naɖiɖi ato teƒe bubu. Togbɔ be woate ŋu aɖe nya sia me alea hã la, ele be míade dzesii be le zã si me dugã la mu la, Babilontɔwo mekpɔ ɣeyiɣi aɖeke woatsɔ awɔ aʋae ʋuu keke woahayi ami si ge ɖe woƒe akpoxɔnuwo ŋu atsɔ adzra ɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu o!

c Yesaya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Babilon ƒe mumu ŋu sɔ pɛpɛpɛ ale gbegbe be Biblia ŋuti ɖikela aɖewo gblɔ be ɖewohĩ ɖe nuawo dzɔ vɔ hafi wòŋlɔe. Gake abe alesi Hebrigbenyala F. Delitzsch gblɔe ene la, nususukpɔ alea mehiã o ne míelɔ̃ ɖe edzi be gbɔgbɔ ate ŋu aʋã nyagblɔɖila wòagblɔ nudzɔdzɔwo ɖi ƒe alafawo do ŋgɔ.

d Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, axa 164-9.

e Yesaya 21:11 me nyawo dze le Gbetakpɔxɔ ƒe akpaa dzi le magazinea tata ƒe ƒe 59 gbãtɔwo me. Mawunyakpukpui ma ke enye mawunya mamlɛtɔ si Charles T. Russell si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ ŋlɔ la ƒe tanya. (Kpɔ nɔnɔmetataa le axa si do ŋgɔ.)

[Nɔnɔmetata si le axa 219]

“Miɖu nu, mino nu!”

[Nɔnɔmetata si le axa 220]

Dzɔla la ‘ɖe gbe abe dzata ene’

[Nɔnɔmetata si le axa 222]

‘Metsi tre ɖaa le ŋkeke me kple le zã blibo me’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe