-
Nya La—Alesi Wòdze EgɔmeeNyɔ!—2003 | January 8
-
-
Nya La—Alesi Wòdze Egɔmee
STRATTON, OHIO, U.S.A., nye nuto sue aɖe si te ɖe Ohio-tɔsisia ŋu, si tso Ohio kple West Virginia dome. Wobunɛ abe kɔƒe ene eye woɖo dudzikpɔla ɖe enu. Kasiaa, nuto sue sia, si me nɔlawo mede 300 o la, va zu teƒe si ŋu nya ku ɖo le ƒe 1999 me, esime dumemegãwo di be yewoazi Yehowa Ðasefowo dzi le nanewo me siwo dometɔ aɖee nye be woaxɔ mɔɖegbalẽ hafi woatsɔ woƒe Biblia me gbedasia ayi na amewo le woƒe aƒewo me.
Nukata nya sia nye ŋkubiãnya ɖo? Esi nèle míaƒe nyatakaka sia xlẽm la, àva kpɔe be dukplɔse sia tɔgbe aɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe dzi akpɔtɔ ŋutɔ, eye menye na Yehowa Ðasefowo ko o, ke boŋ na United States tɔwo katã.
Alesi Nyaʋiʋlia Dze Egɔmee
Subɔla siwo le Wellsville Yehowa Ðasefo ƒe Hame si le nuto ma me, siwo ŋu dumegã ʋɛ aɖewo he nya ɖo ku ɖe tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa ŋu tso ƒe 1979 me la, de amewo gbɔ le Stratton ƒe geɖe. Le ƒe 1990-awo me la, kpovitɔ aɖe si le afima nya Ðasefo aɖewo ɖe enu le dua me, hegblɔ be: “Miaƒe nyawo mekam kura o.”
Nya la va do gã ɖe edzi le ƒe 1998 me esime Stratton dudzikpɔla ŋutɔ he nya ɖe Yehowa Ðasefowo dometɔ ene aɖewo ŋu. Wonɔ dodom le kɔƒea me kple ʋu le tɔtrɔyi si wowɔ va ƒo nu na afima nɔla siwo doa vivi ɖe Biblia me nyatiwo me dzodzro ŋu vɔ megbe teti. Le nyɔnu siwo wòhe nya kplii dometɔ ɖeka ƒe numeɖeɖe nu la, dudzikpɔla la gblɔ na wo be ne ŋutsuwoe wonye la anye ne yeade wo mɔ.
Nusi gbɔ nyaʋiʋli yeyea tso enye kɔƒea ƒe sedede si “Xea Mɔ Ðe Tso Aƒeme Yi Aƒeme Sitsatsa Ðiamenuwo Kple Amewo ƒe Aƒewo me Yiyi Kple Kokoƒoƒo Nu,” si bia be amesiame si di be yeawɔ dɔ aɖe si ana wòatso le ʋɔtru nu ayi ʋɔtru nu la naxɔ mɔɖegbalẽ tso dudzikpɔla la gbɔ femaxee hafi. Yehowa Ðasefowo bu sedede sia be enye mɔxexe ɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe, mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe, kple agbalẽtata ƒe ablɔɖe nu. Eyata wotsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒe gã esime kɔƒea me tɔwo gbe asitɔtrɔ le sededea ŋu.
Le July 27, 1999 dzi la, wonɔ anyi ɖe nyadɔdrɔ̃ ŋu le United States nutome gã ƒe ʋɔnudrɔ̃la si le Ohio ƒe Anyiehe Nutome dzi kpɔm la ƒe ŋkume. Eda asi ɖe mɔɖegbalẽxɔxɔ dzi be esɔ le se nu abe alesi kɔƒea de se ene. Emegbe le February 20, 2001, dzi la, United States Nyagbugbɔdrɔ̃ƒe si le Nuto Adelia me hã da asi ɖe nutoa me sea dzi ake be esɔ.
Be woakpɔ nyaa gbɔ la, Watchtower Bible and Tract Society of New York kple Yehowa Ðasefo ƒe Hame si le Wellsville bia be United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ nagbugbɔ ŋku alé ɖe nyaa ŋu.
-
-
Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Lɔ̃ Be Yeakpɔ Nyaa GbɔNyɔ!—2003 | January 8
-
-
Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Lɔ̃ Be Yeakpɔ Nyaa Gbɔ
LE ƑE SIAWO me la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ lɔ̃ be yealé ŋku ɖe nya 80 va ɖo 90 lɔƒo ŋu ƒe sia ƒe le nya 7,000 kple edzivɔ si wotsɔna ɖoa eŋkume la dome—si wu 1 le alafa me!
Le May 2001 me la, Yehowa Ðasefowo tsɔ nya ɖo Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ŋkume be woana woagbugbɔ ŋku alé ɖe nyametsotso si ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ wɔ ŋu (si nye mɔbiabia be woagbugbɔ nyaa me adzro) henɔ biabiam be: “Ðe mawudɔwɔla siwo gblɔa woƒe mawusubɔsubɔ dzixɔse na amewo tso aƒeme yi aƒeme le mɔ xoxo si wozã le ƒe alafawo me va yi le Ŋɔŋlɔawo me nu la sɔ kple asitsatsa le dukplɔsea mea, eye ɖe se abla wo be woaxɔ agbalẽ tso dumemegãwo gbɔ hafi aƒo nu tso Biblia me alo ana Biblia-srɔ̃gbalẽ si ŋu womeka ga aɖeke ɖo o hãa?”
Le October 15, 2001, dzi la, wona nyanya Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Sedɔwɔƒea be United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ lɔ̃ be yeagbugbɔ ŋku alé ɖe Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., kple etɔ bubuawo kpakple Strattontɔwo kple etɔ bubuawo dome nyadɔdrɔ̃a ŋu!
Ʋɔnudrɔ̃ƒea di be yewoalé ŋku ɖe nyaa ŋu to nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ƒe nya vevi si le toa me me, si nye be woakpɔe ɖa be ɖe Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ si ɖea mɔ ɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ŋu la lɔ amewo ƒe nuƒoƒo na ame bubuwo faa tso woƒe dɔ ŋu ƒe gomenɔamesi ɖe eme esi womakpɔ dziɖuɖumegã aɖeke hafi o hã.
Fifia ahiã be woahe nya la le United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃la asiekeawo ŋkume. Ðasefoawo akplɔ woƒe senyalawo vɛ; Stratton-kɔƒea me tɔwo hã akplɔ wo tɔ vɛ. Aleke nyaa ava yii le ʋɔnudrɔ̃ƒe ma?
[Aɖaka si le axa 5]
NUKAE NYE DUKPLƆSE ME ÐƆÐƆÐO GBÃTƆA?
“DUKPLƆSE ME ÐƆÐƆÐO I (SUBƆSUBƆHA ÐOÐO; SUBƆSUBƆHA, NUƑOƑO, AGBALẼTATA, TAKPEKPE, KPLE KUKUÐEÐE ƑE ABLƆÐE) Sewɔtakpekpea mawɔ se aɖeke ku ɖe subɔsubɔha ɖoɖo ŋu alo axe mɔ ɖe eƒe dɔwɔwɔ nu o; alo aɖo seɖoƒe na nuƒoƒo ƒe ablɔɖe alo agbalẽtata o; alo axɔ gomenɔamesi le ŋutifafame siwo di be yewoakpe ta si o, eye woate ŋu aɖe kuku na Dziɖuɖua be wòakpɔ woƒe nyawo gbɔ na wo faa.”—The U.S. Constitution.
“Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ dzie wotu United States demokrasi ɖoɖoa ɖo. Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa gbe na Sewɔtakpekpea be woagawɔ se siwo axe mɔ ɖe nuƒoƒo, agbalẽtata alo takpekpe le ŋutifafa me, alo kukuɖeɖe ƒe ablɔɖe nu o. Ame geɖewo bua nuƒoƒo ƒe ablɔɖe be enye ablɔɖe vevitɔ kple ablɔɖe bubuwo katã ƒe gɔmeɖoanyi. Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa gagbe na Sewɔtakpekpea be woagawɔ se siwo ana woaɖo dukɔa ƒe subɔsubɔha ɖi o alo axe mɔ na mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe o.” (The World Book Encyclopedia) Dzidzɔtɔe la, le Cantwell kple Connecticut ƒe nyadɔdrɔ̃, 310 U.S. 296 (ƒe 1940 me), si nye nyametsotso si he tɔtrɔ ɖedzesi si lɔ Yehowa Ðasefowo ɖe eme vɛ me la, United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be menye “Sewɔtakpekpe” (dziɖuɖu kɔkɔtɔ) la ɖeɖekoe Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa gbe nya na o ke boŋ nutome suewo (du gãwo kple du viwo) dzikpɔlawo hãe be woagade se aɖeke si ada le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ ƒe gomenɔamesiwo dzi o.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]
Nya la ku ɖe ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔ vovovowo ŋu
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]
Photograph by Franz Jantzen, Collection of the Supreme Court of the United States
-
-
Afɔɖeɖe Gbãtɔ—Nya La Hehe Le Ʋɔnudrɔ̃ƒe KɔkɔtɔNyɔ!—2003 | January 8
-
-
Afɔɖeɖe Gbãtɔ—Nya La Hehe Le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ
ŊKEKE SI WOÐO be woadrɔ̃ nyaa le Ʋɔnudrɔ̃lagã William Rehnquist kple ehati ʋɔnudrɔ̃la enyi bubuawo ƒe ŋkume le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ enye February 26, 2002. Senyala enee ƒo ƒu xɔ nya ɖe akɔ na Yehowa Ðasefowo.
Yehowa Ðasefowo ƒe senyala si xɔ ŋgɔ dze eƒe nya gɔme kple ŋgɔdonya si nyɔa ɖetsɔleme, gblɔ be: “Eƒo ŋdi ga 11 le Memleɖagbe le Stratton-kɔƒe. [Emegbe wòƒo nuƒola ƒe kplɔ̃a zi etɔ̃.] ‘Ŋdi na wò. Nusiwo le dzɔdzɔm le ɣeyiɣi siawo me na meɖoe ɖokuinye dzi koŋ be mava wò ʋɔtru nu ava gblɔ nusi Nyagblɔɖila Yesaya yɔ be gbe nyui la na wò. Emae nye nyanyui si Kristo Yesu ɖe gbeƒãe, Mawu ƒe Fiaɖuƒe ƒe nyanyui la.’”
Eyi dzi be: “Nuvlowɔwɔe wònye le Stratton-kɔƒe be woayi aɖagblɔ nya ma na amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu negbe amea xɔ mɔɖegbalẽ tso kɔƒea dzikpɔlawo gbɔ hafi.”
‘Ðe Miexɔa Ga le Amewo Si Oa?’
Ʋɔnudrɔ̃la Stephen G. Breyer bia nya vevi aɖe ku ɖe Ðasefoawo ŋu. Ebia be: “Ðe wònye nyateƒe be wò amewo mexɔa ga le amewo si, alo xɔa naneke kura oa, eye womedzraa Bibliawo, alo dzraa naneke kura oa, eye nusi ko wowɔna enye be woagblɔ be, ‘Meva be magblɔ subɔsubɔnya na wòa’?”
Ðasefoawo ƒe senyala ɖo eŋu be: “Ʋɔnudrɔ̃la Bubutɔ, nyateƒee wònye be, Yehowa Ðasefowo mexɔa ga le amewo si le Stratton-kɔƒea me o. Ele eme be le nuto bubuwo hã me la, wogblɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ ƒe nya na amewo ɣeaɖewoɣi. . . . Menye gae míebe míadzɔ le wo si o. Nusi ko dim míele enye be míaƒo nu na ameawo tso Biblia ŋu.”
Ðe Woaxɔ Mɔɖeɖe tso Dziɖuɖua gbɔ Hafia?
Ʋɔnudrɔ̃la Antonin Scalia bia nuŋububutɔe be: “Ðe nèle gbɔgblɔm be mehiã be woaxɔ mɔɖegbalẽ tso dudzikpɔla gbɔ hafi aƒo nu tso nu vevi aɖe ŋu na wò aƒelika oa?” Ðasefoawo ƒe senyala ɖo eŋu be: “Míeka ɖe edzi be Ʋɔnudrɔ̃ƒe sia ada asi ɖe Dziɖuɖu aɖe ƒe sedede dzi be dumevi naxɔ mɔɖegbalẽ hafi aƒo nu na dumevi bubu le eƒe aƒeme o.”
Nuƒola Bubuwo, Nɔnɔme Bubu
Eɖo Kɔƒea dzikpɔlawo dzi be woaƒo nu. Senyala si le Stratton ƒe senyalawo nu ɖe kɔƒea ƒe sededea me be: “Ŋusẽ si sɔ ŋudɔ ko wɔm Stratton dziɖuɖua le esi wòde se be yeatsɔ akpɔ dua me nɔlawo ƒe dedienɔnɔ ta ahaxe mɔ ɖe nuvlowɔwɔ nu. Nusi ko amewo ƒe aƒewo me yiyi ahabia nu ŋuti sededea biae nye be woaxɔ mɔɖegbalẽ eye woalée ɖe asi ne wole ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔm.”
Ʋɔnudrɔ̃la Scalia yi nyaa gbɔ tẽ hebia be: “Ðe míeɖo ŋku míaƒe ʋɔnudrɔ̃nya aɖe dzi [le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ sia] si lɔ sedede sia tɔgbe ɖe eme, abe dɔgbedede si menye ɖe ga ta o, alo le nane dzram o, ke boŋ, gbɔgblɔ ko be, ‘Metsɔ Yesu Kristo ŋu nya vɛ na wò,’ alo ‘Metsɔ míaƒe nutoa me takpɔkpɔ ŋu nya vɛ na wò’ enea? Ðe míedrɔ̃ nya sia tɔgbe kpɔa?”
Ʋɔnudrɔ̃la Scalia yi edzi be: “Nyemeɖo ŋku nya siawo tɔgbe aɖeke dzi kpɔ le ƒe alafa eve kple edzivɔ si va yi me o.” Ʋɔnudrɔ̃lagã Rehnquist de nukokoedonamenya eme gblɔ be: “Mètsi xɔ nenema gbegbe o ɖe.” Esia na amesiame ko nu le ʋɔnudrɔ̃ƒea. Ʋɔnudrɔ̃la Scalia yi eƒe nyaa dzi be: “Nya yeyee nya sia nye nam.”
Susu Nyui aɖe Yea?
Ʋɔnudrɔ̃la Anthony M. Kennedy bia nya vevi aɖe tẽ be: “Nèsusu be enye nusi sɔ be mabia mɔ tso Dziɖuɖua gbɔ hafi ayi ablɔa ƒe go kemɛ le amesiwo nyemenya o gbɔ, [eye] magblɔ be, meva be magblɔ alesi mekpɔ le míaƒe gbeɖuɖɔlɔlɔ ŋu nya na wò, alo be metsɔ ɖe le nya si míaƒe Sewɔtakpekpe me nɔla la gblɔ ŋu, alo nu ma tɔgbe aɖea. Ðe wòle be mabia Dziɖuɖua hafi awɔ ema?” Egblɔ kpee be, “Ewɔ nuku ŋutɔ.”
Emegbe Ʋɔnudrɔ̃la Sandra Day O’Connor de nu nyaa me hebia be: “Ke le ŋɔdzidonamelawo ƒe nya gome ya ɖe? Ðe wòhiã be wòaxɔ mɔɖegbalẽ ɖe esia ta?” Ʋɔnudrɔ̃la O’Connor kple Scalia siaa ƒo nu tso nya sia ŋu yi ŋgɔe. Ʋɔnudrɔ̃la O’Connor gado nya bubu ɖa be: “Ke le sukli si woaɣe tso aƒelika gbɔ gome ya ɖe? Ðe wòahiã be maxɔ mɔɖegbalẽ hafi aɣe sukli kɔpo ɖeka tso nye aƒelika gbɔa?”
Amenublelawoe Ðasefowo Nyea?
Ʋɔnudrɔ̃la David H. Souter bia be: “Nukatae wobu nusia ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ɖo? Amenublelawo loo, dɔgbedelawo loo, tso teƒe yi teƒe sitsalawo loo, asitsala mɔzɔlawo loo, alo adzɔdolawoe wonyea? Womenye esiawo dometɔ aɖeke wɔlawo o ɖe?” Kɔƒea ƒe senyala ƒo nu tso sededea ŋu ɣeyiɣi didi hegblɔ kpee be ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔa bua Yehowa Ðasefowo be wonye amenublelawo. Ʋɔnudrɔ̃la Souter de nu nyaa me gblɔ be: “Ne èle Yehowa Ðasefowo bum be wonye nubialawo la, ekema nusi yɔm míele be amenublela la me goglo ŋutɔ.”
Emegbe Ʋɔnudrɔ̃la Breyer xlẽ nya tso nyagɔmeɖegbalẽ me tsɔ fia be amenubeble ƒe gɔmeɖeɖea meku ɖe Ðasefowo ŋu o. Egblɔ kpee be: “Nyemexlẽ naneke le wò ameɖokuitaʋlinya me si gblɔ nusita amesiawo [Yehowa Ðasefowo] siwo metsi dzi ɖe gaxɔxɔ le amewo si, nudzadzra, alo akɔdada ŋu o la nayi ɖe dumegãwo gbɔ ava ŋlɔ ŋkɔ o. Nukae nye dumegãwo ƒe tameɖoɖo?”
Nuƒoƒo Faa ƒe “Mɔnukpɔkpɔ” La
Senyala si le kɔƒea teƒe he nyaa be “dumegãwo ƒe tameɖoɖo enye be yewoaxe mɔ ɖe aƒemenɔlawo nuɖiaɖia nu.” Eyi dzi ɖe nu me be nutoa me nɔlawo takpɔkpɔ tso adzodada kple nuvlowɔlawo si me tae. Ʋɔnudrɔ̃la Scalia xlẽ sededea me nyawo tsɔ fia be dudzikpɔla la ate ŋu abia numeɖeɖe bubuwo ku ɖe amesiwo di be yewoaxɔ mɔɖegbalẽa ŋu kple le woƒe tameɖoɖo hã ŋu be wòanya “mɔnukpɔkpɔ siwo tututu dze woana wo.” Egagblɔ kaŋ be: “Sededea ɖee fia be mɔnukpɔkpɔ li be àte ŋu ayi wò dumevi gbɔ aɖagblɔ nane ŋu nya nɛ—Nyemele nya sia gɔme sem o.”
Ʋɔnudrɔ̃la Scalia gabia gbeteteɖedzitɔe be: “Eyata ɖe wòle be amesiame si ƒoa agbonuga nava ɖe eƒe asibidenudzesi ɖe agbalẽ dzi le dumegã gbɔ hafi ava ƒo agbonugaa? Ðe mɔɖeɖe sue sia si me afɔku ate ŋu anɔ la le ale gbegbe be ele be amesiame si di be yeaƒo agbonuga la nava ŋlɔ ŋkɔ le dumegãwo gbɔ hafia? Ao, mate ŋu anɔ nenema o.”
Ðe Sededea Kpɔa Afima Tɔwo Ta?
Esi aɖabaƒoƒo 20 si wona senyala si le Kɔƒea teƒe nu va yi la, woɖe asi le nyaa ŋu na senyalagã ƒe kpeɖeŋutɔ si le Ohio nutoa me nu. Egblɔ be sedede si xea mɔ ɖe gege ɖe aƒewo me nu la kpɔa afima tɔwo ta tso amedzrowo si me, “si anye ame aɖe si nyemeyɔ o [si] va nye aƒeme . . . eye ewɔ nam be kɔƒea me tɔwo tɔ dzɔ be woagblɔ be, ‘Nuwɔna sia ɖiaa mía nu’”
Ʋɔnudrɔ̃la Scalia gblɔ emegbe be: “Kɔƒea me tɔwo vevietɔ wo dometɔ siwo xɔa Yehowa Ðasefowo la le gbɔgblɔm gɔ̃ hã be nenye be yewomele naneke wɔm o la, yewodi be ame aɖe nava ƒo nu na yewo tso nusianu ŋu, eye wògale na amesiawo [Yehowa Ðasefowo] kokoko be woaxɔ mɔɖegbalẽ tso dudzikpɔla gbɔ hafi woate ŋu aƒo agbonuga.”
“Mɔxexeɖenunu Sue aɖe Koe”
Le Ʋɔnudrɔ̃la Scalia ƒe biabiawo me la, egblɔ nya vevi aɖe be: “Mí katã míalɔ̃ ɖe edzi be amesiwo le dedie wu le xexeamee nye amesiwo le ŋutasesẽ kple dzizizidziɖuɖu te. Nuvlowɔwɔ mebɔ ɖe wo me o. Enye nyateƒe matrɔmatrɔ, eye nusi nana woxɔa ablɔɖe le amewo si ƒe ɖee nye ne sedzimawɔmawɔ do agbogbo le go aɖewo me, gake nya lae nye be ɖe sededea tɔa te nugbegblẽwɔwɔ si ta wodee ɖo eye wòasɔ be woade se ɖe mɔnukpɔkpɔ si le ame aɖe si be wòaƒo ʋɔ na ame aɖe nua. Emegbe senyalagã ƒe kpeɖeŋutɔ ɖo eŋu be “mɔxexeɖenunu sue aɖe koe.” Ʋɔnudrɔ̃la Scalia ɖo eŋu be ele sue ale gbegbe be míese nyadɔdrɔ̃ aɖeke kpɔ si gblɔ be du aɖe de se sia tɔgbe o. Nyemebui be ema nye nu sue o.”
Mlɔeba la, esi senyalagã ƒe kpeɖeŋutɔ megate ŋu nɔ te ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ƒe nyaƒoɖeamenu nu o la, elɔ̃ ɖe edzi be: “Nyemate ŋu agblɔ be woaxe mɔ ɖe agbonuga alo ʋɔƒoƒo nu keŋkeŋ o.” Nya siae wòtsɔ wu eƒe nyawo nui.
Esi wogaɖe mɔ na Ðasefoawo ƒe senyala be woaɖe wo ɖokui nu la, eɖee fia be sededea mate ŋu ana kakaɖedzi ame o. “Mate ŋu ayi dumegãwo gbɔ agblɔ na wo be ‘Nyee nye [Asiamasi],’ ahaxɔ mɔɖegbalẽ anɔ amewo dzi tsam tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu.” Egaɖee fia be dudzikpɔla la kpɔ ŋusẽ agbe mɔɖegbalẽ nana ame aɖe si gblɔ be menye habɔbɔ aɖe me nɔlae yenye o. Egblɔ be: “Míexɔe se eye eme kɔ ƒã be nya si ŋu woabu vevie wònye. Mele egblɔm ɖokuibɔbɔtɔe be, kadodo aɖe le míaƒe [Yehowa Ðasefowo ƒe] dɔa kple Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ ƒe akpa vevitɔ me.”
Emegbe kpuie la, Ʋɔnudrɔ̃lagã Rehnquist tso nyaa dzi gblɔ be: “Míetsɔ nya la de asi na [Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ].” Gaƒoƒo ɖeka kple nu vi aɖe koe wɔna katã xɔ. Vevienyenye si le gaƒoƒo ma ŋu va dze le afiatsotso si woŋlɔ eye woɖe gbeƒãe le June me la me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]
Ʋɔnudrɔ̃lagã Rehnquist
Ʋɔnudrɔ̃la Breyer
Ʋɔnudrɔ̃la Scalia
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Rehnquist: Collection, The Supreme Court Historical Society/Dane Penland; Breyer: Collection, The Supreme Court Historical Society/Richard Strauss; Scalia: Collection, The Supreme Court Historical Society/Joseph Lavenburg
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Ʋɔnudrɔ̃la Kennedy
Ʋɔnudrɔ̃la O’Connor
Ʋɔnudrɔ̃la Souter
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Kennedy: Collection, The Supreme Court Historical Society/Robin Reid; O’Connor: Collection, The Supreme Court Historical Society/Richard Strauss; Souter: Collection, The Supreme Court Historical Society/Joseph Bailey
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Ʋɔnudrɔ̃ƒea ememe
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Photograph by Franz Jantzen, Collection of the Supreme Court of the United States
-
-
Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Da Asi Ðe Nuƒoƒo Ƒe Ablɔɖe DziNyɔ!—2003 | January 8
-
-
Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Da Asi Ðe Nuƒoƒo Ƒe Ablɔɖe Dzi
ŊKEKE ÐOÐIA DZE June 17, 2002, dzi eye Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ de eƒe afiatsotso agbalẽ me. Nyametsotso kae wowɔ? Tanya siwo dze le nyadzɔdzɔgbalẽwo me ƒo nu tso eŋu. The New York Times gblɔ be: “Ʋɔnudrɔ̃ƒea Ðe Mɔxexe Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe Amewo Gbɔ Yiyi Nu Ða.” Ohio ƒe The Columbus Dispatch gblɔ be: “Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Te Fli Ðe Mɔɖegbalẽ Xɔxɔ Me.” Cleveland, Ohio, ƒe The Plain Dealer gblɔ kpuie ko be: “Teteɖeameŋu Mehiã Mɔɖeɖe tso Nutome Dzikpɔlawo Gbɔ O.” Axa si le akasanu kple nuŋɔŋlɔmetola ƒe nya si le USA Today me gblɔ be: “Woda Asi Ðe Nuƒoƒo ƒe Ablɔɖe Dzi.”
To akɔdada si me ame 8 tsi tre ɖe 1 ŋu le me la, wotrɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ ƒe nyametsotso si wòwɔ si tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la! Ʋɔnudrɔ̃la John Paul Stevens ye ŋlɔ Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe Afiatsotso ɖe agbalẽ si xɔ axa 18 dzi. Afiatsotsoa nye gbe si wogbugbɔ te ɖe Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa me nyawo dzi si ɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woate ŋu awɔ woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa. Le Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe afiatsotso si woŋlɔ ɖi me la, woɖe nu me be Ðasefoawo mehiã mɔɖegbalẽ o elabena wogblɔ be “yewoxɔ yewoƒe ŋusẽ be yewoaɖe gbeƒã tso Ŋɔŋlɔawo me.” Emegbe Ʋɔnudrɔ̃ƒea yɔ Ðasefoawo ƒe ameɖokuitaʋlinya siwo wotsɔ ɖo kpe edzi be: “Mɔbiabia tso Nutome Dzikpɔlawo gbɔ hafi aɖe gbeƒã la le abe vlododo Mawu ene na mí.”
Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe Afiatsotsoa gblɔ be: “Ƒe 50 kple edzivɔ enye esia la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe se si xe mɔ ɖe ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu alo agbalẽvi mama dɔa nu me. Menye nudogoɖenunu aɖe koe wònye dzɔ va yi esi Yehowa Ðasefowo tsɔ se siawo siwo ƒe akpa gãtɔ le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ me la yi ʋɔnudrɔ̃ƒee o, ke boŋ esi woƒe mawusubɔsubɔ bia be woadzro nu me tsitotsito kple amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu tae. Abe alesi míede dzesi le Murdock kple Pennsylvania nyadɔdrɔ̃, . . . (1943) me ene la, Yehowa Ðasefoawo ‘gblɔ be Paulo ƒe nusi wòfia le “gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me” ƒe kpɔɖeŋu dzi wɔm yewole. Dɔwɔwɔwo 20:20. Wowɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe sededea dzi tẽ be, “Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbeƒã nyanyui la na amewo katã.” Marko 16:15. Woxɔe se be ne yewowɔe alea la, yewole Mawu ƒe gbe dzi wɔm.’”
Afiatsotsoa ŋuti nuŋlɔɖia gayɔ nya tso ƒe 1943 nyadɔdrɔ̃a me si gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ si le sɔlemehawo si le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa me be woasubɔ ahagblɔ mawunya le kplɔ̃ta la kee le mawusubɔsubɔha sia hã si. Gomenɔamesi si le mawusubɔsubɔha gãwo si kple esi le kɔnyinyiwo me le sea te kee le eya hã si.” Esi woyɔ nya tso ƒe 1939 nyadɔdrɔ̃a me la, Afiatsotsoa gblɔ be: “Be woaxɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo le ame si to mɔɖegbalẽ nana me si me womate ŋu ama agbalẽviwo faa kuxi manɔmee o la na be nya ku ɖe dukplɔsea ŋu.”—Woawoe te gbe ɖe edzi.
Emegbe Ʋɔnudrɔ̃ƒea de dzesi nu tɔxɛ aɖe: “Nyadɔdrɔ̃awo fia be Yehowa Ðasefowo ƒe agbagbadzedze be woana woagaxe mɔ ɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe nu o la ɖe vi na ame bubuwo hã.” Afiatsotsoa ɖee fia be menye Ðasefoawo “ɖeɖee nye ‘ame ʋɛ’ siwo wodi be woade se na woazi ɖoɖoe abe Kɔƒea me tɔ ene o.”
Afiatsotsoa ɖee fia be sededea “nye vlododo—menye le gɔmeɖose si ŋu woɖe mɔ ɖo le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa me ɖeɖeko me o, ke boŋ le ablɔɖe me nɔlawo ƒe nukpɔsusu nu hã—si bia be le gbesiagbe dzeɖoɖoa aɖewo me la, ahiã be ame nana nyanya dziɖuɖua be yedi be yeaƒo nu kple ye havi hafi woaɖe mɔ nɛ woawɔ nenema. . . . Sedede si abia mɔɖegbalẽ tso ame si hafi wòate ŋu aƒo nu kple ame aɖe la nye megbedede gã ŋutɔ tso nusiwo dome míenyi kple kɔnyinyiwo gbɔ.” Emegbe Afiatsotsoa gblɔ “nusiwo gbegbe mɔɖegbalẽ sia xɔxɔ ate ŋu agblẽ.”
Nuvlowɔwɔ ƒe Ŋɔdzidonamewo
Ke nukpɔsusu si nye be mɔɖegbalẽa kpɔa amewo ta tso adzodalawo kple nuvlowɔla bubuwo si me ya ɖe? Ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe eme be: “Togbɔ be míekpɔ eƒe vevienyenye dze sii hã la, nya siwo míedrɔ̃ va yi na eme kɔ be ele be míada asɔ le nya siawo kple ŋusẽ si wòakpɔ ɖe Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ ŋudɔwɔwɔ me dzi.”
Ʋɔnua ƒe Afiatsotso yi edzi be: “Edze abe mɔɖegbalẽ xɔxɔ maxe mɔ ɖe nuvlowɔlawo nu be womagaƒo ʋɔ na ame alo axe mɔ ɖe wo nu be womakpɔ gome le dzeɖoɖo siwo mele sededea me o la me o ene. Le kpɔɖeŋu me, woabia be woafia mɔ si yewoato ayi teƒe aɖe alo abia be yewoazã ame aɖe ƒe telefon . . . alo woazã ŋkɔ bubu be woagalé wo o.”
Ʋɔnua he susu yi afia si wotso le ƒe 1940-awo me dzi hegblɔ be: “Afia siwo wotso le Xexemeʋa II ŋɔli si xɔna na nyahelawo [Gbetakpɔxɔ Habɔbɔ] ƒe subɔsubɔha me tɔwo zi geɖe be womehea to suesuewo na wo o si gadze le nya sia me la nye nusiwo ŋu Ʋɔnudrɔ̃ƒea ke ɖo le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ ƒe ablɔɖeseawo me dzodzro me.”
Aleke Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒo nya tae mlɔeba? “Wote fli ɖe Nyagbugbɔdrɔ̃ƒea ƒe afiatsotsoa me, eye wogbugbɔ nya la ɖo ɖee be wòaɖɔe ɖo wòasɔ kple nyametsotso sia. Míaƒe mɔfiafia enye esia.”
Eyata nyaa ƒe nuwuwu, abe alesi Chicago Sun-Times gblɔe ene enye be, “Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe Afiatsotso De Yehowa Ðasefowo Dzi,” si me wokpɔ ame 8 tsi tre ɖe 1 ŋu le.
Ke Etsɔme Ya Ðe?
Aleke Yehowa Ðasefo siwo le Wellsville-hamea me bua afia si wotso na wo le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ lae? Le nyateƒe me la, mehiã be woatsɔe aƒo adegbee wòate ɖe Strattontɔwo dzi o. Ðasefoawo mebu susu vɔ̃ aɖeke ɖe ame nyui siwo le kɔƒea me ŋu o. Gregory Kuhar, si nye Ðasefo le afima gblɔ be: “Menye míaƒe didie wònye be míatsɔ nyaa ayi ʋɔnui o. Sedede lae menyo koŋ o. Nusi míewɔ la menye viɖe na míawo ɖeɖeko o ke na amesiame.”
Nyaa katã fia be Ðasefoawo meɖe afɔ sia koŋ be yewoatsɔ aɖe fu na kɔƒea me tɔwo o. Gene Koontz, amesi nye Ðasefo bubu gblɔ be: “Zi mamlɛtɔ si míeɖe gbeƒã le Stratton enye March 7, 1998—ƒe ene kple edzivɔ enye esi va yi.” Egblɔ kpee be: “Wogblɔ na nye ŋutɔ be wogbɔna lé ye ge. Míexɔ nyatakaka geɖe si me kpovitɔwo doa ŋɔdzi na mí be yewoalé mí. Gake ne míebia be woatsɔ sededea ƒe nuŋlɔɖi afia mí la, ɖeko wohena ɖe megbe.”
Koontz gblɔ kpee be: “Míedi be míanɔ ƒomedodo nyui me kple mía haviwo boŋ. Ne ame aɖe medi be míava srã ye kpɔ o la, míedea bubu eƒe nyametsotso ŋu. Gake ame bubuwo li siwo lɔ̃a xɔlɔ̃wɔwɔ eye wolɔ̃na faa be woadzro Biblia me kple yewo.”
Gregory Kuhar ɖe eme be: “Míetsɔ nyaa yi ʋɔnui be míaɖe fu na Strattontɔwo o. Ðeko míedi be míakpɔ egbɔ be nuƒoƒo ƒe ablɔɖe su mía si le Dukplɔsea me.”
Eyi dzi be: “Azɔ míedi be míatrɔ ayi Stratton. Adzɔ dzi nam be manye ame gbãtɔ aƒo ʋɔ na ame aɖe ne míeyi. Ele be míayi abe alesi Kristo de se na míi ene.”
“Gbetakpɔxɔ kple Stratton dua Dome Nyadɔdrɔ̃” me tsonu he viɖe geɖe vɛ. Esi dudzikpɔla geɖe siwo le United States se Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotso la, wokpɔe be womagate ŋu azã du suewo ƒe sedede atsɔ axe mɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa o. Vaseɖe egbea la, wokpɔ gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ƒe nyaʋiʋliwo gbɔ le nuto siwo anɔ 90 me le United States.
-