INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/1 axa 13
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Daa Dɔ Na Amewo Nukutɔea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Yehowa Ðasefowo Daa Dɔ Na Amewo Nukutɔea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Egbegbe ‘Nukugbedadawo’—Mawu Gbɔe Wotsoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Gbedada na Ameƒomea Nukutɔe Gogo Vɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/1 axa 13

Exlẽlawo Bia Be . . .

Ðe Yehowa Ðasefowo Daa Dɔ Na Amewo Nukutɔea?

▪ Yehowa Ðasefowo medaa dɔ na amewo nukutɔe o. Abe Yesu ene la, woxɔe se be dɔ vevi si woɖo na yewo ye nye be yewoaɖe gbeƒã ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Woxɔe se hã be menye ale si woada dɔ na ame nukutɔe lae woatsɔ ade dzesi Kristotɔ vavãwo o, ke boŋ nu vevi bubu aɖe sãa ye.

Nyateƒee, gɔmesese vevi aɖe le ale si Yesu se veve ɖe dɔnɔwo nu heda gbe le wo ŋu le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la ŋu na mí katã. Enye kpeɖodzi be ne ele dzi ɖum le Mawu Fiaɖuƒea me la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

Ke egbea ya ɖe? Ame siwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo kple ha bubu me tɔwo siaa gblɔna be yewo daa dɔ na amewo nukutɔe. Gake Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo vevie le ame siwo gblɔ be yewowɔa “nukunu geɖewo” le eƒe ŋkɔ me la ŋu. Ebe yeagblɔ na ame siawo be: “Nyemenya mi o, mite ɖa le gbɔnye, mi nu vɔ̃ɖi wɔlawo!” (Mateo 7:22, 23, Agbenya La) Ekema ɖe nukunu siwo wobe nukugbedalawo wɔna egbea nye dzesi be Mawu da asi ɖe edzia?

Mina míade ŋugble tso nu si Biblia gblɔ tso ale si Yesu da dɔ na amewoe ŋu kpɔ. Ne míetsɔ nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ sɔ kple mɔnu siwo nukugbedalawo zãna egbea la, akpe ɖe mía ŋu enumake míanya ne Mawu da asi ɖe dɔ dada na amewo nukutɔe dzi.

Yesu meda dɔ na ame aɖeke kpɔ kple susu be amewo nadze ye yome alo aƒo zi ɖe ye ŋu o. Ke boŋ amewo mekpɔ dɔ si wòda la dometɔ geɖe teƒe o. Zi geɖe la, egblɔna na ame siwo wòda dɔ na la be woagagblɔ nukunu si yewɔ la na ame aɖeke o.—Luka 5:13, 14.

Yesu mexɔ ga ɖe nukunu siwo wòwɔ la ta o. (Mateo 10:8) Ame aɖeke hã meva egbɔ kpɔ wòdo kpo dɔdada nɛ o. Edaa dɔ na dɔnɔ siwo katã va egbɔ la woƒe lã me sẽna keŋkeŋ, eye menye dɔnɔa ƒe xɔsee ana wòahaya o. (Luka 6:19; Yohanes 5:5-9, 13) Yesu fɔ ame kukuwo kura gɔ̃ hã!—Luka 7:11-17; 8:40-56; Yohanes 11:38-44.

Togbɔ be Yesu wɔ nukunuwo hã la, mewɔe kple susu be wòawɔ dɔ ɖe amewo dzi ne woadze ye yome o. Ke boŋ dɔ si nɔ vevie nɛ ye nye be wòaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la. Yesu ƒo eƒe nusrɔ̃lawo nu ƒu be woakpe ɖe amewo ŋu woazu nusrɔ̃lawo, eye woawo hã woafia nu amewo tso ale si woawɔ be woava nɔ lãmesẽ me le Mawu Fiaɖuƒe te.—Mateo 28:19, 20.

Nyateƒee, ame siwo dze Yesu yome le ƒe alafa gbãtɔ me dometɔ aɖewo te ŋu da dɔ na amewo ya, gake wowɔe ɣeyiɣi aɖe ko. (1 Korintotɔwo 12:29, 30; 13:8, 13) Menye dɔdada na amewoe wotsɔ dea dzesi Kristotɔwo vavãwo egbea o, ke boŋ ale si wolɔ̃a wo nɔewo hetsɔa wo ɖokuiwo saa vɔ ɖe wo nɔewo ta ye wotsɔ dea dzesi woe. (Yohanes 13:35) Nukugbedala siwo li egbea la mete ŋu kpe ɖe ame siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo kple ame ƒomevi vovovowo ŋu wowɔ ɖeka hezu Kristotɔwo ƒe ƒome si me tɔwo lɔ̃a wo nɔewo hetsɔa wo ɖokui saa vɔ ɖe wo nɔewo ta o.

Gake Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe li si me tɔwo wɔ ɖeka, eye wolɔ̃a wo nɔewo ale gbegbe be womewɔa nuvevi wo nɔewo alo ame bubuwo ne nya ʋiʋli sesẽwo do mo ɖa gɔ̃ hã o. Woawoe nye ame kawo? Woawoe nye Yehowa Ðasefowo. Wodze si wo le xexea me godoo be woɖea Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vavãtɔ fiana. Wokpena ɖe ame siwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo, ame siwo tso dukɔ vovovowo me, kple ame vovovowo ƒomevi ŋu wowɔ ɖeka, si míate ŋu agblɔ be enye nukunu, eye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ye na wòte ŋu dzɔ alea. Ðe manyo be wò ŋutɔ nàde woƒe kpekpewo dometɔ ɖeka ahakpɔ ale si wonɔa agbe oa?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ðe Mawu le megbe na nukugbedala (abe ale si wòdze le ɖusime ene) siwo li egbea la vavã?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe