Ta 7
Nusi Mawu Wɔ Be Yeatsɔ Aɖe Ameƒomeae
1, 2. (a) Aleke Roma-ʋafia aɖe wɔ va kpɔ amesi Mawu Vi la nye dze sii? (b) Nukatae Yehowa ɖe mɔ Yesu ku?
LE ADAME aɖe ƒe ŋdɔ me anye ƒe 2,000 kloe enye sia la, Roma-ʋafia aɖe kpɔ ŋutsu etɔ̃ wonɔ kudɔ ƒom ɣeyiɣi didi aɖe le vevesese helĩhelĩ me. Asrafo ma de dzesi ame ɖeka koŋ le wo dome—eyae nye Yesu Kristo. Woklã Yesu ɖe ati ŋu. Esi wòsusɔ vie wòaku la, zãdokeli do ŋdɔ ma. Esi wòku la, anyigba ʋuʋu sesĩe, eye asrafoa do ɣli be: “Nyateƒe, nenem me sia enye Mawuvi.”—Marko 15:39.
2 Mawu Vi! Nyateƒee asrafo ma to. Nu vevitɔ kekeake si dzɔ kpɔ le anyigba sia dzi teƒee wòkpɔ vɔ teti koe nye ema. Le nudzɔdzɔ siwo do ŋgɔ me la, Mawu ŋutɔ yɔ Yesu be enye ye Vi si gbɔ yemelɔ̃a nu le o. (Mateo 3:17; 17:5) Nukatae Yehowa ɖe mɔ Via ku? Elabena esiae nye mɔ si dzi Mawu ato aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku me.
WOTIAE LE TAMEÐOÐO TƆXƐ AÐE TA
3. Nukatae wòsɔ be Mawu ƒe Tenuvi lae woatia le tameɖoɖo tɔxɛ aɖe si ku ɖe ameƒomea ŋu la ta?
3 Abe alesi míesrɔ̃e va yi le agbalẽ sia me ene la, Yesu nɔ anyi kpɔ hafi va zu amegbetɔ. Woyɔnɛ be Mawu ƒe “Tenuvi” elabena Yehowae wɔe tẽ. Le ema megbe la, Mawu zã Yesu le nu bubuwo katã wɔwɔ me. (Yohanes 3:18; Kolosetɔwo 1:16) Yesu lɔ̃ amegbetɔƒomea vevie. (Lododowo 8:30, 31) Eyata mewɔ nuku o be Yehowa tia eƒe Tenuvi la na dɔwɔwɔ le tameɖoɖo tɔxɛ aɖe ŋu esime ameƒomea ge ɖe ku ƒe fɔbubu te!
4, 5. Hafi Yesu nava anyigba dzi la, nukae Biblia ɖe fia le Dzidzimevi si anye Mesia la ŋu?
4 Esime Mawu nɔ fɔ bum Adam, Xawa, kple Satana le Eden-bɔa me la, egblɔ Ðela si wòyɔ be ‘dzidzimevi’ si ava va la ŋu nya. Dzidzimevi sia ava ɖe nu dziŋɔ siwo Satana Abosam, “da xoxo la,” he vɛ la ɖa. Le nyateƒe me, Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo la atsrɔ̃ Satana kple eyomedzelawo katã ɖa keŋkeŋ.—Mose I, 3:15; Yohanes I, 3:8; Nyaɖeɖefia 12:9.
5 Le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me la, Mawu nɔ nu bubuwo ɖem fia vivivi tso Dzidzimevia si wogayɔna be Mesia la ŋu. Abe alesi wòdze le aɖaka si le axa 37 mee ene la, nyagblɔɖi geɖe ɖe nu me tsitotsito le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, akpe fu dziŋɔ geɖewo bene wòawɔ nusi Mawu di tso esi le eƒe tameɖoɖo mevava me.—Yesaya 53:3-5.
NUSITA WÒLE BE MESIA LA NAKU
6. Abe alesi Daniel 9:24-26 gblɔe ene la, nukae Mesia la awɔ, eye aleke wòle ewɔ gee?
6 Nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖe Daniel 9:24-26 la gblɔe ɖi be Mesia—Mawu ƒe Amesiamina—la ana tameɖoɖo vevi aɖe nava eme. Ava anyigba dzi ‘ava xe mɔ na dzidada, eye wòatsi nuvɔ̃ nu, alé avu ɖe vodada nu, eye wòahe dzɔdzɔenyenye mavɔ vɛ.’ Mesia la aɖe ku ƒe fɔbubu ɖa le ameƒomea me tɔ toɖolawo dzi. Gake aleke wòle esia wɔ gee? Nyagblɔɖia gblɔ be ‘woawui.’
7. Nukatae Yudatɔwo tsɔa lãwo saa vɔe, eye nuka ƒe vɔvɔlie vɔsa siawo nye?
7 Blema Israel-viwo nya nu tso avuléle ɖe vodada nu ŋu nyuie. Wotsɔa lãwo saa vɔe enuenu le woƒe tadedeagu le Se si Mawu tsɔ na wo to Mose dzi me. Vɔsa siawo ɖoa ŋku edzi na Israel-viwo be amegbetɔwo hiã nane si alé avu ɖe woƒe nuvɔ̃wo nu, alo atsyɔ wo dzi. Apostolo Paulo gblɔ gɔmeɖose si le eme la kpuie ale: “Ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃keke aɖeke manɔ anyi o.” (Hebritɔwo 9:22) Kristotɔwo megale Mose ƒe Sea kple eƒe nudidiwo, abe vɔsawo ene, te o. (Romatɔwo 10:4; Kolosetɔwo 2:16, 17) Wonya hã be lãwo ƒe vɔsa mate ŋu ana woakpɔ nuvɔ̃tsɔtsɔke mavɔ si de blibo o. Ke boŋ vɔsa siawo nye vɔvɔli na vɔsa aɖe si xɔ asi wu sã—Mesia, alo Kristo, la tɔ. (Hebritɔwo 10:4, 10; tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 3:24.) Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Ðe wòhiã kokoko be Mesia la naku hafia?’
8, 9. Nu xɔasi kawoe Adam kple Xawa bu, eye aleke woƒe nuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe dzidzimeviwo dzii?
8 Ẽ, ele be Mesia la naku hafi ameƒomea nakpɔ ɖeɖe. Be míase nusitae gɔme la, ele be míaɖo ŋku nusi dzɔ le Eden-bɔa me dzi eye míadze agbagba akpɔ alesi gbegbe nusi Adam kple Xawa bu esi wodze aglã ɖe Mawu ŋu la loloe. Agbe mavɔe woɖo ŋkume na wo! Esi wonye Mawu viwo ta la, ƒomedodo nɔ wo kplii dome tẽ. Gake esi wogbe be Yehowa meganye fia ɖe yewo dzi o la, wobu nu mawo katã eye wohe nuvɔ̃ kple ku va ameƒomea dzii.—Romatɔwo 5:12.
9 Ðeko wòle abe kesinɔnu gbogbo aɖe domee mía dzila gbãtɔwo gblẽ eye wotsɔ wo ɖokui de fe me ʋli ene. Adam kple Xawa gblẽ fe ma ɖi na woƒe dzidzimeviwo. Esi womedzi mí ame deblibo kple nuvɔ̃mawɔlawoe o ta la, mía dometɔ ɖesiaɖe nye nuvɔ̃me si kuna. Ne míedze dɔ alo míegblɔ nya manyomanyo aɖe si ne ɖe míate ŋui anye ne míegblɔe hafi o la, fe si ƒe dome míenyi—amegbetɔ ƒe blibomademade—la metsonuwoe nye ma kpɔm míele. (Romatɔwo 7:21-25) Mɔkpɔkpɔ ɖeka si le mía si koe nye alesi míawɔ míaƒe asi nagaka nusi Adam bu la. Gake míate ŋu akpɔ amegbetɔ ƒe agbe deblibo abe fetu ene to mía ŋutɔwo míaƒe dɔwɔwɔ me o. Esi amegbetɔ madeblibowo katã wɔa nuvɔ̃ ta la, ku ƒe fetue mí katã míexɔna, menye agbe o.—Romatɔwo 6:23.
10. Nukae hiã hafi woagbugbɔ nusi Adam bu la aƒle?
10 Gake ɖe woate ŋu atsɔ nane ana ɖe agbe si Adam bu la taa? Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu bia be nusi woaɖo nane teƒe la nasɔ kple nusi teƒe woatsɔe aɖo la pɛpɛpɛ, “agbe ɖe agbe teƒe.” (Mose II, 21:23) Eyata ele be woatsɔ agbe bubu atsɔ axe fee ɖe agbe si bu la teƒe. Menye amesiame ko ƒe agbe o. Psalmo 49:8, 9 gblɔ le amegbetɔ madeblibowo ŋu be: “Ame aɖeke mate ŋu axɔ nɔvia akpɔ o, eye mate ŋu axe etafe na Mawu [o],—elabena woƒe agbe ƒeƒle xɔ asi ŋutɔ, eye ado kpoe tegbee.” Ke ɖe wòfia be wɔna aɖeke megali oa? Kura o.
11. (a) Nukae nya “tafe” fia le Hebrigbe me? (b) Ameka koe ate ŋu aɖe ameƒomea, eye nukatae?
11 Le Hebrigbe me la, nya si wozã na “tafe” la fia ga si woxena tsɔ xɔa aboyomee eye efia nusiwo sɔ kple wo nɔewo hã. Amesi si amegbetɔ ƒe agbe deblibo le koe ate ŋu atsɔ nusi Adam bu la ana. Le Adam megbe la, Yesu Kristo koe ganye ame deblibo si wodzi ɖe anyigba dzi. Eyata Biblia yɔ Yesu be “Adam mamletɔ” eye wòka ɖe edzi na mí be Kristo ‘tsɔ eɖokui na tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta.’ (Korintotɔwo I, 15:45; Timoteo I, 2:5, 6) Togbɔ be kue Adam gblẽ ɖi na viawo hã la, agbe mavɔe Yesu ya gblẽ ɖi. Ale Korintotɔwo I, 15:22 ɖe emee nye esi: “Alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.” Eyata esɔ be woyɔ Yesu be “fofo mavɔ.”—Yesaya 9:5, 6.
ALESI WOXE TAFE LAE
12. Ɣekaɣie Yesu zu Mesia la, eye aleke wònɔ agbee le ema megbe?
12 Le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe kele me la, Yesu yi eƒe ƒometɔ Yohanes gbɔ be wòanyrɔ̃ ye ɖe tsi me, eye eto ema me tsɔ eɖokui na be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu ɣemaɣi. Eyata Yesu va zu Mesia, alo Kristo, Mawu ƒe amesiamina. (Mateo 3:16, 17) Le ema megbe Yesu dze eƒe ƒe etɔ̃ kple afã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Etsa le wo denyigba la katã dzi nɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea henɔ eyomedzela nuteƒewɔlawo nu ƒom ƒu. Gake abe alesi wogblɔe ɖi ene la, mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi tsitretsitsi ɖe eŋu dze egɔme o.—Psalmo 118:22; Dɔwɔwɔwo 4:8-11.
13. Nukawoe he Yesu ƒe ku nuteƒewɔwɔtɔe vɛ?
13 Yesu klo nu le subɔsubɔhakplɔlawo ƒe alakpanuwɔwɔ dzi dzideƒotɔe, eye amesiawo di eƒe ku. Mlɔeba la, woɖo nugbe vɔ̃ɖi aɖe ɖe eŋu si na wofia eyomemɔ, lée madzemadzee hedrɔ̃ ʋɔnu manɔsenui, eye woka aʋatso ɖe esi be ele to gblẽm na amewo ɖe dziɖuɖu ŋu. Woƒo Yesu, woɖe ta ɖe eŋu, woɖu fewu le eŋu, eye wotsɔ atam si wowɔ be wòavuvu lã le eŋu la ƒoe. Emegbe Roma-mɔmefia Pontio Pilato tso kufia nɛ be woaklãe ɖe fuwɔameti ŋu. Woklãe ɖe ati ŋu eye wofɔ atia ɖe tsitre. Eƒe gbɔgbɔ ɖesiaɖe nyea vevesese helĩhelĩ, eye enɔ anyi gaƒoƒo geɖe hafi ku. Le fukpekpe helĩhelĩ ma katã me la, Yesu lé nuteƒewɔwɔ deblibo me ɖe asi na Mawu.
14. Nukatae Mawu ɖe mɔ Via kpe fu heku?
14 Aleae wòdzɔe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 14 lia dzi, esime Yesu tsɔ eƒe agbe na “[tafee] le ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Marko 10:45; Timoteo I, 2:5, 6) Yehowa nɔ Via lɔlɔ̃a ƒe fukpekpe kple ku teƒe kpɔm tso dziƒo. Nukatae Mawu ɖe mɔ nu dziŋɔ sia dzɔ? Esi wòlɔ̃ amegbetɔƒomea tae. Yesu gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Yesu ƒe kua fia mí hã be Mawu si ƒe dzɔdzɔenyenye de bliboe Yehowa nye. (Mose V, 32:4) Ame aɖewo abia nusitae Mawu meɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe gɔmeɖose siwo bia luʋɔ ɖe luʋɔ teƒe ŋu ko eye wòɖe susu ɖa le teƒeɖoɖo si Adam ƒe nuvɔ̃a bia la ŋu o. Nusitae nye be Yehowa zɔna ɖe eƒe sewo dzi ɣesiaɣi eye wòʋlia wo ta, ne abia nu geɖe tso eya ŋutɔ si hã.
15. Esi wòanye madzɔmadzɔnyenye be woaɖe mɔ Yesu ƒe agbe nabu tegbee ta la, nukae Yehowa wɔ?
15 Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye hã bia be Yesu ƒe kua metsonuwo nahe dzidzɔ vɛ. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe wòanye dzɔdzɔenyenye be wòagblẽ Yesu ɖe ku ƒe alɔ̃ me tegbeea? Kura o! Hebri Ŋɔŋlɔawo do ŋugbe be Mawu ƒe nuteƒewɔla la matsi yɔdo me o. (Psalmo 16:10; Dɔwɔwɔwo 13:35) Edɔ alɔ̃ le ku me ŋkeke etɔ̃ ƒe akpa aɖewo, eye le ema megbe la, Yehowa Mawu fɔe ɖe tsitre va agbe mee wòzu gbɔgbɔmeme triakɔ aɖe.—Petro I, 3:18.
16. Nukae Yesu wɔ esi wòtrɔ yi dziƒo?
16 Esi Yesu ku la, etsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe na ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. Esi wofɔe ɖe tsitre na dziƒogbenɔnɔ la, ezu gbɔgbɔ si naa agbe. Gawu la, esi Yesu yi ɖe teƒe kɔkɔetɔ kekeake le xexeame godoo la, egawɔ ɖeka kple Fofoa lɔlɔ̃a eye wòtsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo la ƒe asixɔxɔ yi Nɛ. (Hebritɔwo 9:23-28) Woate ŋu azã agbe xɔasi ma ƒe asixɔxɔ azɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo. Nukae ema fia na wò?
KRISTO ƑE TAFE LA KPLE VI SIWO WÒAÐE NA WÒ
17. Aleke míawɔ akpɔ tsɔtsɔke le Kristo ƒe tafevɔsa la ta?
17 Bu tame le mɔ etɔ̃ siwo nu Kristo ƒe tafevɔsa la le vi ɖem na wò fifi laa gɔ̃ hã la ŋu kpɔ. Gbã la, ehea nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke vɛ. To Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la dzixɔxɔse me la, “míekpɔ fexexeɖeta,” ẽ míaƒe “vodadawo ƒe tsɔtsɔke.” (Efesotɔwo 1:7) Eyata ne míewɔ nuvɔ̃ gã aɖe hã la, míate ŋu abia tsɔtsɔke Mawu le Yesu ƒe ŋkɔ me. Ne míetrɔ dzime le nyateƒe me la, Yehowa zãa Via ƒe tafevɔsa la ƒe asixɔxɔ na mí. Mawu tsɔna kea mí eye wònaa dzitsinya nyui ɖoa mía si le esi wòatsɔ ku ahe to na mí le nuvɔ̃ si míewɔ ta teƒe.—Dɔwɔwɔwo 3:19; Petro I, 3:21.
18. Aleke Yesu ƒe vɔsa la na mɔkpɔkpɔ míi?
18 Evelia, Kristo ƒe tafevɔsa zu gɔmeɖokpe si dzi wotu míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ ɖo. Apostolo Yohanes kpɔe le ŋutega me be “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o” la atsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu dziŋɔ la me. Nukatae woatsi agbe le esime Mawu atsrɔ̃ ame gbogbo aɖewo ya? Mawudɔla aɖe gblɔ na Yohanes be ameha gã la “[nyã] woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le [Yesu Kristo,] alẽvi la ƒe ʋu la me.” (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Zi alesi míetsɔ Yesu Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la dzixɔse wɔ dɔe eye míenɔ agbe wòsɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu ko la, míanɔ dzadzɛ le Mawu ŋkume eye agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ anɔ mía si.
19. Aleke Kristo ƒe vɔsa la ɖo kpe edzii be wo kple Fofoa wolɔ̃ wò?
19 Etɔ̃lia, tafevɔsa lae nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpeɖodzi gãtɔ kekeake. Nu eve siwo me woɖe lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake fia le xexeame katã ƒe ŋutinya me la dze kɔte le Kristo ƒe ku la me: (1) Lɔlɔ̃ si Mawu ɖe fia be wòdɔ Via ɖa be wòava ku ɖe mía ta; (2) Yesu ƒe lɔlɔ̃ si wòlɔ̃ faa tsɔ eɖokui na tafee. (Yohanes 15:13; Romatɔwo 5:8) Ne míewɔ nu le xɔse me vavã la, lɔlɔ̃ sia aɖe vi na mía dometɔ ɖesiaɖe. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mawuvi . . . lɔ̃m eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye.”—Galatiatɔwo 2:20; Hebritɔwo 2:9; Yohanes I, 4:9, 10.
20. Nukatae wòle be míatsɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔse awɔ dɔe?
20 Eyata mina míaɖe míaƒe akpedada ɖe Mawu kple Kristo ƒe lɔlɔ̃ la ta afia to Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔse tsɔtsɔ wɔ dɔe me. Ne míewɔe alea la, akplɔ mí ayi agbe mavɔ mee. (Yohanes 3:36) Gake menye míaƒe ɖeɖekpɔkpɔe nye nu vevitɔ si tae Yesu va nɔ anyigba sia dzi heku ɖo o. Kura o, nu vevitɔ si ŋu wòtsi dzi ɖo la nye nya aɖe si gale vevie wu kura, si nye nya si ku ɖe xexeame katã ŋu. Abe alesi míakpɔe le ta si kplɔe ɖo me ene la, nya ma ka mía dometɔ ɖesiaɖe elabena efia nusitae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe li ɣeyiɣi didi sia gbegbe le xexe sia me.
DO WÒ SIDZEDZE KPƆ
Nukatae wòle be Yesu naku hafi aɖe ameƒomea?
Aleke woxe tafe lae?
Mɔ kawo nue tafe la ɖea vi na wò le?
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 67]