INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Aleke Nàvɔ̃ Lɔlɔ̃ ƒe Mawu Lae?
    Nyɔ!—1998 | January 8
    • Nyitsɔ laa sia, ɣletiviŋununyalawo zã Hubble ƒe Yamenutomekpɔmɔ̃ tsɔ kpɔ nu yi dziƒonutowo me ʋĩ wu amesiwo katã do ŋgɔ na wo. Wotia teƒe aɖe si dzena le yamenutomekpɔmɔ̃ siwo le anyigba me abe ɖe naneke mele afima o ene eye wodzidze Hubble ƒe Yamenutomekpɔmɔ̃a ɖe teƒe sue aɖe si ƒe lolome le abe kekui si le teƒe aɖe si ƒe didime le abe abɔ ƒe didime ene dzi. Foto si wokpɔ la menye ɣletivi ɖekaɖekawo o ke boŋ ɣletivihatsotso gãwo—siwo me ɣletivi biliɔn nanewo le—esi amegbetɔ mekpɔ kpɔ o!

      Xexeame godoo ƒe lolome, alesi egɔmesese do viviti kple alesi wòwɔ nukui la nyɔa dzodzo nyanyanya ɖe ame si léa ŋku ɖe wo ŋu tsitotsito la me. Gake nukunu siawo nye Wɔla la ƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ ƒe akpa sue aɖe ko. Biblia yɔ Yehowa Mawu be “kekeliwo ƒe Fofo” eye wògblɔ na mí be enye “amesi ɖo xexlẽme na dzinuviwo, eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.”—Yakobo 1:17; Psalmo 147:4.

      Alesi xexeame godoo loloe dzena le ɣeyiɣi didi si dziƒonuwo ƒe nudzɔdzɔwo xɔna me. Ɣletivihatsotsoawo ƒe keklẽ si Hubble Yamenutomekpɔmɔ̃a ɖe fotoe la le zɔzɔm to yamenutome ƒe biliɔn nanewoe nye esia hafi ɖo anyigba dzi. Ðe mele be alesi ne wotsɔ dziƒowo ƒe anyinɔnɔ tegbetegbe la sɔ kple alesi míele sue le ŋusẽ kple ƒe me la naʋã mí be míatsɔ dzodzo nyanyanya ade bubu deto Amesi wɔ ɣletiviawo ŋu oa? (Yesaya 40:22, 26) Ne míedze sii be Mawu si wɔ nusiawo katã ‘ɖoa ŋku amegbetɔ dzi eye wòtsɔ ɖe le eme nɛ’ la, adzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía Wɔla ŋu ɖe edzi ahana míadi be míanyae eye míawɔ nusi dze eŋu. (Psalmo 8:4, 5) Bubu deto kple ŋudzedzekpɔkpɔ siae Biblia yɔ be Mawu vɔvɔ̃.

      Mawu si Tsɔa Nuvɔ̃ Kena

      Ame madeblibowoe mí katã míenye. Ne míele agbagba dzem be míawɔ nusi le dzɔdzɔe gɔ̃ hã, míewɔa nuvɔ̃ esi menye ɖe míeɖoe o. Ne edzɔ nenema la, ɖe dzika atso mía ƒo be Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu oa? Hakpala la ŋlɔ be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.” (Psalmo 130:3, 4) Esi ‘Wɔla Wɔnuku’ la nyoa dɔme alea gbegbe hetsɔa nuvɔ̃ kena la, enyɔa ŋudzedzekpɔkpɔ kple bubu deto ɖe esubɔlawo me.—Yesaya 54:5-8.

      Mawu vɔvɔ̃ ʋãa mí be míatsri nusi Mawu gblɔ be enye nuvɔ̃ ahawɔ nu nyui. Woate ŋu atsɔ ƒomedodo si le mía kple míaƒe dziƒo Fofo la dome asɔ kple esi nɔa fofo nyui si nye amegbetɔ kple viawo dome. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeviwo maɖo ŋku nusita wo fofo de se na wo be womagafe le ʋumɔ dzi la dzi o. Ke ne wosee le wo ɖokui me be yewoaƒu du akplɔ bɔl ɖo ayi ʋumɔ dzi la, wo fofo ƒe sededea si le susu me na wo la xea mɔ na wo—esi ate ŋu aɖe wo tso ku me. Nenema ke ame tsitsi ƒe Yehowa vɔvɔ̃ ate ŋu axe mɔ nɛ be mawɔ nane si agblẽ nu le amewo ƒe agbe ŋu o—le eya ŋutɔ kple ame bubuwo tɔ ŋu.—Lododowo 14:27.

      Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃ Vɔvɔ̃

      Gake esɔ be amesi ƒe dzitsinya mexea mɔ nɛ be wòagawɔ nusi medzea Mawu ŋu o ya navɔ̃. Abe alesi amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu hea to na nuvlowɔlawo ene la, ŋusẽ le Mawu si be wòahe to na nugbegblẽwɔla matrɔdzimewo. Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu va de asi na ɣeyiɣi aɖe wɔe be ame aɖewo ƒe dzime sẽ ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu. Gake Biblia gblɔe eme kɔ ƒã be madidi o aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ɖa le anyigba dzi gbeɖeka. (Psalmo 37:9, 10; Nyagblɔla 8:11; Timoteo I, 5:24) Ele be ame vɔ̃ɖi matrɔdzimewo navɔ̃ Mawu ƒe tohehe. Ke hã menye vɔvɔ̃ sia tɔgbee nye vɔvɔ̃ si Biblia kafu o.

      Biblia yɔ agbe me nu nyuiwo be wodona tsoa Yehowa vɔvɔ̃ me—eƒe ʋee aɖewoe nye hadzidzi, dzidzɔ, ŋuɖoɖeŋu, nunya, agbe didi, kakaɖedzi, nudzedziname, mɔkpɔkpɔ, kple ŋutifafa.a Ne míeyi edzi zɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me la, yayra mawo anye mía tɔ tegbee.—Mose V, 10:12-14.

  • Ðe Dɔ si Nèwɔna Ti Wòa?
    Nyɔ!—1998 | January 8
    • Ðe Dɔ si Nèwɔna Ti Wòa?

      ANƆ eme be gaƒoƒo enyie nèwɔa dɔ. Ɣeyiɣi gbogbo kple ŋusẽ geɖe aɖee nye ma si mana nàkpɔ vovo anɔ tame bum be nu ti kɔ na ye o! Ke hã dɔ geɖe siwo wowɔna le ƒe alafa 20 lia sia me nye dɔɖekatɔgbe wɔwɔ eye nu boo aɖeke menɔa eme si ŋu dɔwɔla akpɔ dzidzɔ ɖo o.

      Eyata ate ŋu aɖe vi geɖe na wò ne ètrɔ asi le dɔ si nèwɔna ŋu be ewɔwɔ navivi nuwò. Ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu tso dɔ si nèwɔna me, eye àsrɔ̃ alesi nàna dɔ ɖesiaɖe si nava wɔ le etsɔme la wɔwɔ navivi nuwò. Ekema mina míalé ŋku ɖe mɔ siwo dzi míato awɔ esia la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

      Do Vivi Ðe Wò Dɔ Ŋu

      Eŋutinunyala aɖewo kafui be nàwɔ dɔ abe ɖe wòle nuwò vivim ene. Ne èwɔe nenema la, ate ŋu ana wòava vivi nuwò nyateƒe.

      Ðewohĩ àgblɔ be, “Gake nyemate ŋu ado vivi ɖe dɔ ŋu awɔ gbeɖe o!’ Ate ŋu anye be ɖoɖo ɖeka aɖe nue nèwɔa dɔ ɖo ɣesiaɣi, si ƒe ɖee nye nusi wɔwɔ toa dɔwɔla vovovowo ƒe asi me. Alo ɖewohĩ ètsɔ ƒe gbogbo aɖewo wɔ wò dɔa ale gbegbe be èbui be manya wɔ be yeagado vivi ɖe ewɔwɔ ŋu o. Gake nu bɔbɔe aɖewo wɔwɔ abe alɔgbɔnukoko kple tsitrenɔnɔ kã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdo vivi ɖe wò dɔ ŋu.

      Ate ŋu ade dziwò hã ne ètsɔ wò susu katã ɖo nusi wɔm nèle ŋu. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, mègazu mɔ̃ si wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu ko o, eye mèganɔ dɔ wɔm aganɔ tame bum le ŋdɔnuɖuɣi, kwasiɖanuwuwu, alo dɔ bubu si wòle be nàgawɔ gɔ̃ hã ŋu o. Zi geɖe la, enyona wu be nàna wò susu katã nanɔ dɔ si wɔm nèle ŋu. Nukae dona tsoa eme? Àte ŋu ava se vivi na dɔa eye awɔ na wò hã be ɣeyiɣia va le yiyim kabakaba.

      Nenemae wòdzɔna zi geɖe ne èle nane si doa dzidzɔ na wò ŋutɔŋutɔ la wɔm. Ate ŋu adzɔ nenema ne èzi ɖokuiwò dzi tsɔ wò susu katã ɖo dɔ si wɔwɔ medzɔa dzi na wò tututu o la wɔwɔ ŋu.

      Wɔ Wò Ŋutete Katã

      Wɔ wò ŋutete katã. Ewɔwɔ nenema ana nàkpɔ dzidzeme le dɔa wɔwɔ me. Le nyateƒe me la, aɖaŋuɖoɖo sia to vovo na nya si ame geɖe gblɔna be ne dɔa mele nuwò vivim o la, dze agbagba nàwɔ ʋee aɖe si nàte ŋui ko. Gake aɖabaŋeŋe ƒu nu dzi, megbelelehehe, kple agbagbamadzemadze axɔ ŋusẽ le asiwò godoo eye wòadzi wò dzimaɖitsitsi kple nutikɔname

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe