INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 7/1 axa 20-25
  • Amesiwo Nɔ Anyi Ðekae Le “Anyigba” Si Woɖɔ Ðo Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amesiwo Nɔ Anyi Ðekae Le “Anyigba” Si Woɖɔ Ðo Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Gbɔgbɔmenyigba’ Aɖe
  • Amedzro Siwo Le Dɔ Wɔm le “Anyigba” la Dzi
  • ‘Abe Amegãwo Ene’
  • Nunɔlawo Kple Agbledelawo
  • “Anyigba” la Akpɔtɔ Anɔ Anyi
  • “Mawu Ƒe Israel” Kple “Ameha Gã” La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Teokrasi Dɔdzikpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe Ɣeyiɣi Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Èxɔ “Nyateƒegbɔgbɔ” Laa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Wobu Wo Be Wodze Woafia Mɔ Wo Ayi Agbetsidzɔƒewo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 7/1 axa 20-25

Amesiwo Nɔ Anyi Ðekae Le “Anyigba” Si Woɖɔ Ðo Dzi

“Ke miawo la, woatsɔ ŋkɔ na mi be ‘Yehowa ƒe nunɔlawo’, eye woayɔ mi be ‘mía Mawu ƒe subɔlawo.’”—YESAYA 61:6.

1, 2. (a) Nɔnɔme ka mee trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo nɔ le Israel? (b) Nɔnɔme kae “ameha gã” la me tɔwo ɖe fia le míaƒe ɣeyiɣiawo me?

ESIME Israel wɔ nuteƒe le blemaɣeyiɣiwo me la, wozu ɖasefo na Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le xexeame. (Yesaya 41:8, 9; 43:10) Amedzro geɖe xɔ nya la heva kpe ɖe Yehowa ƒe dukɔ tiatia la ŋu wode ta agu nɛ. Efia be wogblɔ nya si Rut gblɔ na Naomi la na Israel le nuwɔna me be: “Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.” (Rut 1:16) Wozɔ ɖe Se ƒe nubabla la me nyawo dzi eye ŋutsuawo na wotso aʋa na wo. (Mose II, 12:43-48) Nyɔnuawo dometɔ aɖewo ɖe Israel-viwo. Raxab si tso Yerixo kple Moabtɔ Rut va zu Yesu Kristo mamawo. (Mateo 1:5) Trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siawo nye Israel-hamea ƒe akpa aɖe.—Mose V, 23:7, 8.

2 Abe trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo nɔ Israel ke ene la, “ameha gã” la gblɔ na amesiamina susɔeawo be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Nyaɖeɖefia 7:9; Zaxarya 8:23) Wokpɔe be Kristotɔ amesiamina siawoe nye Yehowa ƒe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” eye wowɔa dɔ kpli wo ɖekae ale gbegbe be amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ nye “alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.” (Mateo 24:45-47; Yohanes 10:16) Nukae adzɔ ɖe ameha gã la dzi ne wo nɔvi amesiaminawo katã xɔ woƒe dziƒofetu? Mele be woavɔ̃ kura o. Yehowa wɔ dzadzraɖo ɖe ɣeyiɣi ma ŋu le ‘ŋkeke mamle’ siawo katã me.—Timoteo II, 3:1.

‘Gbɔgbɔmenyigba’ Aɖe

3. Nukae nye “dziƒo yeye” si Petro gblɔ ɖi, eye ɣekaɣie woɖoe anyi?

3 Apostolo Petro gblɔ dziƒodziɖuɖu ƒe ɖoɖo si ƒe akpa aɖe anye Kristotɔ amesiamina 144,000 la ɖi. Egblɔ be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) Woɖo “dziƒo yeye” sia anyi le ƒe 1914 me, esime woɖo Kristo zi dzi wònye Fia le Dziƒofiaɖuƒea me. Ke “anyigba yeye” la ya ɖe?

4. (a) Nukae dzɔ le ƒe 1919 me si womenɔ mɔ kpɔm na o? (b) ‘Dukɔ’ kae ‘dzɔ gbe ɖeka,’ eye ‘anyigba’ kae ‘wodzi zi ɖeka’?

4 Le ƒe 1919 me la, Yehowa ɖe amesiamina susɔeawo tso Babilon Gã la ƒe aboyo me. (Nyaɖeɖefia 18:4) Kristodukɔa kplɔlawo mekpɔ mɔ na nudzɔdzɔ wɔnuku sia kura o. Biblia gblɔ le eŋu be: “Ameka se esia tɔgbe kpɔ, eye ameka kpɔ esia tɔgbe kpɔ? Ðe anyigba aɖe adzɔ gbe ɖeka, eye ɖe woadzi dukɔ aɖe zi ɖeka?” (Yesaya 66:8) Esi amesiaminawo ƒe hame la do ɖe dukɔwo ŋkume le vome abe ablɔɖedukɔ ene la, enye dukɔ si ‘wodzi zi ɖeka’ vavã. Gake nukae nye “anyigba” la? Le mɔ aɖe nu la, esɔ kple blema Israel ƒe anyigba la le gbɔgbɔ me. Enye afisi “dukɔ” si woɖo anyi yeyee la anɔ, afisi Paradiso ŋuti nyagblɔɖi siwo le Yesaya ƒe agbalẽa me ava eme le gbɔgbɔ me le míaƒe ŋkekea me. (Yesaya 32:16-20; 35:1-7; tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 12:12-14.) Afika ke Kristotɔ aɖe ɖale le ŋutilã me o, ele “anyigba” ma dzi.

5. Nu vevi kae va nɔ anyi le ƒe 1919 me? Ðe eme.

5 Aleke esia ku ɖe “anyigba yeye” si ŋugbe Petro do la ŋui? “Dukɔ” yeye ma si woɖo anyi le ƒe 1919 me ɖe “anyigba” si woɖɔ ɖo dzi la atsi ɖe edzi ava zu xexeame katã ƒe habɔbɔ si me Yehowa kafula amesiaminawo kple esiwo womesi ami na o le. Habɔbɔ sia atsi agbe le Harmagedon me ayi ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me. Woate ŋu abu dukɔ ma le mɔ sia nu be enye amegbetɔƒome dzɔdzɔe si nye anyigba yeye si anɔ anyi ne wotsrɔ̃ Satana ƒe xexeame vɔ megbe.a Le ƒe 1930-awo ƒe domedome la, woƒo amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒoa nu ƒu ɖe anyigba si woɖɔ ɖo dzi. Tso ɣemaɣi la, wohe susu yi alẽ bubuawo ƒe ameha gã siwo ƒe xexlẽme ɖo ame miliɔn atɔ̃ kloe egbea la nu ƒoƒo ƒu dzi. (Nyaɖeɖefia 14:15, 16) Ðe amewo yɔ “anyigba” la dzi fũ akpaa? Ao, woate ŋu akeke eƒe liƒowo ɖe enu wòalolo alesi dze. (Yesaya 26:15) Le nyateƒe me la, enye dzidzɔ be woakpɔ emetɔ siwo le dzidzim ɖe edzi esi amesiamina susɔeawo tsɔ “kutsetse” yɔ “anyigba” la dzi—si nye gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui si doa ŋusẽ ame. (Yesaya 27:6) Gake ɖoƒe kae le alẽ bubu siawo si le Mawu ƒe amewo ƒe “anyigba” si woɖɔ ɖo la dzi?

Amedzro Siwo Le Dɔ Wɔm le “Anyigba” la Dzi

6. Dɔ kae du bubu me tɔwo wɔ le Mawu ƒe amewo ƒe “anyigba” la dzi?

6 Abe alesi ko trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo nɔ Israel-nyigba dzi wɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi ene la, egbea ameha gã siwo le “anyigba” si woɖɔ ɖo dzi la wɔna ɖe Yehowa ƒe sededewo dzi. Esi wo nɔvi amesiaminawo fia nu wo ta la, wotsri alakpasubɔsubɔ ƒomeviwo katã eye wodea bubu ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu. (Dɔwɔwɔwo 15:19, 20; Galatiatɔwo 5:19, 20; Kolosetɔwo 3:5) Wolɔ̃ Yehowa kple woƒe dzi, susu, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo eye wolɔ̃a wo haviwo abe wo ɖokui ene. (Mateo 22:37; Yakobo 2:8) Le blema Israel la, trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo na kpekpeɖeŋu le Salomo ƒe gbedoxɔa tutu me hedo alɔ tadedeagu dzadzɛ gbugbɔɖoanyiwo. (Kronika I, 22:2; Kronika II, 15:8-14; 30:25) Egbea ameha gã la hã kpɔa gome le xɔtudɔwo me. Le kpɔɖeŋu me, wonaa kpekpeɖeŋu le hamewo kple nutome suewo ɖoɖo me, eye wotua ŋutilã me xɔwo, abe Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, kple alɔdzedɔwɔƒewo ene.

7. Nukae dzɔ le Yerusalem le aboyomenɔnɔa megbe esime Lewi-vi siwo awɔ gbedoxɔmedɔwo mesɔ gbɔ o?

7 Le ƒe 537 D.M.Ŋ. me esime Israel trɔ gbɔ tso aboyo me le Babilon la, wodze subɔsubɔdɔwo wɔwɔ gɔme le gbedoxɔa nɔƒe. Gake Lewivi siwo trɔ gbɔ la mesɔ gbɔ o. Eyata wogana mɔnukpɔkpɔ geɖe wu Gbedoxɔmedɔwɔlawo—amedzro aʋatsotsotɔ siwo kpe ɖe Lewi-viwo ŋu tsã la—le gbedoxɔ me subɔsubɔdɔwo me. Gake woƒe ɖoƒe mede nunɔla siwo nye Aron-vi siwo wosi ami na la tɔ nu o.b—Ezra 7:24; 8:15-20; Nexemya 3:22-26.

8, 9. Aleke alẽ bubuawo va le dɔ geɖe wu wɔm le subɔsubɔdɔ kɔkɔe tsɔtsɔna me le ŋkeke mamleawo me?

8 Kristotɔ amesiamina siwo li egbea srɔ̃ kpɔɖeŋu sia. Esi ‘nuwuwua’ le gogom wu la, amesiamina siwo kpɔtɔ le Mawu ƒe amewo ƒe “anyigba” dzi la dzi ɖe kpɔtɔ ŋutɔ. (Daniel 12:9; Nyaɖeɖefia 12:17) Le esia ta la, ameha gã lae le ‘subɔsubɔ kɔkɔe’ ƒe akpa gãtɔ wɔm fifia. (Nyaɖeɖefia 7:15) Wokplɔa wo nɔvi amesiaminawo ɖo “[tsɔa] kafukafuvɔsa [nɔa] Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.” “[Womeŋlɔa] dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o,” elabena wonya be “nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.”—Hebritɔwo 13:15, 16.

9 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esi ameha gã la le dzidzim ɖe edzi ame akpe alafa geɖe ƒe sia ƒe ta la, dzikpɔkpɔdɔ va le hiahiãm wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Tsã la, Kristotɔ amesiaminawo ɖeɖekoe wɔa dɔ sia. Fifia wotsɔ hamewo ƒe akpa gãtɔ, nutome suewo, nutome gãwo, kple alɔdzedɔwɔƒewo dzi kpɔkpɔ de alẽ bubuawo si le hiahiã ta. Le ƒe 1992 me la, wona mɔnukpɔkpɔ amesiawo dometɔ ʋee aɖewo be woayi Dziɖuha la ƒe kɔmitiwo ƒe kpekpewo eye wosubɔ abe kpeɖeŋutɔwo ene gake womekpɔa gome le nyametsotso wɔwɔ me o. Gake alẽ bubuawo wɔa nuteƒe na wo hati Kristotɔ amesiaminawo eye wobunɛ mɔnukpɔkpɔe be yewoado alɔ wo amesiwo nye Yehowa ƒe dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.—Mateo 25:34-40.

‘Abe Amegãwo Ene’

10, 11. Le Filistitɔ aɖewo ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me la, aleke Mawu ƒe amewo ƒe futɔ aɖewo trɔ dzimee? Nukae do tso eme?

10 Wogblɔ alesi dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la zã alẽ bubuawo le ɖoƒe veviwo la ɖi le Zaxarya 9:6, 7. Míexlẽ le afima be: “Matsi Filistitɔwo ƒe dada nu. Maɖe ʋu ɖa le eƒe nu me kple ŋunyɔnu ɖa le eƒe aɖuwo dzi, eya hã asusɔ na mía Mawu, eye wòanɔ abe Yuda ƒe amegãwo ene, eye Ekron anɔ abe Yebusitɔwo ene.”c Filistitɔwo nye Yehowa ƒe amewo ƒe futɔ vɔ̃ɖiwo, abe alesi Satana ƒe xexeame le egbea ene. (Yohanes I, 5:19) Abe alesi wotsrɔ̃ Filistitɔwo katã ɖa ene la, nenema ke eteƒe madidi o Yehowa ƒe dɔmedzoe si tsrɔ̃a nu la ava xexeme sia kple eƒe mawusubɔsubɔ, dunyahehe, kple asitsatsa ƒe nuɖoanyiwo dzii.—Nyaɖeɖefia 18:21; 19:19-21.

11 Gake le Zaxarya ƒe nyawo nu la, Filistitɔ aɖewo trɔ dzime, eye esia ƒe kpɔɖeŋue nye be xexemetɔ aɖewo li egbea siwo makpɔtɔ anye Yehowa ƒe futɔwo ɖaa o. Woadzudzɔ mawusubɔsubɔ me trɔ̃subɔsubɔ kple eƒe kɔnu gbegblẽ kpakple vɔsa nyɔŋuwo eye woakɔ wo ŋu le Yehowa ƒe ŋkume. Le míaƒe ŋkekea me la, ‘Filisititɔ’ mawo siwo trɔ dzime la tɔgbe le ameha gã la dome.

12. Aleke “Ekron” va zu “abe Yebusitɔwo ene” le egbeɣeyiɣiwo mee?

12 Nyagblɔɖia gblɔ be Filistitɔwo ƒe dugã Ekron ava zu “abe Yebusitɔwo ene.” Yebusitɔwo hã nye Israel ƒe futɔwo kpɔ. Wo si mee Yerusalem nɔ vaseɖe esime Dawid va ɖu edzi. Gake edze ƒã be amesiwo tsi agbe le aʋa siwo wowɔ kple Israel me dometɔ aɖewo va trɔ dzime. Wosubɔ le Israel-nyigba dzi abe kluviwo ene eye mɔnukpɔkpɔ su wo si wowɔ dɔ le gbedoxɔa tutu me. (Samuel II, 5:4-9; Kronika II, 8:1-18) Egbea subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo su ‘Ekrontɔ’ siwo trɔ le ta dem agu na Yehowa la hã si le “anyigba” si le dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe dzikpɔkpɔ te la dzi.

13. Amekawoe nye amegãwo le blemaxexeame?

13 Zaxarya gblɔ be Filistitɔwo anɔ abe Yuda ƒe amegãwo ene. Ne woɖe Hebrigbe me nya ʼal·luphʹ gɔme be “amegã” la, efia “ame akpe nu nɔla” (alo “kplɔla”). Ðoƒe kɔkɔ ŋutɔ aɖee wònye. Edze ƒã be amegã 13 koe nɔ blema Edom-dukɔa si. (Mose I, 36:15-19) Womezãa nya “amegã” edziedzi ne wole nu ƒom tso Israel ŋu o, gake nyagbɔgblɔ ‘tatɔ (alo, fia) le ame akpe nu’ ya dze zi geɖe. Esime Mose kpe ta kple Israel-dukɔa teƒenɔlawo la, eyɔ “tatɔwo le Israel ƒe ame akpewo nu.”d Amesiawo dometɔ 12 ye nɔ anyi, eye edze ƒã be Mose te koe wonɔ. (Mose IV, 1:4-16) Nenema ke le ɖoɖowɔwɔ ɖe asrafowo ŋu me la, aʋafia alo fia la te koe ame akpewo ƒe tatɔwo nɔ.—Samuel II, 18:1, 2; Kronika II, 25:5.

14. Aleke ‘Filistitɔ’ va zu abe amegã ene egbeae?

14 Zaxarya megblɔ ɖi be Filistitɔ dzimetrɔla azu amegã ŋutɔŋutɔ le Israel o. Ema masɔ o, elabena menye dzɔdzɔme Israel-vie wònye o. Gake anɔ abe amegã ene, anɔ ɖoƒe si woate ŋu atsɔ asɔ kple amegã tɔ. Eye nenemae wòva dzɔe hã. Esi Kristotɔ amesiamina susɔeawo ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ eye amesiwo susɔ dometɔ geɖe tsi ŋutɔ ta la, alẽ bubuawo me tɔ siwo wona hehee nyuie la naa kpekpeɖeŋu le afisi wohiã wo le. Womedi be yewoaxɔ yewo nɔvi amesiaminawo ƒe dɔ le wo si o. Gake dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la naa ŋusẽ wo le hiahiã la nu le “anyigba” la dzi be Mawu ƒe habɔbɔ nate ŋu anɔ ŋgɔ yim le ɖoɖo nu. Míekpɔa nya ma si va eme vivivi la le nyagblɔɖi bubu hã me.

Nunɔlawo Kple Agbledelawo

15. (a) Le Yesaya 61:5, 6 me vava me la, amekawoe nye “Yehowa ƒe nunɔlawo,” eye ɣekaɣie woawɔ dɔ sia le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu? (b) Amekawoe nye ‘du bubu me tɔ’ siwo wɔa Israel ƒe agbledɔwo, eye—le gbɔgbɔmegɔmesese nu la—dɔ kae esia nye?

15 Yesaya 61:5, 6 xlẽ be: “Du bubu me tɔwo atsi tre ɖi anyi miaƒe lãhawo, eye amedzro viwo anye miaƒe agbledelawo kple miaƒe weingbledelawo. Ke miawo la, woatsɔ ŋkɔ na mi be ‘Yehowa ƒe nunɔlawo’, eye woayɔ mi be ‘mía Mawu ƒe subɔlawo’; miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye woƒe atsyɔ̃ atu mia nu.” Egbea Kristotɔ amesiaminawoe nye “Yehowa ƒe nunɔlawo.” Le nya la ƒe gɔmesese mamletɔ ŋutɔŋutɔ nu la, woanye “Yehowa ƒe nunɔlawo . . . , mía Mawu ƒe subɔlawo,” le Dziƒofiaɖuƒea me. (Nyaɖeɖefia 4:9-11) Amekawoe nye ‘du bubu me tɔ’ siwo awɔ agbledɔ? Amesiawoe nye alẽ bubuawo siwo le Mawu ƒe Israel ƒe “anyigba” dzi. Nukawoe nye lãkpɔkplɔ, agbledede, kple weingbledede si wotsɔ de wo si la? Le gbɔgbɔmegɔmesese si le vevie nu la, dɔ siawo ku ɖe kpekpeɖeŋu nana amewo, wo tutuɖo, kple wo xaxa ŋu.—Yesaya 5:7; Mateo 9:37, 38; Korintotɔwo I, 3:9; Petro I, 5:2.

16. Amekawoe ava kpɔ dɔwo katã gbɔ mlɔeba le Mawu ƒe amewo ƒe “anyigba” la dzi?

16 Fifia la, gbɔgbɔ me Israel-vi ʋee aɖewo kpɔtɔ le anyigba dzi siwo le gome kpɔm le gbɔgbɔ me lãkpɔkplɔ, agbledede, kple weingbledede ƒe dɔa me. Ne amesiaminawo ƒe hame bliboa va wɔ ɖeka kple Kristo mlɔeba la, woagblẽ dɔ siawo katã ɖe alẽ bubuawo si me. Alẽ bubuawo me tɔ siwo dze siwo ŋu wogblɔ le le Xezekiel ƒe agbalẽa me be wonye amegãwo ƒe ha lae anye amegbetɔ siwo akpɔ “anyigba” la dzi gɔ̃ hã.—Xezekiel ta 45, 46.e

“Anyigba” la Akpɔtɔ Anɔ Anyi

17. Dzadzraɖo kawoe Yehowa le wɔwɔm le ŋkeke mamle siawo katã me?

17 Ẽ, mele be ameha gã la navɔ̃ o! Yehowa wɔ ɖoɖo geɖe na wo. Dɔ vevitɔ kekeake si yi edzi le ŋkeke mamle siawo mee nye amesiaminawo nu ƒoƒo ƒu kple wo nu tetre. (Nyaɖeɖefia 7:3) Gake esi Yehowa le dɔ sia wɔwɔ gbɔ kpɔm la, ena alẽ bubuawo va wɔ ɖeka kple wo le gbɔgbɔmenyigba si woɖɔ ɖo dzi. Afimae wonyia wo le gbɔgbɔ me henaa hehe wo le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu le. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wofia nu wo nyuie le subɔsubɔdɔ kɔkɔe, si ŋu dzikpɔkpɔdɔ kpe ɖo ŋu. Wodaa akpe na Yehowa kple wo nɔvi amesiaminawo vevie ɖe esia ta.

18. Nudzɔdzɔ kawo mee alẽ bubuawo ato nueƒewɔwɔtɔe le gbɔgbɔ me Israel ƒe “anyigba” la dzi?

18 Ne Gog si tso Magog dze Mawu ƒe amewo dzi zi mamletɔ la, alẽ bubuawo kple amesiamina susɔewo anɔ te sesĩe le “anyigba, si le nuvo la” dzi. Alẽ bubuawo akpɔtɔ anɔ “anyigba” ma dzi ne wotsi agbe le dukɔwo tsrɔ̃ɣi heyi ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me. (Xezekiel 38:11; 39:12, 13; Daniel 12:1; Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Ne woyi edzi wɔ nuteƒe la, mahiã be woagblẽ dzidzɔteƒe ma ɖi akpɔ gbeɖe o.—Yesaya 11:9.

19, 20. (a) Le xexe yeyea me la, dzikpɔkpɔ ƒe ɖoɖo gã ka mee “anyigba” la dzi nɔlawo ase vivi le? (b) Nukae míele mɔ kpɔm na vevie ŋutɔ?

19 Fia siwo nye amegbetɔwoe ɖu blema Israel dzi eye nunɔla siwo nye Lewi-viwo nɔ wo si. Le xexe yeyea me la, dzikpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si de ŋgɔ wu sã ye anɔ Kristotɔwo si. Le Yehowa Mawu ƒe mɔfiafia te la, woanɔ Nunɔla Gãtɔ kple Fia, Yesu Kristo, kple ame 144,000 siwo nye hati nunɔla kple fiawo te—amesiwo dometɔ aɖewo wonya tsã be wonye yewo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo le anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 21:1) Gbɔgbɔmenyigba la dzi nɔla nuteƒewɔlawo anɔ anyigba si wogatrɔ wòzu paradiso ŋutɔŋutɔ la dzi, eye dzi adzɔ wo le yayra siwo yɔa dɔ ame siwo ato Yerusalem Yeyea dzi ava la ta.—Yesaya 32:1; Nyaɖeɖefia 21:2; 22:1, 2.

20 Esi Yehowa ƒe dziƒotasiaɖam gã la le ŋgɔ yim matɔmatɔe be yeawɔ eƒe tameɖoɖowo ade goe la, mí katã míele mɔ kpɔm vevie be míawɔ akpa si wode mía si. (Xezekiel 1:1-28) Bu dzidzɔ si míatsɔ ado vivi ɖe Yehowa ŋuti kɔkɔ aʋadziɖuɖutɔe ŋu ne tameɖoɖo mawo va eme mlɔeba la ŋuti kpɔ! Nuwɔwɔwo katã adzi ha sẽŋu si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 5:13 la ɣemaɣi be: “Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etɔe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me!” Eɖanye dziƒo alo anyigba dzie míanɔ o, ɖe míele mɔ kpɔm vevie be míanɔ afima eye míawo hã míadzi ŋutikɔkɔe ƒe kafukafuha ma oa?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ “New Heavens and a New Earth” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le ƒe 1953 me, axa 322-3.

b Kpɔ nyati si nye “Yehowa ƒe Nunana si Nye ‘Amesiwo Wotsɔ Na’” le Gbetakpɔxɔ April 15, 1992 me hena numeɖeɖe si yi ŋgɔ.

c Kpɔ Paradise Restored to Mankind—By Theocracy! si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le ƒe 1972 me, axa 264-9.

d Woɖe Hebrigbe me nyagbɔgblɔ: raʼ·shehʹ ʼal·phehʹ Yis·ra·ʼelʹ gɔme be khi·liʹar·khoi Is·ra·elʹ “kplɔlawo le Israel ƒe akpewo nu” le Septuagint me.

e Kpɔ “The Nations Shall Know That I Am Jehovah”​—⁠How? si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le ƒe 1971 me, axa 401-7.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ “Anyigba” kae woɖɔ ɖo le ƒe 1919 me, eye aleke amewo va yɔ edzii?

◻ Aleke wova tsɔ dɔ geɖe wu de alẽ bubuawo sii le Mawu ƒe ame siwo wòɖɔ ɖo ƒe “anyigba” la dzi?

◻ Mɔ ka nue ameha gã la me tɔwo le “abe Yebusitɔwo ene”? “abe Yuda ƒe amegãwo ene”?

◻ Ɣeyiɣi didi kae alẽ bubu nuteƒewɔlawo akpɔtɔ anɔ “anyigba” la dzi?

me, axa 401-7.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Egbegbe Filistitɔwo anɔ “abe Yuda ƒe amegãwo ene”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Amesiaminawo kple alẽ bubuawo subɔna ɖekae le gbɔgbɔmenyigba la dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe