-
Woɖe Nya Ɣaɣla Dziŋɔ aɖe GɔmeNyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
be wòaɖe vi na yewo ŋutɔwo, vevietɔ le míaƒe egbeŋkeke siawo siwo me woƒe amewo dometɔ geɖe le megbe trɔm de mawusubɔsubɔ la. Abe kplɔla mawɔnuteƒe siwo nɔ blema Israel ene la, wole ɣli dom be, “Ŋutifafa, ŋutifafa! evɔ ŋutifafa meli o hafi.” (Yeremya 6:14) Ðikekemanɔmee la, woƒe ŋutifafaɣlia ayi edzi, ade dzi vaseɖe kɔkɔƒe gãtɔ kekeake si ŋu apostolo Paulo gblɔ nya ɖi le la be: “Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi tututu fiafitɔ vana le zã me ene. Ne wole gbɔgblɔm be: ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’ la, tete tsɔtsrɔ̃ kpata ava lili wo kpoyi abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu o.”—Tesalonikatɔwo I, 5:2, 3, New World Translation.
14. Aleke woado “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” ƒe ɣli lae, eye aleke míawɔ be magaflu mí o?
14 Nɔnɔme ka mee “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” ƒe ɣli gã sia aɖi le? Wogblɔe le afisia be anye nusi aɖe dzesi ne esusɔ vie ko tsɔtsrɔ̃ kpata nalili amesiwo le ɣli ma dom la. Eyata ele be wòanye nane si de ŋgɔ wu nya siwo xexeamekplɔlawo gblɔ do ŋgɔ la dometɔ ɖesiaɖe. Ðikekemanɔmee la, woadoe le xexeame katã. Gake amenublenu koe wòanye. Le ememe la, naneke matrɔ ŋutɔŋutɔ o. Ðokuitɔdidi, fuléle, nuvlowɔwɔ, ƒomewo ƒe gbagbã, agbegbegblẽnɔnɔ, dɔléle, vevesese, kple ku aganɔ anyi kokoko. Ema tae wòaflu amesiwo mele ŋudzɔ ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu o ɖo. Gake mele be wòaflu wò ya o, ne èle ŋudzɔ ɖe nusi xexeamenudzɔdzɔwo fia la ŋu eye nèɖo to nyagblɔɖi me nuxlɔ̃me siwo le Mawu ƒe Nya la me la.—Marko 13:32-37; Luka 21:34-36.
-
-
Babilon Gã la Tsɔtsrɔ̃Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
Ta 35
Babilon Gã la Tsɔtsrɔ̃
1. Aleke mawudɔla la ɖɔ lã wɔadã dzẽ lae, eye nunya ka ƒomevie hiã bene woase dzesi siwo le Nyaɖeɖefia me la gɔme?
ESIME mawudɔla la gayi edzi le nu ƒom tso lã wɔadã dzẽ si le Nyaɖeɖefia 17:3 me ŋu la, egblɔ na Yohanes be: “Afii gɔmesese, si me nunya le la, hiã le: Ta adreawo nye to adre, siwo dzi nyɔnu la bɔbɔ nɔ, eye wonye fia adre: Wo ame atɔ̃ dze anyi, eye ɖeka li, mamletɔ la meva haɖe o, eye ne eva la, ele nɛ be, wòanɔ anyi ʋee ko.” (Nyaɖeɖefia 17:9, 10) Nunya si tso dziƒo, si nye nunya si ko ate ŋu ana Nyaɖeɖefia me dzesiwo gɔmesese ame lae mawudɔla la tsɔ le nanam. (Yakobo 3:17) Nunya sia kɔa nu me na Yohanes ƒe ha la kple woƒe zɔhɛwo be woakpɔ ɣeyiɣi si me míele la ƒe vevienyenye adze sii. Etua ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo, esusɔ vie ko wòahe wo vɛ la ŋu ɖe amesiwo tsɔ wo ɖokui ke la ƒe dzi me, eye wòƒãa Yehowa-vɔvɔ̃ nyuitɔ ɖe ame me. Abe alesi Lododowo 9:10 gblɔe ene la: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.” Nukae Mawu ƒe nunya ɖe fia mí ku ɖe lã wɔadã la ŋu?
2. Nukae nye lã wɔadã dzẽ la ƒe ta adreawo ƒe gɔmeɖeɖe, eye aleke ‘wo ame atɔ̃ dze anyi eye ɖeka lie’?
2 Lã wɔadã ma ƒe ta adreawo tsi tre ɖi na “to” adre, alo “fia” adre. Wozã nya evea siaa le Ŋɔŋlɔawo me tsɔ wɔ kpɔɖeŋue na dziɖuɖuwo ƒe ŋusẽ. (Yeremya 51:24, 25; Daniel 2:34, 35, 44, 45) Woyɔ xexemeŋusẽ ade ŋkɔ be wokpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo ƒe nuwɔnawo dzi le Biblia me; woawoe nye: Egipte, Siria, Babilon, Medo-Persia, Hela, kple Roma. Esiawo dometɔ atɔ̃ nɔ anyi eye wo nu va yi xoxo le ɣeyiɣi si me wotsɔ Nyaɖeɖefia la na Yohanes, gake Roma gakpɔtɔ nye xexemeŋusẽ kokoko ɣemaɣi. Esia sɔ ɖe nyagbɔgblɔa nu nyuie be, “wo ame atɔ̃ dze anyi, eye ɖeka li.” Gake “mamletɔ” si le vava ge ya ɖe?
3. (a) Aleke wɔ Roma-fiaɖuƒe la me mã? (b) Nukawoe dzɔ le Ɣetoɖoƒekpa dzi? (d) Aleke wòle be woabu Roma-fiaɖuƒe Kɔkɔe lae?
3 Roma-fiaɖuƒe la nɔ anyi didi eye wòkeke ta hã ƒe alafa geɖe le Yohanes ƒe ŋkekea megbe. Le ƒe 330 M.Ŋ. me la, Fia Konstantino ʋu eƒe fiadu tso Roma yi Byzantium, si ƒe ŋkɔ wòtrɔ be Konstantinople. Le ƒe 395 M.Ŋ. me la, Roma-fiaɖuƒe la me mã ɖe akpa eve siwo nye Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe ƒe akpawo me. Le ƒe 410 M.Ŋ. me la, Alarik, Visigothtɔwo (to aɖe si me wogblɔa gbe si do ƒome kple Germaniagbe, amesiwo trɔ dzime ɖe Aryatɔwo ƒe Kristotɔnyenye ŋu) ƒe fia xɔ Roma la ŋutɔ. Dukɔ siwo gblɔa gbe siwo do ƒome kple Germaniagbe (siwo hã nye “Kristotɔwo”) va xɔ Spania kple Roma ƒe anyigbamamã siwo le Afrika ƒe Anyiehe ƒe akpa geɖe. Zitɔtɔ, ʋunyaʋunyawɔwɔ kple tɔtrɔwo yi edzi ƒe alafa geɖe le Europa. Fia xɔŋkɔ geɖe nɔ anyi le Ɣetoɖoƒea; wo dometɔ aɖewoe nye Charlemagne, si bla nu kple Papa Leo III le ƒe alafa 9 lia me, kple Frederick II, si ɖu fia le ƒe alafa 13 lia me. Gake togbɔ be woyɔ woƒe dziɖuƒewo be wonye Roma-fiaɖuƒe Kɔkɔe la hã la, wonɔ sue wu alesi Roma-fiaɖuƒe la nɔ gbã esime wòɖo eƒe ŋusẽ ƒe kɔkɔƒe kekeake la. Le go geɖe me la, enye xexemeŋusẽ xoxo sia gbugbɔɖoanyi alo eƒe dziyiyi ke menye fiaɖuƒe yeyee o.
4. Dzidzedze kawoe Ɣedzeƒefiaɖuƒe la kpɔ, gake nukae dzɔ ɖe afisiwo nye blema Roma ƒe anyigbamamã siwo le Anyiehe Afrika, Spania, kple Siria la ƒe akpa gãtɔ dzi?
4 Roma ƒe Ɣedzeƒefiaɖuƒe si ƒe fiadue nye Konstantinople la nɔ anyi le ƒomedodo si me wo kple Ɣetoɖoƒefiaɖuƒe la menyina tututu o la me. Le ƒe alafa adelia me la, Ɣedzeƒe-fia Justinian I te ŋu gaxɔ Anyiehe Afrika ƒe akpa gãtɔ, exɔ Spania kple Italia hã. Le ƒe alafa adrelia me la, Justinian II xɔ Makedonia-nyigbamamã siwo Slavtɔwo xɔ le wo si la na Fiaɖuƒe la. Gake tso ƒe alafa enyilia dzi heyina la, blema Roma ƒe anyigbamamã xoxotɔ geɖe siwo nɔ Dziehe Afrika, Spania, kple Siria la va nɔ Islam-fiaɖuƒe yeyea ƒe kpɔkplɔ te eye womeganɔ Konstantinople kple Roma ƒe ŋusẽ te o.
5. Togbɔ be Roma-dua dze anyi le ƒe 410 M.Ŋ. me hã la, aleke wɔ wòxɔ ƒe alafa geɖe hafi nusiwo de dzesii abe dunyahehe ƒe Roma-fiaɖuƒe ene la nu yi le xexemenudzɔdzɔwo me?
5 Konstantinople-dua ŋutɔ nɔ anyi wòdidi vie. Edo dzi le Persiatɔwo, Arabtɔwo, Bulgariatɔwo, kple Russiatɔwo ƒe amedzidzedze kabakabawo me vaseɖe esime wòdze anyi mlɔeba le ƒe 1203 me—menye Moslemtɔwoe sii o ke boŋ Atitsogaʋawɔla siwo tso Ɣetoɖoƒe ye. Gake le ƒe 1453 me la, Moslemtɔ siwo le Ottoman ƒe dziɖula Mehmed II te la va ɖu edzi eye eteƒe medidi hafi wòzu Ottoman alo Turkey-fiaɖuƒe la ƒe fiadu o. Eyata togbɔ be Roma-dua dze anyi le ƒe 410 M.Ŋ. me hã la, exɔ ƒe alafa bubu geɖe hafi Roma ƒe Dunyahefiaɖuƒenyenye ƒe dzesi ɖesiaɖe bu ɖa le xexeame. Eye le ɣemaɣi kura gɔ hã la, wogate ŋu kpɔ eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi le subɔsubɔha ƒe fiaɖuƒe siwo wotu ɖe Roma ƒe papanyenye la kple Ɣedzeƒe Orthodoks sɔlemewo dzi la me.
6. Fiaɖuƒe yeye kawoe woɖo anyi, eye wo dometɔ kae kpɔ dzidzedze wu?
6 Gake va de asi na ƒe alafa 15 lia me la, dukɔ geɖewo nɔ fiaɖuƒe yeyewo ɖom anyi. Togbɔ be fiaɖuƒe yeye siawo dometɔ aɖewo ƒe dziɖuƒewo nɔ anyigbamamã siwo dzi Roma ɖu tsã la dzi hã la, woƒe fiaɖuƒeawo menye Roma-fiaɖuƒe la ƒe dziyiyiwo o. Portugal, Spania, Franse, kple Holland katã va zu dziɖuƒe siwo metsɔ ɖe wo nɔewo gbɔ o la ƒe nɔƒewo. Gake esi kpɔ dzidzedze wu le wo katã domee nye Britania, si va ɖu fiaɖuƒe nyadri aɖe si dzi ‘ɣe meɖoa to ɖo o’ la dzi. Fiaɖuƒe sia keke ta le ɣeyiɣi vovovowo me ɖe Anyiehe Amerika, Afrika, India, kple Dzieheɣedzeƒe Asia ƒe akpa geɖewo, kpakple ɖe Dziehe Pasifik ƒukpo gbogboawo dzi.
7. Aleke xexemeŋusẽ eve ƒokpli aɖe wɔ va dzɔ, eye ɣeyiɣi didi kae Yohanes gblɔ be ‘ta,’ alo xexemeŋusẽ adrelia anɔ anyi ase ɖo?
7 Kaka ƒe alafa 19 lia naɖo la, dutanyigba siwo le Anyiehe Amerika la dometɔ aɖewo ɖe wo ɖokui ɖa tso Britania ŋu eye woƒo ƒu wɔ United States, Amerika si le eɖokui si la. Le dunyahehe gome la, ʋiʋli aɖe yi edzi le dukɔ yeyea kple dukɔ si nɔ abe eƒe aƒenɔ xoxo ene la dome. Gake xexemeʋa gbãtɔ zii ɖe dukɔ evea dzi be woalɔ̃ ɖe nusi aɖe vi na wo ame evea dzi eye wòna ƒomedodo tɔxɛ aɖe nɔ wo dome kplikplikpli. Aleae xexemeŋusẽ eve ƒokpli tɔgbe aɖe, si nye United States, Amerika, si nye dukɔ si si kesinɔnuwo le wu azɔ kple Britania Gãtɔ, si nye xexeame katã ƒe fiaɖuƒe gãtɔ kekeake ƒe nɔƒe la va li. Eyata ‘ta’ alo xexemeŋusẽ adrelia si yi edzi nɔ anyi le nuwuɣia me eye wòɖu anyigbamamã siwo dzi míaƒe ŋkekea me Yehowa Ðasefowo dze woƒe dɔa gɔme le gbã la dzi lae nye esi. Ne wotsɔe sɔ kple ta adelia ƒe dziɖuɣi didia la, ta adrelia anɔ anyi “ʋee ko,” vaseɖe esime Mawu ƒe Fiaɖuƒea atsrɔ̃ dukɔwo katã.
Nukatae Woyɔe be Fia Enyilia?
8, 9. Ŋkɔ kae mawudɔla la yɔ na lã wɔadã dzẽ la, eye le mɔ ka nue wòdo go tso adrelia me?
8 Mawudɔla la gaɖe nu me na Yohanes be: “Eye lã, si nɔ anyi, eye megali o la, eya ŋutɔ hã enye [fia] enyilia, eye wònye adreawo dometɔ ɖeka, eye wòyina ɖe gbegblẽ me.” (Nyaɖeɖefia 17:11) Kpɔɖeŋulã wɔadã dzẽ la ‘do go tso’ ta adreawo me; eyae nye be, edzɔ tso ‘lã wɔadã si do tso atsiaƒu me,’ si lã wɔadã dzẽ la nye legba na la ƒe tawo me alo woawoe na wòva li. Le mɔ ka nu? Le ƒe 1919 me la, Anglo-Amerika xexemeŋusẽa ye nye ta si ƒe ŋusẽ nɔ dzi dem. Ta ade gbãtɔwo dze anyi, eye xexemeŋusẽ si le dzi ɖum ƒe nɔƒea va ge ɖe ta eve ƒokpli sia si me eye wòtsi esi me fifia. Abe xexemeŋusẽ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la teƒenɔla si li fifia ene la, ta adrelia siae nye ŋusẽ si nɔ megbe na Dukɔwo ƒe Nubabla la ɖoɖo anyi eye eyae gakpɔtɔ nye ame vevitɔ si le megbe na Dukɔ Ƒoƒuawo ɖoɖo anyi kple amesi nɔa megbe nɛ le ganyawo me. Eyata le kpɔɖeŋumɔ nu la, lã wɔadã dzẽ la—si nye fia enyilia—‘do tso’ ta adre gbãtɔawo ‘me.’ Ne míebui le mɔ sia nu la, nyagbɔgblɔ si nye be edo go tso ta adreawo me la wɔ ɖeka kple ɖeɖefia si do ŋgɔ be lã wɔadã si to dzo eve abe alẽvi ene (Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa si nye lã wɔadã gbãtɔ ma ƒe ta adrelia) de dzi ƒo be woawɔ legba la eye wòna agbee.—Nyaɖeɖefia 13:1, 11, 14, 15.
9 Hekpe ɖe eŋu la, dukɔ siwo nye Dukɔwo ƒe Nubabla me nɔla gbãtɔwo kpakple Britania Gãtɔ siaa ɖu dzi le ta siwo do ŋgɔ siwo nye Hela, Iran, (Persia), kple Italia, (Roma) ƒe dziɖuƒewo. Mlɔeba la, dziɖuɖu siwo ɖu dzi le afisiwo xexemeŋusẽ ade siwo do ŋgɔ la ɖu dzi le la nye dukɔ siwo nɔ megbe na lã wɔadã la ƒe legba la. Le gɔmesese sia nu hã la, woate ŋu agblɔe be lã wɔadã dzẽ sia do tso xexemeŋusẽ adreawo me.
10. (a) Aleke woate ŋu agblɔ be lã wɔadã dzẽ la ‘ŋutɔ nye fia enyiliae’? (b) Aleke Soviet dumegã aɖe ɖe eƒe megbenɔnɔ na Dukɔ Ƒoƒuawo fiae?
10 De dzesii be lã wɔadã dzẽ la “ŋutɔ hã nye [fia] enyilia.” Eyata woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi be wòanɔ abe xexemeŋusẽ ene. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔ nu abe dziɖuɖu ene, edɔ asrafowo ɖe aʋagbedzi be woakpɔ dukɔwo dome dzrewo gbɔ, le kpɔɖeŋu me, abe le Korea, Sinai Ƒudomekpoa, kple le Afrika dukɔ aɖewo me kpakple Lebanon ene. Gake fia aɖe ƒe legba koe wònye. Abe subɔsubɔha ƒe legba ene la, ŋusẽkpɔɖeamedzi alo dziɖuŋusẽ aɖeke mele esi wu esi amesiwo ɖoe anyi hedea ta agu nɛ la tsɔ nɛ o. Ɣeaɖewoɣi la, kpɔɖeŋulã wɔadã sia dze ame belii; gake medo go alesi amewo katã agbugbɔ le eyome abe alesi Dukɔwo ƒe Nubabla me nɔla siwo dzizizidziɖuɖu le mo na la gbugbɔ le eyomee eye wotutui tramatrama de aʋli me ene la o. (Nyaɖeɖefia 17:8) Togbɔ be amesiawo ƒe nukpɔsusuwo to vovo sãa tso wo nɔewo tɔ gbɔ le go bubuwo me hã la, Soviet dumegã aɖe wɔ ɖeka kple Roma papawo le ƒe 1987 me le eƒe megbenɔnɔ na Dukɔ Ƒoƒuawo me. Ebia kura gɔ̃ hã be woawɔ “dukɔwo dome dedienɔnɔ ƒe nuɖoanyi si lɔ nusianu ɖe eme” si anɔ te ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo dzi. Abe alesi woagblɔe na Yohanes fifia ene la, ɣeyiɣi li gbɔna si me Dukɔ Ƒoƒuawo atsɔ ŋusẽ gã aɖe awɔ nui. Ekema eya hã tɔ aɖo edzi be ‘wòayi gbegblẽ me.’
Fia Ewo le Gaƒoƒo Ðeka Me
11. Nya kae Yehowa ƒe dɔla gblɔ tso lã wɔadã dzẽ la ƒe kpɔɖeŋudzo ewoawo ŋu?
11 Le Nyaɖeɖefia ƒe ta si do ŋgɔ me la, mawudɔla adelia kple adrelia kɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluwo ɖi. Eyata wogblɔ na mí be wole anyigbadzifiawo nu ƒom ƒu hena Mawu ƒe Harmagedon-ʋa la eye be ‘woaɖo ŋku Babilon Gã la dzi le Mawu ŋkume.’ (Nyaɖeɖefia 16:1, 14, 19) Azɔ míase numeɖeɖe geɖe wu ku ɖe alesi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ava amesiawo dzie la ŋu. Gaɖo to ake esi Yehowa ƒe dɔla la le nu ƒom na Yohanes: “Eye dzo ewo, si nèkpɔ la, woawoe nye fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o; gake woawo kple lã la woaxɔ ŋusẽ abe fiawo ene gaƒoƒo ɖeka. Nenem me siawo la tameɖoɖo ɖeka li na wo, eye wotsɔ woƒe ŋutete kple ŋusẽ na lã la. Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi
-