Woʋli Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Ta le Japan
ƑE GEÐE enye esi va yi le Japan la, sɔhɛ sukuvi siwo nye Yehowa Ðasefowo dzea ŋgɔ kuxi aɖe: Woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee woaɖo toe loo, alo sukunusɔsrɔ̃ aɖe si gblẽa nu le woƒe dzitsinya ŋu dzie woazɔ ɖo. Nukatae wònye kuxi? Elabena avuwɔɖaŋuwo sɔsrɔ̃ nye kamedefefewo ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe akpa aɖe le woƒe sukuwo me. Ðasefo sɔhɛawo kpɔe be kamedede mawo tɔgbe mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo o, abe esi le Yesaya ta 2, kpukpui 4 ene. Afima xlẽ be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”
Esi Kristotɔ sɔhɛ Ðasefowo medi be yewoasrɔ̃ aʋawɔɖaŋu, siwo me wowɔa nuvevi ame bubuwo le o ta la, woɖea nu me na woƒe nufialawo be yewoƒe dzitsinya maɖe mɔ na yewo be yewoasrɔ̃ avuwɔɖaŋuwo o. Esi nufiala nugɔmesela geɖewo dze agbagba be yewoable sukuvi siawo nu ne woalɔ̃ ɖe sukunusɔsrɔ̃a dzi vɔ megbe la, wova lɔ̃ mlɔeba be yewoade bubu sukuviawo ƒe dzitsinya ŋu awɔ wɔna bubu ƒe ɖoɖo na wo.
Gake nufiala aɖewo do dziku, eye suku aɖewo gbe kamedefefe ƒe ɖaseɖigbalẽ nyui nana sɔhɛ Ðasefoawo. Le ƒe 1993 me la, woxe suku dziyiyi ƒe mɔ na Ðasefo siwo ade asieke ya teti eye wozi wo dzi be woadzo le sukua alo woanyã wo le avuwɔɖaŋu masrɔ̃masrɔ̃ ta.
Edze ƒã be ɣeyiɣi de be woaʋli gome si le sɔhɛ Kristotɔwo si be woaxɔ hehe si me womada woƒe dzitsinya dzi le o ta. Sukuvi atɔ̃ siwo woxe suku dziyiyi le sukuxɔ evelia me ƒe mɔ na le Kobe Dugã ƒe Adzɔnuwo Kple Mɔ̃ɖaŋu Suku (si woyɔna kpui ko be Kobe Mɔ̃ɖaŋusuku) la tso nya me be yewoatsɔ nya la ayi ʋɔnui.
Nya Kae Le To Me?
Le ƒe 1990 ƒe adame, esi sukuvi atɔ̃awo va Kobe Mɔ̃ɖaŋusuku la, woɖe nu me na nufialawo be yewomate ŋu akpɔ gome le kendo (Japantɔwo ƒe yivuwɔwɔ) ƒe kamededewo me o le yewoƒe nukpɔsusu siwo nɔ te ɖe Biblia dzi ta. Kamedefefe ŋuti nusɔsrɔ̃ dzi kpɔƒea tsi tre ɖe wo ŋu vevie eye wogbe be womana woato mɔ bubu aɖeke dzi axɔ ɖaseɖigbalẽ le kamedefefewo me o. Mlɔeba la, sukuviawo ge le kamedefefe ŋuti nusɔsrɔ̃a me eye le esia ta ele be woagatsi xɔ gbãtɔ (kɔledzi ƒe ƒe gbãtɔ) me. Le April 1991 me la, wotsɔ nya la yi Kobe Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒee, henɔ gbɔgblɔm be nusi sukua wɔ tsi tre ɖe dukplɔse si ɖe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu la ŋu.a
Sukua gblɔ be kamedefefe bubuwo ƒe ɖoɖo wɔwɔ anye subɔsubɔha aɖe dzi dede eye nusia wɔwɔ ana woada le dziɖuɖu suku ƒe akpaɖekedzimademade dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wobe teƒe siwo woawɔ kamedefefe ƒe nusɔsrɔ̃ bubu le kple nufialawo mele yewo si o.
Ʋɔnudrɔ̃ƒe Suea ƒe Nyametsotso Ʋã Amesiwo Nya Nu le Nya la Ŋu
Esi wonɔ nya la dɔdrɔ̃ dzi la, sukuvi atɔ̃awo dometɔ eve gado kpo kamedefefe ƒe ɖaseɖigbalẽa xɔxɔ, eye avu kple kɔ hafi wo dometɔ etɔ̃ bubuwo ya te ŋu kpɔ dzidzedze yi ɖe sukuxɔ si kplɔe ɖo me. Sukua ƒe sewo gblɔ be woate ŋu anyã sukuvi siwo ƒe sukudɔwo menyo o eye wotsi sukuxɔ ɖeka me ƒe eve tsiã ɖe enu. Le esia ta sukuviawo dometɔ ɖeka tso nya me be yeadzo le sukua hafi woava nyã ye, gake sukuvi bubu, Kunihito Kobayashi ya gbe be yemadzo o. Eyata wonyãe. Enya se be, dzeside siwo Kunihito xɔ le nusɔsrɔ̃awo katã me hekpe ɖe kamedefefe, si me wòxɔ dzeside 48 le eye wòdo kpo eŋuti ɖaseɖigbalẽ xɔxɔ la ƒe mamã dedie enye dzeside 90.2 le 100 me. Eyae xɔ nɔƒe gbãtɔ le eƒe sukuxɔmevi 42 dome.
Le February 22, 1993 dzi la, Kobe Ʋɔnudrɔ̃ƒea drɔ̃ nyaa tsɔ de Kobe Mɔ̃ɖaŋusuku dzi hegblɔ be: “Afɔ siwo sukua ɖe meda le dukplɔsea dzi o,” gake wolɔ̃ ɖe edzi ya be “womate ŋu asẽ nu le eŋu o be sukua ƒe nudidi be woakpɔ gome le kendo sɔsrɔ̃ me la xe mɔ ɖe nyatɔawo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nu le go aɖewo me.”
Abe alesi apostolo Paulo wɔe le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, nyatɔawo tso nya me be setɔ siwo kɔkɔ wu nagbugbɔ nya la adrɔ̃ na yewo. (Dɔwɔwɔwo 25:11, 12) Nya la yi ɖe Osaka Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔ la.
Nyatɔawo ƒe Ðokuitɔmadimadi Nuwɔna
Nufialagã Tetsuo Shimomura, agbalẽnyala ɖedzesi aɖe si tso Tsukuba Yunivɛsiti la lɔ̃ be yeanye ɖasefo bibi si aɖi ɖase le Osaka Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔa. Esi wònye agbalẽsɔsrɔ̃ kple senya ŋutinunyala si de ŋgɔ ta la, ete gbe ɖe alesi sukua ƒe nuwɔna ɖe sukuviawo ŋu nye ameŋumabumabui dzi. Kunihito Kobayashi ɖe eƒe seselelãmewo gblɔ le ʋɔnua, eye eƒe anukwareɖiɖi wɔ dɔ ɖe amesiwo nɔ ʋɔnudrɔ̃ƒea dzi. Gakpe ɖe eŋu la, le February 22, 1994 dzi, esi Kobe Senyalawo ƒe Habɔbɔa gblɔ be sukua ƒe nuwɔna da le Kunihito ƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe kple eƒe sukudede ƒe gomenɔamesi dzi la, wodo susua ɖa be sukua nagbugbɔe axɔ.
Esi ɣeyiɣia nɔ gogom be woatso nya me le Osaka Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔa la, Kristotɔ sɔhɛ siwo katã ŋu nya la ku ɖo di vevie be yewoakpɔ gome le nyaʋiʋlia me vaseɖe eƒe nuwuwu. Wose le wo ɖokui me be yewole senya aɖe ʋlim ɖe Ðasefo sɔhɛ akpe nane siwo dze ŋgɔ nya ma ke le sukuwo me le Japan godoo la nu. Gake esi menye woawoe wonyã le suku o ta la, ele bɔbɔe be ʋɔnudrɔ̃ƒea nate fli ɖe woƒe nya la me. Eye wokpɔe be ne yewoɖe asi le nya la ŋu la, ke sukua ƒe Kunihito nyanyã nugɔmemasemasetɔe adze ƒã. Eyata sukuviawo katã ɖe asi le nya la ŋu negbe Kunihito ɖeka ko.
Le December 22, 1994 dzi la, Ʋɔnudrɔ̃lagã Reisuke Shimada si le Osaka Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔa te fli ɖe nyametsotso si Kobe Ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ do ŋgɔ la me. Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe be susu siwo ta Kunihito gbe gomekpɔkpɔ le kendo sɔsrɔ̃ me la nye susu nyuiwo eye eƒe afɔɖeɖe siwo nɔ te ɖe eƒe mawusubɔsubɔdzixɔse dzi la gblẽ nu gã aɖe le eŋu. Ʋɔnudrɔ̃lagã Shimada gblɔ be, ele be sukua nawɔ kamedede wɔna bubuwo ƒe ɖoɖo hafi. Nyametsotso nyui sia dze amesiwo tsɔ ɖe le amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo me la ŋu. Gake sukua gatsɔ nya la yi Japan ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ be woagbugbɔ adrɔ̃, si na be ƒe ɖeka kple edzivɔ bubu ƒe sukudede gato Kunihito ŋu.
Woyi Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ
Nuŋɔŋlɔmetola ƒe nyati aɖe si dze le Kobe Shimbun me gblɔ be: “Ðe wòle be Kobe Dugã ƒe Suku Dzikpɔdɔwɔƒea kple sukua nagbugbɔ Aƒetɔ Kobayashi axɔ ɖe sukua me tso ɣemaɣi [le Osaka Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔa ƒe nyametsotso vɔ megbe] hafi. . . . Woƒe tsitretsiɖeameŋu ƒe nɔnɔme si mehiã o la na ame aɖe ƒe ɖekakpui me ɣeyiɣi vevi aɖe to eŋu.” Gake Kobe Mɔ̃ɖaŋusukua galé nya sia me ɖe asi kokoko. Esia wɔe be wòva zu nyati si ŋu woƒoa nu le le dukɔ bliboa ƒe nyadzɔdzɔwo me. Nufialawo kple sukudzikpɔla siwo le dukɔa me godoo nɔ to dzi, eye nyametsotso si dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ awɔ la anye senya ƒe kpɔɖeŋu si nu asẽ wu hena nya mawo tɔgbe gbɔ kpɔkpɔ le etsɔme.
Le January 17, 1995 dzi, anye kwasiɖa ɖeka le sukua ƒe nyaa tsɔtsɔ yi Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ be woagbugbɔ adrɔ̃ vɔ megbe la, Kobe ƒe anyigbaʋuʋua gblẽ nu le Ashiya Dugã afisi Kunihito kple eƒe ƒomea le la ŋu. Anye le ŋdi ma ƒe ga atɔ̃ kple afã me, aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo do ŋgɔ na anyigba ƒe ʋuʋu le afima la, Kunihito dze mɔ le eƒe aƒeme heyi ɖe eƒe ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖuia wɔƒe. Enɔ gasɔ dom le mɔ si to Hashin Dzisasrã Mɔdodo la te, eye esi anyigba ʋuʋu la, enɔ mɔdodoa ƒe akpa si mu la gogom. Etrɔ yi aƒeme enumake eye wòkpɔ eƒe aƒe ƒe dzisasrã gbãtɔ ɖo baba ɖe anyigba. Kunihito kpɔe be anye ne yeaku bɔbɔe le anyigbaʋuʋua me eye wòda akpe na Yehowa be ena yetsi agbe. Ne ɖe wòku la, anye ɖewohĩ ne kendo nya la awu enu Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotso mawɔmawɔe.
Zi geɖe la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ si le Japan dzroa nyagbugbɔgadrɔ̃wo me le agbalẽ dzi ko eye wòdrɔ̃a ʋɔnu ahakpɔ be ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔwo ƒe nyametsotsowo dzɔ alo medzɔ o. Ne susu vevi aɖeke meli si ta woate fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔwo ƒe nyametsotso me o la, womeɖia ʋɔnu o. Ʋɔnua mena akpa eve siwo kpe nya la nya gbesigbe woatso nya me o. Eyata ewɔ nuku na Kunihito be wova kplɔe le March 8, 1996 ƒe ŋdi me, esime wogblɔ nɛ be wole afia tso ge ŋdi ma. Dzi dzɔe esi wòkpɔe be Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ da asi ɖe Osaka Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔa ƒe nyametsotsoa dzi.
Ʋɔnudrɔ̃la ene, siwo Ʋɔnudrɔ̃la Shinichi Kawai nɔ zi me na la, tso nya me nusɔsɔe be “ele be woabu afɔɖeɖe siwo wowɔ be mesɔ kura na hadomenuwɔna siwo dzi woda asi ɖo o, eye wògbɔ ame ŋutɔ ƒe nyametsotso wɔwɔ ƒe gomenɔamesi si ŋu se ɖe mɔ ɖo la ŋu, eyata mele se nu o.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea de dzesi Kunihito ƒe gbegbe be yemasrɔ̃ kendo o ƒe nuvãnyenye eye wògblɔ be: “Susu vavã siwo do ƒome kplikplikpli kple amesi ŋu nyagbugbɔgadrɔ̃a ku ɖo ƒe dzixɔse tae wògbe kendo sɔsrɔ̃ ɖo.” Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa drɔ̃ ʋɔnu be sukua ate ŋu awɔ wɔna bubuwo ƒe ɖoɖo, eye wòle be wòawɔe hã, bena wòatsɔ ade bubu amesi ŋu nyagbugbɔgadrɔ̃a ku ɖo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe dzixɔsewo ŋu hafi.
Awɔ Dɔ Ade Didiƒe
Kakaɖedzitɔe la, nyametsotso sia ɖo mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe le sukuwo me ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. The Japan Times gblɔ be: “Nyametsotso siae nye gbãtɔ si Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ wɔ le sukudede kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu.” Gake nyametsotsoa meɖe agba le sɔhɛ sukuvi ɖesiaɖe dzi be wòagawɔ eya ŋutɔ ƒe dzitsinya ƒe nyametsotso ne edze ŋgɔ xɔse ƒe dodokpɔwo o.
Nufialagã Masayuki Uchino si le Tsukuba Yunivɛsiti gblɔ be nusiwo ʋã ʋɔnudrɔ̃lawo be wona dziɖuɖu Kunihito la dometɔ ɖekae nye be enye “sukuvi veviedola si ƒe agbalẽnyanya ɖe dzesi.” Biblia ɖo aɖaŋu sia na Kristotɔ siwo dze ŋgɔ woƒe xɔse ƒe dodokpɔ la be: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.” (Petro I, 2:12) Sɔhɛ Kristotɔ wɔnuteƒewo ate ŋu aɖee afia be yewoƒe tenɔnɔ si nɔ te ɖe Biblia dzi la dze na amewo ƒe bubu to woƒe agbe katã nɔnɔ wòasɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu me.
Le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotsoa vɔ megbe la, wogbugbɔ Kunihito Kobayashi xɔ ɖe Kobe Mɔ̃ɖaŋusuku. Sukuvi siwo dze suku gɔme kple Kunihito la dometɔ akpa gãtɔ wu sukua nu xoxo. Fifia Kunihito kple amesiwo wòtsi wu ƒe atɔ̃ ye le nu srɔ̃m. Le xexemetɔ geɖewo ƒe susu nu la, edze abe ɖe wogblẽ eƒe ɖekakpuimeƒe vevi atɔ̃ dome ene. Gake Kunihito ƒe nuteƒewɔwɔ xɔ asi le Yehowa Mawu ŋkume, eye nusiwo wòtsɔ sa vɔe la manye dzodzro gbeɖe o.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ October 8, 1995 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta, la ƒe axa 10 vaseɖe 14 hena numekɔkɔ bubuwo.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]
Miame: Kunihito ƒe aƒe le anyigbaʋuʋua megbe
Ete: Kunihito egbea