INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ðokuibɔbɔ Ðeɖefia le Ŋutitoto Mamlea Ðuɖu Me
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Eteƒe medidi o, Yesu kple etɔwo ɖo dua me eye wodze nɔ yi aƒe si me woaɖu Ŋutitotoŋkekenyuiea le la me. Wolia atrakpuiawo yi xɔ gã aɖe me le dziƒoxɔ dzi, afisi wokpɔ wowɔ dzadzraɖo siwo katã hiã la le hena woawo ɖeɖe ƒe Ŋutitotoa ɖuɖu. Yesu nɔ mɔ kpɔm na wɔna sia, abe alesi wogblɔe ene be: “Medi vevie ŋutɔ bena, maɖu ŋutitotolẽvi sia kpli mi, hafi ne makpe fu.”

      Le kɔnu nu la, Ŋutitotoa ɖulawo noa weinkplu ene. Le esi dze ƒã be eyae nye kplu etɔ̃lia la xɔxɔ vɔ megbe la, Yesu da akpe ɖe eta hegblɔ be: “Mixɔ esia, eye mimã me le mia nɔewo dome; elabena mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi la nyemegale weintsetse aɖeke me tsi no ge akpɔ o, vaseɖe esime mawufiaɖuƒe la ava.”

      Ɣeaɖeɣi esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsi tre eye wòɖe eƒe awudziwuwo hetsɔ tsiletse eye wòku tsi ɖe nu me wòyɔe. Zi geɖe la, aƒetɔ si xɔ amedzro la kpɔa egbɔ be yeklɔ yeƒe amedzrowo ƒe afɔ. Gake esi aƒetɔ aɖeke meli le wɔna sia me o ta la, Yesu kpɔ amewo subɔsubɔ dɔ sia gbɔ. Apostoloawo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu azã mɔnukpɔkpɔa awɔe hafi; gake edze abe esi hoʋiʋli aɖe gakpɔtɔ nɔ wo dome ene ta la, wo dometɔ aɖeke mewɔe o. Azɔ esi Yesu dze woƒe afɔ kɔklɔ gɔme la, ekpe ŋu na wo.

      Esi Yesu va Petro gbɔ la, egbe be: “Wò la màklɔ nye afɔwo ŋuti akpɔ o.”

      Yesu gblɔ be: “Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema mèle gome aɖeke kpɔ ge le gbɔnye o.”

      Petro ɖo eŋu be: “[Aƒetɔ,] ekema menye nye afɔwo ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ nye asiwo kple nye ta hã.”

      Yesu ɖo eŋu be: “Amesi le tsi la, afɔ ŋuti kɔklɔ koe hiã nɛ; elabena eŋuti blibo la katã ɖi; eye mia ŋuti ɖi, gake menye mi katãe o.” Egblɔ esia elabena enya be Yuda Iskariot nɔ nugbe ɖom be yeafia ye yomemɔ.

      Esi Yesu klɔ afɔ na wo ame 12 la katã, si dome eyomemɔfiala Yuda hã le, vɔ la, edo eƒe awudziwuwo eye wòganɔ kplɔ̃ ŋuti kpli wo. Ebia wo se azɔ be: “Mienya nusi mewɔ na mia? Mieyɔam bena: Nufiala kple Aƒetɔ, eye miegblɔe nyuie, elabena eyae menye. Azɔ la ne nye, si nye Aƒetɔ kple nufiala la meklɔ miaƒe afɔwo ŋuti la, ele na miawo hã be, miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo ŋuti. Elabena mena kpɔɖeŋu mi, bena miawo hã miawɔ, abe alesi nye la mewɔ na mi ene. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Subɔla mewua eƒe aƒetɔ o, eye ame dɔdɔ hã mewua amesi dɔe ɖa la o. Ne mienya nusiawo, eye miewɔ wo la, woayra mi.”

      Amewo subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe ƒe nufiame nyui kae nye si! Mele be apostoloawo nanɔ nɔƒe gbãtɔ dim eye woanɔ esusum be yewonye ame veviwo ale gbegbe be ele be ame bubuwo nasubɔ yewo ɣeawokatãɣi o. Ele na wo be woadze kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la yome. Menye kɔnuwɔwɔ ƒe afɔkɔklɔe nye sia o. Ao, ke boŋ lɔlɔ̃ faa be woasubɔ ameŋkumakpɔmakpɔe, eɖanye aleke gbegbee dɔa le tsɛ alo madze ame ŋui o ye wònye. Mateo 26:20, 21; Marko 14:17, 18; Luka 22:14-18; 7:44; Yohanes 13:1-17.

  • Ŋkuɖodzi ƒe Fiẽnuɖuɖu La
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 114

      Ŋkuɖodzi ƒe Fiẽnuɖuɖu La

      ESI Yesu klɔ afɔ na eƒe apostoloawo vɔ megbe la, eyɔ nya tso ŋɔŋlɔ si le Psalmo 41:10 me gblɔ bena: “Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.” Azɔ esi nya la nɔ fu ɖem nɛ la, eɖe eme be: “Mia dometɔ ɖeka adem asi.”

      Apostoloawo dze nuxaxa gɔme eye wo dometɔ ɖesiaɖe bia Yesu bena: “Nyee loo?” Yuda Iskariot kura gɔ̃ hã bia nya sia. Yohanes, amesi nɔ Yesu xa le kplɔ̃a ŋu la ziɔ ɖe Yesu ƒe akɔnu hebiae be: “Aƒetɔ, amekae?”

      Yesu ɖo eŋu be: “Enye ame wuieveawo dometɔ ɖeka, amesi ƒe asi le agba me dem kplim. Ke Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ ɖi le eŋuti ene; gake baba na ame ma, si dzi woato ade Amegbetɔvi la asi! Enyo na ame ma bena, womegaxae dzi o.” Le ema megbe la, Satana gage ɖe Yuda me ake hewɔ mɔ si ʋu ɖi le eƒe dzi si vɔ̃ɖi me la ŋudɔ. Emegbe le zã ma me la, esɔ be Yesu yɔ Yuda be “tsɔtsrɔ̃vi” la.

      Azɔ Yesu gblɔ na Yuda bena: “Nusi wɔ ge nala la, wɔe kaba.” Apostolo mamleawo mese nusi gblɔm Yesu le la gɔme o. Wo dometɔ aɖewo susu be esi wònye aɖaka si me ga le la le Yuda si ta la, Yesu le gbɔgblɔm nɛ be: “Ƒle nusiwo míehiã la, hena ŋkekenyuie la ɖuɖu,” alo be wòayi aɖana nane ame dahewo.

      Le Yuda ƒe dzodzo megbe la, Yesu ɖo azã alo ŋkuɖodzi yeye aɖe kura anyi kple eƒe apostolo wɔnuteƒewo. Etsɔ abolo, eye wòdo akpedadagbe ɖa heŋe eme, eye wòtsɔe na wo gblɔ bena: “Mixɔe ɖu.” Eɖe eme be: ‘Esia tsi tre ɖi na nye ŋutilã si woana le mia ta; minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.’

      Esi wo dometɔ ɖesiaɖe ɖu aboloa vɔ la, Yesu tsɔ kplu si me wein le, si dze ƒã be eyae nye kplu enelia si wozã le Ŋutitotoɖuɖua me la. Edo akpedadagbe ɖa ɖe eya hã ta eye wòtsɔe na wo be woano hegblɔ be: ‘Kplu sia tsi tre ɖi na nubabla yeye le nye ʋu me, si woakɔ ɖe anyi le mia ta.’

      Eyata le nyateƒe me la, esia nye Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodzi. Abe alesi Yesu gblɔe ene la, ele be woawɔe ƒe sia ƒe le Nisan 14 lia dzi atsɔ aɖo ŋku eyama dzie. Aɖo ŋku nusi Yesu kple Fofoa si le dziƒo wɔ be woaɖe amegbetɔƒomea tso ku ƒe fɔbubu me la dzi na eɖulawo. Le Yudatɔ siwo ava zu Kristo yomedzelawo gome la, azã la axɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyuiea teƒe.

      Nubabla yeyea si Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la na wòdze dɔwɔwɔ gɔme la va xɔ ɖe Se ƒe nubabla xoxoa teƒe. Yesu Kristoe nɔ akpa eve dome wowɔe—Yehowa Mawu le akpa ɖeka dzi, eye Kristotɔ 144,000 siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la le akpa kemea dzi. Hekpe ɖe mɔnukpɔkpɔ ʋuʋu ɖi be woatsɔ nuvɔ̃wo ake ŋu la, nubabla la na be woate ŋu aɖo fia nunɔlawo ƒe dukɔ anyi le dziƒo. Mateo 26:21-29, Marko 14:18-25; Luka 22:19-23; Yohanes 13:18-30; 17:12; Korintotɔwo I, 5:7.

      ▪ Biblia me nyagblɔɖi ka mee Yesu yɔ nya tsoe ku ɖe eƒe zɔhɛ aɖe ŋu, eye nuka ŋue wòtsɔe ku ɖo?

      ▪ Nukatae apostoloawo xa nu vevie, eye nya kae wo dometɔ ɖesiaɖe bia?

      ▪ Nukae Yesu gblɔ na Yuda be wòawɔ, gake aleke apostolo bubuawo se nyagbɔgblɔ sia gɔmee?

      ▪ Azã kae Yesu ɖo anyi le Yuda ƒe dzodzo megbe, eye nukae nye eƒe taɖodzinu?

      ▪ Amekawoe le nubabla yeyea me, eye dɔ kae nubabla la wɔna?

  • Nyaʋiʋli aɖe Do Mo Ða
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 115

      Nyaʋiʋli aɖe Do Mo Ða

      DO ŊGƆ le fiẽa me la, Yesu fia nu nyui aɖe ku ɖe alesi woasubɔ ɖokuibɔbɔtɔe ŋu esi wòklɔ afɔ na eƒe apostoloawo. Le ema megbe la, eɖo eƒe ku si gogo la ƒe Ŋkuɖodzi anyi. Ke azɔ, vevietɔ le nusi dzɔ teti ma ŋu bubu me la, nya aɖe si ana ame ƒe mo nawɔ yaa dzɔ. Eƒe apostoloawo ʋli nya vevie ku ɖe wo dometɔ si dze abe amesi nye gãtɔ ene la ŋu! Edze abe ɖe esia nye nya aɖe si wonɔ hehem do ŋgɔ la ƒe akpa aɖe ene.

      Ðo ŋku edzi be esi Yesu ƒe nɔnɔme trɔ le toa dzi megbe la, apostoloawo ʋli nya tso amesi nye gã wu le wo dome la ŋu. Gawu la, Yakobo kple Yohanes bia be woana nɔƒe kɔkɔ yewo le Fiaɖuƒea me, esi na nyaʋiʋli bubu gaɖo apostoloawo dome. Ke azɔ le zã mamle sia si Yesu li kpli wo me la, aleke gbegbe wòate ɖe edzie nye si be woganɔ dzre wɔm ake! Nukae wòwɔ?

      Le esi teƒe be Yesu nadze agbo ɖe apostoloawo dzi ɖe nusi wowɔ ta la, egatsɔ dzigbɔɖi ɖe nu me na wo be: “Dukɔwo ƒe fiawo [ɖua] aƒetɔwo ɖe wo dzi, eye amesiwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, [woyɔa] wo be amenuvelawo. Ke miawo la miganɔ nenema o; . . . Elabena amekae nye gã wu, amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti loo, alo amesi le subɔsubɔm mahã? Menye amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti oa?” Azɔ esi wònɔ ŋku ɖom eƒe kpɔɖeŋua dzi na wo la, egblɔ be: “Ke nye la mele mia titina abe subɔla ene.”

      Togbɔ be blibomademadewo nɔ apostoloawo ŋu hã la, wonɔ anyi kple Yesu le eƒe dodokpɔwo me. Eyata egblɔ be: “Nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene.” Yesu ŋutɔ ƒe nubabla sia si wòwɔ kple eyomedzela wɔnuteƒewo la na be woakpe ɖe eŋu aɖu fia kplii. Ame xexlẽme ʋee aɖe si nye 144,000 koe nye amesiwo woxɔ mlɔeba ɖe Fiaɖuƒe ƒe nubabla sia me.

      Togbɔ be wotsɔ mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia si nye gome kpɔkpɔ le Fiaɖuƒedziɖuɖu me kple Kristo na apostoloawo hã la, wogbɔdzɔ le gbɔgbɔ me fifia. Yesu gblɔ be: “Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me.” Gake esi Yesu gblɔ na Petro be Yedo gbe ɖe eta vɔ la, ede dzi ƒo nɛ be: ‘Ne ètrɔ gbɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo.’

      Yesu ɖe nu me be: “Vinyewo, ɣeyiɣi vi aɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ. Se yeye mena mi bena mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”

      Petro bia be: “Aƒetɔ, afika nèyina?”

      Yesu ɖo eŋu be: “Afisi nye la meyina la, mèle ŋu te ge adze yonyeme fifia o; ke emegbe la àdze yonyeme.”

      Petro bia be yeanya be: “Aƒetɔ, nukaŋuti nyemate ŋu adze yowòme fifia o mahã? Matsɔ nye agbe aɖo anyi ɖe tawò.”

      Yesu bia be: “Àtsɔ wò agbe aɖo anyi ɖe tanyea? Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: [Egbe ƒe zã sia me ke] koklo maku atɔ [zi eve], hafi nagbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ o.”

      Petro melɔ̃ ɖe edzi o eye wògblɔ be: “Ne anɔ nam bena, maku kpli wò hã la, nyemele nu gbe ge le gbɔwò akpɔ o.” Eye esi apostolo bubuawo hã gblɔ nya ma ke la, Petro ƒo adegbe be: “Ne wo katã woakpɔ nuɖiaɖia le ŋutiwò la, nye la nyemele ekpɔ ge gbeɖe o.”

      Esi Yesu nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi si wòdɔ apostoloawo ɖa be woaɖaɖe gbe ƒã le Galilea eye wometsɔ gakotoku alo nuɖuɖukotoku ɖe asi o ŋu la, ebia be: “Ðe nane hiã mi mahã?”

      Woɖo eŋu be: “Naneke mehiã mí o.”

      Egblɔ na wo be: “Ke azɔ la, amesi gakotoku le esi la, netsɔe, nenema ke mɔzɔkotoku [nuɖuɖukotoku] hã; eye amesi si [yi] mele o la, nedzra eƒe avɔ, eye wòaƒle yi. Elabena mele egblɔm na mi bena: Ele be, woawu nusia, si woŋlɔ ɖi la nu ɖe ŋunye bena: ‘Eye wobui ɖe vodalawo dome;’ elabena nusi wogblɔ ɖi le ŋutinye la, le enu wu ge.”

      Ɣeyiɣi si me woahe Yesu ɖe ati ŋu le nuvlowɔlawo alo sedzimawɔlawo dome ŋue wòle nu ƒom le. Ele eɖem fia hã be ye yomedzelawo adze ŋgɔ yometiti sesẽ le ema megbe. Wogblɔ be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa, yi evee nye esi!”

      Eɖo ŋu na wo be: “Esɔ gbɔ.” Abe alesi míele ekpɔ ge ene la, eteƒe madidi hafi yiawo ƒe wo si nɔnɔ ana Yesu nafia nu vevi bubu aɖe wo o. Mateo 26:31-35; Marko 14:27-31; Luka 22:24-38; Yohanes 13:31-38; Nyaɖeɖefia 14:1-3.

      ▪ Nukatae apostoloawo ƒe nyaʋiʋli wɔ mo yaa ale gbegbe ɖo?

      ▪ Aleke Yesu kpɔ nyaʋiʋlia gbɔe?

      ▪ Dɔ kae nu si Yesu bla kple eƒe nusrɔ̃lawo la wɔ?

      ▪ Se yeye kae Yesu de, eye aleke gbegbee wòle vevie?

      ▪ Kakaɖedzinɔamesi si gbɔ eme kae Petro ɖe fia, eye nukae Yesu gblɔ?

      ▪ Nukatae Yesu ƒe nufiame siwo ku ɖe gakotoku kple nuɖuɖukotoku tsɔtsɔ ŋu la to vovo na nusi wògblɔ do ŋgɔ?

  • Apostoloawo Dzadzra Ðo ɖe Eƒe Dzodzo Ŋu
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
    • Ta 116

      Apostoloawo Dzadzra Ðo ɖe Eƒe Dzodzo Ŋu

      WOÐU ŋkuɖodzinuɖuɖua vɔ, gake Yesu kple eƒe apostoloawo kpɔtɔ le dziƒoxɔa dzi. Togbɔ be eteƒe madidi hafi Yesu nadzo o hã la, nya geɖe gale esi wòagblɔ. Efa akɔ na wo be: “Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o; mixɔ Mawu dzi se.” Gake egblɔ kpee be: “Mixɔ nye hã dzinye se.”

      Yesu yi edzi be: “Fofonye ƒe me la nɔƒe geɖewo li; . . . meyina be madzra teƒe ɖo ɖi na mi . . . bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima. Eye afisi meyina la, mienyae, eye mɔ la hã mienyae.” Apostoloawo mese egɔme be dziƒoyiyi ƒe nya gblɔm Yesu le o, eyata Toma biae se be: “Aƒetɔ, míenya afisi nèyina o, eye aleke lawɔ míanya mɔ la mahã?”

      Yesu ɖo eŋu be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la.” Ẽ, Yesu xɔxɔ kple eƒe agbenɔnɔ sɔsrɔ̃ dzi koe woate ŋu ato ayi ɖe Fofo la ƒe aƒeme le dziƒo, elabena abe alesi Yesu gblɔe ene la: “Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.”

      Filipo gblɔ be: “Aƒetɔ, fia Fofo la mí, eye aɖi kɔ na mí.” Edze ƒã be Filipo di be Yesu nana yewoakpɔ Mawu ƒe ɖeɖefia aɖe, abe esi tɔgbe wona Mose, Eliya kple Yesaya kpɔ le ŋutega me le blemaɣeyiɣiwo me la ene. Gake le nyateƒe me la, nane si nyo boo wu ŋutega mawo la le apostoloawo si, abe alesi Yesu gblɔe ene be: “Filipo, ɣeyiɣi geɖe siawo menɔ anyi kpli mi, eye mènyam o mahã? Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la [hã].”

      Yesu ɖe Fofoa ƒe amenyenye fia bliboe ale gbegbe be egbɔ nɔnɔ kple ŋku léle ɖe eyama ŋu le abe Fofo la kpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ ene. Gake Fofo la de ŋgɔ wu Via, abe alesi Yesu lɔ̃ ɖe edzie ene be: “Nya, siwo gblɔm mele na mi la, nyemegblɔ wo le ɖokuinye si o.” Yesu tsɔ eƒe nufiafiawo ŋuti kafukafu katã na Fofoa si le dziƒo wòsɔ.

      Aleke gbegbe wòade dzi ƒo na apostoloawoe nye si be Yesu nagblɔ na wo azɔ be: “Amesi xɔa dzinye sena la, dɔ, siwo wɔm mele la, eya hã awɔe; eye gãtɔwo wu esiawo wòawɔ”! Yesu mele gbɔgblɔm be nukunuwɔŋusẽ siwo de ŋgɔ wu ye tɔ anɔ ye yomedzelawo si o. Ao, ke boŋ ele gbɔgblɔm be woayi subɔsubɔdɔa dzi ɣeyiɣi didi wu, le teƒe si lolo wu, eye na ame geɖe wu.

      Yesu magblẽ eƒe nusrɔ̃lawo ɖi le eƒe dzodzo megbe o. Edo ŋugbe be: “Nusi ke miabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ.” Egayi edzi gblɔ be: “Nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me: nyateƒegbɔgbɔ . . . la.” Emegbe esime Yesu dzo yi dziƒo vɔ la, ekɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si nye kpeɖeŋutɔ bubu sia ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi.

      Yesu ƒe dzodzoɣi tu aƒe, abe alesi wògblɔe ene be: “Esusɔ ʋee ko, eye xexeame megale kpɔ ye ge o.” Yesu anye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si amegbetɔ aɖeke mate ŋu akpɔ o. Gake Yesu gado ŋugbe na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be: “Ke miawo la miakpɔm; elabena nye la mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe.” Ẽ, menye ɖeko Yesu aɖe eɖokui afia wo le ŋutilã me le eƒe tsitretsitsia megbe ko o, ke boŋ le ɣeyiɣi si dze me la, afɔ wo ɖe tsitre be woanɔ agbe kplii le dziƒo abe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ene.

      Azɔ Yesu gblɔ dzidzenu aɖe si woate ŋu akpɔ adze sii bɔbɔe be: “Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem; amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nye ŋutɔ ɖokuinye afiae.”

      Esia na apostolo Yuda, amesi wogayɔna be Tadeo, tso nya ɖe Yesu nu hebia be: “Aƒetɔ, aleke wɔ bena, nèle ɖokuiwò ɖe ge afia míawo, eye menye xexeame o mahã?”

      Yesu ɖo eŋu be: “Ne ame aɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama . . . Amesi mele lɔ̃yem o la, meléa nye nyawo me ɖe asi o.” Xexeame ŋea aɖaba ƒua Kristo ƒe nufiafiawo dzi, esi nye nɔnɔme si to vovo tso eyomedzela siwo nye toɖolawo la tɔ gbɔ. Eyata meɖea eɖokui fiaa wo o.

      Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa me la, efia nu geɖe eƒe apostoloawo. Aleke woawɔ aɖo ŋku wo katã dzi, vevietɔ esi wònye be vaseɖe fifia womete ŋu le nu geɖe gɔme sem o? Dzidzɔtɔe la, Yesu do ŋugbe be: “Nyaxɔɖakɔla, gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.”

      Esi Yesu ganɔ akɔ fam na wo la, egblɔ be: “Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; . . . Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o!” Nyateƒee, Yesu le dzodzom, gake eɖe eme be: “Ðe mielɔ̃m la, ne miekpɔ dzidzɔ bena, meyina Fofo, amesi lolo wum la gbɔ.”

      Ɣeyiɣi kpui aɖe koe Yesu aganɔ wo gbɔ. Egblɔ be: “Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi o; elabena xexeamefia gbɔna, eye mekpɔ naneke le ŋunye o.” Satana Abosam, amesi te ŋu ge ɖe Yuda me hekpɔ ŋusẽ ɖe edzi lae nye xexeamedziɖula. Gake nuvɔ̃ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke mele Yesu me si ŋudɔ Satana ate ŋu awɔ ana wòatrɔ ɖa le Mawu subɔsubɔ ŋu o.

      Vivi Sese le Ƒomedodo Kplikplikpli aɖe Me

      Esi woɖu ŋkuɖodzinuɖuɖua vɔ fiẽ ma la, Yesu nɔ dze aɖe ɖom kple eƒe apostoloawo esi me wògblɔ nya siwo tso dzi me ke le hetsɔ nɔ dzi dem ƒo na woe. Ðewohĩ eƒo zã ga wuieve to edzi. Eyata Yesu gblɔ na wo be: “Mitsi tre, ne míadzo le afisia!” Gake hafi woadzo la, lɔlɔ̃ si le Yesu me na wo la ʋãe be wòyi edzi nɔ nu ƒom eye wòwɔ kpɔɖeŋu aɖe si ʋã ame vevie la na wo.

      Edze egɔme be: “Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.” Yehowa Mawu, Agbledela Gãtɔ la do kpɔɖeŋuweinti sia esime wòtsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu le eƒe nyɔnyrɔ̃xɔɣi le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe kele me. Gake Yesu yi edzi ɖee fia be weinti la nye kpɔɖeŋu na nusi yi ŋgɔ wu ye ŋutɔ ɖeɖeko eye wògblɔ be: “Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu. . . . Alesi alɔ la mate ŋu atse le eɖokui si, ne menɔ weinti la ŋuti o la, nenema ke miawo hã, ne mienɔ menye o la, miele eŋu te ge atse o. Nyee nye weinti la, miawo mienye alɔwo.”

      Le Pentekoste-ŋkekea dzi esi nye ŋkeke 51 megbe la, apostoloawo kple ame bubuwo va zu weintia ƒe alɔwo esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe wo dzi. Mlɔeba ame 144,000 va zu kpɔɖeŋuweintia ƒe alɔwo. Hekpe ɖe weinti la ŋutɔŋutɔ si nye Yesu Kristo ŋu la, amesiawo va zu kpɔɖeŋuweinti si tsea Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe kuwo.

      Yesu ɖe nusi akpe ɖe wo ŋu be woatse ku la me be: “Amesi nɔa menye, eye nye hã menɔa eme la, eya tsea ku geɖe; elabena nye manɔmee la, miele eŋu te ge awɔ naneke o.” Gake ne ame aɖe do kpo ku tsetse la, Yesu gblɔ be, “woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alɔ ene, eye wòaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafiã.” Gake Yesu do ŋugbe be: “Ne mienɔa menye, eye nye nyawo hã nɔa mia me la, ekema nusi ke mielɔ̃ bia la, woawɔe na mi.”

      Yesu yi edzi gblɔ na eƒe apostoloawo be: “Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe, eye miazu nye nusrɔ̃lawo.” Kutsetse si Mawu di tso alɔawo sie nye be woaɖe Kristo ƒe nɔnɔmewo afia, esi ƒe vevitɔe nye lɔlɔ̃. Azɔ hã esi Yesu nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela ta la, kutsetse si wodi tso wo si la lɔ dɔ si woawɔ le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me ɖe eme, abe alesi eya ŋutɔ wɔe ene.

      Yesu de dzi ƒo vevie azɔ be: “Minɔ nye lɔlɔ̃ la me!” Gake aleke apostoloawo ate ŋu anɔ emee? Egblɔ be: “Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, [mianɔ] nye lɔlɔ̃ la me.” Le edziyiyi me la, Yesu ɖe nu me be: “Esia nye nye se la bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.”

      Le gaƒoƒo ʋee aɖewo ko me la, Yesu aɖe lɔlɔ̃ sia si ƒo ɖesiaɖe ta la afia ne etsɔ eƒe agbe na ɖe eƒe apostoloawo kple ame bubu siwo hã ava aɖe xɔse afia ɖe eyama me la ta. Ele be eƒe kpɔɖeŋua naʋã eyomedzelawo be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ma ke nanɔ wo me na wo nɔewo. Lɔlɔ̃ sia ade dzesi wo, abe alesi Yesu gblɔe do ŋgɔe ene be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”

      Esi Yesu nɔ amesiwo nye exɔlɔ̃wo la gblɔm fia la, egblɔ be: “Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi. Nyemagayɔ mi be dɔlawo o, elabena dɔla menyaa nusi eƒe aƒetɔ wɔna o; ke meyɔ mi be xɔlɔ̃wo, elabena nusiwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo.”

      Ƒomedodo xɔasi ka gbegbee nye sia—be woanye Yesu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo! Gake bene woayi edzi ase vivi le ƒomedodo sia me la, ele be eyomedzelawo nayi edzi ‘atse ku.’ Yesu gblɔ be ne wowɔ esia la, “[nusianu si] ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, [anae] mi.” Kakaɖedzitɔe la, ema nye fetu wɔnuku aɖe si tae woatse Fiaɖuƒea ƒe kuwo ɖo! Esi Yesu xlɔ̃ nu apostoloawo vevie be “woalɔ̃ wo nɔewo” vɔ la, eɖe nu me na wo be xexeame alé fu wo. Gake efa akɔ na wo be: “Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee.” Azɔ Yesu ɖe nusitae xexeame alé fu eyomedzelawo la gɔme eye wògblɔ be: ‘Esi mienye xexeame ƒe akpa aɖeke o, eye metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.’

      Esi Yesu ganɔ nusitae xexeame alé fu wo me ɖem kpee la, eyi edzi be: “Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋuti le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya [Yehowa Mawu] amesi dɔm ɖa la o.” Le nyateƒe me la, nukudɔ siwo Yesu wɔ la bu fɔ amesiwo léa fui la, abe alesi wògblɔe ene be: “Ðe nyemewɔ dɔ, siwo ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.” Eyata abe alesi Yesu gblɔe ene la, ŋɔŋlɔa va eme be: “Woléa fum dzodzro.”

      Abe alesi Yesu wɔ do ŋgɔ ene la, egafa akɔ na wo to ŋugbe si wòdo na wo be yeaɖo kpeɖeŋutɔ, gbɔgbɔ kɔkɔea si nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ triakɔ ɖe wo la dzi. “Eyama aɖi ɖase le ŋutinye; eye miawo hã miaɖi ɖase.”

      Kaklã ƒe Nuxlɔ̃me Bubuwo

      Yesu kple apostoloawo le klalo be yewoaɖi tso dziƒoxɔa dzi. Eyi edzi be: “Esiawo megblɔ na mi, bena woagaɖia mia nu o.” Eyi edzi xlɔ̃ nu wo kple moveviɖoɖo be: “Woaɖe mi le woƒe ha me, ẽ, gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu.”

      Edze ƒã be nuxlɔ̃me sia ɖe fu na apostoloawo vevie ŋutɔ. Togbɔ be Yesu gblɔe na wo do ŋgɔ be xexeame alé fu wo hã la, meʋu eme na wo tẽ alea kpɔ be woawu wo o. Yesu ɖe eme be: “Nyemegblɔ [esia] na mi tso gɔmedzedzea me o; elabena meli kpli mi.” Gake aleke wònyoe nye si be wòatsɔ nya sia ana woadzra ɖo do ŋgɔ hafi wòadzo!

      Yesu yi edzi be: “[Gake] azɔ la meyina amesi dɔm ɖa la gbɔ, eye mia dometɔ aɖeke mebiam bena: Afika nèyina o.” Do ŋgɔ le fiẽ ma me la, wobia afisi wòyina lae, gake fifia nusi wògblɔ na wo la ʋuʋu wo ale gbegbe be womegabia esia ŋu nya aɖeke o. Abe alesi Yesu gblɔe ene la: “Esi megblɔ esiawo na mi la, nuxaxa yɔ miaƒe dzi me fũ.” Menye esi apostoloawo see be woati yewo yome vevie eye woawu yewo ɖeɖeko tae wole nu xam ɖo o, ke esi woƒe Aƒetɔ le dzodzom le wo gbɔ hã tae.

      Eyata Yesu ɖe eme be: “Enyo na mi be, meyina; elabena ne nyemeyi o la, nyaxɔɖakɔla mele mia gbɔ va ge o; ke ne meyi la, maɖoe ɖe mi.” Teƒe ɖeka koe Yesu ate ŋu anɔ le ɣeyiɣi ɖeka me, gake ne ele dziƒo la, ate ŋu aɖo kpeɖeŋutɔ si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe eyomedzelawo le afisiafi si woanɔ le anyigba dzi. Eyata Yesu ƒe dzodzo le wo gbɔ la aɖe vi na wo.

      Yesu gblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea “aƒoe ɖe xexeame nu le nuvɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti.” Aklo nu le xexeame ƒe nuvɔ̃ si nye alesi womexɔ Mawu ƒe Vi la dzi se o la ŋu. Hekpe ɖe eŋu la, Yesu ƒe Fofoa gbɔ yiyi le dziƒo anye Yesu ƒe dzɔdzɔenyenye ŋuti ɖaseɖiɖi si ŋu kakaɖedzi le. Eye Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖi la ƒe kpododonu le Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ me gbegblẽ me la nye ɖaseɖiɖi si ŋu kakaɖedzi le be wodrɔ̃ fɔbubuʋɔnu xexeame ƒe dziɖula.

      Yesu yi edzi be: “Nya geɖewo gale asinye be magblɔ na mi; gake miele eŋute ge atsɔe fifia o.” Eyata Yesu do ŋugbe be ne yekɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si nye Mawu ƒe ŋusẽ wɔdɔ la ɖi la, afia mɔ wo be woase nya siawo gɔme le woƒe nugɔmesese ƒe ŋutete nu.

      Vevietɔ la, apostoloawo mete ŋu se egɔme be Yesu aku eye le eƒe tsitretsitsi megbe la, wòaɖe eɖokui afia yewo o. Eyata wobia wo nɔewo be: “Nukae nye esia, si wògblɔ na mí bena: Esusɔ ʋee, eye miakpɔm o, eye wògasusɔ ʋee, eye miakpɔm; eye bena meyina Fofoa gbɔ mahã?”

      Yesu kpɔe dze sii be wodi be yewoabia nya ye, eyata eɖe eme be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Miafa avi, eye miafa konyi; ke xexeame lakpɔ dzidzɔ; miawo la miaxa nu, gake miaƒe nuxaxa latrɔ zu dzidzɔ.” Ne wowu Yesu emegbe le gbemagbe ƒe ŋdɔ me la, xexemetɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo atso aseye, gake nusrɔ̃lawo axa nu. Gake woƒe nuxaxa la trɔ zu dzidzɔ esime wofɔ Yesu ɖe tsitre! Eye woƒe dzidzɔ la yi edzi esime woxɔ eƒe ŋusẽdodo le Pentekoste-ŋkekea dzi to Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔ ɖe wo dzi la dzi be woanye yeƒe ɖaseɖilawo!

      Esi Yesu tsɔ nɔnɔme si me apostoloawo le la nɔ sɔsɔm kple nyɔnu si le ku lém la tɔ la, egblɔ be: “Nyɔnu la, ne fu le eɖum la, exaa nu, elabena eƒe gaƒoƒo la ɖo.” Gake Yesu gblɔ be ne edzi via ko la, megaɖoa ŋku eƒe fukpekpea dzi o, eye Yesu de dzi ƒo na eƒe apostoloawo be: “Miawo hã miele nu xam fifia; ke magakpɔ mi [ne mefɔ], eye miaƒe dzi lakpɔ dzidzɔ, eye miaƒe dzidzɔ la, ame aɖeke maxɔe le mia si o.”

      Vaseɖe fifia la, apostoloawo mebia naneke le Yesu ƒe ŋkɔ me kpɔ o. Gake egblɔ azɔ be: “Ne miabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi. . . . Fofoa ŋutɔ lɔ̃a mi, elabena miawo mielɔ̃m, eye miexɔe se bena, medo go tso Mawu gbɔ. Metso Fofo la gbɔ, eye meva xexeame; megale xexeame gblẽm ɖi, eye meyina Fofo la gbɔ.”

      Yesu ƒe nyawo de dzi ƒo na apostoloawo vevie ŋutɔ. Wogblɔ be: “Le esia ta míexɔe se bena, èdo go tso Mawu gbɔ.” Yesu bia be: “Fifi ko miele exɔm le sesem mahã?” Eyi edzi be: “Kpɔ ɖa, gaƒoƒo li gbɔna, eye wòde vɔ, bena woaka mi ahlẽ, amesiame ayi ye ŋutɔ [ƒe aƒeme] eye miagblẽ nye ɖeka ɖi.” Togbɔ be esia dze abe nusi dzi womate ŋu axɔ ase o ene hã la, edzɔ hafi ŋu ke!

      Yesu ƒo nya ta be: “Esiawo megblɔ na mi, bena miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexea me la miekpɔ xaxa; gake miaƒe dzi nedze eme; nye la meɖu xexeame dzi.” Yesu ɖu xexeame dzi to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe dzi togbɔ be Satana kple eƒe xexeame dze agbagba ɖesiaɖe be yewoatsɔ agblẽ Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ mee gake.

      Gbedodoɖa si Wòtsɔ Ƒo Etae le Dziƒoxɔ la Dzi

      Le lɔlɔ̃ deto si le Yesu me na eƒe apostolowo ta la, enɔ wo dzram ɖo ɖe eƒe dzodzo si ɖo vɔ la ŋuti. Fifia esi wògblɔ nya geɖe tsɔ de dzi ƒo na wo vevie hefa akɔ na wo vɔ la, ewu mo dzi heɖe kuku na Fofoa be: “Kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã nakɔ ŋutiwò. Sigbe alesi nèna ŋusẽe ɖe ŋutilãa katã dzi ene, bena [amesiwo katã] nènae la, wòana agbe mavɔ wo.”

      Tanya ʋãme kae nye si Yesu gblɔ—esi nye agbe mavɔ! Esi wona ŋusẽ Yesu ɖe ‘ŋutilãwo katã dzi’ ta la, ate ŋu atsɔ eƒe tafevɔsa la ƒe viɖewo ana ameƒomea si le kukum la. Gake amesiwo ŋu Fofo la kpɔ ŋudzedze ɖo koe wònaa ‘agbe mavɔe.’ Esi Yesu tu eƒe gbedodoɖa ɖe tanya sia si nye agbe mavɔ dzi la, eyi edzi be:

      “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” Ẽ, agbekpɔkpɔ nɔ te ɖe alesi Mawu kple Via siaa ŋuti sidzedze asu mía si la dzi. Gake nu geɖe hiã wu sidzedze si asu ame si le susu me ɖeɖeko.

      Ele be amea nava nya wo kplikplikpli eye wòatu xɔlɔ̃dzedze kplikplikpli ɖo kpli wo. Ele be amea ƒe seselelãme ku ɖe nyawo ŋu nanɔ abe alesi wosena le wo ɖokui me ene eye wòatsɔ woƒe nukpɔsusu akpɔ nuwoe. Eye esi ƒo wo katã ta la, ele be amea nadze agbagba be yeasrɔ̃ woƒe nɔnɔme deŋgɔ siwo ɖeke mesɔ kple o le nu wɔwɔ kple ame bubuwo me.

      Yesu ƒe gbedodoɖa la yi edzi azɔ be: “Nye la mekɔ ŋutiwò le anyigba dzi, esi mewu dɔ, si nètsɔ nam, be mawɔ la nu.” Esi Yesu wɔ eƒe dɔdasia vaseɖe afisia alea eye wòka ɖe dzidzedze si wòakpɔ le ɣeyiɣi si kplɔe ɖo me la dzi ta la, eƒo koko be: “Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.” Ẽ, azɔ ebia be wòana yeaganɔ ŋutikɔkɔe si nɔ ye si do ŋgɔ le dziƒo la me to tsitretsitsi dzi.

      Esi Yesu nɔ nusi nye eƒe dɔ vevitɔ le anyigba dzi gblɔm kpuie la, egblɔ be: “Meɖe wò ŋkɔ la ɖe go fia amesiwo nèɖe tso xexeame nam. Tɔwò wonye, eye nètsɔ wo nam, eye wolé wò nya la me ɖe asi.” Yesu zã Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa le eƒe subɔsubɔdɔa me eye wòfia eyɔyɔ nyuitɔ wo, gake ewɔ nusi yi ŋgɔ wu ema be wòatsɔ aɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖe go afia eƒe apostoloawo. Edzi woƒe sidzedze kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa, eƒe amenyenye, kple eƒe tameɖoɖowo ŋu la hã ɖe edzi.

      Esi Yesu nɔ bubu dem Yehowa ŋu abe Amesi Kɔkɔ wu eyama si nye Amesi te wòsubɔna le ene la, elɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be: “Nya, siwo nètsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.”

      Azɔ esi Yesu nɔ vovototo dem eyomedzelawo kple ameƒomea me tɔ mamleawo dome la, eyi edzi do gbe ɖa be: “Nye la mele biabiam ɖe wo nu, menye ɖe xexeame nu mele biabiam ɖo o; ke boŋ ɖe amesiwo nètsɔ nam la nu; . . . Ŋkeke alesi meli kpli wo le xexeame la, . . . medzɔ wo ŋu, eye wo dometɔ aɖeke mebu o, negbe tsɔtsrɔ̃vi la koe,” esi nye Yuda Iskariot. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Yuda dze mɔ yina eƒe dɔ nyɔŋu si nye Yesu yomemɔ fiafia la wɔ ge. Aleae Yuda na Ŋɔŋlɔawo nɔ eme vam togbɔ be menɔ nyanya nɛ o hã.

      Yesu yi gbedodoɖa la dzi be: “Xexeame lé fu wo, . . . Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me. Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.” Yesu yomedzelawo le xexe si nye amegbetɔwo ƒe habɔbɔ sia si woɖo anyi si dzi ɖum Satana le la me, gake woɖe wo ɖokui ɖe vovo tso wo kple eƒe vɔ̃ɖinyenye gbɔ eye ele be woayi edzi aɖe wo ɖokui ɖe vovo tso wo gbɔ.

      Yesu yi edzi be: “Wɔ wo kɔkɔe le nyateƒe la me, wò nya la enye nyateƒe.” Le afisia Yesu yɔ Hebri Ŋɔŋlɔa siwo tso gbɔgbɔ me, siwo me wòyɔ nya tsoe enuenu la be “nyateƒe” la. Gake nusi wòfia eƒe nusrɔ̃lawo kple nusi woŋlɔ emegbe le Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe ameʋaʋã te si nye Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã nye “nyateƒe” la nenema ke. Nyateƒe sia ate ŋu akɔ ame ŋu, atrɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ, eye wòana wòanye amesi to vovo kura tso xexeame gbɔ.

      Azɔ Yesu do gbe ɖa “menye ɖe amesiawo nu ɖeɖeko . . . o, ke boŋ ɖe amesiwo le [eyama dzi] xɔ ge ase to woƒe nya me la, hã nu.” Eyata Yesu do gbe ɖa ɖe amesiwo ava zu eyomedzela amesiaminawo kple ame bubu siwo ava zu eƒe nusrɔ̃la siwo nu woaƒo ƒu ɖe “alẽha ɖeka” la me la ta. Nuka biam wòle ɖe amesiawo katã ta?

      “Bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò, Fofo, nèle [ɖekawɔwɔ me kplim], eye nye hã mele [ɖekawɔwɔ me kpli wò] ene, . . . bena woazu ɖeka, sigbe alesi míawo hã míele ɖeka ene.” Yesu kple Fofoa menye ame ɖeka ŋutɔŋutɔ o, gake ɖekawɔwɔ le wo dome le nusianu me. Yesu le gbe dom ɖa be ɖekawɔwɔ ma ke nanɔ ye yomedzelawo dome bene “xexeame nadze sii bena, wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ wo, abe alesi nèlɔ̃m ene.”

      Yesu bia nu Fofoa si le dziƒo ɖe amesiwo ava nye eyomedzela siwo nye amesiaminawo la ta. Nukae wòbia? “Afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi,” esi nye hafi dzidzimeviwo naɖo Adam kple Xawa si. Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ema la, Mawu lɔ̃ eƒe Tenuvi si va zu Yesu Kristo la.

      Le Yesu ƒe gbedodoɖa la ta ƒoƒo me la, egate gbe ɖe edzi ake be: “Mena wonya wò ŋkɔ la, eye mana woanyae, bena lɔlɔ̃, si nètsɔ lɔ̃m la, nanɔ woawo me, eye nye hã manɔ woawo me.” Mawu ƒe ŋkɔ la nyanya la lɔ alesi woa ŋutɔwo ava nya Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe eme na apostoloawo. Yohanes 14:1–17:26; 13:27, 35, 36; 10:16; Luka 22:3, 4; Mose II, 24:10; Fiawo I, 19:9-13; Yesaya 6:1-5; Galatiatɔwo 6:16; Psalmo 35:19; 69:5; Lododowo 8:22, 30.

      ▪ Afika yimee Yesu le, eye nya kae wòtsɔ ɖo eŋu na Toma ku ɖe afima yiyi ƒe mɔ ŋu?

      ▪ Le nya si Filipo bia la nu la, anɔ eme be nukae wòdi be Yesu nawɔ na yewo?

      ▪ Nukatae amesi kpɔ Yesu la kpɔ Fofo la hã?

      ▪ Aleke Yesu yomedzelawo wɔa dɔ siwo lolo wu etɔe?

      ▪ Gɔmesese ka nue Satana mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe Yesu dzi le o?

      ▪ Ɣekaɣie Yehowa do kpɔɖeŋuweinti la, ɣekaɣie ame bubuwo hã va zu weintia ƒe akpa aɖe, eye alekee?

      ▪ Mlɔeba la, alɔdze nenie va le kpɔɖeŋuweintia ŋu?

      ▪ Ku kae Mawu di be alɔdzeawo natse?

      ▪ Aleke míate ŋu awɔ anye Yesu xɔlɔ̃wo?

      ▪ Nukatae xexeame léa fu Yesu yomedzelawo?

      ▪ Yesu ƒe nuxlɔ̃me kae ɖe fu na eƒe apostoloawo?

      ▪ Nukatae apostoloawo mebia Yesu afisi yim wòle la o?

      ▪ Nya ka koŋ gɔmee apostoloawo mete ŋu se o?

      ▪ Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ tsɔ fia be apostoloawo ƒe nɔnɔme atrɔ tso nuxaxa me azu dzidzɔ tɔ?

      ▪ Nukae Yesu gblɔ be eteƒe madidi hafi apostoloawo nawɔ o?

      ▪ Aleke Yesu ɖu xexeame dzie?

      ▪ Gɔmesese ka nue wona ‘ŋusẽ Yesu ɖe ŋutilãwo katã dzi’ le?

      ▪ Nukae Mawu kple Via ŋuti sidzedze ƒe amesisusu fia?

      ▪ Mɔ kawo nue Yesu ɖe Mawu ƒe ŋkɔ la ɖe go fia le?

      ▪ Nukae nye “nyateƒe” la, eye aleke ‘wòkɔa’ Kristotɔ ‘ŋue’?

      ▪ Aleke Mawu, Via, kple tadeagula vavãtɔwo le ɖekae?

      ▪ Ɣekaɣie nye ‘xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi’?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe